Agbetsitsi Le “Yehowa Ƒe Ŋkeke” La Dzi
“Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?”—YOEL 2:11.
1. Nukata wòle be ‘Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔa’ nanye dzidzɔkpɔɣi?
“ŊƆDZI le eŋu”! Aleae Mawu ƒe nyagblɔɖila Yoel ɖɔ “Yehowa ƒe ŋkeke” gã lae. Gake mele be mí amesiwo lɔ̃ Yehowa eye míenɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi ɖe adzɔgbe la míana ŋɔdzi nalé mí esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum o. Anye ŋkeke dziŋɔ nyateƒe, gake anye xɔxɔgbe gã aɖe hã, si nye ŋkeke si dzi woaɖe mí tso nuɖoanyi vɔ̃ɖi si wɔ fu ameƒomea ƒe akpe geɖe la me. Yoel gblɔ na Mawu ƒe ame siwo le mɔ kpɔm na ŋkeke ma be ‘mitso aseye, eye mikpɔ dzidzɔ, elabena Yehowa le nu gã wɔ ge,’ eye egblɔ kakaɖedzinya sia kpe ɖe eŋu be: “[Ava] me be, woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la.” Azɔ ‘amesiwo woxɔ na kple agbetsila siwo Yehowa ayɔ, abe alesi Yehowa do eŋugbee ene la anɔ’ Mawu Fiaɖuƒea ƒe ɖoɖoa me.—Yoel 2:11, 21, 22; 3:5.
2. Le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me la, nukae adzɔ (a) le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke” la me (b) le “Yehowa ƒe ŋkeke la” dzi?
2 Mele be míatsɔ Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la atɔtɔ kple “Aƒetɔ ƒe ŋkeke” si woyɔ le Nyaɖeɖefia 1:10 la o. Ŋkeke evelia sia ku ɖe ŋutega 16 siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 1 vaseɖe 22 la me vava ŋu. Eku ɖe ɣeyiɣi si me nusiwo katã Yesu gblɔ ɖi esime wònɔ nya si eƒe nusrɔ̃lawo bia ŋu ɖom la ava eme ŋu, si nye: “Ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” ‘Aʋawɔwɔ dziŋɔwo, dɔwuame, fuléle, dɔvɔ̃wo, kple numadzɔmadzɔwɔwɔ’ nye dzesi siwo dze le anyigba dzi si fia Yesu ƒe anyinɔnɔ le dziƒo. Esi nublanuinya siawo dzi ɖe edzi la, Yesu na akɔfafa amegbetɔ mawuvɔ̃lawo esi wòdɔ eƒe egbegbe nusrɔ̃lawo be woayi aɖaɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia . . . le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” Azɔ ne Aƒetɔ ƒe ŋkeke si nye fifi nuɖoanyia ƒe “nuwuwu,” ɖo etaƒoƒo la, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la ava. (Mateo 24:3-14; Luka 21:11) Anye ŋkeke si dzi Yehowa adrɔ̃ toheʋɔnu Satana ƒe xexe gblẽkua kpatae. “Dziƒo kple anyigba [aʋuʋu; ke Yehowa anye, NW] sitsoƒe na eƒe dukɔ.”—Yoel 4:16.
Yehowa Wɔ Nu le Noa ƒe Ŋkekea Me
3. Aleke nɔnɔme siwo li egbea ɖi Noa ƒe ŋkekea me tɔwoe?
3 Alesi xexeame ƒe nɔnɔmewo le egbea sɔ kple alesi wònɔ le “Noa ƒe ŋkekeawo me” ƒe 4,000 kple edzivɔ enye si va yi. (Luka 17:26, 27) Míexlẽ le Mose I, 6:5 be: “Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” Aleke gbegbe wòɖi egbe ƒe xexea enye si! Vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye, ŋukeklẽ, kple amemalɔ̃malɔ̃ bɔ ɖe afisiafi. Ɣeaɖewoɣi awɔ na mí be ameƒomea ƒe gbegblẽ ɖo nɔnɔme vɔ̃ɖitɔ kekeake me. Gake apostolo Paulo ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe “ŋkeke mamleawo” ŋu yi edzi le eme vam be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.”—Timoteo II, 3:1, 13.
4. Ŋusẽ kae alakpasubɔsubɔ kpɔ ɖe amewo dzi le blemaɣeyiɣiwo me?
4 Ðe mawusubɔsubɔ ate ŋu ahe gbɔdzɔe vɛ na ameƒomea le Noa ƒe ɣeyiɣia me hafia? Ao, anye ne xɔsegbegbe ƒe mawusubɔsubɔ si nɔ anyi ɣemaɣi agana nɔnɔme gbegblẽa navloe ɖe edzi. Mía dzila gbãtɔwo xɔ “da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana” ƒe alakpanufiafia dzi se. Le dzidzime evelia si kplɔ Adam ɖo me la, “wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me,” eye edze ƒã be woyɔe vlodoametɔe. (Nyaɖeɖefia 12:9; Mose I, 3:3-6; 4:26) Emegbe mawudɔla dzeaglãwo gblẽ subɔsubɔ blibo si wotsɔna naa Mawu ɖeɖeko la ɖi, eye wodo amegbetɔŋutilã va dɔ kple amegbetɔvi nyɔnuvi dzetugbewo, si nye nusi mele se nu o. Nyɔnu siawo dzi ame dzɔtsu dzidehlɔ̃mevi, siwo woyɔ be Nefilimwo, amesiwo te ameƒomea ɖe anyi hewɔ fu wo. ‘Ŋutilãwo katã gblẽ woƒe zɔzɔme le anyigba dzi’ le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sia te.—Mose I, 6:1-12.
5. Afɔku ŋuti nuxlɔ̃ame kae Yesu na mí esi wòhe susu yi Noa ƒe ŋkekea dzi?
5 Gake ƒome aɖe ya yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Eyata “Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu [koe Mawu dzra] ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi.” (Petro II, 2:5) Tɔɖɔɖɔ ma nye vɔvɔli na Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ si ava le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu, esi ŋu Yesu gblɔ nya ɖi le be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko. Eye sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:36-39) Nɔnɔme ma tɔgbe mee míele egbea, eyata Yesu xlɔ̃ nu mí be ‘míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie, eye míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi kple gbedodoɖa, bena míate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu.’—Luka 21:34-36.
Yehowa ƒe Toheʋɔnudɔdrɔ̃ Sodom Kple Gomora
6, 7. (a) Nuka ƒe vɔvɔlie Lot ƒe ɣeyiɣia me nudzɔdzɔwo nye? (b) Nuxlɔ̃ame si me kɔ kae esia nye na mí?
6 Le ƒe alafa aɖewo siwo kplɔ Tɔɖɔɖɔa ɖo me, esime Noa ƒe dzidzimeviwo dzi ɖe edzi le anyigba dzi la, nuteƒewɔla Abraham kple nyruiayɔvi Lot kpɔ Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ bubu teƒe. Lot kple eƒe ƒomea nɔ Sodom-dugã la me. Dugã sia kple Gomora si te ɖe eŋu la yɔ fũ kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nyɔŋu. Ŋutilãmenudidi hã xɔ aƒe ɖe afima, si kpɔ ŋusẽ ɖe Lot srɔ̃ gɔ̃ hã dzi. Yehowa gblɔ na Abraham be: “Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa.” (Mose I, 18:20) Abraham ɖe kuku na Yehowa be megatsrɔ̃ du mawo o le ame dzɔdzɔe siwo le wo me ta, gake Yehowa gblɔ be ame dzɔdzɔe ewo pɛ gɔ̃ hã mele afima yeakpɔ o. Mawudɔla siwo tso Mawu gbɔ kpe ɖe Lot kple vianyɔnu eveawo ŋu wosi yi Zoar si nye du si te ɖe afima ŋu la me.
7 Nukae va dzɔ? Esi wotsɔ míaƒe “ŋkeke mamleawo” nɔ sɔsɔm kple Lot tɔwo la, Luka 17:28-30 gblɔ be: “Alesi ke wòva ve me le Lot ƒe ŋkekeawo me: Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole nuƒeƒle dzi, wole nudzadzra dzi, wole nukuwo dodo dzi, wole xɔtutu dzi; ke le ŋkeke, si dzi Lot do go tso Sodom la, dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wòtsrɔ̃ wo katã; nenema ke wòanɔ le ŋkeke, si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.” Nusi dzɔ ɖe Sodom kple Gomora dzi le Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ ma dzi nye nuxlɔ̃ame si me kɔ na mí amesiwo le Yesu ƒe anyinɔɣi sia me. Ameƒomea ƒe dzidzime si li egbea hã “wɔ ahasi akpa . . . eye wodze ŋutilã bubu yome.” (Yuda 7) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míaƒe ŋkekea me gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔe he ‘dɔvɔ̃’ siwo Yesu gblɔ ɖi na ŋkeke sia la dometɔ geɖe vɛ.—Luka 21:11.
Israel Xa “Ahom”
8. Afikae Israel-viwo nɔ nubabla me kple Yehowa se ɖo?
8 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa tia Israel wònye ‘etɔ koŋ le dukɔwo katã dome, eye wonye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe.’ Gake woƒe ‘wɔwɔ ɖe eƒe gbe dzi tututu kple eƒe nubabla me léle ɖe asi’ dzie esia nɔ te ɖo. (Mose II, 19:5, 6) Ðe wode bubu mɔnukpɔkpɔ gã sia ŋua? Kura o! Ele eme be dukɔ ma me tɔ anukwareɖila aɖewo subɔe nuteƒewɔwɔtɔe—Mose, Samuel, Dawid, Yosafat, Xizkiya, Yosia, kpakple ŋutsunyagblɔɖila kple nyɔnunyagblɔɖila siwo tsɔ wo ɖokui na. Gake dukɔ bliboa mewɔ nuteƒe o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, fiaɖuƒea me va mã ɖe eve—Israel kple Yuda. Gake dukɔ evea siaa nyrɔ wo ɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe kɔnu siwo medea bubu Mawu ŋu o me vĩ.—Xezekiel 23:49.
9. Aleke Yehowa drɔ̃ ʋɔnu to ewo fiaɖuƒe dzeaglã lae?
9 Aleke Yehowa kpɔ nyawo gbɔe? Abe alesi wòwɔnɛ ɣesiaɣi ene la, ena nuxlɔ̃ame, si wɔ ɖeka kple gɔmeɖose si Amos gblɔ: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” Amos ŋutɔ gblɔe ɖi be gbegblẽ ava Israel dziehe fiaɖuƒea dzi: “Viɖe ka Yehowa ƒe ŋkeke la nye na mi? Viviti wònye, menye kekeli o.” (Amos 3:7; 5:18) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Amos hati nyagblɔɖila Hosea gblɔ be: “Yae woƒã, eye ahom woaxa.” (Hosea 8:7) Le ƒe 740 D.M.Ŋ. me la, Yehowa zã Asiria-ʋakɔ wova tsrɔ̃ Israel dziehe fiaɖuƒea ɖikaa.
Yehowa Bia Akɔnta Yuda-Dukɔ Xɔsegbela La
10, 11. (a) Nukata Yehowa melɔ̃ be yeatsɔ Yuda ƒe vodada akee o? (b) Ŋunyɔnu kawoe gblẽ dukɔa?
10 Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖilawo ɖo ɖe Yuda anyiehe fiaɖuƒea hã. Gake Yuda-fiawo abe Manase kple Amon si kplɔe ɖo ene yi edzi wɔ nusi nye vɔ̃ le Eŋkume, eye wokɔ ‘ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ ɖi eye wosubɔ legba nyɔŋuwo hede ta agu na wo.’ Togbɔ be Amon vi Yosia wɔ nusi nyo le Yehowa ŋkume hã la, vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye gava xɔ aƒe ɖe fia siwo kplɔe ɖo kpakple dukɔa me ale gbegbe be ‘Yehowa melɔ̃ be yeatsɔe ake o.’—Fiawo II, 21:16-21; 24:3, 4.
11 Yehowa gblɔe to eƒe nyagblɔɖila Yeremya dzi be: “Ŋɔdzinu kple ŋunyɔnue dzɔ le anyigba dzi: Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?” Yuda-dukɔa va ɖi ʋu fɔ ale gbegbe, eye eme tɔwo tsɔ fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ, atam dzodzro kaka, mawu bubuwo subɔsubɔ, kple ŋunyɔnu bubuwo gblẽ wo ɖokui. Mawu ƒe gbedoxɔa va zu “adzodalawo ƒe do.”—Yeremya 2:34; 5:30, 31; 7:8-12.
12. Aleke Yehowa he to na Yerusalem dzeaglã lae?
12 Yehowa gblɔ be: “Mahe dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃ gã tso [dzigbe, si nye Kaldea] vɛ.” (Yeremya 4:6) Eyata ekplɔ Babilon Xexeme Fiaɖuƒe, si nye “anyigba blibo la ƒe zũ” ɣemaɣi la vɛ wòva gblẽ Yerusalem dzeaglã la kple eƒe gbedoxɔ la. (Yeremya 50:23) Le ƒe 607 D.M.Ŋ. me esime Nebukadnezar ƒe aʋakɔ sesẽa ɖe to ɖe dua vevie megbe la, woxɔ dua. “Babel-fia wu [Fia] Zedekiya viwo le eya ŋutɔ ŋku me le Ribla eye Babel-fia wu Yuda ƒe bubumewo katã. Egbã ŋku na Zedekiya, eye wòde kɔsɔkɔsɔe, be wòakplɔe ayi Babel. Eye Kaldeatɔwo tɔ dzo fia ƒe aƒe kple dukɔ la ƒe aƒewo, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi. Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan ɖe aboyo dukɔa ƒe ame susɔea, si kpɔtɔ ɖe dua me, kpakple amesiwo de edzi la, yi Babel.”—Yeremya 39:6-9.
13. Amekawoe woxɔ ɖe agbe le Yehowa ƒe ŋkeke si va le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, eye nukatae?
13 Ŋkeke dziŋɔe wònye nyateƒe! Ke hã ame ʋee aɖewo siwo se Yehowa ƒe gbe la nɔ amesiwo woɖe tso tohehe sesẽ ma me la dome. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye Rexab vi siwo menye Israel-viwo o, amesiwo ɖe ɖokuibɔbɔ kple toɖoɖo fia wòto vovo na Yudatɔwo ƒe nuwɔna. Woɖe aƒedzikpɔla nuteƒewɔla Ebed-Melex, amesi ɖe Yeremya tso ku me le vudo aɖe si me ba le me, kple Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla nuteƒewɔla Barux hã. (Yeremya 35:18, 19; 38:7-13; 39:15-18; 45:1-5) Amesiawo tɔgbe ye Yehowa gblɔ na be: “Menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mɔ kpɔm na la mi.” Ŋugbedodo ma me vava suetɔ dzɔ le ƒe 539 D.M.Ŋ. me esime Fia Kores si va xɔ Babilon na ablɔɖe Yudatɔ mawuvɔ̃lawo, eye wotrɔ yi be woaɖatso Yerusalem-dua ahatu gbedoxɔa. Egbea amesiwo do tso Babilon-subɔsubɔhawo me eye woxɔ wo ɖe Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa me hã ate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme nyui si me ŋutifafa mavɔ anɔ le Paradiso si Yehowa agbugbɔ aɖo anyi me.—Yeremya 29:11; Psalmo 37:34; Nyaɖeɖefia 18:2, 4.
Ƒe Alafa Gbãtɔ me “Xaxa Gã”
14. Nukata Yehowa gbe Israel tegbee?
14 Mina míatrɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ŋu. Le ɣemaɣi me la, Yudatɔ siwo wogbugbɔ xɔ la gazu xɔsegbelawo ake. Yehowa dɔ Via si nye eƒe tenuvi ɖe anyigba dzi be wòava zu yeƒe Amesiamina, alo Mesia. Tso ƒe 29 vaseɖe 33 M.Ŋ. me la, Yesu ɖe gbeƒã le Israel-nyigba bliboa dzi be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mateo 4:17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eƒo nusrɔ̃lawo nu ƒu eye wòna hehe wo be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia me ɖe ye ti. Aleke Yuda-dziɖulawo wɔ nu ɖe eŋui? Wodo vlo Yesu eye mlɔeba wodo hlɔ̃ vɔ̃ɖitɔ esi wona wowui ɖe fuwɔameti ŋu le vevesese gã aɖe me. Yehowa gbe Yudatɔwo be womeganye yeƒe dukɔ o. Fifia ya egbe wo tegbee.
15. Nuka wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔe su Yudatɔ siwo trɔ dzime si?
15 Le Pentekoste 33 M.Ŋ. me la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi tsɔ na ŋusẽ wo be woaƒo nu le gbe bubuwo me be Yudatɔ kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo va kpe ta kpata la nasee. Esi apostolo Petro nɔ nu ƒom na ameha la, egblɔ be: “Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre, nusia ŋuti mí katã míenye ɖaseɖilawo le. . . . Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.” Aleke Yudatɔ nuteƒewɔlawo wɔ le nya la ŋu? “Etɔ woƒe dzi,” wotrɔ tso woƒe nuvɔ̃wo me, eye wona nyɔnyrɔ wo. (Dɔwɔwɔwo 2:32-41) Wotsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea ŋu, eye kaka ƒe 30 nava yi la, woɖe gbeƒã na “nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kolosetɔwo 1:23.
16. Aleke Yehowa de asi nudzɔdzɔ siwo va wu enu ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va dzɔdzɔme Israel-dukɔa dzi me la mee?
16 Ɣeyiɣia va de azɔ be Yehowa nadrɔ̃ toheʋɔnu eƒe dukɔ Israel si wògbe la. Ame akpe geɖe siwo tso xexe ma si nɔ anyi ɣemaɣi ƒe dukɔwo dome la nyẽ zi va Kristo-hamea me eye wosi ami na wo wozu “Mawu ƒe [gbɔgbɔ me] Israel.” (Galatiatɔwo 6:16) Gake fuléle kple ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒe mamã xɔ aƒe ɖe Yudatɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dome ale gbegbe. Wowɔ nusi tsi tre ɖe nya si Paulo ŋlɔ le ‘ɖokuibɔbɔ na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na’ ŋu la ŋu eye wodze aglã ɖe Roma-dziɖuɖu si nɔ wo dzi ɖum la ŋu wòdze gaglã. (Romatɔwo 13:1) Edze ƒã be Yehowa ƒe asi nɔ nusiwo va dzɔ me. Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Roma-ʋakɔ siwo nɔ Aʋafia Gallus te va ɖe to ɖe Yerusalem. Romatɔ siwo va dze wo dzi la ge ɖe dua me va nɔ gbedoxɔa te gɔ̃ hã kum. Ŋutinya si Josephus ŋlɔ ɖee fia be xaxa ŋutɔe wònye va dua kple ameawo dzi.a Gake le vo me la, asrafo siwo va dze wo dzi la trɔ dzo. Esia na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo te ŋu ‘si yi towo dzi’ abe alesi woxlɔ̃ nu woe le nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe Mateo 24:15, 16 me ene.
17, 18. (a) Xaxa kae Yehowa tsɔ drɔ̃ toheʋɔnu Yudatɔwo? (b) Ŋutilã kawoe ‘woxɔ ɖe agbe,’ eye nuka ƒe vɔvɔlie esia nye?
17 Gake Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va wo dzi le xaxa la ƒe sesẽaƒe la nɔ ŋgɔ gbɔna. Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-ʋakɔ siwo le Aʋafia Titus te fifia la gatrɔ va dze wo dzi. Fifia ya woɖu wo dzi keŋkeŋ! Yudatɔ siwo nɔ aʋa wɔm le woa ŋutɔwo wo nɔewo dome gɔ̃ hã la sisi mede afi aɖeke na Romatɔwo o. Wogbã dua kple eƒe gbedoxɔa ƒu anyi. Yudatɔ miliɔn ɖeka kple edzivɔ siwo dɔwuame na woɖi ku la kpe fu heku, eye wolɔ ame kuku siwo ade 600,000 ƒu gbe ɖe dua godo. Esime woxɔ dua vɔ la, wokplɔ Yudatɔ 97,000 yi aboyo me, eye wova wu wo dometɔ geɖe le yiʋawɔƒewo. Le nyateƒe me la, ŋutilã siwo ko woxɔ ɖe agbe le xaxa ma mee nye Kristotɔ siwo si yi towo dzi le Yordan godo.—Mateo 24:21, 22; Luka 21:20-22.
18 Aleae Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ ŋu la va eme zi gbãtɔe, heva wu enu ɖe Yehowa ƒe ŋkeke si dzi wòdrɔ̃ ʋɔnu Yuda-dukɔ dzeaglãa me le ƒe 66-70 M.Ŋ. me. (Mateo 24:3-22) Gake “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la [ƒe vava],” si anye xaxa mamlɛtɔ si ava xexe bliboa katã dzi kpuie ƒe vɔvɔli ko wònye. (Yoel 3:4) Aleke nàwɔ ‘woaxɔ wò ɖe agbee’? Nyati si kplɔe ɖo agblɔe na mí.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Josephus gblɔ be Romatɔ siwo va dze wo dzi la ƒo xlã dua, woku glia ƒe akpa aɖe te, eye esusɔ vie woatɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔa ƒe ʋɔtrua. Esia na ŋɔdzi gã aɖe lé Yudatɔ geɖe siwo woxaxa ɖe eme la, elabena wokpɔe be yewole kuku ge.—Wars of the Jews, Agbalẽ II, ta 19.
Numetoto ƒe Biabiawo
◻ Ƒomedodo kae le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke” kple “Yehowa ƒe ŋkeke” la dome?
◻ Nuxlɔ̃ame ka dzie wòle be míawɔ ɖo esi míedzro Noa ƒe ŋkekea me nudzɔdzɔwo me?
◻ Aleke Sodom kple Gomora nye nufiame vevi aɖe na míi?
◻ Amekawoe woxɔ ɖe agbe le ƒe alafa gbãtɔ me “xaxa gã” la me?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Yehowa ɖe Noa kple Lot ƒe ƒomea, eye eɖe amewo le ƒe 607 D.M.Ŋ. kple ƒe 70 M.Ŋ. me