INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 2/1 axa 29-31
  • Kafukafu Ye alo Numevivi Ye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kafukafu Ye alo Numevivi Ye?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Kafukafu Kple Numevivi Nye
  • Ŋɔŋlɔawo ƒe Nukpɔsusu
  • Numevivi—Mɔ̃ Wònye
  • Ametakpɔnuwo tso Numevivi Me
  • Kafu Ame ne Wòdze Nɛ
  • Kafu Yehowa, Mía Mawu La!
    Midzi Ha Na Yehowa
  • Kafu Yehowa, Mía Mawu La!
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Ale Si Nàkafu Viwò
    Nyɔ!—2015
  • Ðeviwo, Mikafu Yehowa!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 2/1 axa 29-31

Kafukafu Ye alo Numevivi Ye?

TSƆE be ame aɖe gblɔ na wò be, “Wò ɖawɔwɔa nya kpɔ lo!” Kafukafu ye loo alo numevivi ye? “Awua dze wò ŋutɔ!” Kafukafue alo numevivie? “Nuɖuɖu sia vivi wu ɖesiaɖe si meɖu kpɔ!” Kafukafue loo alo numevivie? Ne wokafu mí alea la, ewɔna na mí be ɖe nya mawo tso amea ƒe dzime henye nyateƒe loo alo ɖe egblɔla gblɔe ko be yeadze mía ŋu evɔ eya ŋutɔ mebui nenema tututu o.

Aleke míawɔ anya ne nya si wogblɔ la nye kafukafu loo alo numevivi? Ðe wòhiã be míanya? Ðe mesɔ gbɔ be míatsɔ nyagbɔgblɔa nenema eye wòado dzidzɔ na mí ko evɔ oa? Ke ne míawo hã míekafu ame ya ɖe? Ðe míebu susu si míetsɔ gblɔe ŋu kpɔa? Biabia siawo ŋu bubu akpe ɖe mía ŋu míaɖe gɔmesese afia eye míazã míaƒe aɖe le mɔ si akafu Yehowa Mawu nu.

Nusi Kafukafu Kple Numevivi Nye

Webster’s Dictionary ɖe kafukafu gɔme be enye ŋudzedzekpɔkpɔnya alo amedodoɖedzinya, eye nya la ate ŋu afia subɔsubɔ alo ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na ame hã. Edze ƒã be gɔmeɖeɖe eve mamlɛawo ku ɖe kafukafu si woatsɔ ana Yehowa Mawu ŋu. Nusia nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe, abe alesi hakpala si gbɔgbɔ ʋã la gblɔe ene be: “Elabena . . . enyo, eye wòvivina; kafukafu [dzee].” “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa!”—Psalmo 147:1; 150:6.

Gake nya sia mefia be womate ŋu akafu amegbetɔwo o. Míate ŋu ado wo ɖe dzi, akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu, alo agblɔ nya nyui le wo ŋu atsɔ akafu wo. Yesu gblɔ le kpɔɖeŋu aɖe si wòwɔ me be, aƒetɔ aɖe gblɔ na esubɔvi be: “Ehẽ, dɔla nyui kple nuteƒewɔla!”—Mateo 25:21.

Gake woɖe numevivi gɔme be enye alakpakafukafu, si metso dzime o alo esi gbɔ eme, eye zi geɖe numevivila la gblɔnɛ le nudidinameɖokui ta. Wobuana doa ame ɖe dzi alo ɖɔa kesekuku na ame kple susu be woakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu alo axɔ ŋutilãmenu aɖewo tso ame gbɔ alo wòana woasusu be ele be woawɔ nane na numevivila la. Eyata ɖokuitɔdidie ʋãa numevivilawo. Le Yuda kpukpui 16 ƒe nya nu la, “wokafua ame le eƒe ŋku me le viɖe ta.”

Ŋɔŋlɔawo ƒe Nukpɔsusu

Nukpɔsusu kae le Ŋɔŋlɔawo me le hati amegbetɔwo kafukafu ŋu? Yehowa ɖo kpɔɖeŋu na mí le go sia me be míasrɔ̃. Wogblɔ na mí le Biblia me be ne míewɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, woakafu mí. Apostolo Paulo gblɔ be “amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.” Petro gblɔ na mí be ‘míakpɔ kafukafu’ le míaƒe xɔse si wodo kpɔ ta. Eyata alesi Yehowa akafu amegbetɔwo fia mí be ame kafukafu anukwareɖiɖitɔe nye dɔmenyo kple lɔlɔ̃ nuwɔna si ɖea vi, eye wònye nusi dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o.—Korintotɔwo I, 4:5; Petro I, 1:7.

Ame bubu siwo gbɔ Biblia gblɔ be míaxɔ kafukafu tsoe enye dziɖuɖumegã siwo kpɔa míaƒe agbenyuinɔnɔ eye wokafua mí anukwareɖiɖitɔe. Wogblɔ na mí be: “Wɔ nu nyui, eye àkpɔ kafukafu tso egbɔ.” (Romatɔwo 13:3) Míate ŋu axɔ kafukafu tso amesiwo ka ɖe nya si gblɔm wole dzi tso dzime eye womekafua mí ɖe viɖe ta o hã gbɔ. Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me gblɔ le Lododowo 27:2 be: “Ame bubu nekafu wò, eye menye wò ŋutɔ wò nu o.” Esia fia be kafukafu xɔxɔ tso amegbetɔwo gbɔ nyo.

Gake mele nenema ne èɖɔ kesekuku na ame alo woɖɔe na wò o. Nukatae numevivi medzea Yehowa ŋu kura o? Susu ɖekae nye be metso dzime o, eye Yehowa tsri alakpanuwɔwɔ. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 23:6, 7.) Gakpe ɖe eŋu la, menye anukwareɖiɖi o. Esi hakpala la nɔ amesiwo ŋu Mawu makpɔ ŋudzedze ɖo o ɖɔm la, egblɔ be: “Amesiame vivia nume henɔa aʋatso kam na nɔvia, eye wogblɔa aɖevee. Yehowa netsrɔ̃ nume ŋanɛ tɔwo.”—Psalmo 12:3, 4.

Ƒo wo katã ta la, numevivi menye lɔlɔ̃ɖeɖefia o. Ðokuitɔdidi gbɔe wòtso. Esi hakpala Dawid ƒo nu tso numevivilawo ŋu vɔ la, eyɔ woƒe nya gblɔ be: “Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ ɖe mía nu?” Yehowa yɔ ɖokuitɔdila siawo be wonye ‘ŋutasẽlawo le hiãtɔwo ŋu.’ Womezã woƒe aɖewo tsɔ tu amewo ɖo o, ke boŋ wotsɔe sẽ ŋuta le wo ŋu hetafa wo.—Psalmo 12:5, 6.

Numevivi—Mɔ̃ Wònye

“Amesi vivia nu me na ehavi la, eɖoa ɖɔ na eƒe afɔ.” Fia Salomo nunyala lae gblɔe, eye enye nyateƒe matrɔmatrɔ! (Lododowo 29:5) Farisitɔwo te kpɔ tsɔ numevivi tre mɔ̃ na Yesu. Wogblɔ be: “Nufiala, míenyɛ bena, nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔ fiam le nyateƒe me, eye ame aɖeke ƒe nya meɖia wò o; elabena mèkpɔa amewo ƒe ŋku me o.” Aleke gbegbe nya ma afa lãme na amee nye si! Gake alesi woɖe ami ɖe nya la meflu Yesu o. Enya be womexɔ yeƒe nufiafia si nye nyateƒe dzi se o ke ɖeko wole didim be yewoalé ye le nya me le adzɔxexe na Kaisaro ŋuti.—Mateo 22:15-22.

Yesu to vovo kura tso ƒe alafa gbãtɔ me Fia Herodes gbɔ. Esi wòƒo nu na amehawo le Kaisarea-du me vɔ la, ameawo gblɔ be: “Mawu ƒe gbee, eye menye ame tɔe o.” Le esi wòle be Herodes nagbe nya na ameawo le alakpa kafukafu ma si dze gaglã teƒe la, exɔ woƒe numevivinya la. Yehowa ƒe dɔla ɖo eteƒe na Herodes enumake esi wòna wòdze nyé heku.—Dɔwɔwɔwo 12:21-23.

Kristotɔ bibi anɔ ŋudzɔ ade dzesi nusi nye numevivi. Vevietɔ ele be hamemegã nakpɔ nyuie ne ame aɖe si ƒe nya drɔ̃m wole la le kafukafunyawo dudum kɔ ɖi, ɖewohĩ wòwɔe ʋuu tsɔ hamemegã ɖeka le sɔsɔm kple bubu hele gbɔgblɔm na hamemegã ɖeka be eya ƒe dɔme nyo eye esea veve ɖe ame nu wu ame kemɛa.

Biblia gagblɔ mɔ̃ bubu si numevivi ate ŋu anye esime wòɖɔ alesi nyɔnu amenublela aɖe ble ɖekakpui aɖe de agbegbegblẽnɔnɔ mee. (Lododowo 7:5, 21) Nuxlɔ̃me sia sɔ na nɔnɔme si li egbea. Le amesiwo woɖena le Kristotɔwo ƒe hamea me ƒe sia ƒe dome la, agbe gbegblẽe wo dometɔ geɖe nɔ tae. Ðe wòanye be numevivi gbɔe wòtso be woge ɖe nuvɔ̃ gã ma mea? Esi amegbetɔwo dina vevie be woakafu yewo eye woaƒo nu nyui le yewo ŋu ta la, ameflulawo ƒe amiɖeɖe ɖe nya ate ŋu axɔ ŋusẽ le Kristotɔ si wòado kpo tsitretsitsi ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu. Ne womekpɔ ame ɖokui ta tso wɔna siawo me o la, ate ŋu akplɔ ame ade nya gãwo me.

Ametakpɔnuwo tso Numevivi Me

Numevivi dea ɖokuiŋudzedze dzi alo enaa amesi wole kesekuku ɖɔm na la ƒe ta tena. Ena wobua ame ɖokui wu alesi tututu wole, eye wòna wobua ame ɖokui gãe le mɔ aɖe nu wu ame bubuwo. Xexemenunyala François de La Rochefoucauld tsɔ numevivi sɔ kple ga maɖumaɖu, “si ne menye alesi wòna ame ƒe ta tenae o la, anye ne nu maɖinu wònye hafi.” Eyata nusi woawɔ akpɔ ame ɖokui tae nye be woawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃me si me kɔ dzi be: “Mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negabu eɖokui gã wu alesi dze o; ke wòabu alesi eƒe susu nanɔ tee la ŋu boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene.”—Romatɔwo 12:3, NW.

Togbɔ be dzɔdzɔme wɔe be míedina be míase nya siwo vivia mía nu hã la, nusi hiã mí ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣie nye aɖaŋuɖoɖo kple amehehe siwo wotu ɖe Biblia dzi. (Lododowo 16:25) Nya si avivi tome na Fia Axab la koe wòdina be yease; esubɔviwo gɔ̃ hã gblɔ na nyagblɔɖila Mixa be wòagblɔ nya siwo anɔ “abe wo [Axab ƒe nyagblɔɖila numevivilawo] dometɔ ɖeka ƒe nya ene, eye [wòaƒo] nu nyuie.” (Fiawo I, 22:13) Nenye ɖe Axab lɔ̃ be yease nyateƒenya ahatrɔ eƒe aglãdzegbenɔnɔ la, anye ne womeɖu Israel dzi le aʋagbedzi vɔ̃ɖivɔ̃ɖi zi geɖe o eye anye ne meku hã o. Bene míanɔ dedie le gbɔgbɔ me la, ele be míatso ɖe Kristotɔ hamemegã siwo di be yewoakpe ɖe mía ŋu míanɔ nyateƒe ƒe mɔ dzɔdzɔea dzi la ƒe aɖaŋuɖoɖo tsimatɔe, si me lɔlɔ̃ le la ŋu bla, tsɔ wu be míanɔ amesiwo kafua mí, eye wotsɔa numevivinyawo flua tagbɔ na mí la yome!—Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 4:3.

Mele be Kristotɔwo nazu numevivilawo le susu aɖeke ta o. Woɖoe kplikpaa hedoa gbe ɖa abe Elihu nuteƒewɔla la ene be: “Nyemade ame dzi o, eye nyemavivi nume na ame aɖeke o. Elabena nyemenya alesi wovivia numee o; anye, ne nye wɔla aɖem ɖa bɔbɔe.” Ekema woate ŋu agblɔe abe alesi Paulo gblɔe ene be: “Womekpɔ mí ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o.”—Hiob 32:21, 22; Tesalonikatɔwo I, 2:5, 6.

Kafu Ame ne Wòdze Nɛ

Lododo si tso gbɔgbɔ me la fia be kafukafu ate ŋu ado ame kpɔ esi wògblɔ be, ‘Sonu li ɖe klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu, nenema kafukafu doa ŋutsu kpɔnae.’ (Lododowo 27:21) Ẽ, kafukafu ate ŋu anyɔ gãnyenye ƒe susu alo dada ɖe ame me, eye wòana wòadze anyi. Gake ate ŋu aɖe eƒe ŋuɖɔɖo kple ɖokuibɔbɔ fia ne edze sii be nusianu si yewɔ si ta wole yekafum la tso Yehowa gbɔ.

Ne wokafu ame ɖe agbe ɖɔʋu nɔnɔ alo nane ƒe amesisusu ta anukwareɖiɖitɔe la, etua amekafula la kple amesi kafum wole la siaa ɖo. Ena wotsɔa vividodoɖeameŋu kpɔa ŋudzedze ɖɔʋu ɖe ame nɔewo ŋu. Edea dzi ƒo be woati taɖodzinu siwo dze na kafukafu yome. Kafukafu si dze tsɔtsɔ na sɔhɛwo na wodina be yewoawɔ dɔ geɖe awu. Ate ŋu amlã woƒe nɔnɔme esi wodi be yewoanɔ agbe ɖe dzidzenu siwo wodi tso wo si la nu.

Eyata mina míaƒo asa na numevivi—eɖanye míele ame kafum alo wole mía kafum o. Mina míabɔbɔ mía ɖokui ne wokafu mí. Eye mina míakɔ dɔme akafu ame tso luʋɔ blibo me—míakafu Yehowa edziedzi le míaƒe subɔsubɔ me eye míakafu amewo le anukwareɖiɖi me wòanye amedodoɖedzi kple ŋudzedzekpɔkpɔ si le eteƒe, eye míaɖo ŋku edzi be ‘nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina ale gbegbe!’—Lododowo 15:23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe