Nukata Wowɔnɛ?
YEHOWA ÐASEFO siwo le xexeame katã ƒoa ƒu wòdea ame akpe geɖe le takpekpewo me ƒe sia ƒe. Wosea vivi le hadede me le afima eye wosea nuƒo nyui siwo nye Biblia ƒe mɔfiafia. Wo dometɔ aɖewo dzea agbagba geɖe be yewoade takpekpe siawo. Le kpɔɖeŋu me le ƒe si va yi me le Malawi la, atsu kple asi aɖe siwo xɔ wu ƒe 60 kple wo viŋutsu kpakple srɔ̃a kple vidzĩ wodo gasɔ kilometa 80 yi takpekpe aɖe. Wotso le woƒe kɔƒea me ŋdi ga ade eye wova ɖo takpekpewɔƒea gaƒoƒo 15 megbe.
Le Mozambique la, ƒuƒoƒo aɖe do gasɔ ŋkeke etɔ̃ yi takpekpe aɖe. Zã aɖe me esi wotsi xexe dɔ la, wose dzatawo nɔ gbe ɖem le afisi te ɖe wo ŋu. Togbɔ be woda dzotiwo ɖo ɖe afisi dzataawo le hã la, lãawo nɔ teƒea vaseɖe ŋufɔke. Ðasefo bubu si zɔ mɔ yina takpekpe ma ke do go dzata le mɔ dzi ŋkume kple ŋkume. Etɔ ɖi kpoo maʋãmaʋãe vaseɖe esime dzata la dzo. Ðasefo siawo tsɔ dzidzɔ gblɔ alesi ‘woɖe wo le dzata ƒe nu mee’ la le takpekpea me.—Timoteo II, 4:17.
Yehowa Ðasefo geɖe dzea agbagba geɖe be yewoayi takpekpewo alo kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe hame kpekpewo gɔ̃ hã bene yewoade ta agu. Nukatae? Nyati siwo kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nàse nusita ƒuƒoƒo ɖekae le vevie nenema gbegbe.