INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 3/1 axa 30-31
  • Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Subɔla Siwo ƒe Susu Le Dɔ Ŋu
  • Nusiwo Míesrɔ̃ tso Eme
  • Minye Nuŋela Kpɔdzidzɔwo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Yesu Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Gbeƒãɖeɖe Le Galilea Kple Hehenana Apostoloawo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Dɔ Nusrɔ̃la 70 Ða Be Woaɖaɖe Gbeƒã
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 3/1 axa 30-31

Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu

Yesu Dɔ Nusrɔ̃la 70

ƑE 32 M.Ŋ. ƒe adamee. Ɣleti ade koe susɔ Yesu naku. Eyata bene wòado tsɔtsɔe gbeƒãɖeɖedɔa eye be wòadzi eyomedzela aɖewo ƒe hehenana ɖe edzi la, etia nusrɔ̃la 70 eye “wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.”—Luka 10:1.a

Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo “ɖo ɖe eŋgɔ” bene wòanɔ bɔbɔe na amewo be ne Yesu ŋutɔ va ɖo emegbe la, woatia be yewoaxɔ Mesia la loo alo be yewomaxɔe o. Gake nukata wòdɔ wo “eveveve”? Edze ƒã be susua enye be woade dzi ƒo na wo nɔewo ne wodo go tsitretsiɖeŋu.

Esi Yesu nɔ gbe tem ɖe alesi eyomedzelawo ƒe gbeƒãɖeɖea hiã kpatae dzi la, egblɔ na wo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo mede ha o; eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Luka 10:2) Enyo be etsɔe sɔ kple nuŋeŋe, elabena hehe ɖe megbe vie le nuŋeɣi ate ŋu ana agblemenu xɔasiwo dome nagblẽ. Nenema ke ne nusrɔ̃lawo hã gbe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ la, amewo ƒe agbe xɔasiwo ate ŋu atsi eme!—Xezekiel 33:6.

Subɔla Siwo ƒe Susu Le Dɔ Ŋu

Yesu gagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migatsɔ gakotoku alo mɔzɔkotoku alo atokotawo o, eye migado gbe na ame aɖeke le mɔ dzi o.” (Luka 10:4) Ebɔ be menye kevi kple nuɖuɖu koe mɔzɔla tsɔna o ke etsɔa afɔkpa bubu hã, elabena afɔkpagɔmewo ate ŋu anyi eye afɔkpakawo nalã. Gake mele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo natsi dzi ɖe nusiawo ŋu o. Ke boŋ ele be kakaɖedzi nanɔ wo si be Yehowa ato wo havi Israel-vi siwo lɔ̃a amedzrowɔwɔ dzi alé be na wo.

Gake nukata Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woagado gbe na ame aɖeke o? Ðe wòle be woanye vivimadoɖeameŋulawo, alo amemabulawo gɔ̃ hã? Kura o! Helagbe me nya a·spaʹzo·mai, si gɔmee nye be woawɔ atuu na ame la, ate ŋu afia nu geɖe wu be woade bubu ame ŋu agblɔ be “èfɔa” alo “èle agbea” ko. Alesi ne ame nyanyɛ eve wodo go eye wogbugbɔa nu na wo nɔewo, wokplaa asi kɔ na wo nɔewo, eye woɖoa dze legbee hã ate ŋu anɔ eme. Numeɖela aɖe gblɔ be: “Gbedoname le Ɣedzeƒetɔwo dome mele abe mía tɔ ene si míebɔbɔna vie, alo doa asi ɖa o, ke boŋ wotsɔa asikpakpla kɔ na ame nɔewo zi gbɔ zi geɖe, kple ta dede agu, kpakple klo dzedze ɖe anyigba gɔ̃ hã doa gbe na ame. Nusiawo katã xɔa ɣeyiɣi.” (Tsɔe sɔ kple Fiawo II, 4:29.) Yesu gblɔ nya sia tsɔ kpe ɖe eyomedzelawo ŋu be womegawɔ ɣeyiɣigblẽnu siwo togbɔ be wonye kɔnu hã la, womehiã o.

Mlɔeba Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ne woge ɖe aƒe aɖe me eye woxɔ wo la, ‘woanɔ aƒe ma me, aɖu nu eye woano nusi ke woana wo.’ Gake ne woyi du aɖe me eye womexɔ wo o la, ‘woayi ɖe eƒe ablɔwo me, eye woagblɔ bena: “Míeʋuʋu miaƒe du me ʋuʋudedi, si ke lé ɖe míaƒe afɔwo ŋuti, gɔ̃ hã ɖi na mi.” ’ (Luka 10:7, 10, 11) Ʋuʋudedi tutuɖa alo ʋuʋuɖa le ame ƒe afɔ ŋu fia be nusrɔ̃laawo le dzodzom le aƒe alo du si mexɔ wo o la gbɔ le ŋutifafa me hegblẽ wo ɖe nusi atso Mawu gbɔ ava wo dzi mlɔeba la si me. Gake amesiwo nyo dɔme xɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la axɔ yayra ɖe eteƒe. Yesu gblɔ na eƒe apostolowo ɣebubuɣi be: “Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa. Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vavã mele egblɔm na mi bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.”—Mateo 10:40, 42.

Nusiwo Míesrɔ̃ tso Eme

Yehowa ƒe Ðasefo 5,000,000 kple edzivɔ le se si wode be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui ahawɔ nusrɔ̃lawo la dzi wɔm le xexeame godoo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Wonya be yewoƒe gbedasia hiã kpata. Eyata wowɔa woƒe ɣeyiɣi ŋuti dɔ nyuie, eye woƒoa asa na susuhenu siwo axe mɔ na wo be woƒe susu maganɔ woƒe dɔ vevi sia ŋu o.

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba doa vivi ɖe amesiame si wodoa goe ŋu. Ke hã womeƒoa wo ɖokui ɖe nukpoloe dzodzro ƒoƒo me o, eye womenyrɔa wo ɖokui ɖe glãkahehe le hadomenyawo alo alesi wodo kpo madzɔmadzɔnyenye gbɔ kpɔkpɔ le xexeame ŋu o. (Yohanes 17:16) Ke nusi akpɔ amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔ tegbee dzi boŋ ye wotua woƒe dzeɖoɖowo ɖo—eyae nye Mawu Fiaɖuƒea.

Yehowa Ðasefo evee wokpɔna be wozɔna zi geɖe. Ðe womate ŋu awɔ dɔ geɖe wu ne wo dometɔ ɖesiaɖe wɔ dɔ le eɖokui si oa? Ðewohĩ. Gake Kristotɔ siwo li egbea kpɔ viɖe si le dɔ wɔwɔ kple haxɔsetɔwo me dze sii. Enyea ametakpɔkpɔ le mɔ aɖe nu ne wole ɖase ɖim le teƒe siwo afɔku le. Dɔwɔwɔ kple zɔhɛ wɔnɛ hã be ame yeyewo srɔ̃a nu tso nyanyuigbeƒãɖela siwo kpɔ nuteƒe la ƒe aɖaŋu me. Le nyateƒe me la, ame evea siaa ade dzi ƒo na wo nɔewo.—Lododowo 27:17.

Ðikeke mele eme o be gbeƒãɖeɖedɔae nye dɔ si hiã wu ɖesiaɖe si wɔm wole le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Timoteo II, 3:1) Enye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be xexeame godoo nɔviwo ƒe habɔbɔ si me wowɔa dɔ le ‘heʋlia nyanyui ƒe xɔse la ta ɖe wo nɔewo ti’ la doa ŋusẽ yewo.—Filipitɔwo 1:27.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Biblia aɖewo kple blema Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo gblɔ be Yesu dɔ nusrɔ̃la “blaadre vɔ eve.” Gake asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbogbo aɖewo li siwo na míate ŋu axlẽe be “blaadre.” Gake mele be vovototo sia si ŋu numetolawo ko atsi dzi ɖo la nahe susu dzoe le nusi nye vevitɔ dzi o, esi nye be Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gã aɖe ɖa be woaɖe gbeƒã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe