Meda Akpe Ðe Kristotɔwo Ƒe Domenyinu Like La Ta
ABE ALESI GWEN GOOCH GBLƆE ENE
Melɔ̃a ha aɖe si me nya aɖewo yi ale, ‘Amegã Yehowa, le zi dzi le eƒe ŋutikɔkɔe me,’ la dzidzi le suku. Mebiaa ɖokuinye zi geɖe be, ‘Amekae nye Yehowa sia?’
TƆGBUINYE kple mamanye wonye Mawu-vɔ̃lawo. Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, wode ha kple Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi. Fofonye nye asitsala bibi aɖe gake gbã la, metsɔ Kristotɔwo ƒe domenyinu si wonae la na via etɔ̃awo o.
Esi Papa tsɔ agbalẽvi siwo nye His Works (Eƒe Dɔwɔwɔwo) kple Who Is God? (Amekae Nye Mawu?) na mía kple fonye, Douglas, kpakple ƒenye, Anne, hafi menya be Yehowae nye Mawu vavã la ƒe ŋkɔ. (Psalmo 83:19) Dzi dzɔm ŋutɔ! Gake nukae ganyɔ ɖetsɔleme ɖe Papa me?
Le ƒe 1938 me, esime dukɔwo nɔ dzadzram ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu la, Papa kpɔe be nusi de ŋgɔ wu amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze koe ate ŋu akpɔ xexemekuxiwo gbɔ. Mamanye tsɔ agbalẽ si nye Enemies, (Futɔwo) si Yehowa Ðasefowo ta la nae. Esi wòxlẽe la, ekpɔ be ameƒomea ƒe futɔ ŋutɔŋutɔe nye Satana Abosam eye be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ate ŋu ahe ŋutifafa ava xexeame.a—Daniel 2:44; Korintotɔwo II, 4:4.
Esi aʋa la nɔ gogom la, míaƒe ƒomea dze kpekpewo dede gɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me le Wood Green, Dziehe London. Le June 1939 me la, míeyi Alexandra Palace si tsɔ mía gbɔ be míase dutoƒonuƒo si nye “Dziɖuɖu Kple Ŋutifafa,” si Joseph F. Rutherford, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi la ƒo. Wona Rutherford ƒe nuƒo si wòƒo le New York City ƒe Madison Square Garden la ɖi le radio dzi wòɖo London kple dugã bubuwo me. Nuƒoa ɖi eme kɔ ale gbegbe be esime nuvlowɔha aɖe na zi tɔ le New York la, metsa ŋku be makpɔ ɖa be míaƒe ƒuƒoƒeae wòɖi le hã!
Papa ƒe Dzonɔameme Ðe Biblia ƒe Nyateƒea Ŋu
Papa kpɔa egbɔ be míaƒe ƒome bliboa nawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖekae le Memleɖagbe fiẽ ɖesiaɖe. Biblia me nyati si wota ɖe Gbetakpɔxɔ me si ƒe ɖoɖo wowɔ be woadzro eme le ŋufɔke ye míesrɔ̃na. Alesi nusɔsrɔ̃ siawo kpɔ ŋusẽ ɖe dzinyee ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye nuŋlɔɖi si ku ɖe Yosua kple toɖeɖe ɖe Ai-dua ŋu, si me wodzro le May 1, 1939, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me si gale susu me nam nyuie vaseɖe egbegbe. Nudzɔdzɔ ma wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be mexlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la katã le nye Biblia me. Numekuku sia tɔgbe wɔwɔ dzɔa dzi nam—egadzɔa dzi nam kokoko.
Nusiwo míesrɔ̃ la gbɔgblɔ na amewo na Biblia ƒe nufiafiawo ƒo ke ɖe to ɖe nye dzime. Gbeɖeka Papa tsɔ agbaƒomɔ̃ kple nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi si wolé ɖe agba dzi, kple agbalẽvi aɖe si míetsɔna srɔ̃a Biblia, kpakple nyɔnu tsitsi aɖe ƒe adrɛs nam. Emegbe egblɔ nam be mayi egbɔ.
Mebia be: “Nya ka gblɔ ge meyina, eye nukae mawɔ?”
Papa ɖo eŋu be: “Nusianu le eme. Wò ya ƒo agba la, nàxlẽ biabiawo, na aƒemenɔla la naxlẽ ŋuɖoɖoawo, eye emegbe nàxlẽ ŋɔŋlɔawo.”
Mewɔe abe alesi wòbe mawɔe ene, eye meto mɔ sia dzi srɔ̃ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ. To Ŋɔŋlɔawo zazã alea le nye subɔsubɔdɔa me la, meva se wo gɔme nyuie wu.
Aʋaŋɔli Kuxiwo
Xexemeʋa II dzɔ le ƒe 1939 me, eye mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe be masubɔ Yehowa dzi le ƒe si kplɔe ɖo me. Ƒe 13 koe mexɔ ɣemaɣi. Ɣemaɣie meɖoe be mazu mɔɖela, si nye alesi woyɔna na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Medo le suku le ƒe 1941 me eye meva kpe ɖe Douglas ŋu le ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me le Leicester takpekpe me.
Wode Papa gaxɔ me le ƒe si kplɔe ɖo me le esi wògbe aʋawɔwɔ le eƒe dzitsinya ta. Mí ɖeviawo míeva kpe ɖe dada ŋu, míekpe ɖe eŋu wòkpɔ aƒea dzi le aʋaŋɔli sesẽ ma me. Woɖe asi le Papa ŋu le gaxɔ me eteƒe medidi o ko ye wobe Douglas hã neva wɔ asrafodɔ. Afima nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe tanya xlẽ be, “Nusita Viŋutsua Tia Gaxɔ me abe Fofoa Ene.” Ðaseɖiɖi nyui aɖe do tso eme, elabena eʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi be míeɖe nusita nyateƒe Kristotɔwo mekpɔa gome le wo havi amegbetɔwo wuwu me o la me.—Yohanes 13:35; Yohanes I, 3:10-12.
Le aʋaŋɔli ma la, Ðasefo siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo dometɔ geɖe vaa míaƒe aƒeme edziedzi, eye woƒe dzeɖoɖo tuameɖo siwo tso Biblia me wɔ dɔ ɖe dzinye ɣeyiɣi didi aɖe. Nɔvi Kristotɔ nuteƒewɔla siawo dometɔ aɖewoe nye John Barr kple Albert Schroeder, amesiwo zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔwo fifia. Dzinyelawo wɔa amedzro ŋutɔ, eye wofia míawo hã be míanɔ nenema.—Hebritɔwo 13:2.
Dzadzraɖoɖi Ðe Nyaŋuɖoɖo Ŋu
Esi medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme eteƒe medidi o la, medo go Hilda le ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa me. Egblɔ dzikutɔe be: “Srɔ̃nye le aʋagbe dzi ɖa le aʋa wɔm ɖe wò hawo ta! Nukata mèle naneke wɔm tsɔ le asi kpem ɖe aʋa la ŋu o?”
Mebiae be: “Nu nenie nènya tso nusi wɔm mele ŋu? Ènya nusita meva gbɔwòa?”
Eɖo eŋu be: “Enyo, ke ge ɖe eme nàgblɔe nam.”
Meɖe nu me nɛ be míele mɔkpɔkpɔ vavã ƒe nya gblɔm na amesiwo le fu kpem le nu dziŋɔ siwo wɔm wole la ta—nusiwo wowɔna zi geɖe le Mawu ƒe ŋkɔ me. Hilda tsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo toe, eye eva zu nye Biblia-nusrɔ̃vi gbãtɔ si mía kplii míesrɔ̃ nu edziedzi. Enye Ðasefo veviedola ƒe 55 kple edzivɔe nye sia.
Esi aʋaa ke la, wode mɔɖeɖedɔ asi nam le teƒe bubu si nye Dorchester si nye du aɖe si le England ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome. Esiae nye zi gbãtɔ si medzo le aƒe. Nuɖuɖudzraƒe aɖe si nye ƒe alafa 16 lia me xɔ si wotsɔ ŋkɔ na be “Tiinoƒe Xoxo La” mee míaƒe hame sue la kpea ta le. Ehiã be míagbugbɔ anɔ kplɔ̃wo kple ablegɔwo ɖom hena míaƒe kpekpe ɖesiaɖe. Eto vovo sasasã tso Fiaɖuƒe Akpata si menya gbɔ. Ke hã gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖeka ma kpakple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ƒe hadede nɔviwɔwɔtɔe le afima.
Dzinyelawo ʋu yi Tunbridge Wells, le anyiehe London le ɣeyiɣi mawo me. Megbɔ va aƒe bene mía kple Papa kpakple Anne míawɔ mɔɖeɖedɔa. Eteƒe medidi o míaƒe hamea dzi ɖe edzi tso Ðasefo 12 va ɖo 70, eyata wobia tso míaƒe ƒomea si be míayi Brighton si le anyieheƒuta, afisi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hiã le wu. Ame geɖe tsɔ dzonɔameme wɔ ɖeka kple míaƒe mɔɖelawo ƒe ƒomea le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye míekpɔe be Yehowa yra ɖe míaƒe dɔa dzi ŋutɔ. Hame ɖeka ma trɔ zu etɔ̃ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe!
Amekpekpe Ðiɖeame Aɖe
Le ƒe 1950 ƒe dzomeŋɔli la, míaƒe ƒomea nɔ takpekpeyila 850 siwo tso Britain yi Teokrasi ƒe Dzidziɖedzi Dukɔwo Dome Takpekpe le New York City ƒe Yankee Lãmesẽfefewɔƒea la dome. Woɖo dɔbiagbalẽ ɖe mɔɖela siwo atso ƒugodo ava takpekpea dometɔ geɖe be woava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Biblia Gilead Suku si tsɔ ɖe South Lansing gbɔ, le New York. Mía kple Douglas kpakple Anne míenɔ wo dome! Meɖo ŋku edzi be esime menɔ nye dɔbiagbalẽ si mekpe ɖo la dem posuɖaka me la, megblɔ le tame be, ‘Mewɔ vɔ azɔ! Afikae nye agbe aɖo tae?’ Gake nye tameɖoɖoe nye: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yesaya 6:8) Dzi dzɔm esi wokpem be malala le takpekpea wɔwɔ vɔ megbe ne mía kple Douglas kpakple Anne míade Gilead ƒe klass 16 lia. Mí katã míenya nyuie be woate ŋu aɖo mí ɖe xexeame ƒe afisiafi be míanye dutanyanyuigblɔlawo.
Esi ƒome bliboa de takpekpea vɔ la, ɣeyiɣia va de azɔ be mía dzilawo natrɔ ayi England—woawo ɖeɖe. Mí ɖevi etɔ̃awo katã míedo hede nyuie na wo esime woɖo tɔdziʋu si nye Mauritania yi aƒe. Kaklã wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye si!
Dutanyanyuigbɔgblɔdɔwo
Sukuvi 120 siwo tso xexeame ƒe akpa vovovo ye nɔ Gilead ƒe klass 16 lia me, eye wo dometɔ aɖewo kpe fu le Nazitɔwo ƒe fuwɔamegakpɔwo me kpɔ. Esi wofia Spaingbe míaƒe klass la ta la, míenɔ mɔ kpɔm be woaɖo mí ɖe Spaingbedolawo ƒe dukɔ aɖe me le Anyiehe Amerika. Kpɔ alesi gbegbe wòwɔ nuku na mí gbesigbe míewu sukua nu be míase be wole Douglas ɖom ɖe Japan eye mía kple Anne míayi Syria. Eyata eva hiã be mí nyɔnuviawo míasrɔ̃ Arabgbe, eye míegasrɔ̃e kokoko togbɔ be Lebanon ye wova ɖo mí ɖo hã. Esi míenɔ míaƒe mɔzɔzɔ ƒe mɔɖegbalẽ lalam la, George Shakashiri si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Arabgbe me Gbetakpɔxɔ ƒe agbalẽtamɔ̃ ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo ɖola la fia Arabgbe mí zi eve le kwasiɖa me.
Dzidzɔnya ka gbegbee nye si be míeyina Biblia-nyigba aɖe si ŋu míesrɔ̃ nu tsoe le klass la dzi! Mía kple Keith kpakple Joyce Chew, Edna Stackhouse, Olive Turner, Doreen Warburton, kple Doris Wood ye yi afima. Dutanyanyuigblɔlawo ƒe ƒome kpɔdzidzɔ kae gbegbee nye si míeva nye! Ðasefo aɖe si nye afimatɔ vaa míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒeme gava fiaa gbegbɔgblɔa mí. Le gbesiagbe ƒe nusrɔ̃ɣia la, míewɔa dzeɖonya kpui aɖe ƒe wɔwɔfia, eye emegbe míeyina gbeadzi ɖazãnɛ le gbeƒãɖeɖedɔa me.
Tripoli, afisi woɖo hame ɖoe míenɔ le míaƒe ƒe gbãtɔwo me. Mía kple Joyce, Edna, Olive, Doreen, Doris, kple Anne míekpena ɖe afima Ðasefowo srɔ̃nyɔnuwo kple wo vinyɔnuwo ŋu bene woakpɔ gome le kpekpeawo kple gaglãgbe subɔsubɔdɔa me. Vaseɖe ɣemaɣi la, le afima kɔnuwo ta mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo menɔa wo nɔewo gbɔ le kpekpeawo o, eye ƒã hafi nɔvinyɔnu Kristotɔ siawo wɔa aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa. Míehiã wo be woakpe ɖe mía ŋu le gbea gbɔgblɔ me le míaƒe gaglãgbe gbeƒãɖeɖedɔa me, eyata míede dzi ƒo na wo be woawo hã nakpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me.
Wogade dɔ asi na mía kple Anne be míakpe ɖe Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue si le blemadu si nye Sidon me ŋu. Le ema megbe kpuie la, wobia tso mía si be míatrɔ va Beirut, si nye fiadua me. Woƒã Biblia ƒe nyateƒea ƒe kuwo ɖe Armeniagbedola siwo le afima me, eyata míesrɔ̃ gbea bene míakpe ɖe wo ŋu.
Dɔdasiwo Ðɔliɖɔli
Medo go Wilfred Gooch hafi dzo le England. Enye nɔviŋutsu veviedola veveseɖeamenula aɖe si nɔ dɔ wɔm le London ƒe Betel. Wilf nɔ Gilead ƒe klass 15 lia si wu suku nu le ƒe 1950 ƒe Yankee Lãmesẽfefewɔƒe ƒe takpekpea me. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nigeria ye wòwɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le, eye míeŋlɔa agbalẽ na mía nɔewo va ɖo ɣeyiɣi aɖe. Mí ame evea míede “Fiaɖuƒe si Kpɔ Dziɖuɖu” takpekpea le London le ƒe 1955 me, eye míedo ŋugbe na mía nɔewo le ema megbe kpuie. Míeɖe srɔ̃ le Ghana le ƒe si kplɔe ɖo me, eye meva kpe ɖe Wilf ŋu le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔƒe le Lagos, Nigeria.
Esi medzo le Anne gbɔ le Lebanon la, eɖe nɔviŋutsu Kristotɔ nyui aɖe si srɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea le Jerusalem. Mía dzilawo mete ŋu va míaƒe alɔléƒewo o, elabena mía kple Douglas kpakple Anne míeɖe srɔ̃ le xexeame ƒe akpa vovovowo. Ke hã, woƒe dzi dze eme esi wonya be mí katã míele mía Mawu, Yehowa, subɔm kple dzidzɔ.
Dɔwɔwɔ le Nigeria
Wode dɔ asi nam le alɔdzedɔwɔƒea le Lagos be madzra ame enyi siwo le ƒomea me le alɔdzedɔwɔƒea ƒe xɔwo me ɖo eye be maɖa nu na wo ahanyã woƒe nuwo. Ewɔ nam abe menye srɔ̃ŋutsu koe su asinye o ke ƒome hã su asinye enumake ene!
Mía kple Wilf míesrɔ̃ Biblia me nyawo ŋuti dzeɖonya kpui aɖewo le Yorubagbe me, eye woɖo míaƒe agbagbadzedzewo teƒe na mí. Ðekakpui sukuvi aɖe si míeƒo nu na ƒe viŋutsu kple vinyɔnu le subɔsubɔm le Nigeria ƒe Betel-ƒome gã si me tɔwo ade 400 la me fifia.
Le ƒe 1963 me la, wokpe Wilf be wòava ɣleti ewo ƒe hehe tɔxɛ nusrɔ̃ƒe le Brooklyn, New York. Esi wòwu enu la, wogaɖoe ɖe England, si míenɔ mɔ kpɔm na o. Meganɔ Nigeria ɣemaɣi eyata wonam ŋkeke 14 be matsɔ va Wilf gbɔ le London. Esi dɔwɔwɔ le Nigeria nye dzidzɔ ŋutɔŋutɔ ta la, dzodzo mekɔ lãme nam o. Esi mesubɔ ƒe 14 le duta ta la, exɔ ɣeyiɣi hafi mete ŋu trɔ ɖe England-gbenɔnɔ ŋu. Gake míeda akpe be míegate ɖe mía dzila siwo tsi ŋu ake eye be míakpe asi ɖe woƒe dzikpɔkpɔ ŋu.
Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Lém Ðe Te
Tso ƒe 1980 me la, enye mɔnukpɔkpɔ nam be menɔ Wilf ŋu esi wònye alɔdzewo dzikpɔla nɔ mɔ zɔm yi dukɔ geɖe me. Mekpɔa mɔ na míaƒe tɔtrɔ yi aɖasrã Nigeria akpɔ vevie. Emegbe míede Scandinavia, Ɣetoɖoƒe Indies, kple Titinaɣedzeƒe hã—si me Lebanon hã le. Vivisese tɔxɛe wònye be magakpɔ gome le tsã ƒe nudodzidzɔnamewo me eye be magakpɔ amesiwo menya le woƒe ƒewuiwo me be fifia wozu Kristotɔ hamemegãwo.
Nublanuitɔe la, srɔ̃nye lɔlɔ̃a ku le ƒe 1992 ƒe adame. Ƒe 69 koe wòxɔ. Dzɔgbevɔ̃e gã ŋutɔŋutɔ aɖee wònye elabena edzɔ kpata. Le srɔ̃ɖeɖe ƒe 35 megbe la, exɔ ɣeyiɣi hafi mete ŋu trɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu. Gake nye xexeame godoo Kristotɔwo ƒe ƒomea me tɔwo kpe ɖe ŋunye eye woɖe lɔlɔ̃ geɖe fiam. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖe le asinye siwo ŋu made ŋugble le.
Dzinyela evea siaa ɖo Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Dada ku le ƒe 1981 me eye Papa ku le ƒe 1986 me. Douglas kple Anne kpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Douglas kple srɔ̃a Kam, wogbɔ va London, eye wotsi afima esi wokpɔ Papa dzi vɔ. Anne kple eƒe ƒomea wole United States. Mí katã míekpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe mɔkpɔkpɔ kple domenyinu si tso Mawu gbɔ na mí la ŋu. Míeyi edzi le ‘Yehowa sinu kpɔm,’ le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me agbagbeawo kple woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo wofɔ ɖe tsitre awɔ ɖeka anye Yehowa ƒe anyigba dzi ƒomea me tɔwo asubɔe tegbee.—Konyifahawo 3:24.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Fofonye, Ernest Beavor, ƒe agbemeŋutinya dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, March 15, 1980 tɔ me.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 23]
Tso miame yi ɖusime va yi anyime:
Gwen si xɔ ƒe 13 le nusɔsrɔ̃ wɔm fia le Enfield ƒe Fiaɖuƒe Akpata me
Dutanyanyuigblɔlawo ƒe ƒome le Tripoli, Lebanon, ƒe 1951
Gwen kple srɔ̃aŋutsu Wilf si megali o