INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 4/1 axa 3-5
  • Ƒomea Eɖo Afɔku Gã Aɖe Me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒomea Eɖo Afɔku Gã Aɖe Me!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Le Nua Gblẽm?
  • Dzilaɖekaƒomewo Le Dzidzim Ðe Edzi
  • Ðe Srɔ̃ɖeɖe Ate Ŋu Anɔ Te Ðe Ahom la Nua?
    Nyɔ!—2006
  • Srɔ̃ɖeɖe Si Me Lɔlɔ̃ Mele O ƒe Mɔ̃ Ðe Wo
    Nyɔ!—2001
  • Dzilaɖekɛƒomewo Le Dzidzim Ðe Edzi
    Nyɔ!—2002
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 4/1 axa 3-5

Ƒomea Eɖo Afɔku Gã Aɖe Me!

“EYE ema megbe wonɔ anyi le dzidzɔ me tegbetegbe.” Srɔ̃ɖeɖe siwo me glitoto me nya nyui ma dzɔna le dzi le ɖeɖem kpɔtɔ kabakaba egbea. Ŋugbe si srɔ̃ɖela eveawo do be yewoalɔ̃ yewo nɔewo ‘le nɔnɔme nyui alo gbegblẽa gɔ̃ hã me’ zi alesi yewole agbe la zua nyagbɔgblɔ dzro ko zi geɖe. Mɔkpɔkpɔ be ƒome kpɔdzidzɔ nanɔ ame si va le ko abe tsatsadada si ƒe ɖuɖu ŋu kakaɖedzi mele o ene.

Le ƒe 1960 kple 1990 dome la, srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi wu zi gbɔ zi eve le Ɣetoɖoƒe mɔ̃ɖaŋuwɔdukɔ akpa gãtɔ me. Le dukɔ aɖewo me la, edzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene. Le kpɔɖeŋu me, le Sweden la, woɖea srɔ̃ siwo ade 35,000 ƒe sia ƒe, eye xexlẽme si ade esia ƒe afã siwo me ɖevi siwo wu 45,000 le la agbã. Ŋutsu kple nyɔnu siwo le wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee la dome ƒe kaklã gayi dzi wu kura, si hã gblẽa nu le ɖevi bubu akpe nanewo ŋu. Abe alesi míakpɔe le aɖaka si le axa 5 me ene la, nu mawo tɔgbe le dzɔdzɔm le xexemedukɔwo katã me.

Nyateƒee wònye be ƒome ƒe gbagbã kple srɔ̃gbegbe menye nu yeye le ŋutinya me o. Se siwo ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu le Babilonia la nɔ Hammurabi ƒe ƒe alafa 18 lia D.M.Ŋ. ƒe Se la me. Mose ƒe Se si wode le ƒe alafa 16 lia me kura gɔ̃ hã ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu le Israel. (Mose V, 24:1) Ke hã ƒomekadodowo me megbɔdzɔ kpɔ alea gbegbe de ƒe alafa 20 lia tɔ sia nu o. Awu ƒe ewo enye si va yi la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Ƒe blaatɔ̃ siwo gbɔna tso fifia la, ɖewohĩ ƒome aɖeke maganɔ mía si le gɔmesese si nu míenyae le va ɖo fifia nu o. Ðewohĩ amewo ƒe ƒuƒoƒo bubu ƒomeviwo ava xɔ ɖe wo teƒe.” Eye ewɔ abe ɖe alesi nudzɔdzɔwo le yiyimee tso ɣemaɣi dzi le kpe ɖom nya ma dzi ene. Nu gblẽ le ƒomenuɖoanyia ŋu afɔtsɔtsɔe ale gbegbe be ame geɖe ŋutɔ va le biabiam be “Ava nyoa?”

Nukatae wòsesẽna na srɔ̃tɔ geɖe ŋutɔ alea gbegbe be woalé ɖe wo nɔewo ŋu eye be woana ɖekawɔwɔ nanɔ woƒe ƒomea me? Nuka gbɔe wòtso be amewo lé ɖe wo nɔewo ŋu le woƒe agbemeŋkekewo katã me, eye woɖua woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 25 kple 50 xɔxɔ ƒe azãwo dzidzɔtɔe? Edzɔ be le ƒe 1983 me la, woka nya ta be ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo le Azerbaijan si le afisi nye Soviet Union tsã la ɖu woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe 100 xɔxɔ zã—le esime ŋutsua xɔ ƒe 126 eye nyɔnua xɔ 116.

Nukae Le Nua Gblẽm?

Le dukɔ geɖe me la, nusiwo ŋu se ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu ɖo dometɔ aɖewoe nye ahasiwɔwɔ, ŋutasesẽ le ame ŋu kple nusi aɖe fu na ame ƒe susu wɔwɔ ɖe ame ŋu, ame srɔ̃ gbegblẽ ɖi, ahamumu, ŋutsu ƒe tutu, tsukuku, srɔ̃eveɖeɖe, kple atikevɔ̃ɖiwo zazã. Gake nusi gbɔ koŋ wòtsona wue nye be alesi amewo bua srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ abe alesi wònɔ anyii tso gbaɖegbe ke ene la trɔ kura, vevietɔ le ƒe siawo me. Bubu si wodea nuɖoanyi si wobuna nu kɔkɔe ŋu la bu. Hakpala, sinimawɔla, television dzi fefewɔla, kple agbalẽ siwo ŋu ame geɖe doa vivi ɖo ŋlɔla ŋuklẽlawo kafua nusi wobe eyae nye gbɔdɔdɔ ƒe ablɔɖe, agbegbegblẽnɔnɔ, hadzedze, kple ɖokuiŋudzegbenɔnɔ. Woƒe nuwɔnawo gblẽ nu le ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ƒe susu kple dzi ŋu.

Numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 1996 me ɖee fia be Amerikatɔ 22 le alafa me gblɔ be gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖe godo ate ŋu ade srɔ̃ɖeɖe dzi ɣeaɖewoɣi. Aftonbladet, Sweden-nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe, ƒe tata tɔxɛ aɖe xlɔ̃ nu nyɔnuwo be woagbe atsu elabena “ɖeko wòade wo dzi.” Susuŋutinunyala kple amegbetɔŋutinusrɔ̃la xɔŋkɔ aɖewo bui gɔ̃ hã be ɖe nɔnɔmetɔtrɔ “ɖoe” na amegbetɔ be woanɔ wo srɔ̃wo ɖɔ lim kabakaba le ƒe ʋee aɖewo megbe. Ne míagblɔe bubui la, wole gbɔgblɔm be gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖe godo kple srɔ̃gbegbe menye nu gbegblẽ o. Ame aɖewo gɔ̃ hã ʋli nya be ne dzilawo gbe wo nɔewo la, ade ɖeviawo dzi elabena adzra wo ɖo ɖe srɔ̃ si woawo ŋutɔ woava gbe gbaɖegbe ŋu!

Sɔhɛ geɖe megadina be yewoanɔ ƒomegbenɔnɔ si nɔ anyi tso gbaɖegbe ke si me vifofo, vidada, kple ɖeviawo nɔa aƒe ɖeka me la ake o. “Nyemese nusitae manɔ anyi kple srɔ̃nye ɖeka ma ko le nye agbemeŋkekewo katã me la gɔme o” ye nye nukpɔsusu si bɔ. Ŋutsuvi aɖe si tso Denmark si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Srɔ̃ɖeɖe le ko abe Kristmas ɖuɖu ene, glitoto aɖe koe wònye. Nyemebunɛ nu vevi aɖekee o.” Noreen Byrne si le dɔ wɔm le Dukɔ me Nyɔnuwo ƒe Aɖaŋudeha me le Ireland gblɔ be: “Alesi wòwɔna na míe nye be, nukatae woanɔ [ŋutsuwo] gbɔ anɔ woƒe afɔwui nyãm. Wò ya do go kple wo ne nàɖu agbe kple wo . . . Nyɔnu geɖe le nya me tsom be yewomehiã ŋutsu hafi agbe nadze edzi na yewo o.”

Dzilaɖekaƒomewo Le Dzidzim Ðe Edzi

Nɔnɔme sia na vidadaɖekaƒomewo le dzidzim ɖe edzi kabakaba le Europa katã. Dzilaɖeka siawo dometɔ aɖewo nye ƒewuivi siwo susui be menye voe wònye yewoda esi yewofɔ gbɔmeyafu o. Vidada siawo dometɔ aɖewo di be yewo ɖeɖeko yewoanyi yewo vi. Wo dometɔ akpa gãtɔ nye vidada siwo nɔa vifofoa gbɔ va ɖoa ɣeaɖeɣi gake mewɔa ɖoɖo aɖeke be yeaɖee o. Newsweek magazine ƒo nu tso eƒe akpadzifoto aɖe si ŋu nyati si nye “Ðe Srɔ̃ɖeɖe Bua?” kpe ɖo ŋu le ƒe si va yi me. Egblɔ be gbɔmeyavi siwo dzim wole le Europa la le dzidzim ɖe edzi kabakaba eye ewɔ abe ɖe ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme o ene. Sweden axɔ ŋgɔ na wo esi vi siwo katã wodzi le afima la ƒe 50 le alafa me nye gbɔmeyaviwo. Le Denmark kple Norway la, esusɔ vie ko wòaɖo 50 le alafa me, eye le France kple England la, anye ɖevi 1 le ɖevi 3 ɖesiaɖe me.

Le United States la, dzilaeveƒomewo dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe le ƒe ʋee siwo va yi me. Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Le ƒe 1960 me la, . . . ɖevi 9 ɖesiaɖe le alafa me nɔ dzilaɖekaƒomewo ƒe aƒewo me. Va ɖo ƒe 1990 me la, xexlẽme ma dzi ɖe edzi ale gbegbe va ɖo 25 le alafa me. Egbea ɖevi siwo katã wodzi le Amerika la dometɔ 27.1 le alafa me nye dzilaɖekaƒome viwo, eye xexlẽme ma le dzidzim ɖe edzi. . . . Tso ƒe 1970 me la, dzilaɖekaƒomewo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wu zi gbɔ zi eve. Nyagɔmekula aɖewo gblɔ be ƒomegbenɔnɔ si nɔ anyi tso gbaɖegbe ke la ɖo afɔku me egbea ale gbegbe be esusɔ vie ko wòabu kura.”

Dzilaɖekaƒomewo le dzidzim ɖe edzi le dukɔ siwo me Roma Katolikoha megakpɔ ŋusẽ boo aɖeke ɖe amewo ƒe agbenyuinɔnɔ dzi o me. Italytɔwo ƒe aƒe ʋee aɖewo ko mee vidada, vifofo, kple ɖeviwo le, eye srɔ̃tɔ siwo si vi mele o kple dzilaɖekaƒomewo va xɔ ɖe ƒome blibo siwo nɔ anyi tso gbaɖegbe ke la teƒe.

Le nyateƒe me, kpekpeɖeŋunaha siwo le dukɔ aɖewo me dea dzi ƒo na amewo be womegaɖe srɔ̃ o. Vidadaɖekɛ siwo dziɖuɖua naa kpekpeɖeŋui la magaxɔe o ne woɖe srɔ̃. Vidadaɖekɛ siwo le Denmark xɔa gakpekpeɖeŋu bubu si woatsɔ akpɔ wo viawo dzii, eye le nuto aɖewo me la, vidada siwo nye ƒewuiviwo xɔa ga kpenɛ eye woxea xɔfetu na wo. Eyata eva zu gakpɔmɔnu. Alf B. Svensson gblɔ be srɔ̃gbegbe ta adzɔxela siwo le Sweden xea tso dɔlar akpe 250 va ɖo akpe 375 ɖe kotokumega, xɔfe, kple kpekpeɖeŋunaga xexe na ame bubuwo ta.

Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo mele nu boo aɖeke wɔm be woatsɔ aɖɔ nɔnɔme gbegblẽ sia ɖo le ƒomewo me o. Osɔfo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔla geɖewo mele ta kpɔm na woawo ŋutɔ ƒe ƒomekuxiwo o, eyata ewɔna na wo be yewomate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu o. Edzena abe ɖe wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã dina be yewoaʋli srɔ̃gbegbe ta ene. April 15, 1996, ƒe Aftonbladet ka nya ta be osɔfo Steven Allen si tso Bradford, England, wɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃gbesɔleme tɔxɛ aɖe ŋu si wòdo susu ɖa be woawɔ le srɔ̃gbegbewo me le Britain-sɔlemewo katã me. “Enye dɔyɔsɔleme si akpe ɖe ame ŋu wòaxɔ nusi dzɔ ɖe edzi. Akpe ɖe wo ŋu woanya be Mawu galɔ̃ yewo kokoko eye wòaɖe wo tso vevesesea me.”

Eyata afikae ƒomenuɖoanyia ɖo tae? Ðe mɔkpɔkpɔ li be anɔ tea? Ðe ƒome ɖekaɖekawo ate ŋu awɔ ɖeka le afɔku gã sia mea? Taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo.

[Nyaɖoɖo si le axa 5]

SRƆ̃ SI WOÐE LE ƑEA ME TSƆTSƆ SƆ KPLE SRƆ̃GBEGBE LE DUKƆ AÐEWO ME

DUKƆ ƑE SRƆ̃ÐEÐE SRƆ̃GBEGBE

Australia 1993 113,255 48,324

Canada 1992 164,573 77,031

Cuba 1992 191,837 63,432

Czech Republic 1993 66,033 30,227

Denmark 1993 31,507 12,991

Estonia 1993 7,745 5,757

France 1991 280,175 108,086

Germany 1993 442,605 156,425

Japan 1993 792,658 188,297

Maldives 1991 4,065 2,659

Norway 1993 19,464 10,943

Puerto Rico 1992 34,222 14,227

Russian Federation 1993 1,106,723 663,282

Sweden 1993 34,005 21,673

United Kingdom 1992 356,013 174,717

United States 1993 2,334,000 1,187,000

(Wotui ɖe 1994 Demographic Yearbook, United Nations, New York 1996, dzi)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe