Aleke Wò Etsɔme Anɔ?
NE Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nya nuwo katã eye wònya nusianu si dzɔ va yi, nusiwo le dzɔdzɔm fifia, kple nusiwo ava dzɔ le etsɔme la, ɖe mefia be nuwo katã adzɔ abe alesi tututu Mawu kpɔ wo do ŋgɔe ene oa? Ne Mawu kpɔ amegbetɔ ɖesiaɖe ƒe nuwɔna do ŋgɔ hewɔ ɖoɖo ɖe eƒe nuwɔna kple nusiwo adzɔ ɖe edzi ŋu do ŋgɔ la, ɖe míate ŋu agblɔe le nyateƒe me be ablɔɖe le mía si be míatia alesi míanɔ agbee kple alesi míaƒe etsɔme anɔa?
Wohe nya le biabia sia ŋu ƒe alafa geɖe. Nyaʋiʋli sia na mamã gale subɔsubɔha gãwo dome kokoko. Ðe ŋutete anɔ Mawu si be wòanya etsɔme do ŋgɔ tiatiawɔblɔɖe naganɔ amegbetɔ sia? Afikae wòle be míatrɔ ɖo hena ŋuɖoɖoawo?
Ame miliɔn geɖe siwo le xexeame katã alɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒo nu kple ameƒomea to eƒe Nya si woŋlɔ ɖi si wògblɔ to eƒe nyanuɖela siwo nye nyagblɔɖilawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Koran la gblɔ be Mawu gbɔe nyaɖeɖefiawo tso: Taurāh (Torah, Se la, alo Mose ƒe agbalẽ atɔ̃awo), Zabūr (Psalmowo), kple Injīl (Nyanyuigbalẽwo, Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo “Nubabla Yeye”), kpakple nya siwo woɖe fia Israel-nyagblɔɖilawo.
Míexlẽ le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.” (Timoteo II, 3:16) Edze ƒã be ele be mɔfiafia alo numekɔkɔ ɖesiaɖe si míaxɔ kakaɖedzi nanɔ eŋu la natso Mawu ŋutɔ gbɔ. Ekema ɖe nunya manɔ eme be míadzro nusiwo Mawu ƒe nyagblɔɖila gbãtɔwo ŋlɔ ɖi me oa? Nukae woɖe fia le míaƒe etsɔme ŋu?
Etsɔme si Woŋlɔ Ði Do Ŋgɔ
Amesiame si xlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo la nya be nyagblɔɖi alafa geɖe le eme. Wogblɔ ŋutinyamenudzɔdzɔ si ƒe ɖewoe nye blema Babilon ƒe anyidzedze, Yerusalem gbugbɔgatso (ƒe alafa adelia D.M.Ŋ.), kple Medo-Persia kpakple Hela fiawo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ kple woƒe anyidzedze katã ɖi tsitotsito. (Yesaya 13:17-19; 44:24–45:1; Daniel 8:1-7, 20-22) Nyagblɔɖi siawo me vava nye nu vevitɔ siwo ɖo kpe edzi be Mawu ƒe Nya ye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo nye la dometɔ ɖeka, elabena Mawu ko sie ŋusẽ le be wòakpɔ nusi ava adzɔ le etsɔme ahaɖo alesi nuwo adzɔe do ŋgɔ. Le gɔmesese sia nu la, woŋlɔ etsɔme ɖi do ŋgɔ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me nyateƒe.
Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, ame aɖeke mesɔ kplim o; nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi; . . . megblɔ nya, eye mana wòava eme hã, meɖo nu, eye mawɔe hã.” (Yesaya 46:9-11; 55:10, 11) Mawu ƒe ŋkɔ si wòyɔ na eƒe blema nyagblɔɖilawo la ŋutɔe nye Yehowa, si gɔme ŋutɔŋutɔe nye “Enana Wòvaa Eme.”a (Mose I, 12:7, 8; Mose II, 3:13-15; Psalmo 83:19) Mawu ɖee fia be Amesi wɔa eƒe nya dzi kple Amesi naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme ye yenye.
Eyata Mawu zãa eƒe nunyanyadoŋgɔ ƒe ŋutetea tsɔ naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme. Ezãe zi geɖe tsɔ xlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖiwoe le ʋɔnudɔdrɔ̃ si wòahe vɛ ŋu eye wònana ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ esubɔlawo hã. Gake ɖe Mawu zã ŋusẽ sia yakatsyɔa? Ðe kpeɖodzi aɖe le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me si fia be Mawu tianɛ be yemanya nanewo do ŋgɔ oa?
Ðe Mawu Nyaa Nusianu Do Ŋgɔa?
Wotu nya siwo katã wogblɔna tsɔ ɖoa kpe nuɖoɖoɖi dzi la ɖe susu sia dzi be esi ɖikeke mele eme o be ŋusẽ le Mawu si be wòanya nusiwo ava dzɔ le etsɔme eye wòate ŋu aɖo alesi woadzɔe ta la, ele be wòanya nusianu do ŋgɔ, si ƒe ɖee nye alesi amesiame ava wɔ nui le etsɔme. Gake ɖe wòsɔ be wòabui nenema? Nusi Mawu ɖe fia le eƒe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me to vovo.
Le kpɔɖeŋu me, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be “Mawu do Abraham kpɔ” esi wòde se nɛ be wòatsɔ via Isak asa numevɔe. Esi wòsusɔ vie Abraham natsɔ Isak asa vɔe la, Mawu ɖo asi edzi gblɔ be: “Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mète wò tenuvi lam o.” (Mose I, 22:1-12, míawoe te gbe ɖe edzi.) Ðe Mawu agblɔ nya ma ne wònyae do ŋgɔ be Abraham awɔ ɖe yeƒe sededea dzia? Ðe wòanye dodokpɔ akuakua?
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, blema nyagblɔɖilawo ka nya ta be Mawu gblɔ le eɖokui ŋu enuenu be nane si yewɔ alo yeɖo be yeawɔ la ‘ve ye.’ Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ be ‘eve ye [si tso Hebrigbe me nya na·chamʹ me] be yeɖo Saul fiae ɖe Israel nu.’ (Samuel I, 15:11, 35; tsɔe sɔ kple Yeremya 18:7-10; Yona 3:10.) Esi Mawu de blibo ta la, kpukpui siawo mate ŋu afia be vodadae Mawu wɔ esi wòtia Saul be wòanye Israel-fia gbãtɔ o. Ke boŋ wofia be eve Mawu be Saul va zu xɔsemanɔsitɔ kple tomaɖola. Gɔmesese aɖeke manɔ eŋu be Mawu nagblɔ nya sia o ne ɖe wònya alesi Saul ava wɔ nui do ŋgɔ.
Nyagbɔgblɔ ma ke dze le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si ƒo nu tso blema ʋĩ ke ƒe nudzɔdzɔwo ŋu, afisi wògblɔ le esime wònɔ nu ƒom tso Noa ƒe ŋkekea ŋu be: “Eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye wòɖu dzi nɛ. Eye Yehowa gblɔ bena: Matsrɔ̃ ame, siwo mewɔ la ɖa le anyigba blibo la katã dzi, . . . elabena evem bena, mewɔ wo.” (Mose I, 6:6, 7) Le afisia hã, esia fia be Mawu meɖo alesi amegbetɔ ava wɔ nui ɖi o. Eve Mawu, exa nu, eye eve dzi nɛ gɔ̃ hã, menye be esi eya ŋutɔ wɔ vodada tae o, ke le esi amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye va do agbogbo ta. Eve Wɔla la be eva hiã be yeatsrɔ̃ ameƒomea katã negbe Noa kple eƒe ƒomea ko. Mawu ka ɖe edzi na mí be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o.”—Xezekiel 33:11; tsɔe sɔ kple Mose V, 32:4, 5.
Eyata ɖe Mawu nya Adam ƒe nuvɔ̃medzedze kple afɔku siwo esia ahe va amegbetɔƒomea dzi la do ŋgɔ eye wòwɔ ɖoɖo ɖe eŋu gɔ̃ hã? Nusi me míedzro ɖee fia be esia mate ŋu anye nyateƒe o. Gawu la, ne Mawu nya nusiawo katã do ŋgɔ la, ke afia be eyae to nuvɔ̃ vɛ esi wòwɔ amegbetɔ eye anye ne Mawu gbɔe amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpewo katã tso. Edze ƒã be esia mesɔ ɖe nusi Mawu ɖe fia le eɖokui ŋu le Ŋɔŋlɔawo me la nu o. Lɔlɔ̃ kple sedziwɔwɔ ƒe Mawu si léa fu vɔ̃ɖinyenye ye wònye.—Psalmo 33:5; Lododowo 15:9; Yohanes I, 4:8.
Nu Eve Siwo Ate Ŋu Adzɔ ɖe Amegbetɔ Dzi
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo megblɔ be Mawu ŋlɔ alesi mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe etsɔme ava nɔ ɖi alo ɖoe ɖi o. Nusi wòɖe fia boŋue nye be Mawu gblɔ nu eve siwo ko amegbetɔ ate ŋu akpɔ la ɖi. Mawu na ablɔɖe amegbetɔ ɖesiaɖe be wòatia nusi wòakpɔ le etsɔme. Nyagblɔɖila Mose gblɔ na Israel-viwo gbaɖegbe ke be: “Metsɔ agbe kple ku, . . . le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie.” (Mose V, 30:19, 20, míawoe te gbe ɖe edzi.) Mawu ƒe nyagblɔɖila Yesu xlɔ̃ nu mí do ŋgɔ be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Mɔ eveawo fia nu eve siwo ame ate ŋu akpɔ. Mía ŋutɔwo ƒe nuwɔnawo dzie míaƒe etsɔme nɔ te ɖo. Míakpɔ agbe ne míeɖo to Mawu, gake ne míeɖo toe o la, kue atso eme na mí.—Romatɔwo 6:23.
Mawu “[de] se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me; elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu.” (Dɔwɔwɔwo 17:30, 31) Abe alesi ameƒomea ƒe akpa gãtɔ meɖo to Mawu o le Noa ƒe ŋkekea me ene la, nenema ke egbea ame akpa gãtɔ mewɔna ɖe Mawu ƒe sededewo dzi o. Ke hã, Mawu meɖo amesiwo woatsrɔ̃ kple amesiwo akpɔ ɖeɖe ɖi xoxo o. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya gblɔ be ‘yemelɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.’ (Petro II, 3:9) Amesiwo vɔ̃ɖi ŋutɔ gɔ̃ hã ate ŋu atrɔ dzime, ava zu toɖolawo, eye woawɔ tɔtrɔ siwo hiã be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Yesaya 1:18-20; 55:6, 7; Xezekiel 33:14-16; Romatɔwo 2:4-8.
Mawu do ŋugbe na amesiwo wɔa eƒe gbe dzi be woakpɔ agbe mavɔ le paradiso si me ŋutifafa le me, si anye anyigba si dzi woaɖe vɔ̃ɖinyenye, adãnuwɔwɔ, kple aʋawɔwɔ ɖa le, eye anye xexe si me dɔwuame, fukpekpe, dɔléle, kple ku manɔ o. (Psalmo 37:9-11; 46:10; Yesaya 2:4; 11:6-9; 25:6-8; 35:5, 6; Nyaɖeɖefia 21:4) Woafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre eye woana mɔnukpɔkpɔ wo be woasubɔ Mawu.—Daniel 12:2; Yohanes 5:28, 29.
Hakpala la gblɔ be: “Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena [ame ma akpɔ ŋutifafa le etsɔme, NW]. Woatsrɔ̃ dzidalawo katã, eye woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo.” (Psalmo 37:37, 38) Aleke wò etsɔme anɔ? Ele gbɔwò. Adzɔ dzi na magazine sia talawo be yewoagana nyatakaka bubuwo wò si ana wò ŋutɔ nàdze agbagba ana etsɔme si me dzidzɔ kple ŋutifafa anɔ la nasu asiwò.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ŋkɔ Yehowa dze zi 7,000 kple edzivɔ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me; kpɔ nyati si nye “Nukoklo Le Ŋkɔ Vevitɔ Kekeake Ƒe Nya Ɣaɣla la Dzi,” si dze le Gbetakpɔxɔ, November 1, 1993, axa 3-5.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Mawu zãa eƒe nunyanyadoŋgɔ ƒe ŋusẽa tsɔ naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme
[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]
Mawu ‘melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.’ Petro II, 3:9
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ne Mawu nya do ŋgɔ be Abraham alɔ̃ atsɔ via asa vɔe la, ɖe wòanye dodokpɔ akuakua?