INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 4/15 axa 9-14
  • Xɔse Kple Wò Etsɔme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xɔse Kple Wò Etsɔme
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Ɣeyiɣi si Va Yi me Nɔ?
  • Amegbetɔ Mate Ŋu Akpɔ Egbɔ O
  • Alesi Yehowa Ðasefowo Buna le Etsɔme Ŋu
  • Amegbetɔ ƒe Dziɖuɖuwo ƒe Etsɔme
  • Xɔ Yehowa ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
  • Yehowa Nye Lɔlɔ̃ Ƒe Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ka Ðe Yehowa Dzi Be Ana Eƒe Tameɖoɖowo Nava Eme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Mawu Ƒe Tameɖoɖo Ava Eme Kpuie
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Mawu Fiaɖuƒea—Anyigba Ƒe Dziɖuɖu Yeye la
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 4/15 axa 9-14

Xɔse Kple Wò Etsɔme

“Xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu.”—HEBRITƆWO 11:1.

1. Etsɔme kae ame akpa gãtɔ dina?

ÐE ETSƆME le vevie na wòa? Ele vevie na ame akpa gãtɔ. Nusi wokpɔa mɔ nae nye etsɔme si me ŋutifafa anɔ, si me vɔvɔ̃ manɔ o, si ƒe agbenɔnɔ ade ame dzi, si me dɔ nyui si me vivisese le anɔ woawɔ, eye woanɔ agbe didi le lãmesẽ me. Ðikekemanɔmee la, dzidzime ɖesiaɖe si nɔ anyi kpɔ di nu mawo. Eye egbea le xexe si me xaxawo yɔ fũ me la, nɔnɔme mawo dzroa ame fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si do ŋgɔ.

2. Aleke dziɖuɖumegã aɖe gblɔ eƒe susu le etsɔme ŋui?

2 Esi ameƒomea yina gege ge ɖe ƒe alafa 21 lia me la, ɖe mɔnu aɖe li si dzi woato anya alesi etsɔme anɔa? Ƒe 200 kple edzivɔe nye sia si Amerikatɔwo ƒe dumegã Patrick Henry gblɔ mɔnu aɖe. Egblɔ be: “Nyemeganya mɔ bubu aɖeke si dzi woato agblɔ etsɔme ɖi tsɔ wu be woatsɔ nusiwo dzɔ va yi akpɔe o.” Le nukpɔsusu sia nu la, nusiwo amewo wɔ va yi dzie woanɔ te ɖo anya alesi amegbetɔƒomea ƒe etsɔme ƒe akpa gãtɔ anɔ. Ame geɖe hã bui nenema.

Aleke Ɣeyiɣi si Va Yi me Nɔ?

3. Nukae ŋutinya me nuŋlɔɖiwo fia ku ɖe etsɔme ŋu?

3 Ne etsɔme anɔ abe ɣeyiɣi siwo va yi ene la, èsusu be ade dzi ƒoa? Ðe dzidzime siwo va yi ƒe etsɔme nyo na wo wu ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na wo me tɔwo tɔa? Meyi nenema tututu o. Togbɔ be mɔkpɔkpɔ dedziƒonamewo nɔ amewo si ƒe akpe geɖewo eye wowɔ ŋgɔyiyi le teƒe aɖewo hã la, ameteteɖeanyi, hlɔ̃dodo, ŋutasesẽ, aʋawɔwɔ, kple ahedada sɔŋ ye bɔ ɖe amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Dzɔgbevɔ̃e siwo dzɔ tre ɖe wo nɔewo nu siwo amegbetɔwo kple woƒe dziɖuɖu siwo do kpo nu he vɛ ye dzɔ. Nya si Biblia gblɔ sɔ tututu be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.

4, 5. (a) Nukatae mɔkpɔkpɔ yɔ amewo me le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze? (b) Nukae dzɔ ɖe woƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ dzi?

4 Nyateƒeae nye be vɔ̃ siwo dzɔ le ameƒomea ƒe ŋutinya me va yi la gale dzɔdzɔm ake—negbe ɖeko fifia tɔwo lolo wu hegblẽa nu wu. Míakpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye le ƒe alafa 20 lia sia me. Ðe ameƒomea srɔ̃ nu tso ɣeyiɣi siwo va yi ƒe vodadawo me eye míeƒo asa na woa? Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la, amewo xɔ se be etsɔme nyui aɖe gbɔna elabena ŋutifafa va nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe eye wowɔ ŋgɔyiyiwo le mɔ̃ɖaŋununya, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple sukudede me. Yunivɛsiti nufialagã aɖe gblɔ be le ƒe 1900 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, wosusui be aʋa magate ŋu adzɔ o, elabena “amewo ƒe ŋku ʋu gbɔ eme.” Ame aɖe si nye Britain ƒe dziɖuɖumegã kpɔ gblɔ le nusi amewo susu ɣemaɣi ŋu be: “Nusianu nɔ nyonyom ɖe edzi ɖaa. Nenemae xexe si me wodzim ɖo la nɔ.” Gake egblɔ be: “Zi ɖeka kpoyi ko nu bliboa katã wu enu gbeɖeka ŋdi le ƒe 1914 me.”

5 Togbɔ be woxɔ edzi se vevie le woƒe ɣeyiɣia me be etsɔme nyui aɖe gbɔna hã la, ƒe alafa yeyea meɖo afi aɖeke hafi dzɔgbevɔ̃e gãtɔ kekeake si amegbetɔ ŋutɔ he vɛ—Xexemeʋa I—dzɔ ɖe xexeame dzi o. Be míanya alesi aʋa la nɔ ƒe kpɔɖeŋu la, bu nusi dzɔ le ƒe 1916 me, le aʋa aɖe me esime Britain-srafowo dze Germany-srafowo dzi le Somme Tɔsisia gbɔ le France la ŋu kpɔ. Wowu Britain-srafo 20,000 le gaƒoƒo ʋee aɖewo ko me, eye wowu Germany-srafo gbogbo aɖewo hã. Ƒe ene ʋa si wowɔ la ɖe asrafo siwo de miliɔn ewo kloe kple dumevi gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖa. Franseawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ le ame gbogbo siwo wowu ta. Wogblẽ kesinɔnu gbogbo aɖe dome si he xexeame katã ƒe Ganya Sesẽ Gã la vɛ le ƒe 1930 ƒeawo me. Eyata mewɔ nuku o be ame aɖewo gblɔ be gbesigbe Xexemeʋa I dze egɔmee xexeame dze aɖaʋa!

6. Ðe nuwo ka ɖe eme le Xexemeʋa I megbea?

6 Etsɔme siae dzidzime ma kpɔ mɔ na? Ao, kura o. Woƒe mɔkpɔkpɔ me gblẽ kura; eye ema katã hã meɖe vi aɖeke o. Le ƒe 21 pɛ ko le Xexemeʋa I ƒe dzɔdzɔ megbe, alo le ƒe 1939 me la, dzɔgbevɔ̃e si amegbetɔ ŋutɔ he vɛ si vɔ̃ɖi wu dzɔ—Xexemeʋa II. Ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo ade miliɔn 50 ye tsi eme. Bɔmb geɖe siwo woda la gbã dugã aɖewo gudugudu. Wowu asrafo akpe nanewo le gaƒoƒo ʋee aɖewo me le aʋakpekpe ɖeka me le Xexemeʋa I me, gake le Xexemeʋa II me la, ame 100,000 kple edzivɔe atɔm bɔmb eve pɛ ko tsrɔ̃ le sɛkɛnd ʋee aɖewo ko me. Nusi ame geɖe buna be eyae gavɔ̃ɖi wu kurae nye alesi woɖoe koŋ tsrɔ̃ ame miliɔn geɖe le Nazi-fuwɔamegaxɔwo me.

7. Nukawoe le dzɔdzɔm le ƒe alafa sia katã me?

7 Agbalẽ geɖe gblɔ be ne míebu dukɔwo dome ʋawo, dukɔmeviʋawo, kple dziɖuɖuwo ŋutɔ ƒe dukɔmevi siwo wowu kpee la, amesiwo wowu le ƒe alafa sia me ade miliɔn 200. Agbalẽ aɖe kura gblɔ be ade miliɔn 360. Bu dzikatsoƒoenya si gbegbe wònye ŋu kpɔ—fukpekpe, aɖatsi, kple veve helĩhelĩ si wònye, kpakple amesiwo ƒe agbe dome wogblẽ! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame 40,000, siwo dometɔ akpa gãtɔ nye ɖeviwo, kuna gbesiagbe le nusiwo ahedada he vɛ ta. Wowua xexlẽme ma ƒe teƒe etɔ̃ le fuɖeɖe me gbesiagbe. Gakpe ɖe eŋu la, ame biliɔn ɖeka da ahe ale gbegbe be womate ŋu aƒle nuɖuɖu si woaɖu atsɔ awɔ ŋkeke ɖeka ƒe dɔ hã o. Nusiawo katã nye nusiwo wogblɔ ɖi le Biblia me be míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me ƒe kpeɖodzi.—Timoteo II, 3:1-5, 13; Mateo 24:3-12; Luka 21:10, 11; Nyaɖeɖefia 6:3-8.

Amegbetɔ Mate Ŋu Akpɔ Egbɔ O

8. Nukatae kplɔla siwo nye amegbetɔwo mate ŋu akpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔ o?

8 Esi ƒe alafa 20 lia sia yina ɖe eƒe nuwuwu la, míate ŋu abu nusiwo dzɔ le eme akpe ɖe ƒe alafa siwo va yi tɔwo ŋu. Eye nukae ŋutinya gblɔ na mí? Egblɔ na mí be kplɔla siwo nye amegbetɔwo mete ŋu kpɔ xexeame katã ƒe kuxiwo gbɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ o, be womele wo gbɔ kpɔm fifia o, eye be womate ŋu akpɔ wo gbɔ le etsɔme o. Womate ŋu ahe etsɔme si tɔgbe dim míele vɛ o; aleke ke woɖoe o. Eye nu nyui aɖeke meʋãa ame geɖe siwo le dzi ɖum be woaɖoe kplikpaa be yewoahee vɛ o, wodia nɔƒe kple ŋusẽ le woawo ŋutɔ ƒe nyonyo ko kple kesinɔnuwo ta, menye ɖe ame bubuwo ƒe nyonyo ta o.

9. Nukatae míate ŋu ake ɖi le alesi dzɔdzɔmeŋutinunya akpɔ amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔe ŋu?

9 Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya ya ate ŋu akpɔ wo gbɔa? Ne míetrɔ kpɔ ɣeyiɣi siwo va yi la, míakpɔ be mate ŋui o. Dziɖuɖu ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo zã ga nagbonagbo ɖe aʋawɔnu siwo me wozã aɖiya vɔ̃ɖiwo kple aɖitike bubuwo le, esiwo me wozãa dɔlékui siwo gblẽa nu le nugbagbewo ŋu le, kple aʋawɔnu ƒomevi bubuwo ŋu. Dukɔwo, siwo me dukɔ dahewo hã le, zãa dɔlar biliɔn 700 kple edzivɔ ɖe aʋawɔnuwo ŋu ƒe sia ƒe! ‘Dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋgɔyiyi’ hã le eme wowɔ atike siwo ƒo ɖi ya, anyigba, tsi, kple nuɖuɖu.

10. Nukatae sukuwo mate ŋu ana etsɔme nyui ƒe mɔkpɔkpɔ o?

10 Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be xexeame sukuwo afia agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo, ameŋububu, kple havilɔlɔ̃ amewo ale be míaƒe etsɔme naka ɖe eme viea? Ao. Dɔwɔɖuiwo kple gadimɔnuwo koŋ ye wofiana. Woƒãa hoʋiʋligbɔgbɔ sesẽ aɖe ɖe amewo me, menye nuwɔwɔ aduadu kple amewo o; eye sukuwo mefiaa agbenyuinɔnɔ hã o. Wo dometɔ geɖe ɖea mɔ ɖe gbɔdɔdɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu boŋ, si na ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ kple nulɔdɔwo bɔ ale gbegbe.

11. Aleke asitsahawo ƒe nuŋlɔɖi na be míake ɖi le alesi woana etsɔme nyui aɖe nava ŋu?

11 Ðe xexemesitsaha gãwo anyɔ le wo ɖokui me be yewoalé be na míaƒe anyigba la, aɖe lɔlɔ̃ na ame bubuwo afia eye woawɔ adzɔnu siwo ŋu viɖe ŋutɔŋutɔ anɔ menye ɖe woawo ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ko ta oa? Míeka ɖe edzi o. Ðe woadzudzɔ television dzi wɔna siwo me ŋutasesẽnuwɔnawo kple agbegbegblẽnɔnɔ siwo gblẽa susu na amewo, vevietɔ ɖeviwo, bɔna ɖo la wɔwɔa? Nusiwo dzɔ le ɣeyiɣi siwo va yi nyitsɔ laa me mede dzi ƒo kura o, elabena television dzi wɔnawo ƒe akpa gãtɔ va zu agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutasesẽnuwɔwɔ fiaƒe.

12. Aleke nuwo le na amegbetɔ le dɔléle kple ku nyawo gome?

12 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, aleke gbegbe ɖɔktawo adze agbagbae o, womate ŋu akpe dɔléle kple ku dzi o. Le kpɔɖeŋu me, le Xexemeʋa I megbe la, atikenyalawo mete ŋu xe mɔ na Spaniatɔwo ƒe dzamezã ƒe kaka o; etsrɔ̃ ame miliɔn 20 le xexeame katã. Egbea dzidɔ, kansa kple dɔvɔ̃ bubuwo bɔ. Eye atikenyalawo mete ŋu kpe AIDS hã dzi o. Ke boŋ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe si wota le November 1997 me gblɔ be alesi AIDS le dzidzim ɖe edzi fifia la nye alesi wònɔ va yi la ƒe teƒe eve. Ewu ame miliɔn geɖe va yi xoxo. Le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ ko me la, ame miliɔn etɔ̃ bubu ye gaxɔe.

Alesi Yehowa Ðasefowo Buna le Etsɔme Ŋu

13, 14. (a) Aleke Yehowa Ðasefowo buna le etsɔme ŋu? (b) Nukatae amegbetɔwo mate ŋu ahe etsɔme nyui vɛ o?

13 Gake Yehowa Ðasefowo xɔe se be etsɔme nyui aɖe, esi nye nyuitɔ kekeake, gbɔna na ameƒomea! Gake menye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze mee etsɔme nyui ma ato ava o. Ke boŋ wokpɔa Yehowa Mawu, Wɔla la, sinu. Eyae nya alesi tututu etsɔme anɔ, eye anye etsɔme wɔnuku aɖe ŋutɔ! Enya hã be amegbetɔwo mate ŋu ahe etsɔme ma vɛ o. Esi wònye Mawue wɔ wo ta la, enya woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyuie wu ame bubu ɖesiaɖe. Le eƒe Nya la me la, egblɔ na mí kɔte be yemewɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woaɖu wo ɖokui dzi yeƒe mɔfiame manɔmee wòadze edzi o. Mawu ƒe mɔɖeɖe ɣeyiɣi didi aɖe ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ŋu eya ŋutɔ manɔmee ɖe alesi mate ŋui o fia ɖikekemanɔmee. Agbalẽŋlɔla aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Amegbetɔ ƒe susu te dziɖuɖu ƒomevi vovovo ƒe ƒuƒoƒo kpɔ, gake ɖeko wòglo.”

14 Míexlẽ nyagblɔɖila si gbɔgbɔ ʋã ƒe nyawo le Yeremya 10:23 be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” Psalmo 146:3 hã gblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” Le nyateƒe me, wodzi mí blibomadelawoe, abe alesi Romatɔwo 5:12 ɖee fiae ene, eye Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be mígaɖo ŋu ɖe mía ŋutɔwo mía ɖokui hã ŋu o. Yeremya 17:9 gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã.” Le susu sia ta Lododowo 28:26 gblɔ be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae; ke amesi zɔna le nunya me la, woaɖee.”

15. Afikae míate ŋu akpɔ nunya si afia mɔ mí la le?

15 Afikae míate ŋu akpɔ nunya sia le? “Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.” (Lododowo 9:10) Yehowa ko sie nunya si ate ŋu afia mɔ mí to ɣeyiɣi dziŋɔ siawo me la le. Eye ekpe ɖe mía ŋu be míaƒe asi nasu yeƒe nunya dzi to Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo, si ŋɔŋlɔ wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋãe be wòafia mɔ mí la dzi.—Lododowo 2:1-9; 3:1-6; Timoteo II, 3:16, 17.

Amegbetɔ ƒe Dziɖuɖuwo ƒe Etsɔme

16. Amekae fia alesi etsɔme anɔ?

16 Ke nukae Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí le etsɔme ŋu? Egblɔ na mí kple kakaɖedzi blibo be menye nusi amewo wɔ va yi ye afia alesi etsɔme anɔ o. Eyata Patrick Henry ƒe nukpɔsusua mesɔ o. Menye amegbetɔwoe afia alesi anyigba sia kple edzinɔlawo ƒe etsɔme anɔ o, Yehowa Mawue afiae. Eya ƒe lɔlɔ̃nue woawɔ le anyigba dzi, menye amegbetɔ aɖeke alo xexe sia me dukɔ aɖeke tɔ o. “Tameɖoɖo geɖewo le amegbetɔ ƒe dzi me; ke Yehowa ƒe adaŋudede nɔa anyi.”—Lododowo 19:21.

17, 18. Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na míaƒe ɣeyiɣia?

17 Ke nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na míaƒe ɣeyiɣia? Eɖoe be yeahe fifi xexe sia si me ŋutasesẽnuwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ xɔ aƒe ɖo la va nuwuwui. Madidi o, Mawu ƒe dziɖuɖu ava xɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu gbegblẽ si li ƒe alafa geɖewoe nye sia teƒe. Nyagblɔɖi si le Daniel 2:44 gblɔ be: “Le fia mawo [esiwo li egbea] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [ɖe dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Fiaɖuƒea aɖe Satana Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ la hã ɖa, eye enye nusi amegbetɔwo mate ŋu awɔ gbeɖe o. Eƒe xexeamedziɖuɖu nu ayi tegbetegbe.—Romatɔwo 16:20; Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes I, 5:19.

18 De dzesii be dziƒodziɖuɖu ma agbã amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖesiaɖe ƒomevi gudugudu. Eye womagblẽ ameƒomea dzi ɖuɖu ɖe anyigbadzitɔwo si me o. Amesiwo nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖula siwo le dziƒo akpɔ anyigba ƒe nyawo katã gbɔ hena ameƒomea ƒe nyonyo. (Nyaɖeɖefia 5:10; 20:4-6) Le anyigba dzi la, amegbetɔ siwo nye nuteƒewɔlawo awɔ nu wòasɔ kple Mawu Fiaɖuƒea ƒe mɔfiamewo. Dziɖuɖu siae Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia esi wògblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:10.

19, 20. (a) Aleke Biblia ƒo nu tso Fiaɖuƒeɖoɖoa ŋui? (b) Nukae eƒe dziɖuɖu awɔ na ameƒomea?

19 Yehowa Ðasefowo xɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi se. Eyae nye “dziƒo yeye” si ŋu apostolo Petro ŋlɔ nu le be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) “Anyigba yeye” lae nye amewo ƒe habɔbɔ yeye si dzi dziƒo yeye” si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu. Esiae nye ɖoɖo si Mawu ɖe fia apostolo Yohanes, amesi ŋlɔ be: “Mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:1, 4.

20 De dzesii be anyigba yeyea anye anyigba dzɔdzɔe. Mawu aɖe ame madzɔmadzɔwo katã ɖa le Harmagedon-ʋa la me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Ale nyagblɔɖi si le Lododowo 2:21, 22 gblɔe enye si: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” Eye Psalmo 37:9 do ŋugbe be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome.” Màdi be yeanɔ xexe yeye si le alea me oa?

Xɔ Yehowa ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se

21. Nukatae míate ŋu axɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi ase?

21 Ðe míate ŋu axɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi asea? Se nya si wògblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi ɖa: “Miɖo ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, ame aɖeke mesɔ kplim o; nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.” Kpukpui 11 ƒe nuwuƒe gblɔ be: “Megblɔ nya, eye mana wòava eme hã, meɖo nu, eye mawɔe hã.” (Yesaya 46:9-11) Ẽ, míate ŋu axɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi ase abe ɖe ŋugbedodo mawo va eme xoxo ene. Ale Biblia gblɔe enye si: “Xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.”—Hebritɔwo 11:1.

22. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi?

22 Ðokuibɔbɔlawo ɖea xɔse sia tɔgbe fiana elabena wonya be Mawu awɔ ŋugbedodo mawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Psalmo 37:29 be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Ðe míate ŋu axɔ nya sia dzi asea? Ẽ, elabena Hebritɔwo 6:18 gblɔ be: “Mawu mate ŋu aka aʋatso . . . o.” Mawu tɔe nye anyigba la be wòatsɔe ana ɖokuibɔbɔlawoa? Nyaɖeɖefia 4:11 gblɔ be: “Wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” Eyata Psalmo 24:1 gblɔ be: “Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi.” Yehowae wɔ anyigba la, etɔe, eye atsɔe ana amesiwo xɔa edzi sena. Be wòado ŋusẽ míaƒe kaka ɖe nya sia dzi la, nyati si kplɔe ɖo afia alesi Yehowa wɔ ŋugbe siwo wòdo na eƒe amewo le ɣeyiɣi siwo va yi me kple egbea dzi kpakple nusita kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ mía si be awɔe le etsɔme.

Nya Veviawo Me Toto

◻ Nukae dzɔ ɖe amewo ƒe mɔkpɔkpɔ dzi le ŋutinya katã me?

◻ Nukatae mele be míakpɔ amegbetɔwo sinu be woahe etsɔme nyui vɛ o?

◻ Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na etsɔme?

◻ Nukatae míeka ɖe edzi be Mawu awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nya si Biblia gblɔ sɔ tututu be: “Menye [amegbetɔ] ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23

[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Bɔmb: U.S. National Archives me foto; ɖevi dɔwuiawo: WHO/OXFAM; aʋasilawo: UN PHOTO 186763/J. Isaac; Mussolini kple Hitler: U.S. National Archives me foto

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe