Yehowa Wɔa Eƒe Ŋugbedodowo Dzi Na Nuteƒewɔlawo
“Amesi na ŋugbedodo la, enye nuteƒewɔla.”—HEBRITƆWO 10:23.
1, 2. Nukatae míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi bliboe?
YEHOWA bia tso esubɔlawo si be ye kple yeƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse sesẽ nanɔ wo si eye woalé eme ɖe asi ɖaa. Ne xɔse sia le mía si la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa awɔ nusi ƒe ŋugbe wòdo. Eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Yehowa Zebaot ka atam be: Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.”—Yesaya 14:24.
2 Nyagbɔgblɔ si nye “Yehowa Zebaot ka atam” fia be eka atam be yeawɔ yeƒe ŋugbedodowo dzi. Eyatae eƒe Nya la te ŋu gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míeɖe mɔ eƒe nunya fia mɔ mí la, míaƒe mɔwo akplɔ mí ayi agbe mavɔ mee godoo, elabena Mawu ƒe nunya nye “agbeti . . . na amesiwo lée ɖe asi.”—Lododowo 3:18; Yohanes 17:3.
Xɔse Vavãtɔ Ðeɖefia le Blema
3. Aleke Noa ɖe Yehowa dzixɔse fiae?
3 Nusiwo Yehowa wɔ va yi na amesiwo si xɔse vavãtɔ nɔ fia be míate ŋu aka ɖe eyama dzi be awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 4,400 kple edzivɔe nye sia la, Mawu gblɔ na Noa be yeatsɔ Tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ xexeme si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me. Egblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe si me woakpɔ amewo kple lãwo ta le. Nukae Noa wɔ? Hebritɔwo 11:7 gblɔ na mí be: “Le xɔse me, Noa, esime wòxɔ ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe.” Nukatae Noa xɔ nane si medzɔ kpɔ o, “nusiwo womekpɔ haɖe o,” dzi se? Esi wònya nu geɖe tso alesi Mawu wɔ nu ɖe amegbetɔƒomea ŋu va yi ale gbegbe be wònya be nyateƒee Mawu tona le nusianu si wògblɔna me tae. Eyata Noa ka ɖe edzi be Tsiɖɔɖɔa hã ava.—Mose I, 6:9-22.
4, 5. Nukatae Abraham ka ɖe Yehowa dzi bliboe?
4 Ame bubu si si xɔse vavãtɔ nɔ ƒe kpɔɖeŋue nye Abraham. Ƒe 3,900 kloe enye sia si Mawu gblɔ nɛ be netsɔ Isak, eƒe tenuvi si srɔ̃a Sara dzi nɛ, sa vɔe. (Mose I, 22:1-10) Aleke Abraham wɔ? Hebritɔwo 11:17 gblɔe be: “Le xɔse me Abraham tsɔ Isak na, esime wotee kpɔ.” Gake le gaƒoƒo mamlɛa me la, Yehowa ƒe dɔla ɖo asi Abraham dzi. (Mose I, 22:11, 12) Gake nukatae Abraham asusu nu ma wɔwɔ kura ŋu? Nusitae nye be, abe alesi Hebritɔwo 11:19 gblɔe ene la, “esusu bena, ŋusẽ le Mawu si be, [wòafɔ Isak] ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã.” Gake aleke wɔ Abraham te ŋu xɔ tsitretsitsia dzi se evɔ mekpɔ ame kukuwo ƒe tsitretsiƒe kpɔ o eye nuŋlɔɖi aɖeke hã meli be wofɔ ɖeke ɖe tsitre kpɔ o?
5 Ðo ŋku edzi be ƒe 89 ye Sara xɔ esime Mawu do vi ŋugbe na wo. Vi magate ŋu anɔ Sara ƒe vidzidɔ me o—míate ŋu agblɔ be vidzidɔa ku. (Mose I, 18:9-14) Mawu gagbɔ agbe Sara ƒe vidzidɔ, eye wòdzi Isak. (Mose I, 21:1-3) Abraham nya be esi Mawu te ŋu gbɔ agbe Sara ƒe vidzidɔ si ku ko la, ke ate ŋu agbɔ agbe Isak hã ne ehiã. Romatɔwo 4:20, 21 gblɔ le Abraham ŋu be: “Meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me hã o, hafi esẽ ŋu le xɔse me boŋ, eye wòtsɔ bubu na Mawu, eye wòkpɔ kakaɖedzi blibo bena, nusi ke ŋugbe wòdo la, ate ŋu awɔe hã.”
6. Aleke Yosua ɖe kaka ɖe Yehowa dzi bliboe fiae?
6 Ƒe 3,400 kple edzivɔe nye sia esi Yosua xɔ ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo, eye esi wòkpɔ alesi gbegbe woate ŋu aka ɖe Mawu dzi le eƒe agbemeƒewo me vɔ megbe la, egblɔ nusitae kakaɖedzi nɔ esi be: “Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—Yosua 23:14.
7, 8. Nukae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ wɔnuteƒewo wɔ si ɖe woƒe agbe, eye nukatae?
7 Anye ƒe 1,900 enye sia la, ɖokuibɔbɔla geɖe ɖe xɔse vavãtɔ fia. Wokpɔe dze sii le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava me be Yesue nye Mesia la eye woxɔ eƒe nufiafiawo. Esi nudzɔdzɔawo kple Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe nyateƒenyenye ƒe gɔmeɖokpe sesẽ le wo si ta la, woxɔ nusi Yesu fia dzi se. Eyata esi Yesu gblɔ be Mawu gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge Yudea kple Yerusalem le emetɔwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta la, woxɔ edzi se. Eye esi wògblɔ nusi wòle be woawɔ hafi atsi agbe la, wowɔe.
8 Yesu gblɔ na edzixɔselawo be ne aʋakɔwo va ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ne woasi. Roma-ʋakɔwo nya ho ɖe Yerusalem ŋu le ƒe 66 M.Ŋ. me nyateƒe. Gake le susu aɖe si mele nyanya o ta la, Romatɔwo trɔ dzo. Emae nye dzesi na Kristotɔwo be woado le dua me, elabena Yesu gblɔ be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesiwo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o.” (Luka 21:20, 21) Amesiwo si xɔse vavãtɔ nɔ si dzo le Yerusalem kple eƒe nutowo me yi teƒe si woanɔ dedie le.
Nusiwo Tso Xɔsemanɔamesi Me
9, 10. (a) Aleke subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ɖe woƒe Yesu dzimaxɔse fiae? (b) Nukae do tso xɔsemanɔamesi ma me?
9 Gake nukae amesiwo si xɔse vavãtɔ menɔ o wɔ? Womesi esime mɔnukpɔkpɔa su wo si o. Wosusu be yewo kplɔlawo ate ŋu axɔ na yewo. Gake kplɔla mawo kple wo yomedzelawo hã kpɔ Yesu ƒe Mesianyenye ŋuti kpeɖodziwo. Ke nukatae womexɔ nusi wògblɔ o? Dzi vɔ̃ɖi si nɔ wo si tae. Esia dze do ŋgɔ esime Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre vɔ eye wokpɔ ame tsɛ geɖewo woƒo zi ɖe eŋu hexɔ edzi se. Yohanes 11:47, 48 gblɔ be: “Nunɔlagãwo kple farisitɔwo [Sanhedrin la, Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ] kpe ta ɖe adaŋudeƒe, eye wogblɔ bena: Nuka míawɔ? Elabena amesia [Yesu] le dzesi geɖewo wɔm. Ne míena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ míaƒe anyigba kple míaƒe dukɔ le mía si.” Kpukpui 53 lia gblɔ be: “Azɔ tso ŋkeke ma dzi la woɖo bena, yewoawui.”
10 Nukunu kae nye si Yesu wɔ wòwɔ nuku alea gbegbe—efɔ Lazaro tso ame kukuwo dome! Gake subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo di be yewoawu Yesu ɖe eta. Woƒe vɔ̃ɖinyenye la gadze gaglã wu esime “nunɔlagãwo ɖo bena, yewoawu Lazaro hã; elabena le eyama ta Yudatɔwo dome ame geɖewo dzo yi, eye woxɔ edzi se ɖo.” (Yohanes 12:10, 11) Ðeko wofɔ Lazaro tso ame kukuwo dome koe nye ma, gake nunɔlawo ya gale eƒe ku dim ake! Wometsɔ ɖeke le nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu loo alo amewo ƒe nyonyo me o. Ðokuitɔdilawoe wonye, woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe kple woƒe viɖe koe wodina. “Wolɔ̃a amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.” (Yohanes 12:43) Gake xɔse si menɔ wo si o la gblẽ nu le wo ŋu. Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-ʋakɔwo trɔ gbɔ eye wotsrɔ̃ woƒe anyigba kple woƒe dukɔa eye wo dometɔ geɖe tsi eme.
Xɔse Ðeɖefia le Míaƒe Ɣeyiɣia me
11. Aleke woɖe xɔse vavãtɔ ƒe amesinɔnɔ fia le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedzee?
11 Ŋutsu kple nyɔnu siwo si xɔse vavãtɔ le li le ƒe alafa sia hã me. Le kpɔɖeŋu me, ame akpa gãtɔ nɔ mɔ kpɔm na etsɔme si me ŋutifafa kple nudzedziname anɔ le ƒe 1900 ƒeawo ƒe gɔmedzedze. Ɣemaɣi la, amesiwo xɔ Yehowa dzi se la nɔ gbeƒã ɖemee be ameƒomea age ɖe xaxaɣi si nye gãtɔ le ŋutinya me la me. Nenemae wogblɔe ɖi le Mawu ƒe Nya la me le Mateo ta 24, Timoteo II, ta 3, kple teƒe bubuwo. Nusi xɔsetɔ mawo gblɔ la nya va eme nyateƒe, tso ƒe 1914 me esime Xexemeʋa I dzɔ. Xexeame va ɖo eƒe “ŋkeke mamlɛawo” me nyateƒe, eye ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sẽ’ va. (Timoteo II, 3:1) Aleke Yehowa subɔlawo ya wɔ nya alesi tututu xexeame ava nɔ evɔ ame bubuwo ya menyae o? Esi woxɔ edzi se abe Yosua ene be Yehowa ƒe nya ku ɖeka hɔ̃ hã mado kpo emevava o tae.
12. Yehowa ƒe ŋugbedodo ka dzie esubɔlawo ka ɖo bliboe egbea?
12 Yehowa subɔla siwo xɔ edzi se de miliɔn ade kloe le xexeame godoo egbea. Wonyae le kpeɖodzi siwo nye Mawu ƒe nyagblɔɖinya la me vava me be esusɔ vie ko wòahe nuɖoanyi sia si me ŋutasesẽnuwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ xɔ aƒe ɖo la ava nuwuwui. Eyata woka ɖe edzi be ɣeyiɣi si me yewoakpɔ Yohanes I, 2:17 si gblɔ be, “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me” la me vava tu aƒe. Esubɔlawo ka ɖe edzi bliboe be Yehowa awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi.
13. Afikae nàte ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu asee?
13 Afika ke nàte ŋu aka ɖe Yehowa dzi asee? Àte ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu vaseɖe keke ku me ke hã! Ne èku fifia le esubɔsubɔ me hã la, agana agbe si nyo wu kura wò le tsitretsitsia me. Yesu ka ɖe edzi na mí be: “Gaƒoƒo la gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me [efia be amesiwo le susu me na Mawu] la, woase eƒe gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:28, 29, NW) Ènya ɖɔkta, dunyahela, dzɔdzɔmeŋutinunyala, dɔmemegã, alo ame bubu aɖe si ate ŋu awɔ nu maa? Woƒe ŋutinya ɖee fia be womate ŋui o. Yehowa ya ate ŋui, eye ele ewɔ ge hã!
Etsɔme Wɔnuku aɖe Li na Nuteƒewɔlawo
14. Etsɔme wɔnuku ka ƒe ŋugbee Mawu ƒe Nya la do na nuteƒewɔlawo?
14 Yesu ƒo nu tso xexeme yeye si anɔ Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te si ava godoo ŋu be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” (Mateo 5:5) Nya ma gaɖo kpe Mawu ƒe ŋugbedodo si le Psalmo 37:29 dzi, be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Eye esi wòsusɔ vie Yesu naku eye nuvɔ̃wɔla aɖe xɔ edzi se la, Yesu gblɔ nɛ be: “[Ànɔ] Paradiso la me kplim.” (Luka 23:43) Ẽ, Yesu, amesi nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, akpɔ egbɔ be yefɔ ŋutsu sia ɖe tsitre va anyigba dzii kple mɔnukpɔkpɔ be wòava nɔ agbe le Paradiso ma me. Egbea amesiwo katã xɔ Yehowa ƒe Fiaɖuƒea dzi se hã ate ŋu akpɔ mɔ na agbenɔnɔ le Paradiso me esime “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
15, 16. Nukatae ŋutifafa axɔ aƒe ɖe xexe yeyea me?
15 Mina míatsɔ susu akpɔ etsɔmee, akpɔ xexe yeye ma me ɖa. Mítsɔe be míele eme xoxo. Enumake le afisiafi míakpɔ dzidzɔme siwo li ɖekae le ŋutifafa si de blibo le go sia go me la me. Wole Yesaya 14:7 si gblɔ ɖi be, “Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me” la ƒe emevava kpɔm. Nuka ƒe aseye tsom wole? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye àde dzesii be gameti megale aƒewo ƒe ʋɔtru me o. Womegahiã o elabena nuvlowɔwɔ alo ŋutasesẽnuwɔwɔ megali o. Ðeko wòva eme abe alesi Mawu ƒe Nya la gblɔe be anɔ ene, be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Mixa 4:4, NW.
16 Aʋawɔwɔ hã megali o, elabena wotsi aʋawɔwɔ nu le afisia. Wotrɔ aʋawɔnuwo katã wozu ŋutifafadɔwɔnuwo. Yesaya 2:4 va eme le go sia go me: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” Gake esia tututue míele mɔ kpɔm na! Nukatae? Elabena xexe yeyea me tɔ geɖe srɔ̃ nu mawo wɔwɔ esime wonɔ Mawu subɔm le xexe xoxoa me.
17. Nɔnɔme kawoe anɔ anyi le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te?
17 Nu bubu si nègade dzesiie nye be ahedada megali o. Ame aɖeke megale xɔ madeamedzi nyɔŋu me alo do awu vuvu klayii o, ame aɖeke hã megali si nye aƒemanɔsitɔ o. Aƒe si me ame ƒe dzi adze eme le le amesiame si eye wodzra eme ɖo nyuie, ati kple seƒoƒo dzeaniwo ɖo atsyɔ̃ nɛ. (Yesaya 35:1, 2; 65:21, 22; Xezekiel 34:27) Eye dɔwuame megali o elabena Mawu na eƒe ŋugbe si wòdo be nuɖuɖu abɔ na amesiame va eme: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” (Psalmo 72:16) Le nyateƒe me la, Mawu Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ be wokeke paradiso dzeania wòxɔ anyigba katã dzi abe alesi Mawu ɖoe be wòanɔ le Eden ene.—Mose I, 2:8.
18. Nukawoe magado ŋɔdzi na ame le xexe yeyea me o?
18 Ŋusẽ si le amesiame ŋu hã na wò nu ku. Esi wode blibo le ŋutilã kple susu me fifia tae. Dɔléle, fukpekpe, alo ku nu yi. Ame aɖeke megale bunɔwo ƒe keke me alo kɔdziba dzi o. Nu mawo katã nu yi tegbetegbe. (Yesaya 33:24; 35:5, 6) Lã aɖeke gɔ̃ hã meganye afɔku na ame ƒe agbe o, elabena Mawu ƒe ŋusẽ na wofa!—Yesaya 11:6-8; 65:25; Xezekiel 34:25.
19. Nukatae “ŋutifafa gbogbo” anɔ xexe yeyea me gbesiagbe?
19 Ŋgɔyiyi nyui kae nye si xexe yeye sia me tɔ siwo nye nuteƒewɔlawo le kpɔkpɔm! Wole woƒe ŋusẽ kple aɖaŋu, kple anyigba la dzi kesinɔnuwo zãm ɖe dɔ ɖeviwo ŋu, menye ɖe nusiwo agblẽ nu le ame ŋu ŋuti o; wole wo zãm tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu, menye be woatsɔ aʋli ho kple wo nɔewo o. Eye amesiame si nàdo goe la nye amesi dzi nàte ŋu aka ɖo, elabena, abe alesi Mawu do ŋugbe ene la, wo katã wonye “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo.” (Yesaya 54:13) Esi wònye Mawu ƒe sewoe fiaa mɔ amesiame ta la, “sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Le nyateƒe me, agbenɔnɔ gbesiagbe le xexe yeye sia me le abe alesi Psalmo 37:11 gblɔ be anɔ ene, enye ŋkeke si me “ŋutifafa gbogbo” le.
Kakaɖedzi Le Etsɔme si me Dzidzɔ Le ƒe Vava Ŋu
20. Nukae wòle be míawɔ etsɔme ma si me ŋutifafa le la nasu mía si?
20 Nukae wòle be míawɔ anɔ amesiwo anɔ etsɔme ma si me dzidzɔ anɔ la dome? Yesaya 55:6 gblɔ na mí be: “Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe.” Eye esime míele edim la, ele be nɔnɔme si míaɖe afia la nanɔ abe esi ŋu woƒo nu le le Psalmo 143:10 ene, be: “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye.” Amesiwo wɔ esia ate ŋu azɔ le fɔmaɖimaɖi me le Yehowa ŋkume le ŋkeke mamlɛ siawo me eye woate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe. “Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si. Woatsrɔ̃ dzidalawo katã, eye woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo.”—Psalmo 37:37, 38.
21, 22. Nukae Mawu le ɖoɖom anyi egbea, eye aleke wole eƒe hehe namee?
21 Yehowa le amesiwo di be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la nu ƒom ƒu tso dukɔ sia dukɔ me fifia. Etsɔ wo le eƒe anyigba yeyea dzi habɔbɔa gɔme ɖomee anyi, abe alesi Biblia ƒe nyagblɔɖia gblɔe ɖi ene be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo [ɣeyiɣi si me míele fifia] me be, . . . dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to [eƒe tadedeagu vavãtɔ si de ŋgɔ wu] la . . . gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.”—Yesaya 2:2, 3.
22 Nyaɖeɖefia 7:9 ƒo nu tso amesiawo ŋu be wonye “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” Kpukpui 14 lia gblɔ be: “Amesiawo nye amesiwo do go tso xaxa gã la me,” amesiwo atsi agbe le fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Amesiawo siwo wotsɔ le xexeme yeyea gɔme ɖomee la de miliɔn ade kloe fifia, eye ame yeye geɖe va kpea wo ƒe sia ƒe. Wole hehe nam Yehowa subɔla wɔnuteƒe siawo katã hena agbenɔnɔ le eƒe xexe yeyea me. Wole gbɔgbɔmeŋutete kple ŋutete bubu siwo ahiã be woatrɔ anyigba sia wòazu paradiso la srɔ̃m. Eye woka ɖe edzi bliboe be Paradiso ma ava elabena “amesi na ŋugbedodo la, enye nuteƒewɔla.”—Hebritɔwo 10:23.
Nya Veviawo Me Toto
◻ Nukae do tso xɔsemanɔamesi me le ƒe alafa gbãtɔ me?
◻ Afikae Mawu subɔlawo ate ŋu aka ɖe edzi ase ɖo?
◻ Etsɔme kae li na nuteƒewɔlawo?
◻ Nukae wòle be míawɔ be etsɔme si me dzidzɔ le nasu mía si le Mawu ƒe xexe yeyea me?
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Yehowa le anyigba yeye dzi habɔbɔa ƒe gɔmeɖoanyi ɖom fifia