INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 5/1 axa 26-29
  • Dɔdasi Bubu Wɔwɔ Le ƒe 80 Xɔxɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔdasi Bubu Wɔwɔ Le ƒe 80 Xɔxɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia ƒe Nyateƒea Trɔ Míaƒe Agbenɔnɔ
  • Kpɔɖeŋu Siwo Do Ŋusẽ Mí
  • Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le East Anglia
  • Aʋaŋɔli la Kple Ƒomenyawo
  • Míaƒe Nyametsotso be Míaʋu Ayi Spain
  • ‘Esi Subɔsubɔdɔ Sia Le Mía Si . . . Ta La, Ðeɖi Metea Mía Ŋu O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Vidadawo—Misrɔ̃ Eunike Ƒe Kpɔɖeŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Mɔɖelawo Kpena Ðe Ame Bubuwo Ŋu Eye Wokpɔa Yayra
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 5/1 axa 26-29

Dɔdasi Bubu Wɔwɔ Le ƒe 80 Xɔxɔ Me

ABE ALESI GWENDOLINE MATTHEWS GBLƆE ENE

Esi mexɔ ƒe 80 la, mía kple atsunye míetso nya me be míadi ʋu aƒo nusianu si le mía si nu ƒu aʋu tso England ayi Spain. Míese Spaingbe o, eye Spain ƒe anyieheɣetoɖoƒe, afisi le adzɔge ʋĩ na afisiwo Eŋlisigbedola tsaɖilawo denae míeyina. Mía xɔlɔ̃ akpa gãtɔ bui be mesɔ nenema o, gake metsɔa dzidzɔ ɖoa ŋku edzi na ɖokuinye be ƒe 75 ye Abraham xɔ esime wòʋu tso Ur.

ABE alesi wòva yii ene la, ƒe siwo míetsɔ nɔ Spain tso esime míeva le April 1992 mee nye esiwo míese vivi na wu le míaƒe agbe me. Gake hafi maɖe nusita míeʋu me na mi la, mina magblɔ alesi míaƒe agbemeŋkekewo zazã le Yehowa subɔsubɔ me na míewɔ nyametsotso vevi siae na mi.

Biblia ƒe Nyateƒea Trɔ Míaƒe Agbenɔnɔ

Wonyim le ƒome aɖe si doa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu me le London, England, ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Dada kplɔa mía kple nɔvinyenyɔnu ɖe asi yia mawusubɔƒe vovovowoe esime wònɔ afisi wòakpɔ gbɔgbɔmedzidzeme le didi dzi. Fofonye si yɔmekpe nɔ fu ɖem na ɣeyiɣi didi aɖe ya meyina kple mí o. Gake exlẽa Biblia ŋutɔ, eye etea fli ɖe mawunyakpukpuiwo te ɣesiaɣi si wòkpɔ be ɖe kɔ nu me na ye. Nye nunɔamesi siwo gbɔ nyemelɔ̃a nu le kura o ƒe ɖee nye eƒe Biblia xoxo aɖe si zu belibeli si ŋu meƒoa asi le o.

Le ƒe 1925 me, esime mexɔ ƒe 14 la, woda trakt aɖe ɖe míaƒe ʋɔtru te tsɔ kpe mí yi dutoƒonuƒo aɖe si woaƒo le West Ham ƒe duxɔ me la seƒee. Nɔnye kple aƒelika aɖe ɖoe be yewoayi ava se nuƒoa, eye mía kple ƒenye míekplɔ wo ɖo yi. Nuƒo ma si ƒe tanyae nye “Ame Miliɔn Geɖe Li Fifia Siwo Maku Akpɔ O” ƒã Biblia ƒe nyateƒea ƒe nuku ɖe Dada ƒe dzi me.

Le ɣleti aɖewo ko megbe la, Papa megava nɔ anyi o le eƒe ƒe 38 xɔxɔ me. Eƒe kua nye nublanuinya gã aɖe si dzɔ ɖe mía dzi, elabena egbã dzi na mí eye wòkplɔ mí de hiãtuame me. Ewɔ nuku na Dada be wòase le eƒe kusɔleme si wowɔ le afima England Sɔlemeha aɖe me be nunɔla la nagblɔ be Papa ƒe luʋɔ le dziƒo. Enyae le Biblia me be yɔdo mee ame kukuwo le le alɔ̃ dɔm, eye wòka ɖe edzi bliboe be Papa afɔ gbeɖeka ava nɔ agbe mavɔ le anyigba dzi. (Psalmo 37:9-11, 29; 146:3, 4; Nyagblɔla 9:5; Dɔwɔwɔwo 24:15; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esi wòka ɖe edzi be ele be yeade ha kple amesiwo fiaa Mawu ƒe Nya la ta la, eɖoe kplikpaa be yeanya Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la nyuie wu.

Esi ga menɔ mía si míatsɔ aɖo ʋui o ta la, míezɔa afɔ gaƒoƒo eve kwasiɖa sia kwasiɖa tso míaƒe aƒeme yia Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo. Ne míekpã la, míegatsɔa ɖeɖiteameŋu zɔnɛ gaƒoƒo eve gbɔna vaa aƒeme. Gake kpekpe mawo nɔ vevie na mí ale gbegbe, eye ɖeka pɛ hã meto mía ŋu kpɔ o, ne afu do litii le London-dua me hã. Medidi o, Dada tso nya me be yeatsɔ yeƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa axɔ nyɔnyrɔ, eye le ƒe 1927 me la, nye hã mexɔ nyɔnyrɔ.

Togbɔ be ganyawo nɔ fu ɖem na mí hã la, Dada fiaa gbɔgbɔmenuwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ ƒe vevienyenyem ɣesiaɣi. Mawunyakpukpui siwo dzɔa dzi nɛ wu dometɔ ɖekae nye Mateo 6:33, eye le nyateƒe me, ‘edi fiaɖuƒea’ ŋutɔŋutɔ. Esi kansa wui kpata le ƒe 1935 me la, ɖe wònɔ ɖoɖo wɔm be yeayi esime wonɔ amesiwo ate ŋui kpem be woaʋu ayi aɖanye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le France hafi.

Kpɔɖeŋu Siwo Do Ŋusẽ Mí

Le ƒe mawo me la, ame aɖewo siwo vaa kpekpeawo le London dina be yewoafia yewo ŋutɔ yewoƒe nukpɔsusuwo, eye amesiawo hea dzre kple nyahehe sesẽwo vɛ. Gake Dada gblɔna ɣesiaɣi be anye nuteƒemawɔmawɔ be míagbugbɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa yome le nu gbogbo siwo míesrɔ̃ le eme vɔ megbe. Joseph F. Rutherford, si nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi, ƒe sasrãkpɔwo do ŋusẽ mí be míayi subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe dzi.

Nusi dzi meɖo ŋkui le Nɔviŋutsu Rutherford ŋue nye be enye ame fafa aɖe si ŋu nàte ŋu ate ɖo bɔbɔe. Esime megakpɔtɔ nye ƒewuivi le London Hamea me la, míewɔ tsaɖiɖi aɖe eye eya hã va. Ekpɔm—nye ƒewuivi aɖe si kpea ŋu—melé fotoɖemɔ̃ ɖe asi eye wòbiam be madi be maɖe foto ye hã. Foto ma zu ŋkuɖodzinu aɖe si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.

Emegbe nudzɔdzɔ aɖe na vovototo si le amesiwo xɔa ŋgɔ le Kristo-hamea me kple amesiwo nye ame ŋkutawo le xexeame dome dze nam kɔte. Menɔ subɔsubɔm le kplɔ̃ ŋuti le aƒe gã aɖe si me wokpe Franz von Papen, Hitler ƒe amedɔdɔwo dometɔ ɖeka, vɛ le London na ŋdɔnuɖuɖu la me. Egbe be yemaɖe yeƒe asrafohɛ si le yeƒe awu ŋu ɖi esime yenɔ nua ɖum o, eye meva klii detsi si metsɔ ɖe asi la ƒu gbe. Egblɔ kple dziku be ne Germany ye la, ɖe woada tum ɖe ŋumaɖɔmaɖɔɖo sia ta. Menɔ adzɔge ʋĩ nɛ le nua ɖuɣi katã!

Takpekpe vevi aɖe si me mese Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo le ye nye esi wowɔ le Alexandra Palace le ƒe 1931 me. Afimae míetsɔ dzonɔameme xɔ míaƒe ŋkɔ yeye si nye Yehowa Ðasefowo le. (Yesaya 43:10, 12) Ƒe eve megbe, le ƒe 1933 me la, mege ɖe mɔɖeɖedɔa, si nye alesi woyɔna na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, me. Yayra bubu si dzi megaɖoa ŋkui le ƒe mawo mee nye alesi mete ŋu de ha kple ɖekakpui nyui siwo va zu dutanyanyuigblɔlawo emegbe le didiƒe ʋĩ nyigbawo dzi. Wo dometɔ aɖewoe nye Claude Goodman, Harold King, John Cooke, kple Edwin Skinner. Nuteƒewɔla siawo ƒe kpɔɖeŋu na be medi be masubɔ le duta.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le East Anglia

Afisi wode dɔ asi nam be mawɔ mɔɖeɖedɔa le ye nye East Anglia (England ƒe ɣedzeƒe), eye ebia dzonɔameme kple veviedodonu be woaɖe gbeƒã le afima. Be míakpe míaƒe anyigbamamã gã la ɖo la, míedoa gasɔ tso du me yi du me kple tso kɔƒe me yi kɔƒe me eye míenɔa xɔ hayawo me. Ƒã hafi nàva ke ɖe hame aɖe ŋu le afima, eyata mía kple nye zɔhɛ ɖeɖe míedzroa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpeawo me dɔdasiwo katã me. Míena agbalẽ gã kple agbalẽvi alafa geɖe siwo ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo me le míaƒe subɔsubɔdɔa me.

Sasrãkpɔ aɖe si nyemaŋlɔ be akpɔ o ye nye esi míeyi England Sɔlemeha ƒe nunɔla ƒeme va ƒo nu na woƒe nunɔla la. Le du akpa gãtɔ me la, Anglikan nunɔla lae nye ame susɔetɔ si gbɔ míeyina elabena wolɔ̃a fuɖeɖe na mí ne wose be míele gbeƒã ɖem nyanyuia le nutoa me. Gake le kɔƒedu sia me ya amesiame ƒo nu nyui le nunɔla la ŋu. Esrãa dɔnɔwo kpɔ, eɣea agbalẽ na amesiwo doa vivi ɖe nuxexlẽ ŋu, eye eyia eƒe sɔlemeviwo ƒe aƒeme gɔ̃ hã be yeaɖe Biblia me na wo.

Nyateƒe esi míeyi egbɔ la, eɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia mí ale gbegbe, eye exɔ agbalẽ aɖewo hã. Eka ɖe edzi na mí be ne dua me tɔ aɖe di be yeaxɔ míaƒe agbalẽ aɖewo gake ga mele esi o la, yeaxe fea ɖe enu. Míese be nu dziŋɔ siwo me wòto le Xexemeʋa I me na wòɖoe be yeana ŋutifafa kple nyuidiname nanɔ yeƒe hameviwo dome. Hafi míadzo la, eyra mí eye wòde dzi ƒo na mí be míayi míaƒe dɔ nyuia wɔwɔ dzi. Nya siwo wògblɔ tsɔ do mɔ míe nye Mose IV, 6:24 me nyawo, be: “Aƒetɔ la neyra wò, eye wòakpɔ dziwò.”—King James Version.

Medze mɔɖeɖedɔa gɔme ƒe eve megbee Dada ku, eye megbɔ va London, ga menɔ asinye o eye ƒometɔwo hã menɔ asinye o. Scotland Ðasefo lɔ̃ame aɖe kplɔm va eɖokui gbɔe, eye eƒe kpekpeɖeŋu na mete ŋu nɔ te ɖe Dada ƒe kua ƒe nuxaxa nu, eye wòde dzi ƒo nam be mayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. Eyata megbugbɔ yi East Anglia eye Julia Fairfax nye hati mɔɖela si yi kplim. Míedzra xɔ xoxo aɖe si wowɔ wònɔa keke dzi ɖo be wòanye aƒe si míate ŋu ate ayi teƒe bubuwoe; míetsɔa ʋu henɛ tsɔ yia teƒe bubui. Míeyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi kple Albert kple Ethel Abbott, siwo nye srɔ̃tɔ siwo tsi wu mí, amesiwo hã si kekedzixɔ sue aɖe le. Albert kple Ethel zu abe dzilawo ene nam.

Esi míenɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Cambridgeshire la, medo go John Matthews, Kristotɔ nɔviŋutsu nyui aɖe si ɖo kpe eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1940 me, esi xexemeʋa evelia dze egɔme medidi o.

Aʋaŋɔli la Kple Ƒomenyawo

Esi míeɖe srɔ̃ yeyee la, míaƒe aƒe nye kekedzixɔ sue aɖe si ƒe lolome le abe xɔdɔme sue aɖe ko ene, eye míedoa dzokeke sesẽ aɖe tsɔ wɔa subɔsubɔdɔae. Ƒe ɖeka le míaƒe srɔ̃ɖeɖea vɔ megbe la, setɔwo he to na John ɖe eƒe dzixɔse siwo wòtu ɖe Biblia dzi si ta wògbe be yemawɔ asrafodɔ o la ta be wòanye apavi le agble dzi. (Yesaya 2:4) Togbɔ be efia be míadzudzɔ mɔɖeɖedɔa hã la, to si wohe na John la va de mía dzi elabena fu tsi ɖe ƒonye ɣemaɣi eye wòate ŋu akpɔ kɔba atsɔ akpɔ mía dzii.

Le aʋaŋɔliƒeawo me la, míesea vivi na kpekpe tɔxɛawo togbɔ be fukpekpe geɖe nɔ anyi hã. Le ƒe 1941 me la, mía kple John míenɔ míaƒe dzokekea dzi kple mía vi gbãtɔa ƒe fu zɔ mɔ kilometa 300 yi Manchester. Míeto du geɖe siwo woda bɔmb me eye míenɔ biabiam be míate ŋu awɔ kpekpea le nɔnɔme mawo me hã. Ðasefo siwo tso England ƒe akpa vovovowo yɔ The Free Trade Hall si le Manchester ƒe titina la tititi, eye woƒo takpekpe me nuƒoawo katã.

Takpekpea me nuƒola mamlɛa gblɔ na nyaselawo le eƒe nuƒoa ƒe nuwuwu be afɔ netsɔ na wo ne woadzo le teƒea, elabena yewose be yameʋu gbɔna bɔmb da ge teƒea. Ena míenya ɖe game dzi tututu. Míeɖo didiƒe aɖeke tso xɔa gbɔ hafi se bɔmbdakpẽwo kple tu siwo gea yameʋu ƒe ɖiɖi o. Esi míetrɔ kpɔ megbe la, míekpɔ yameʋuwo wonɔ bɔmb dam ɖe dua ƒe titina. Míekpɔ xɔ si me míedo go le teti koe nye ma la ƒe bibi kple dzudzɔ kɔtɔɔ, efiã kolikoli! Míeda akpe be mía nɔvi Kristotɔ ŋutsu alo nyɔnu aɖeke metsi eme o.

Esime míenɔ mía viawo nyim la, míete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa o, gake míexɔa dzikpɔla mɔzɔla kple mɔɖela siwo si dzeƒe aɖeke mele o wova dzea mía gbɔ. Mɔɖela ade va nɔ mía ƒeme ɣleti aɖe. Ðikekemanɔmee la, hadede kple amesiawoe na mía vinyɔnu Eunice ɖoe be yeadze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1961 me esime wòxɔ ƒe 15 ko. Ewɔ nublanui be mía viŋutsu David megayi Yehowa subɔsubɔ dzi esi wòtsi o, eye Linda, mía vinyɔnu evelia, ku le nɔnɔme wɔnublanuiwo me le aʋa la me.

Míaƒe Nyametsotso be Míaʋu Ayi Spain

Dada ƒe kpɔɖeŋu kple eƒe dzideƒoname nyɔ didi be manye dutanyanyuigblɔla ɖe menye, eye nye susu medzo le taɖodzinu ma dzi kpɔ o. Eyata dzidzɔe wònye na mí le ƒe 1973 me, esi Eunice ʋu tso England yi Spain afisi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo nɔ hiahiãm le wu. Eƒe dzodzoa te ɖe mía dzi ya, gake egadzɔ dzi na mí hã be edi be yeasubɔ le duta.

Míenɔa Eunice srãm kpɔ esi ƒeawo va nɔ yiyim, eye míeva nya Spain nyuie. Le nyateƒe me, mía kple John míeva srãe kpɔ le teƒe vovovo ene siwo wode dɔ asi nɛ le. Ke esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ŋusẽ va nɔ vɔvɔm le mía ŋu. John dze anyi aɖe si na wòzu dɔnɔ, eye dzidɔ kple vehlo va ɖe fu na nye hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ƒunukpeƒetetedɔ ɖe fu na mí ame evea. Togbɔ be le nyateƒe me, míehiã Eunice ƒe kpekpeɖeŋu hã la, míedi be wòadzo le eƒe dɔdasia gbɔ ɖe mía ta o.

Míelé susuawo kpɔ kple Eunice, eye míedo gbe ɖa bia mɔfiafia. Elɔ̃ faa be yeagbɔ va aƒe ava kpe ɖe mía ŋu, gake míetso nya me be nu nyuitɔ si míawɔe nye be mía kple John míaʋu ava nɔ egbɔ boŋ le Spain. Ne nye ŋutɔ nyemate ŋu anye dutanyanyuigblɔla o la, mate ŋu akpe ɖe vinyenyɔnua kple mɔɖela eve bubu siwo wo kpakplii wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu ya teti. Ɣemaɣi mía kple John míebu Nuria kple Ana siwo wo kple Eunice wole mɔɖeɖedɔa wɔm anye ƒe 15 enye ma la abe mía ŋutɔ mía vinyɔnuwo ene. Eye edzɔ dzi na wo be míeʋu va yewo gbɔ eye míelɔ̃ be míayi afisiafi si woade dɔ asi na yewo le.

Ewu ƒe ade fifia tso esime míewɔ nyametsotso ma. Míaƒe lãme megagblẽ ɖe edzi o, eye le nyateƒe me la, míegase vivi na agbea wu. Vaseɖe fifia nyemete ŋu doa Spaingbe boo o, gake mena megbe gbeƒãɖeɖe o. Mía kple John míaƒe dzi dze eme le míaƒe hame sue si le Extremadura le Spain ƒe anyieheɣetoɖoƒe la me.

Mesrɔ̃ nu geɖe tso alesi míaƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa menye nusi se dukɔ ɖeka ko me o ŋu le míaƒe Spain nɔnɔa me, eye fifia mese alesi “abɔ la enye xexe la me,” abe alesi Yesu Kristo gblɔe ene la me nyuie wu.—Mateo 13:38.

[Nɔnɔmetatawo si le axa 28]

Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le ƒe 1930 ƒeawo me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe