Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Ŋudɔwɔwɔ
WONYA le xexeame godoo be Yehowa Ðasefowo nye Biblia fialawo. Gake wogawɔa dɔ bubu siwo ɖea vi na amewo. Abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna tso Ecuador la ɖee fia ene la, dɔ siwo wowɔna na amewo dzea wo ŋu ale gbegbe.
◻ Ahuhɔ̃enuwo wɔƒe gã aɖe dzikpɔlawo ɖoe be yewoawɔ ɖoɖo be woava nɔ nu ƒom tso ƒomegbenɔnɔ ŋu na yewoƒe dɔwɔlawo. Dɔwɔƒea ƒe akpa si kpɔa dɔwɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ ƒe amegã kpe Katolikotɔwo ƒe nunɔla vovovowo be woava ƒo nuƒoa gake ɖeke meva o. Nunɔla ɖeka gblɔ nɛ be nunɔla siwo dze le ʋee ale gbegbe be yemeka ɖe edzi be akpɔ ɖeke o. Esi dɔwɔlawo dometɔ ɖeka si nye Ðasefo se nya sia la, ewɔ ɖoɖo be nɔviŋutsu aɖe si wɔa dɔ edziedzi le anyigbamamã siwo me dɔwɔƒewo bɔ ɖo la naɖi tsa ava dɔwɔƒea.
Eƒe ŋufɔke ko Ðasefoa te ɖe dɔwɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔkpɔla ƒe amegã la ŋu eye wòtsɔ nusɔsrɔ̃ɖoɖo ɖo eƒe ŋkume. Eɖo nyati siwo wòɖe tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ vovovowo me la ɖe ɖoɖo nu tsɔ fiae. Ewɔ dɔ ɖe dɔmegã la dzi ŋutɔ. Etia nyati etɔ̃ siwo ŋu woaƒo nu tsoe—ame nɔewo dome ƒomedodo nyui tutuɖo, agbenyuinɔnɔ le dɔwɔƒe, kple agbenyuinɔnɔ le ƒomea me. Emegbe wowɔ ɖoɖo be woadzro nyatiawo me kple dɔwɔlawo katã.
Womã dɔwɔlawo ɖe ƒuƒoƒo adre me, ame 30 le ƒuƒoƒo ɖesiaɖe me, eye ema megbe nɔviŋutsu bibi etɔ̃ ƒo nuƒoawo. Nukawoe do tso eme? Dɔwɔlawo dometɔ geɖe bia be woava yewo gbɔ le yewoƒe aƒewo me, eye womã Biblia-srɔ̃gbalẽ 216. Ewɔ dɔ ɖe dɔmegãwo dzi ale gbegbe be wobia be Ðasefoawo ate ŋu adzra nuƒo bubuwo ɖo agava ƒo na yewo hã.
◻ Wode se aɖe le Ecuador nyitsɔ sia si ʋu mɔ be woafia mawunya le sukuwo me. Nɔvinyɔnu aɖe si nye dutanyanyuigblɔla te ɖe nyɔnu gɔmedzesukudzikpɔla aɖe ŋu bia gbee tso alesi se yeyea le dɔ wɔmee ŋu. Sukudzikpɔla la ɖe nu me nɛ be yewodze agbagba be yewoadze nusɔsrɔ̃ tso Maria subɔsubɔ ŋu gɔme, gake akpo dzi ko wòtsi. Esi nɔvinyɔnua gblɔ be subɔsubɔ ma ate ŋu ahe kuxiwo vɛ na ɖevi siwo menye Katolikotɔwo o la, sukudzikpɔla la lɔ̃ ɖe edzi. Dutanyanyuigblɔla la gblɔ be “agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenuwo fifia tso Biblia me si mazi ame aɖeke dzi be wòage ɖe subɔsubɔha aɖe me o ƒe ɖoɖo le mía si.” Sukudzikpɔla la gblɔ be: “Ɣekaɣie nàte ŋu ava? Àva le ŋkeke etɔ̃agbea?” Esi dutanyanyuigblɔla la tsɔ agbalẽ si nye Toɖoɖo Nufiala Gã La fiae megbe la, woɖoe be yewoadzro ta si nye “Woayra Ŋutifafamewo” la me.
Esi dutanyanyuigblɔla la trɔ va la, etsɔ gaƒoƒo etɔ̃ de klass vovovo adre me eye sukudzikpɔla la kplɔe ɖo nɔ nyawo sem. Le numedzodzro aɖe megbe le klass atɔ̃lia me la, sukuviawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Taflatse Davi, dze agbagba nàɖo klass adelia. Wodina ɣesiaɣi be yewoaƒo mí ne míawɔ avu!” Nufiala ɖeka gblɔ be: “Ŋutasesẽnuwɔwɔ nye nyati si hiã ale gbegbe. Míehiã ɣeyiɣi geɖe atsɔ aƒo nu tso nya sia ŋui.”
Ewɔ ɖoɖo trɔ yi sukua wova dzro nyati siawo abe toɖoɖo kple aʋatsokaka ene me. Nusiwo do tso eme vaseɖe fifia la de dzi ƒo ale gbegbe. Egbea ne nɔvinyɔnu dutanyanyuigblɔla la va yina la, ɖeviawo ƒua du va doa gbe nɛ eye wobiaa Biblia me nyawoe. Enyea dada na bubuwo be woaɖee afia wo dzilawo. Gakpe ɖe eŋu la, edze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple sukuviawo dometɔ eve.