INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 6/1 axa 14-19
  • ‘Miʋli Xɔse La Ta Sesie’!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Miʋli Xɔse La Ta Sesie’!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsi Tre Ðe Agbegbegblẽnɔnɔ Ŋu
  • De Bubu Dziɖuŋusẽ Siwo Mawu Ðo Ŋu
  • “Midzra Mia Ðokui Ðo le Mawu ƒe Lɔlɔ̃ la Me”
  • Ele Be Míaʋli Sesĩe Anɔ Nyateƒea Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Mikpɔ Nyuie le Aʋatsonufialawo Ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nya Vevi Siwo Tso Yohanes Kple Yuda Ƒe Lɛtawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ame Siwo Ŋlɔ Nu Tso Yesu Ŋu
    Fia Nu Viwòwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 6/1 axa 14-19

‘Miʋli Xɔse La Ta Sesie’!

“[Miʋli] xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta.”—YUDA 3.

1. Gɔmesese ka nue Kristotɔ vavãtɔwo le gbɔgbɔmeʋa wɔm le egbea?

ASRAFOWO kpea fu geɖe le aʋa me ɣesiaɣi. Kpɔe ɖa le susu me ko be nàkpla aʋawɔnuwo katã azɔ kilometa geɖe le tsidzadza kple ŋdɔkutsugbe, le vuvɔ kple dzoxɔxɔ me eye nànɔ aʋawɔnuwo zazã ƒe hehe teɖeɖiameŋu xɔm, alo be nàʋli ɖokuiwò ta le afɔkunu dziŋɔ siwo me nàte ŋu aku le alo axɔ abi le me. Gake Kristotɔ vavãwo mewɔa dukɔwo ƒe aʋawo o. (Yesaya 2:2-4; Yohanes 17:14) Ke hã mele be míaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o be le gɔmesese aɖe nu la, mí katã míele aʋagbedzi. Fuléle sɔŋ ye xɔ Satana me ɖe Yesu Kristo kple eyomedzela siwo le anyigba dzi ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:17) Eyata le nyateƒe me la, amesiwo katã tso nya me be yewoasubɔ Yehowa Mawu la zu amesiwo woxɔ asrafowoe hena gbɔgbɔmeʋawɔwɔ.—Korintotɔwo II, 10:4.

2. Aleke Yuda ƒo nu le aʋa si wɔm Kristotɔwo le ŋui, eye aleke eƒe lɛta la ate ŋu akpe ɖe mía ŋui be míado dzi le ewɔwɔ me?

2 Esɔ be Yesu dadavi Yuda naŋlɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, esi medo vevie ŋutɔ, bena maŋlɔ nya le mi katã miaƒe xɔxɔ la ŋuti aɖo ɖe mi la, ezu dzizizi nam be, maŋlɔe atsɔ axlɔ̃ nu mi, bene miaʋli xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta.” (Yuda 3) Esi Yuda xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woaʋli sesĩe’ la, ezã nya aɖe si do ƒome kple nya si wozãna na “vevesese helĩhelĩ.” Nyateƒee, aʋa sia wɔwɔ nye nu sesẽ, enye nusi me vevesese helĩhelĩ gɔ̃ hã ate ŋu anɔ! Ðe nèkpɔnɛ be dzidodo le aʋa sia wɔwɔ me sesẽna na wò ɣeaɖewoɣia? Yuda ƒe lɛta si le kpuie gake emenyawo sẽ ŋu la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Exlɔ̃ nu mí be míatsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu, míade bubu dziɖuŋusẽ siwo Mawu ɖo ŋu, eye míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ me. Mina míakpɔ alesi míate ŋu atsɔ nuxlɔ̃ame sia ade dɔwɔwɔ mee ɖa.

Tsi Tre Ðe Agbegbegblẽnɔnɔ Ŋu

3. Nɔnɔme si ŋu wòhiã be woatso ɖo kpla kae dze ŋgɔ Kristo-hamea le Yuda ƒe ŋkekea me?

3 Yuda te ŋu kpɔe be menye ye hati Kristotɔwo katãe te ŋu le aʋa si woho ɖe Satana ŋu la dzi ɖum o. Kuxi aɖe si ŋu wòhiã be woatso ɖo kpla dze ŋgɔ alẽha la. Yuda ŋlɔ be ame gbegblẽwo “va tra ɖe eme dzaa.” Amesiawo wɔa nu ayetɔe tsɔ nɔa agbegbegblẽnɔnɔ dzi dem. Eye wotsɔa ayedzedze gblɔna be nusi wɔm yewole la sɔ, eye ‘wotrɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me.’ (Yuda 4) Ðewohĩ abe blema Sidzeha me tɔ aɖewo ene la, wosusunɛ be nuvɔ̃ alesinu ame aɖe wɔ la, nenemae wòaxɔ Mawu ƒe amenuvevee—eyata efia be, viɖe le nuvɔ̃ geɖe wɔwɔ me! Alo ɖewohĩ wotsɔe be Mawu si nye dɔmenyotɔ mahe to na yewo gbeɖe o. Woda ƒu le go evea siaa me.—Korintotɔwo I, 3:19.

4. Yehowa ƒe blema ʋɔnudɔdrɔ̃wo ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ kawoe Yuda yɔ?

4 Yuda gblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le blema ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ tsɔ fia be woƒe tamebubu vɔ̃ɖiawo mesɔ o: edrɔ̃ ʋɔnu Israel-vi siwo “mexɔ se o”; edrɔ̃ ʋɔnu ‘mawudɔla siwo gblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi’ be yewoava wɔ nuvɔ̃ kple nyɔnuwo; eye edrɔ̃ ʋɔnu Sodom kple Gomoratɔwo, amesiwo “wɔ ahasi akpa, . . . eye wodze ŋutilã bubu yome.” (Yuda 5-7; Mose I, 6:2-4; 19:4-25; Mose IV, 14:35) Le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ si nu sẽ va nuvɔ̃wɔlaawo dzii.

5. Blema nyagblɔɖila ka ƒe nyawo mee Yuda yɔ nya tsoe, eye aleke nyagblɔɖi ma me nyawo fia be ava eme godoo?

5 Emegbe Yuda gaƒo nu tso ʋɔnudɔdrɔ̃ aɖe si ƒe nugblẽƒe de didiƒe wu ŋu. Eyɔ nya tso Henox ƒe nyagblɔɖinya aɖe me—enye mawunyakpukpui si megadze le Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la ƒe afi bubu aɖeke o.a (Yuda 14, 15) Henox gblɔ nya ɖi be ɣeyiɣi aɖe li gbɔna si me Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu mawumavɔ̃lawo katã kple woƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo. Enyo be míade dzesii be Henox gblɔ eƒe nyawo abe ɖe wodzɔ xoxo ene (New World Translation), elabena kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋu ale gbegbe be míate ŋu atsɔe abe ɖe wodzɔ va yi xoxo ene. Amewo aɖu fewu le Henox kple emegbe Noa ŋu ya, gake fewuɖula mawo katã no tsi ku le Tsiɖɔɖɔa me.

6. (a) Nuka dzie wòhiã be woaɖo ŋkui na Kristotɔ siwo nɔ anyi le Yuda ƒe ŋkekea me? (b) Nukatae wòle be míatsɔ Yuda ƒe ŋkuɖodzinyawo ade dɔwɔwɔ me?

6 Nukatae Yuda ŋlɔ nu tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo ŋu? Elabena enya be ame aɖewo siwo nɔ Kristo-hameawo me le yeƒe ŋkekea me la nɔ nuvɔ̃ siwo vɔ̃ɖi hedze mokaka abe esiwo he blema ʋɔnudɔdrɔ̃ mawo vɛ ene la wɔm. Eyata Yuda ŋlɔe be ehiã be woaɖo ŋku gbɔgbɔmenyateƒe vevi aɖewo dzi na hameawo. (Yuda 5) Edze abe ɖe woŋlɔ be be Yehowa Mawu nɔ nusi wɔm yewonɔ kpɔm ene. Ẽ, ne esubɔlawo bua da eƒe sewo dzi eye woƒo ɖi wo ɖokui kple ame bubuwo la, ekpɔnɛ. (Lododowo 15:3) Nu mawo venɛ ŋutɔŋutɔ. (Mose I, 6:6; Psalmo 78:40) Nu ɖivɔvɔ̃e wònye be mí amegbetɔ tsɛwo míaƒe nuwɔna nate ŋu awɔ dɔ ɖe xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã la dzi. Eléa ŋku ɖe mía ŋu gbesiagbe, eye ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míato Via Yesu Kristo ƒe afɔtoƒewo la, ke míaƒe agbenɔnɔ naa eƒe dzi kpɔa dzidzɔ. Eyata migana míatsi tre ɖe ŋkuɖodzinya siawo, abe esiwo Yuda gblɔ ene, la ŋu gbeɖe o ke boŋ míaxɔ wo atsɔ awɔ dɔe.—Lododowo 27:11; Petro I, 2:21.

7. (a) Nukatae wòle vevie ŋutɔ be amesiwo wɔ nu gbegblẽ siwo nye ŋkubiãnya la nadi kpekpeɖeŋu enumake? (b) Aleke mía dometɔ ɖesiaɖe míawɔ asi le agbegbegblẽnɔnɔ nu?

7 Menye ɖeko Yehowa kpɔa nuwo ko evɔ o, etsona ɖe wo ŋu hã. Esi wònye dzɔdzɔenyenye Mawu ta la, ehea to na nuvlowɔlawo—le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi si sɔ me. (Timoteo I, 5:24) Amesiwo bunɛ be eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo zu blemanya eye be metsɔ ɖeke le nu gbegblẽ siwo wɔm yewole me o la le wo ɖokui flum. Aleke gbegbe wòhiãe nye si be amesiwo nɔ agbe gbegblẽ la nadi Kristotɔ hamemegãwo ƒe kpekpeɖeŋu enumake! (Yakobo 5:14, 15) Alesi agbegbegblẽnɔnɔ nye afɔku na míi le míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔwɔa me nye nusi ŋu wòle be mí katã míabu. Amewo tsia aʋa ƒe sia ƒe—amesiwo woɖena le mía dome, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nyena ɖe agbegbegblẽnɔnɔ dzimematrɔmatrɔe ta. Ele be míaɖoe kplikpaa be míatsi tre ɖe tetekpɔ ɖesiaɖe si adi be yeakplɔ mí ayi nuwɔna ma gbɔe la ŋu.—Tsɔe sɔ kple Mateo 26:41.

De Bubu Dziɖuŋusẽ Siwo Mawu Ðo Ŋu

8. Amekawoe nye ‘ŋutikɔkɔeme’ siwo woyɔ le Yuda 8?

8 Kuxi bubu si ŋu Yuda ƒo nu le ye nye bubumademade dziɖuŋusẽ siwo Mawu ɖo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le kpukpui 8 lia me la, etsɔ nya ɖe ame vɔ̃ɖi mawo ke ŋu be ‘wogblɔa busunya ɖe ŋutikɔkɔemewo ŋu.’ Amekawoe nye ‘ŋutikɔkɔeme’ siawo? Wonye ame madeblibowo, gake woto Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi de agbanɔamedziwo asi na wo. Le kpɔɖeŋu me, hamemegãwo nɔ hameawo me, amesiwo si wotsɔ Mawu ƒe alẽha la kpɔkplɔ dee. (Petro I, 5:2) Dzikpɔla mɔzɔlawo hã nɔ wo dome, abe apostolo Paulo ene. Eye hamemegã siwo nɔ Yerusalem hã wɔ dɔ abe dziɖuha ene, wowɔa nyametsotso siwo kpɔa ŋusẽ ɖe Kristo-hame bliboa dzi. (Dɔwɔwɔwo 15:6) Yuda tsi dzi vevie be ame aɖewo nɔ hameawo me siwo doa vlo ŋutsu siawo, alo gblɔa busunya ɖe wo ŋu.

9. Bubumademade ŋusẽ ŋu ƒe kpɔɖeŋu kawoe Yuda yɔ?

9 Yuda gayɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ le kpukpui 11 lia me be woanye ŋkuɖodzinyawo na mí tsɔ xlɔ̃ nu le nuƒoƒo amemabumabutɔe ma ŋu: woawoe nye Kain, Bileam, kple Kora tɔ. Kain gbe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame si me lɔlɔ̃ le sese eye wòyi eya ŋutɔ ƒe fulélenuwɔna si kplɔe de amewuwu me dzi. (Mose I, 4:4-8) Wona nuxlɔ̃ame si dze kɔte be ŋusẽ si de ŋgɔ wu amegbetɔ tɔ gbɔe wòtso la Bileam zi gbɔ zi geɖe—eya ŋutɔ ƒe tedzinɔ ke hã ƒo nu nɛ! Gake Bileam yi eƒe nugbe si wòɖo ɖe Mawu ƒe amewo ŋu dzi ɖokuitɔdiditɔe. (Mose IV, 22:28, 32-34; Mose V, 23:6) Kora nɔ agbanɔamedzinɔƒe, gake mesu nɛ o. Ede zi amewo me be woadze aglã ɖe Mose, amesi fa wu amesiame si le anyigba dzi, ŋu.—Mose IV, 12:3; 16:1-3, 32.

10. Aleke wòadzɔe egbea be ame aɖewo nage ɖe ‘busunyagbɔgblɔ ɖe ŋutikɔkɔemewo ŋu’ ƒe mɔ̃ me, eye nukata wòle be míatsri nuƒoƒo ma tɔgbe?

10 Aleke gbegbe kpɔɖeŋu siawo fia mí kɔte be míaxɔ nuxlɔ̃ame eye míade bubu amesiwo Yehowa da ɖe agbanɔamedzinɔƒewo ŋui enye si! (Hebritɔwo 13:17) Ele bɔbɔe ŋutɔ be míakpɔ vodada le hamemegã siwo woɖo ŋu, elabena woawo hã mede blibo o abe alesi mí katã míedee o ene. Gake ne míeléa woƒe vodadawo ɖe nu eye míebua wo o la, ɖe wòate ŋu anye be ‘míele busunya gblɔm ɖe ŋutikɔkɔemewo ŋua’? Le kpukpui 10 lia me la, Yuda ƒo nu le ‘amesiwo gblɔa busunya ɖe nusianu si le nyateƒe me, womenya nu le o ŋuti’ la ŋu. Ɣeaɖewoɣi ame aɖewo aƒo nu le hamemegãwo ƒe ha alo ʋɔnudrɔ̃kɔmitiwo ƒe nyametsotso ŋu. Gake menye ɖe wonɔ eteƒe wobu nya siwo katã wòle be hamemegãwo nalé akpɔ hafi atso nya ma me ŋu o. Ke nukatae woagblɔ busunya ɖe nusiwo ŋu womenya nu le tututu o ŋu? (Lododowo 18:13) Amesiwo nɔa ameŋugblẽnya siawo gbɔgblɔ dzi la ate ŋu ahe mamã va hamea me eye ɖewohĩ woaɖi ‘tɔgɔmekpe ɣaɣla’ siwo nɔa haxɔsetɔwo ƒe kpekpewo me gɔ̃ hã. (Yuda 12, 16, 19) Míadi gbeɖe be míanye gbɔgbɔmefɔku na ame bubuwo o. Mina mía dometɔ ɖesiaɖe míaɖoe boŋ be míabu ŋutsu siwo si wode agbanɔamedziwoe ŋu ɖe woƒe dɔsesẽwɔwɔ kple woƒe ɖokuitsɔtsɔke ɖe Mawu ƒe alẽha la ta ŋu.—Timoteo I, 5:17.

11. Nukatae Mixael megblɔ busufɔbunya ɖe Satana ŋu o?

11 Yuda yɔ ame aɖe si de bubu dziɖuŋusẽ si dze ŋu ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Eŋlɔ be: “Mixael, mawudɔla gã la, esime wòle anuku tsyɔm hele nu ƒom kple Abosam le Mose ƒe kukua ŋuti la, medo dzi gblɔ busufɔbubu ɖe eŋuti o, ke boŋ egblɔ bena: Aƒetɔ la laka mo na wò!” (Yuda 9) Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia si Yuda ɖeɖeko ŋlɔ la fia nu vevi eve mí. Ðekae nye be efia mí be míagblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe Yehowa si me. Edze ƒã be Satana di be yeazã nuteƒewɔla Mose ƒe kukua le alakpasubɔsubɔ me. Kpɔ alesi wòvɔ̃ɖii ɖa! Ke hã Mixael tsɔ ɖokuibɔbɔ gbe be yemagblɔ ʋɔnudrɔ̃nya ɖe eŋu o, elabena Yehowa ko tɔe nye ŋusẽ ma. Togbɔ be ŋutsu nuteƒewɔla siwo le agbagba dzem be yewoasubɔ Yehowa mede blibo o hã la, aleke gbegbe wòle be míakpɔ nyuie le ʋɔnudɔdrɔ̃ wo ŋue nye esi.

12. Nukae amesiwo le agbanɔamedzinɔƒewo le Kristo-hamea me ate ŋu asrɔ̃ tso Mixael ƒe kpɔɖeŋua me?

12 Le go bubu me la, amesiwo si ŋusẽ agbɔsɔsɔme aɖe le le hamea me hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso Mixael gbɔ. Ne èbu eŋu kpɔ la, togbɔ be Mixael ye nye “mawudɔla gã,” amesi nye mawudɔlawo katã ƒe tatɔ hã la, mezã eƒe ŋusẽnɔƒe la ɖe mɔ gbegblẽ nu o, esi wodi nya le eŋu gɔ̃ hã. Hamemegã nuteƒewɔlawo srɔ̃a kpɔɖeŋu ma nyuie, elabena wonyae be ne yewozã yewoƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu la, anye bubumademade Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu. Nya geɖe le Yuda ƒe agbalẽa me tso amesiwo le bubunɔƒewo le hamea me gake wozãa woƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le kpukpui 12 vaseɖe 14 lia me la, Yuda ka mo na ‘alẽkplɔla siwo nyia wo ɖokui vɔvɔ̃manɔmee.’ (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 34:7-10.) Ne míagblɔe bubui la, efia be woawo ŋutɔ woƒe nyonyo ŋue wotsia dzi ɖo gbã, menye Yehowa ƒe alẽha la tɔ o. Hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso kpɔɖeŋu gbegblẽ siawo me egbea. Le nyateƒe me, nya siwo Yuda zã la kɔ nu me nyuie tso nusi míedi be míazu o ŋu. Ne míezu ɖokuitɔdilawo la, míagate ŋu anye Kristo ƒe asrafowo o; mía ŋutɔ míaƒe nuwo axɔ ɣeyiɣiawo katã le mía si. Mina boŋ be míanɔ agbe ɖe Yesu ƒe nya siawo nu, be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

“Midzra Mia Ðokui Ðo le Mawu ƒe Lɔlɔ̃ la Me”

13. Nukatae wòle be mí katã míadi vevie be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

13 Le Yuda ƒe lɛtaa ƒe nuwuwu lɔƒo la, egblɔ nuxlɔ̃amenya wɔdɔɖeamedzi sia be: “Midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.” (Yuda 21) Nu bubu aɖeke magate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ Kristotɔwo ƒe aʋa la wu nu ɖeka sia o, eyae nye be míanɔ Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃ me. Ne èbu eŋu kpɔ la, lɔlɔ̃e nye Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔ. (Yohanes I, 4:8) Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔwo le Roma be: “Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.” (Romatɔwo 8:38, 39) Gake aleke míawɔ anɔ lɔlɔ̃ ma me? De dzesi afɔ etɔ̃ siwo Yuda gblɔ be míate ŋu aɖe.

14, 15. (a) Nukae wòfia be míatu mía ɖokui ɖe míaƒe “xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta” la dzi? (b) Aleke míate ŋu alé ŋku ɖe míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnu la ƒe nyonyome ŋui?

14 Gbã la, Yuda gblɔ na mí be míayi edzi anɔ mía ɖokui tum ɖo ɖe míaƒe “xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta la dzi.” (Yuda 20) Abe alesi míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, nusi míanɔ wɔwɔm ɖaae wònye. Míele abe xɔtutu siwo ta wòhiã be woakpɔ ɖaa tso tsidzadza kple nu bubuwo ƒe nugbegblẽ me ene. (Tsɔe sɔ kple Mateo 7:24, 25.) Eyata migana míaka ɖe mía ɖokui dzi fũ akpa o. Ke boŋ mina míade dzesi afisiwo míate ŋu atu mía ɖokui ɖo ɖe míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖokpe la dzi, ale be ŋusẽ nanɔ mía ŋu ɖom ɖaa, be míanye Kristo ƒe asrafo wɔnuteƒewo wu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ade ŋugble le gbɔgbɔmeʋawɔwu si woyɔ le Efesotɔwo 6:11-18 la ƒe akpa vovovoawo ŋu.

15 Aleke mía ŋutɔwo míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua le? Ðe ŋusẽ le míaƒe “xɔse ƒe akpoxɔnu” la ŋu alesi dzea? Ne míetrɔ kpɔ megbe ƒe siwo va yi me la, ɖe míekpɔa gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi aɖewo, abe kpekpewo vava dada ɖe eme, dzomatsɔmatsɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu, alo lãme ƒe fafa ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu le mía ɖokui ŋua? Dzesi siawo nye ŋkubiãnya! Ehiã be míatso ɖe wo ŋu kpla fifia eye míatu mía ɖokui ɖo le nyateƒea me.—Timoteo I, 4:15; Timoteo II, 4:2; Hebritɔwo 10:24, 25.

16. Nukae wòfia be woado gbe ɖa kple gbɔgbɔ kɔkɔe, eye nukae nye nusiwo wòle be míanɔ Yehowa biam edziedzi dometɔ ɖeka?

16 Mɔnu evelia si dzi míato anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ye nye be míanɔ ‘gbedodoɖa dzi kple gbɔgbɔ kɔkɔe.’ (Yuda 20) Efia be míado gbe ɖa le Yehowa ƒe gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te wòasɔ ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me nu. Gbedodoɖa nye mɔ vevi ŋutɔ aɖe si dzi míato ate ɖe Yehowa ŋutɔ ŋu eye míagblɔ alesi míetsɔ mía ɖokui ke eyamae la nɛ. Mele be míagbe mɔnukpɔkpɔ wɔnuku ma ŋudɔwɔwɔ gbeɖe o! Eye ne míele gbe dom ɖa la, míate ŋu abia gbɔgbɔ kɔkɔe la—le nyateƒe me, ele be míanɔ ebiam ɖaa. (Luka 11:13) Eyae nye míaƒe ŋusẽ si tri akɔ wu ɖesiaɖe. Ne míexɔa kpekpeɖeŋu sia la, míate ŋu ‘anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me’ ɣeawokatãɣi eye míado dzi le Kristo ƒe asrafowo nyenye me.

17. (a) Nukatae kpɔɖeŋu si Yuda ɖo le nublanuikpɔkpɔ me ɖe dzesi ŋutɔ? (b) Aleke mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ayi edzi aɖe nublanuikpɔkpɔ afiae?

17 Etɔ̃lia, Yuda xlɔ̃ nu mí be míanɔ nublanuikpɔkpɔ dzi. (Yuda 22) Kpɔɖeŋu si eya ŋutɔ ɖo ɖi le esia wɔwɔ me ɖe dzesi ŋutɔ. Ne èkpɔe ɖa le susu me la, àkpɔ be esɔ be nugbegblẽwɔwɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple xɔsegbegbe si le mo dom ɖa le Kristo-hamea me la ɖe fu nɛ. Ke hã mena vɔvɔ̃ ɖoe wòtsɔe be nuwo ɖi vɔvɔ̃ akpa be woaganɔ “tufafa” ƒe nɔnɔme abe nublanuikpɔkpɔ ene ɖem fia o. Kura o, ede dzi ƒo na nɔviawo be woanɔ nublanuikpɔkpɔ dzi ɣesiaɣi si wòanya wɔ, woaɖe nu me tufafatɔe na amesiwo me ɖikeke le eye kura gɔ̃ hã ‘woahe’ amesiwo yina nuvɔ̃ gãwo wɔ ge ‘do goe tso dzo la me.’ (Yuda 23; Galatiatɔwo 6:1) Nuxlɔ̃ame nyui kae nye si na hamemegãwo le xaxaɣeyiɣi siawo me! Woawo hã dzea agbagba kpɔa nublanui le nusianu si me wokpɔ nane si ana wòasɔ nenema le, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wotɔa afɔ to sesĩe ne ehiã. Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe hã nadi be yeakpɔ nublanui na ye nɔvi nenema ke. Le kpɔɖeŋu me, le esi míanɔ nya suesuewo léle ɖe dɔme dzi teƒe la, míate ŋu atsɔ ake faa.—Kolosetɔwo 3:13.

18. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míaɖu dzi le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele la me?

18 Aʋa si míekpe la menye aʋa feŋui o. Abe alesi Yuda gblɔe ene la, enye ‘aʋa sesẽ.’ (Yuda 3) Míaƒe futɔawo tri akɔ. Menye Satana ɖeɖekoe ho aʋa ɖe mía ŋu o ke eƒe xexeme vɔ̃ɖi la kple mía ŋutɔ míaƒe blibomademadewo hã le mía ŋu. Ke hã míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be míate ŋu aɖu dzi! Nukatae? Elabena Yehowa le míaƒe akpa dzi. Yuda wu eƒe lɛtaa nu kple ŋkuɖodzinya be esɔ be Yehowa tɔ “nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Yuda 25) Ðe nya sia menyɔ vɔvɔ̃ kple bubu deto ɖe mía me oa? Eyata ɖe ɖikeke aɖe anɔ anyi be Mawu sia ke ‘nate ŋu alé mí ɖe asi bena míagakli nu oa’? (Yuda 24) Kura o! Mina mía dometɔ ɖesiaɖe míaɖoe be míatsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu, míade bubu dziɖuŋusẽ siwo Mawu ɖo ŋu, eye míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ me. Ne míewɔe nenema la, mí katã míaɖu aʋa la dzi le ŋutikɔkɔe me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Numekula aɖewo gblɔ be Ŋɔŋlɔ Ɣaɣla siwo metso gbɔgbɔ me o ƒe agbalẽ si nye Book of Enoch (Henox ƒe Agbalẽ) mee Yuda yɔ nya tsoe. Gake R. C. H. Lenski de dzesii be: “Míabia be: ‘Afikae wokpɔ Book of Enoch sia si me nya tramatramawo le la tsoe?’ Agbalẽ si me nyawo wonɔ dzɔdzɔm kpee vivivi ye agbalẽ sia nye, eye ame aɖeke mate ŋu aka ɖe eƒe akpa vovovoawo ŋlɔɣi dzi o . . . ; ame aɖeke mate ŋu aka ɖe edzi ne, ɖewohĩ, menye Yuda ŋutɔ gbɔe wofɔ nyagbɔgblɔ aɖewo siwo wozã le eme la tsoe o.”

Numetotobiabiawo:

◻ Aleke Yuda ƒe lɛta la fia mí be míatsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋui?

◻ Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míade bubu dziɖuŋusẽ siwo Mawu ɖo ŋu?

◻ Nukatae wònye ŋkubiãnya gã be woazã ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu le hamea me?

◻ Aleke míawɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

To vovo na Roma-srafowo la, Kristotɔwo ƒe aʋawɔwɔ nye gbɔgbɔ me tɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Kristotɔ alẽkplɔlawo subɔna le lɔlɔ̃ me, menye ɖe ɖokuitɔdidi ta o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe