INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 6/1 axa 24-27
  • Wɔna Dodzidzɔname Aɖe Gilead ƒe Klass 104 lia ƒe Sukunuwuwu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔna Dodzidzɔname Aɖe Gilead ƒe Klass 104 lia ƒe Sukunuwuwu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aɖaŋuɖoɖo Nyui Siwo Ana Woanye Dzidzɔmewo Ðaa
  • Ðetsɔtsɔ Le Eme na Amewo Naa Wokpɔa Dzidzɔ
  • Nu Vevi Siwo Ana Dzi Nadzɔ Wo le Woƒe Dutadɔa Wɔwɔ Me
  • Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Sukuvi Kpɔdzidzedzewo Zu Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedzewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Sukunuwula Siwo Nye Mawu ƒe Nya la Srɔ̃viwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Gilead Ðo Dutanyanyuigblɔlawo ‘Ðe Anyigba ƒe Seƒe Ke’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 6/1 axa 24-27

Wɔna Dodzidzɔname Aɖe Gilead ƒe Klass 104 lia ƒe Sukunuwuwu

“EGBE nye dzidzɔŋkeke, eye dzi le mí katã dzɔm.” Esiawoe nye nya si Carey Barber, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ, gblɔ tsɔ ʋu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 104 lia ƒe sukunuwuwu wɔna dodzidzɔnamewo nui le March 14, 1998, dzi. Wobia tso vavala 4,945 la si be yewoawɔ ɖeka ne yewoadzi Fiaɖuƒe hadzidzi 208 lia si ƒe tanyae nye “Dzidzɔ ƒe Hadzidzi” atsɔ adze wɔnawo gɔmee.

Aɖaŋuɖoɖo Nyui Siwo Ana Woanye Dzidzɔmewo Ðaa

Wotsɔ Biblia me nuƒo kpui atɔ̃ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la ɖo aɖaŋu nyuiwo na wo le alesi woawɔ dzidzɔgbɔgbɔ si xɔ aƒe le sukunuwugbea natsi wo me la ŋu.

Joseph Eames si tso Agbalẽŋɔŋlɔ Dzikpɔƒea ye ƒo nuƒo gbãtɔa. Eƒo nu le tanya si nye “Misrɔ̃ Nuteƒewɔlawo ƒe Gbɔgbɔ,” si wòtu ɖe Biblia me nuŋlɔɖi si le Samuel II, ta 15 kple 17 dzi, afisi ƒo nu tso alesi Dawid vi Absalom ɖo nugbe be yeana dukɔa nadze aglã ne yeato eme axɔ fiaɖuƒe si Mawu tsɔ na ye fofo la le esi ŋu. Gake ame aɖewo nɔ anyi siwo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Fia Dawid si nye Yehowa ƒe amesiamina la. Nukae dutanyanyuigblɔla yeyeawo ate ŋu asrɔ̃ tso eme? Nɔviŋutsu Eames gblɔe tsɔ ƒo eta be: “Afisiafi si miayi le miaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe dɔdasia me la, mitu dɔwɔwɔ aduadu ƒe gbɔgbɔ kple bubudede teokrasiŋusẽ ŋu ɖo le afima nuteƒewɔwɔtɔe. Mikpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nawɔ nu nenema ke.”

Amesi ƒo nu kplɔe ɖoe nye David Sinclair, amesi va ɖe nudidi ewo siwo woyɔ le Psalmo 15 hafi woate ŋu adze ‘Yehowa ƒe agbadɔ’ me la me. Eƒe nuƒoa si ƒe tanyae nye “Midze Miaƒe Dutanyanyuigblɔlawo ƒe Agbadɔ me Ðaa” la de dzi ƒo na sukunuwulaawo be woatsɔ psalmo sia awɔ dɔe le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me, afisi woadze. Nɔviŋutsu Sinclair te gbe ɖe agbenɔnɔ ɖe mawumedzidzenuwo nu ɣesiaɣi dzi. Nukae ado tso eme? Psalmo 15:5 gblɔe be: “Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.”

John Barr, si nye Dziɖuha me tɔ la va ɖe eyome eye ehe susu yi alesi hadzidzi le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me doa ŋusẽ amee dzi. Gake ha kae nye dzidzɔha vevitɔ kekeake si dzim wole egbea le anyigbaa dzi? Eyae nye Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia. Nukae le dodom tso hadzidzi, alo Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe, gbogbo siawo me? Hadzidzi 208 lia ƒe kpukpui evelia toe ɖe eme be: “Gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ la, kplɔa ’me’o va Yehowa ƒ’aƒeme. ’Mesiawo hã le dzidzɔha la dzim, Si le ɖiɖim yi didiƒe ke!” Ẽ, gbesiagbe, nusrɔ̃la yeye siwo ade 1,000 xɔa nyɔnyrɔ. Nɔviŋutsu Barr ƒo eta be: “Nɔviwo, ɖe mewɔ nuku ŋutɔ ne miebu eŋu be wole mia ɖom ɖe anyigbamamãwo me be miava do go amesiwo le lalam ko be yewoase miaƒe kafukafuha la oa?”

Nuƒo si James Mantz si le Agbalẽŋɔŋlɔ Dzikpɔƒea ƒo ɖe eyome ƒe tanyae nye “Miɖo To Nuteƒekpɔlawo ƒe Gbe.” Egblɔ be nanewo li si ame ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me koe woato asrɔ̃ wo. (Hebritɔwo 5:8) Ke hã Lododowo 22:17 de dzi ƒo na mí be ‘míaƒu to anyi ase nunyalawo ƒe nyawo,’ alo amesiwo kpɔ nuteƒe ƒe nyawo. Sukunuwulaawo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le amesiwo do ŋgɔ na wo gbɔ. Nɔviŋutsu Mantz gblɔ be: “Wonya alesi wobiaa ɖedzi nudzralawo. Wonya dua ƒe akpa siwo mele be woayi o le esi woawɔ nuvevi wo alo woadze afɔku le agbenyuinɔnɔ gome ta. Wonya nusiwo vea afisi wole tɔwo. Amesiwo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me eteƒe didi la nya nusiwo akpe ɖe mia ŋu miakpɔ dzidzɔ eye nu nadze edzi na mi le miaƒe dɔdasia me.”

Esi Gilead Sukua ƒe sukuviwo ŋkɔŋlɔla Wallace Liverance nɔ nu ƒom le tanya si nye “Mibu Miaƒe Teokrasi Dɔdasia Nu Xɔasii” ŋu la, eɖe nu me be togbɔ be dutanyanyuigblɔla aɖewo abe apostolo Paulo, Timoteo, kple Barnaba ene, xɔ woƒe dɔdasiwo tso Mawu gbɔ to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi alo nukuɖeɖefia aɖe dzi hã la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” lae tia afisi dutanyanyuigblɔla siwo wohe le Gilead la anɔ le xexeame katã ƒe gbeadzi. (Mateo 24:45-47) Etsɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe dɔdasiwo sɔ kple teƒe siwo Gideon gblɔ na eƒe amewo be woanɔ awɔ aʋa kple Midiantɔwo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:16-21) Nɔviŋutsu Liverance xlɔ̃ nu wo be: “Mibu teokrasi dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si wode asi na mi la nu xɔasii. Abe alesi Gideon ƒe asrafowo dometɔ ɖesiaɖe “tɔ ɖe eteƒe” ene la, mibu afisi miele dɔdasia wɔm le be eyae nye teƒe si woda yewo ɖo. Mina gbɔgbɔmesusu ma nanɔ mia si. Mixɔ edzi se be Yehowa ate ŋu azã mi abe alesi wòzã Gideon ƒe ame alafa etɔ̃awoe ene.”

Ðetsɔtsɔ Le Eme na Amewo Naa Wokpɔa Dzidzɔ

Gbetakpɔxɔ gblɔ kpɔ be: “Tsɔ wu be míatu míaƒe nusiwo me míetsɔ ɖe le kple agbenɔnɔwo ɖo ɖe nusiwo wowɔ kple asi kple mɔ̃nudɔwɔnu, siwo le fifi ɖoɖo sia me, nusiwo kakaɖedzi aɖeke meli be woagayi edzi anɔ anyi o la ŋu teƒe la, aleke gbegbe wònyo wu eye nunya le eme wu enye si be míawɔe be amewo boŋ nanye míaƒe nu vevitɔ, si me míetsɔ ɖe le eye míasrɔ̃ nu bene míakpɔ dzidzɔ blibo le nuwo wɔwɔ me kple ame bubuwo.” Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, Gilead Sukua ƒe nufiala ɖeka, Nɔviŋutsu Mark Noumair, ɖo dze kple sukuviawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo si wòbia tsoe be woagblɔ woƒe gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo eye wògblɔ kpee be: “Ðetsɔtsɔ le eme na amewoe nye nusi akpe ɖe mia ŋu mianye dutanyanyuigblɔla nyuiwo.”

Nu Vevi Siwo Ana Dzi Nadzɔ Wo le Woƒe Dutadɔa Wɔwɔ Me

Nukawoe nye nu vevi aɖewo siwo ana woakpɔ dzidzedze eye dzi nadzɔ ame le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me? Nɔviŋutsu Charles Woody si le dɔ wɔm le Subɔsubɔdɔa Dzikpɔƒe kple Harold Jackson, amesi wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kpɔ le Latin Amerika eye fifia wòle kpekpem ɖe Nufiafia Kɔmitia ŋu, wobia gbe Alɔdzekɔmiti me tɔ vovovo siwo nɔ alɔdzesuku ƒe klass asiekelia dem. Aɖaŋu siwo amesiawo ɖo ƒe ɖewoe nye si:

Albert Musonda tso Zambia gblɔ be: “Ne dutanyanyuigblɔla xɔ ŋgɔ do gbe na nɔviwo la, etua ame ɖo ŋutɔ elabena ana nɔviwo nate ɖe dutanyanyuigblɔla la ŋu, eye dutanyanyuigblɔla hã nate ɖe wo ŋu.”

Rolando Morales si tso Guatemala ɖo aɖaŋu be ne dɔmenyotɔwo na nunono aɖe dutanyanyuigblɔla yeyeawo la, woate ŋu agblɔ na wo dɔmenyotɔe le ayedzedze me be: “Fifi laa koe meva dukɔa me. Anye ne adzɔ dzi nam be manoe hafi, gake nye ŋutilã mesẽ abe mia tɔ ene ne wòawɔ avu kple dɔléle o. Mexɔ se be anya no nam gbeɖeka, eye wòadzɔ dzi nam be manoe.” Vi kawoe nyaŋuɖoɖo dɔmenyotɔe alea aɖe? “Ana amewo mado dziku o, eye afia hã be dutanyanyuigblɔlawo fa tu na amewo.”

Nukae ate ŋu akpe ɖe dutanyanyuigblɔlawo ŋu be woado dzi le woƒe dɔdasiawo me? Nɔviŋutsu Paul Crudass si nɔ Gilead ƒe klass 79 lia ƒe sukunuwulawo dome eye fifia wòle subɔsubɔm le Liberia ƒe 12 enye sia la gblɔ be: “Menya be enye nyateƒe be dzilawo dina be yewoakpɔ yewo viwo. Gake ɣeaɖewoɣi dutanyanyuigblɔla la anɔ agbagba dzem be dukɔa, afima ƒe nɔnɔme, woƒe agbenɔnɔ, kple ameawo ƒe nuwɔna namã ye. Awɔ nɛ abe ɖe yeaɖe asi le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu ene. Ne exɔ lɛta tso aƒe be, ‘Míesusua wò ŋutɔ; míenya nuka míawɔ wò manɔmee o’ la, anye nu ma tututu koe wòhiã be wòase ko abla agba agbɔ va aƒe. Ehiã vevie be nya sia nanɔ ŋku dzi na ƒometɔ siwo le afisia egbea.”

Esi wowu gbebiameawo nu la, Dziɖuha me tɔ Theodore Jaracz ƒo nuƒo mamlɛa. Eƒe nuƒoa ƒe tanyae nye: “Na Fiaɖuƒea Nanye Wò Nu Vevitɔ le Agbe Me.” Aleke dutanyanyuigblɔlawo awɔ woƒe susu nanɔ woƒe dɔa dzi eye madzo le edzi o? Ede dzi ƒo na wo be ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nanɔ wo si eye esia akpe ɖe wo ŋu woada Fiaɖuƒenuwo ɖe nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. Eye eƒe ŋkuɖodzinya si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzie nye si: “Dutanyanyuigblɔla aɖewo megasrɔ̃a nu le wo ɖokui si o elabena elektrɔnik mɔ̃ɖaŋunuwo, nyatakaka siwo woɖona ɖa to kɔmpiuta dzi, kple kɔmpiuta zazã xɔ woƒe ɣeyiɣiawo katã. Ele be míana nuŋububu nyui nakpe ɖe mía ŋu le nuzazã ɖesiaɖe si anɔ mía si la zazã me ale be míagazã ɣeyiɣi gbogbo aɖe ɖe nane si agblẽ ɣeyiɣi si míatsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nya le mía ɖokui si la me o.”

Esi Nɔviŋutsu Jaracz wu eƒe nuƒoa nu la, wotsɔ ɖaseɖigbalẽwo na wo eye sukuviawo xlẽ ŋudzedzekpɔkpɔlɛta aɖe si woŋlɔ. Ale amesi nɔ sukuviawo teƒe xlẽe la gblɔ nusi nye wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe seselelãmee nye si: “Míekpɔ lɔlɔ̃ si Yesu gblɔ be adze le yeƒe nusrɔ̃lawo ŋu ƒe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ, eye esia gana kakaɖedzi mí be afika ke míele o, habɔbɔ lɔ̃ame si tsɔa ɖe le eme na ame si le abe mía dada ene la li akpe ɖe mía ŋu. Míesɔ gbe na anyigba la ƒe seƒe ke yiyi le kpekpeɖeŋu sia me.” Esiae nye Gilead ƒe klass 104 lia ƒe sukunuwuwu wɔna dodzidzɔnamea ƒe taƒoƒo.

[Aɖaka si le axa 24]

Sukuviawo Ŋuti Nyatakaka

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 9

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 16

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48

Srɔ̃tɔwo: Wo katã

Ƒe si woxɔ le mamã dedie nu: 33

Ƒe si wole nyateƒea me: 16

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo ƒe mamã dedie: 12

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Suku ƒe Klass 104 lia si Wu Suku Nu

Le amesiwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi

(1) Romero, M.; Howarth, J.; Blackburne-Kane, D.; Hohengasser, E.; West, S.; Thom, S. (2) Colon, W.; Glancy, J.; Kono, Y.; Drews, P.; Tam, S.; Kono, T. (3) Tam, D.; Zechmeister, S.; Gerdel, S.; Elwell, J.; Dunec, P.; Tibaudo, H. (4) Taylor, E.; Hildred, L.; Sanches, M.; Anderson, C.; Bucknor, T.; Hohengasser, E. (5) Howarth, D.; Ward, C.; Hinch, P.; McDonald, Y.; Sanches, T.; Thom, O. (6) Drews, T.; Tibaudo, E.; Elwell, D.; Dunec, W.; Blackburne-Kane, D.; Ward, W. (7) Anderson, M.; Zechmeister, R.; McDonald, R.; Bucknor, R.; Glancy, S.; Gerdel, G. (8) Romero, D.; Hinch, R.; Hildred, S.; Taylor, J.; Colon, A.; West, W.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nɔviŋutsu siwo fia nu klass 104 lia: (tso miame) W. Liverance, U. Glass, K. Adams, M. Noumair

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe