INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 7/15 axa 9-14
  • Kpɔ Nyuie Le Xɔsemanɔamesi Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Nyuie Le Xɔsemanɔamesi Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukata Wòxlɔ̃ Nu Ŋkubiãtɔe Alea?
  • Amesi Lolo Wu Mose
  • ‘Migasẽ Miaƒe Dzime O’
  • Nusi Míasrɔ̃ tso Eme
  • Mègana Ta Le Agbedudimekekea Me o!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Lɛta Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míado Dzi Awɔ Nuteƒe Va Se Ðe Nuwuwu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Mina Míanye Amesiwo Si Xɔse Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 7/15 axa 9-14

Kpɔ Nyuie Le Xɔsemanɔamesi Ŋu

“Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔ aɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o.”—HEBRITƆWO 3:12.

1. Nu dovoɖiname si ate ŋu adzɔ ka dzie nya siwo Paulo ŋlɔ na Hebritɔ Kristotɔwo he míaƒe susu yii?

NYA ɖivɔvɔ̃ ka gbegbee nye si—be “dzi vɔ̃ɖi” nava su amesiwo nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa tsã si eye ‘woatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ’! Eye nuxlɔ̃ame ka gbegbee nye si wònye na mí! Menye dzimaxɔsetɔwoe Paulo ŋlɔ nya siawo na o, ke boŋ eŋlɔe na amesiwo nɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzi tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa.

2. Biabia kawo mee wòle be míadzro?

2 Aleke wòate ŋu adzɔe be “dzi vɔ̃ɖi maxɔse” nava nɔ amesi woyra le gbɔgbɔ me alea si? Le nyateƒe me la, aleke amesi nya Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve aɖoe koŋ ate eɖokui ɖa tso eŋu? Eye ɖe nusia ate ŋu adzɔ ɖe mía dometɔ aɖe dzia? Biabia siawo nana wobua tame, eye ele be míadzro eme akpɔ nusita wòna nuxlɔ̃ame sia.—Korintotɔwo I, 10:11.

Nukata Wòxlɔ̃ Nu Ŋkubiãtɔe Alea?

3. Ƒo nu tso nɔnɔme si me ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple eƒe nutowo me nɔ ŋu.

3 Edze abe Paulo ŋlɔ eƒe lɛta na Hebri Kristotɔwo le Yudea le ƒe 61 M.Ŋ. me ene. Ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be esia nye ɣeyiɣi si me “anukwaretɔ aɖeke menɔ ŋutifafa alo dedienɔnɔ me o, eɖanye le Yerusalem-dugã la me alo le teƒe ɖesiaɖe le nuto bliboa me o.” Enye ɣeyiɣi si me sedzimawɔmawɔ kple adãwɔwɔ bɔ ɖo, eye nusi gbɔ wòtsoe nye Roma-srafowo ƒe ameteteɖeanyi, Yudatɔ Zazɛ̃nyahela siwo tsi tre ɖe Romatɔwo ŋu ƒe kalẽ gbɔlo wɔwɔ, kple fiafi siwo wɔ tɔtɔɣia ŋudɔ ƒe nuvlowɔwɔ. Nusiawo katã na nuwo sesẽ ŋutɔ na Kristotɔwo, amesiwo nɔ agbagba dzem vevie be yewomakpɔ gome le nusiawo me o. (Timoteo I, 2:1, 2) Le nyateƒe me la, woƒe akpaɖekedzimademade na ame aɖewo bu wo be womedze anɔ ame dome kura o eye be wonaa amewo tsia tre ɖe se ŋu. Wowɔ ŋlɔmi le Kristotɔwo ŋu zi geɖe, eye woxɔ woƒe nunɔamesiwo.—Hebritɔwo 10:32-34.

4. Subɔsubɔhawo ƒe nyaƒoɖeamenu kae Hebritɔ Kristotɔwo dze ŋgɔe?

4 Hebritɔ Kristotɔwo dze ŋgɔ subɔsubɔhawo ƒe nyaƒoɖeamenu sesẽ aɖe hã. Yesu ƒe nusrɔ̃la nuteƒewɔlawo ƒe veviedodo kple alesi esia na Kristo-hamea me tɔwo dzi ɖe edzi kabakaba la zu ŋuʋaʋã kple dziku na Yudatɔwo—vevietɔ woƒe subɔsubɔhakplɔlawo. Wowɔa nusianu be woatsɔ aɖia Yesu Kristo yomedzelawo nu ahati wo yome.a (Dɔwɔwɔwo 6:8-14; 21:27-30; 23:12, 13; 24:1-9) Ne Yudatɔwo meti Kristotɔ aɖewo yome tẽ o hã la, wodoa vlo wo heɖua fewu le wo ŋu. Wobua Kristotɔnyenye be enye subɔsubɔha tsɛ yeye si ŋu bubu mele de Yuda-subɔsubɔha nu o, eye gbedoxɔ, nunɔlawo, ŋkekenyuiwo, vɔsasawo, kple nu bubuwo mele wo si o. Wobu fɔ woƒe ŋgɔnɔla Yesu gɔ̃ hã be enye nuvlowɔla hewui. Ehiã xɔse kple dzideƒo kpakple dzidodo hafi Kristotɔwo nate ŋu anɔ woƒe subɔsubɔhaa me.

5. Nukata wònɔ vevie na Kristotɔ siwo nɔ Yudea be woayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

5 Ƒo ye katã ta la, Hebritɔ Kristotɔ siwo nɔ Yudea nɔ ɣeyiɣi vevi aɖe me le dukɔa ƒe ŋutinya me. Nu geɖe siwo woƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔ be anye Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu ƒe dzesi la dzɔ xoxo. Eteƒe madidi o nuwuwua ava. Hafi Kristotɔwo natsi agbe la, ele be woayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me eye woanɔ klalo be ‘yewoasi ayi towo dzi.’ (Mateo 24:6, 15, 16) Ðe xɔse kple gbɔgbɔmeŋusẽ si hiã ale be woawɔ nu kaba abe alesi Yesu fia woe ene la anɔ wo sia? Edze le ame aɖewo ŋu be ɖikeke nɔ wo me.

6. Nukae Kristotɔ siwo nɔ Yudea hiã vevie?

6 Le ƒe ewo mamlɛ siwo do ŋgɔ na Yudatɔwo ƒe nuɖoanyi bliboa ƒe gbagbã la, edze ƒã be Hebritɔ Kristotɔwo nɔ nyaƒoɖeamenu sesẽ si tso hamea me kple egodo te. Wohiã na dzideƒo. Gake wogahiã na aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiafia si akpe ɖe wo ŋu woakpɔe be agbenɔnɔ si wotia lae nye nyuitɔ eye be woƒe fukpekpe kple dzidodo manye dzodzro o. Dzidzɔtɔe la Paulo tso ɖe nɔnɔmea ŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu.

7. Nukata wòle be míatsɔ ɖe le nya si Paulo ŋlɔ na Hebritɔ Kristotɔwo me?

7 Ele be míatsɔ ɖe le nya siwo Paulo ŋlɔ na Hebritɔ Kristotɔwo me vevie. Nukatae? Elabena míele ɣeyiɣi si ɖi wo tɔ me. Míedoa go nyaƒoɖeamenu siwo tso xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te me gbesiagbe. (Yohanes I, 5:19) Nya siwo Yesu kple apostolowo gblɔ ɖi le ŋkeke mamlɛawo kple ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ ŋu le eme vam le míaƒe ɣeyiɣia me. (Mateo 24:3-14; Timoteo II, 3:1-5; Petro II, 3:3, 4; Nyaɖeɖefia 6:1-8) Ƒo ye katã ta la, ele be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ale be “[míate] ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu.”—Luka 21:36.

Amesi Lolo Wu Mose

8. Esi Paulo gblɔ nya si le Hebritɔwo 3:1 la, nukae wòde dzi ƒo na ehati Kristotɔwo vevie be woawɔ?

8 Paulo tɔ asi nya vevi aɖe dzi heŋlɔ bena: “Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti.” (Hebritɔwo 3:1) Be ‘woabu nu ŋu’ fia be “woakpɔe nyuie . . . , woase egɔme bliboe, eye woalé ŋku ɖe eŋu nyuie.” (Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words) Eyata Paulo nɔ eƒom ɖe haxɔsetɔwo nu be woadze agbagba vevie akpɔ akpa si tututu wɔm Yesu le le woƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ me adze sii. Esia wɔwɔ ado ŋusẽ tame si woɖo be yewoanɔ xɔsea me. Ekema akpa ka wɔm Yesu le, eye nukata wòle be ‘míabu eŋu’?

9. Nukata Paulo yɔ Yesu be “ame dɔdɔ” kple “nunɔlagã”?

9 Paulo zã nya siwo nye “ame dɔdɔ” kple “nunɔlagã” na Yesu. “Ame dɔdɔ” nye amesi wodɔ ɖe dɔ aɖe gbe eye le afisia la, edo ƒome kple mɔnu si dzi Mawu tona ƒoa nu na ameƒomea. “Nunɔlagã” nye amesi dzi amegbetɔwo ate ŋu ato ado ɖe Mawu ŋkume. Mɔnuɖoɖo eve siawo le vevie le tadedeagu vavãtɔ me, eye nu evea siaa dze le Yesu ŋu. Eyae wodɔ tso dziƒo be wòafia ameƒomea nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu. (Yohanes 1:18; 3:16; 14:6) Yesu hãe nye amesi wotia wònye Nunɔlagã akuaku le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ ƒe ɖoɖo si wowɔ na nuvɔ̃ tsɔtsɔke la me. (Hebritɔwo 4:14, 15; Yohanes I, 2:1, 2) Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe yayra siwo míate ŋu akpɔ to Yesu dzi ŋu nyateƒe la, dzi anɔ mía ƒo míaɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ te sesĩe le xɔse me.

10. (a) Aleke Paulo kpe ɖe Hebritɔ Kristotɔwo ŋu be woakpɔe be Kristotɔnyenye de ŋgɔ wu Yuda-subɔsubɔ? (b) Nyateƒenya si amesiame nya kae Paulo gblɔ tsɔ ɖo kpe eƒe nya dzi?

10 Paulo tsɔ Yesu sɔ kple Mose, amesi Yudatɔwo buna nyagblɔɖila gãtɔ kekeake le wo tɔgbuiwo dome tsɔ te gbe ɖe Kristotɔwo ƒe xɔse ƒe asixɔxɔ dzi. Ne Hebritɔ Kristotɔwo ate ŋu atso dzi blibo me alɔ̃ ɖe edzi be Yesu lolo wu Mose la, ke susu aɖeke meli si ta woake ɖi be Kristotɔnyenye de ŋgɔ wu Yuda-subɔsubɔ o. Paulo ɖee fia be togbɔ be wobu Mose be edze be wotsɔ Mawu ƒe “aƒe”—Israel dukɔ, alo ha la—ade esi hã la, subɔla alo dɔtsɔla nuteƒewɔla ko wònye. (Mose IV, 12:7) Gake Yesu ya nye Via, si nye aƒetɔ ɖe aƒea dzi. (Korintotɔwo I, 11:3; Hebritɔwo 3:2, 3, 5) Paulo gblɔ nyateƒenya sia si amesiame nya la tsɔ ɖo kpe eƒe nya dzi be: ‘Aƒe sia aƒe la amee tunɛ; ke amesi wɔ nuwo katã la, eyae nye Mawu.’ (Hebritɔwo 3:4) Ame aɖeke make ɖii be Mawu lolo wu amesiame o, elabena eyae nye nusianu Tula, alo wo Wɔla. Eyata esɔ be míagblɔ be esi Yesu nye Mawu ƒe hadɔwɔla ta la, elolo wu nuwɔwɔ bubu ɖesiaɖe, elolo wu Mose hã.—Lododowo 8:30; Kolosetɔwo 1:15-17.

11, 12. Nuka mee Paulo de dzi ƒo na Hebritɔ Kristotɔwo vevie be woalé ɖe asi “sesĩe vaseɖe nuwuwu,” eye aleke míate ŋu atsɔ aɖaŋuɖoɖo sia awɔ dɔe?

11 Nyateƒee, wove Hebritɔ Kristotɔwo nu wonɔ ɖoƒe kɔkɔ aɖe. Paulo ɖo ŋku edzi na wo be wonye “dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo,” si nye mɔnukpɔkpɔ si ŋu wòle be woade asixɔxɔe wu nusianu si woate ŋu akpɔ tso Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia me. (Hebritɔwo 3:1) Paulo ƒe nyawo anya na Kristotɔ amesiamina mawo nada akpe be domenyinyi yeye aɖe li na yewo tsɔ wu be yewoaxa nu ɖe Yudatɔwo ƒe domenyinyi siwo ŋu woɖe asi le ta. (Filipitɔwo 3:8) Esi Paulo nɔ dzi dem ƒo na wo be woalé woƒe mɔnukpɔkpɔa me ɖe asi eye womegabui nu tsɛe o la, egblɔ be: “Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le [Mawu ƒe] aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, míelé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.”—Hebritɔwo 3:6.

12 Ẽ, ne Hebritɔ Kristotɔwo atsi agbe le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu si nɔ wo ŋgɔ me la, ehiã be woalé mɔkpɔkpɔ si Mawu na wo me ɖe asi “sesĩe vaseɖe nuwuwu.” Ele be míawɔ nenema ke egbea ne míedi be míatsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. (Mateo 24:13) Mele be míaɖe mɔ agbe me dzimaɖitsitsiwo, amewo ƒe ɖekematsɔleme, alo mía ŋutɔwo ƒe blibomademade ƒe nɔnɔmewo nana Mawu ƒe ŋugbedodowo dzixɔse si le mía si naʋuʋu o. (Luka 21:16-19) Mina míase nya siwo Paulo gblɔ yi edzi ale be míanya alesi míate ŋu ado ŋusẽ mía ɖokuii.

‘Migasẽ Miaƒe Dzime O’

13. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na, eye aleke wòzã Psalmo 95 me nyawoe?

13 Esi Paulo ƒo nu tso nɔƒe si wotsɔ ve Hebritɔ Kristotɔwo nu ŋu vɔ la, ena nuxlɔ̃ame sia be: “Abe alesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ene be: ‘Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me le tetekpɔ ƒe ŋkeke la dzi le gbeadzi ene o.’ ” (Hebritɔwo 3:7, 8) Psalmo 95 lia mee Paulo yɔ nya tsoe eye le ema ta ete ŋu gblɔ be: “gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ be.”b (Psalmo 95:7, 8; Mose II, 17:1-7) Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Ŋɔŋlɔawo tso to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe dzi.—Timoteo II, 3:16.

14. Aleke Israel-viwo wɔ nu ɖe nusi Yehowa wɔ na wo ŋu, eye nukatae?

14 Esi woɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte megbe la, wode bubu gã aɖe wo ŋu esi wona woge ɖe nubabla me kple Yehowa. (Mose II, 19:4, 5; 24:7, 8) Gake le esi teƒe be woakpɔ ŋudzedze ɖe nusi Mawu wɔ na wo ŋu la, eteƒe medidi hafi wodze aglã ɖe eŋu o. (Mose IV, 13:25–14:10) Aleke wòte ŋu dzɔ nenema? Paulo tɔ asi nusi gbɔ wòtso dzi: eyae nye woƒe dzimesesẽ. Gake aleke wòdzɔe hafi dzi nyui siwo dzi Mawu ƒe Nya la wɔa dɔ ɖo va sesẽ? Eye nukae wòle be míawɔ be míagana nusia nadzɔ ɖe mía dzi o?

15. (a) Aleke amewo se ‘Mawu ŋutɔ ƒe gbe’ le blema kple fifiae? (b) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui le ‘Mawu ƒe gbe’ ŋu?

15 Paulo tsɔ nya si bia nu wɔwɔ la dze eƒe nuxlɔ̃amenya gɔme be “ne miese eƒe gbe.” Mawu ƒo nu na eƒe amewo to Mose kple nyagblɔɖila bubuwo dzi. Emegbe Yehowa ƒo nu na wo to Via, Yesu Kristo dzi. (Hebritɔwo 1:1, 2) Egbea Mawu ƒe Nya, Biblia Kɔkɔe, bliboa katã le mía si. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si Yesu ɖo be wòana gbɔgbɔ me “nuɖuɖu . . . le ɣeyiɣi nyui dzi” hã le mía si. (Mateo 24:45-47) Eyata Mawu gaƒoa nu na mí. Gake ɖe míesenɛa? Le kpɔɖeŋu me, aleke míewɔa nu ɖe aɖaŋu siwo woɖona na mí le awudodo kple lekewɔwɔ alo modzakaɖeɖe kple haƒoƒo si míetiana ŋu la ŋuti? Ðe ‘míesenɛa,’ si fia be míeléa to ɖe nya siwo míesena ŋu hewɔa wo dzia? Ne ezu numãme na mí be ne woɖo aɖaŋu na mí la, míedoa taflatse alo gbea exɔxɔ la, ke míele mɔ ɖem le mía ɖokui ŋu na dzimesesẽ ƒe afɔkua vivivi.

16. Nukae nye nusiwo ate ŋu ana míasẽ dzime la dometɔ ɖeka?

16 Míaƒe dzime ate ŋu asẽ hã ne míegbe nusi míate ŋu awɔ eye wòle be míawɔ la wɔwɔ. (Yakobo 4:17) Togbɔ be Yehowa wɔ nusianu na Israel-viwo hã la, womeɖe xɔse fia o, wodze aglã ɖe Mose ŋu, wotiae be yewoaxɔ nya gbegblẽ si wova gblɔ tso Kanaan ŋu dzi ase, eye womete ŋu yi Ŋugbedodonyigba la dzi o. (Mose IV, 14:1-4) Eyata Yehowa de se be woatsɔ ƒe 40 anɔ gbeadzi—enye ɣeyiɣi si didi ale be dzidzime ma me tɔ xɔsemanɔsitɔwo naku avɔ. Esi woƒe nu ve Mawu vevie la, egblɔ be: “‘Ðaasi woƒe dzi tra mɔ; ke womenya nye mɔwo o. Eyata meka atam le nye dziku me bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ!’” (Hebritɔwo 3:9-11) Ðe nusɔsrɔ̃ aɖe le esia me na mía?

Nusi Míasrɔ̃ tso Eme

17. Nukata xɔse menɔ Israel-viwo si o togbɔ be wokpɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo eye wose eƒe nyawo hã?

17 Israel-viwo ƒe dzidzime si do tso Egipte la ŋutɔ ƒe ŋkuwo kpɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo eye woa ŋutɔwo ƒe towo se nya siwo wògblɔ. Ke hã womexɔe se be Mawu ate ŋu akplɔ yewo ayi Ŋugbedodonyigba la dzi dedie o. Nukatae? Yehowa gblɔ be: “Womenya nye mɔwo o.” Wonya nya siwo Yehowa gblɔ kple nusiwo wòwɔ, gake kakaɖedzi kple ŋuɖoɖeŋu menɔ wo me be ŋutete le esi be wòalé be na wo o. Woa ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo kple nudidiwo xɔ susu me na wo ale gbegbe be womegabua Mawu ƒe mɔwo kple tameɖoɖo ya ŋu kura o. Ẽ, womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o.

18. Le Paulo ƒe nya nu la, nuwɔna kae ate ŋu ana “dzi vɔ̃ɖi maxɔse” nava nɔ mía si?

18 Nya siawo siwo wogblɔ yi edzi na Hebritɔwo la ka míawo hã vevie nenema ke be: “Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔ aɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o.” (Hebritɔwo 3:12) Paulo ɖo kuxia ƒe ke gbɔ esi wòɖee fia be “dzi vɔ̃ɖi maxɔse” ye na ‘wode megbe tso Mawu gbagbe la gbɔ.’ Eƒo nu tso ‘megbedede’ si tso tomalémalé ɖe nya ŋu gbɔ la ŋuti le lɛta sia ƒe gɔmedzedze. (Hebritɔwo 2:1) Gake Helagbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be ‘woade megbe’ fia be “woanɔ adzɔge” eye edo ƒome kple nya si nye “xɔsegbegbe.” Efia alesi woaɖoe koŋ agbe nane, woate ɖa tso eŋu, ahaʋu le eŋu vlododotɔe.

19. Aleke aɖaŋuɖoɖo dzi mawɔmawɔ ate ŋu ahe emetsonu gbegblẽwo vɛ? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

19 Eyata nusi míesrɔ̃ tso emee nye be ne ezu numãme na mí be ‘míesea eƒe gbe o,’ eye míeŋea aɖaba ƒua aɖaŋuɖoɖo si Yehowa tsɔ na mí to eƒe Nya kple dɔla nuteƒewɔla dzi la, madidi hafi míaƒe dzi aku atri ahasesẽ o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ŋutsu kple nyɔnu siwo menye srɔ̃tɔwo o dome anɔ kplikplikpli akpa. Nukae adzɔ ne woŋe aɖaba ƒu nuwɔnaa dzi? Ðe ema akpɔ wo ta be womage ɖe afɔku me oa, alo ɖe wòana boŋ be wòanɔ bɔbɔe wu be woage ɖe afɔku mea? Nenema ke ne dɔla ƒe ha la ɖo aɖaŋu na mí be míatia haƒoƒo siwo míesena, modzaka si míeɖena, kple le nu bubuwo ŋu la, ɖe míexɔnɛ kple akpedada hewɔa tɔtrɔ siwo hiãa? Paulo de dzi ƒo na mí vevie be ‘míagagblẽ míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o.’ (Hebritɔwo 10:24, 25) Togbɔ be woɖo aɖaŋu alea hã la, ame aɖewo mebua Kristotɔwo ƒe kpekpewo nu vevii o. Ðewohĩ woasusu be ne ɖewo to yewo ŋu alo yewomedea kpekpe aɖewo kura o hã la, megblẽ naneke o.

20. Nukata wòle vevie be míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo dzi nyuie?

20 Ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe “gbe,” si dze ƒã le Ŋɔŋlɔawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo me dzi nyuie o la, eteƒe madidi o míava kpɔe be ‘míele megbe dem tso Mawu gbagbe la gbɔ.’ Ne míewɔa aɖaŋuɖoɖo dzi ɖewoɖewoe la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míava bui nu tsɛe, míaɖe ɖeklemi wo, eye míagbee. Ne míeɖɔe ɖo o la, ana “dzi vɔ̃ɖi maxɔse” nasu mía si, eye zi geɖe la, esesẽna be woaɖɔ nɔnɔme sia ɖo. (Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 4:19.) Yeremya ŋlɔe wòsɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?” (Yeremya 17:9) Esia ta Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔ Hebritɔwo vevie be: “Mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔ aɖeke ƒe dzime o.”—Hebritɔwo 3:13.

21. Nukae woxlɔ̃ nu mí katã be míawɔ, eye mɔkpɔkpɔ kawoe le mía si?

21 Aleke gbegbe dzi dzɔa mí enye si be Yehowa gaƒoa nu na mí egbea, to eƒe Nya kple habɔbɔa dzi! Míedaa akpe be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la yia edzi kpena ɖe mía ŋu be “míalé míaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu.” (Hebritɔwo 3:14) Fifiae wòle be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋudɔ ahawɔ ɖe eƒe mɔfiafia dzi. Ne míewɔ nenema la, míate ŋu ase vivi le Yehowa ƒe ŋugbedodo wɔnuku bubu hã me—eyae nye eƒe dzudzɔ ‘me yiyi.’ (Hebritɔwo 4:3, 10) Emae nye nya si ŋu Paulo gaƒo nu tsoe na Hebritɔ Kristotɔwo, eye ema mee míawo hã míadzro le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Josephus ka nya ta be le Festo ƒe ku megbe teti la, Ananus (Ananias) si nye Zadukitɔwo ƒe kɔmamãa me tɔ va zu nunɔlagã. Ehe Yakobo si nye Yesu dadavi kple nusrɔ̃la bubuwo yi Sanhedrin eye wòna wotso kufia na wo eye woƒu kpe wo.

b Edze ƒã be Helagbe me Septuagint si ɖe Hebrigbe me nya siwo wozã na “Meriba” kple “Masa” gɔme be “dzrewɔwɔ” kple “dodokpɔ” la mee Paulo yɔ nya tsoe. Kpɔ Insight on the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe Babla 2 lia, axa 350 kple 379.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

◻ Nukata Paulo ŋlɔ aɖaŋuɖoɖo sẽŋu sia ɖo ɖe Hebritɔ Kristotɔwo?

◻ Aleke Paulo kpe ɖe Hebri Kristotɔwo ŋu be woakpɔe be nane le wo si si xɔ asi wu agbenɔnɔ le Yuda-subɔsubɔ me?

◻ Aleke ame ƒe dzi wɔna va sẽna?

◻ Nukae wòle be míawɔ be “dzi vɔ̃ɖi maxɔse” nagasu mía si o?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Èle Yesu, Mose Gãtɔ, la dzi xɔm le sesema?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe