Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
Paulo Ði Ðase Dzinɔameƒotɔe le Bubumewo Ŋkume
VOVOTOTO si le ame eveawo dome dze ƒã. Fiakuku le ta na ɖeka evɔ nɔvia ya le kɔsɔkɔsɔ me. Ðeka nye fia; nɔvia nye gamenɔla. Le gamenɔnɔ ƒe eve megbe la, fifia apostolo Paulo le tsitre ɖe Yudatɔwo ƒe dziɖula Herodes Agripa II ŋkume. Fia la kple srɔ̃a, Bernike, va do “kple atsyɔ̃ɖoɖo geɖe, eye woyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la kple aʋafia gãwo kple ame ŋkuta, siwo le dua me.” (Dɔwɔwɔwo 25:23) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Anye be ame alafa geɖewo nɔ anyi.”
Festo si nye mɔ̃mefia yeye si woɖo ye wɔ ɖoɖo ɖe kpekpe sia ŋu. Edze Felike si nye mɔ̃mefia si do ŋgɔ nɛ ŋu be yeagblẽ Paulo ɖe game wòakpe fu. Gake Festo di be yeanya ne nutsotso siwo wotsɔ ɖe Paulo ŋu la le se nu. Paulo ʋli eƒe fɔmaɖimaɖi ta ale gbegbe be ebia be woatsɔ yeƒe nya ayi Kaisaro gbɔe! Paulo ƒe nya la na Fia Agripa di vevie be yeanya nusi wòwɔ. Egblɔ be: “Nye ŋutɔ hã mele didim bena, mase ame la ƒe numegbe.” Enumake Festo wɔ ɖoɖo ɖe eŋu, anye be anɔ nusi fia la abu le gamenɔla tɔxɛ sia ŋuti la ŋu bum.—Dɔwɔwɔwo 24:27–25:22.
Esi ŋu ke la, wokplɔ Paulo va tsi tre ɖe ame ŋkuta gbogbo aɖewo ŋkume. Egblɔ na Agripa bena, ‘Mebui dzidzɔe bena maɖe ɖokuinye nu egbe sia le ŋkuwò me, vevietɔ le esi nènya kɔnuwɔwɔwo kple anukutsyɔtsyɔ siwo katã le Yudatɔwo dome ta; eyata meɖe kuku na wò be nàɖo tom le dzigbɔɖeanyi me.’—Dɔwɔwɔwo 26:2, 3.
Paulo ƒe Ðokuitaʋiʋli Dzinɔameƒotɔe
Gbã la, Paulo ƒo nu tso alesi wònye Kristotɔwo yometila tsãe ŋu na Agripa. Egblɔ be: “Mezia wo dzi, bena woagblɔ busunya, . . . metiaa wo yome yia du bubuwo ke hã me.” Paulo yi edzi gblɔ alesi wòkpɔ ŋutega wɔdɔɖeamedzi si me Yesu si wofɔ ɖe tsitre la biae le be: “Nuka wɔ nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.”a—Dɔwɔwɔwo 26:4-14.
Azɔ Yesu de dɔ asi na Saul be wòaɖi ɖase na dukɔwo katã me tɔwo “le nusiwo nèkpɔ kple nusiwo magaɖe afia wò la ŋuti.” Paulo gblɔ be yetsɔ veviedodonu le agbagba dzem be yeawɔ yeƒe dɔdasiae. Egblɔ na Agripa be “esia ŋuti Yudatɔwo lém le mawuxɔ la me, eye wode wu ye ge kloe.” Paulo nɔ te ɖe Agripa ƒe nu geɖe nyanya tso Yuda-subɔsubɔ ŋu dzi tsɔ te gbe ɖe edzi be le nyateƒe me la, yeƒe ɖaseɖiɖia ku ɖe “nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me” le Mesia ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu.—Dɔwɔwɔwo 26:15-23.
Festo gblɔ kple gbe sesẽ tsɔ de nu emee be: “Agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukunɔ!” Paulo ɖo eŋu be: “Nyemele tsu kum o, amegã nyui Festo; hafi boŋ nyateƒe kple tamebubunyawo gblɔm mele.” Azɔ Paulo gblɔ le Agripa ŋu be: “Fia hã nya nusiawo, amesi mele nu ƒom na kple dzideƒo; elabena mexɔe se bena, nusiawo dometɔ aɖeke mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye ɣaɣlaƒe wowɔ nusia le o.”—Dɔwɔwɔwo 26:24-26.
Azɔ Paulo ƒo nu na Agripa tẽ. “Fia Agripa, èxɔa nyagblɔɖilawo dzi sena?” Ðikekemanɔmee la, biabia la ɖe fu na Agripa. Gawu la, mele be wòada eɖokui ɖe anyi o, evɔ lɔlɔ̃ ɖe Paulo ƒe nya dzi anye nusi Festo yɔ be “tsukuku” la dzi dede. Ðewohĩ esi Paulo de dzesi Agripa ƒe heheɖemegbea la, eɖo eya ŋutɔ ƒe biabia la ŋu be: “Menyae bena, èxɔnɛ sena.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Agripa ƒo nu azɔ, gake mede eɖokui nya me o. Egblɔ na Paulo be: “Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu kristotɔ.”—Dɔwɔwɔwo 26:27, 28.
Paulo zã Agripa ƒe axadedenanya nyagbɔgblɔ ma aɖaŋutɔe tsɔ wɔ nya vevii. Egblɔ be: “Medi bena, Mawu nana be, ne esusɔ ʋee alo geɖe la, menye wò ɖeɖeko o, hafi boŋ amesiwo katã le to ɖomem egbe la, natrɔ zu esia tɔgbe abe nye ene, negbe babla siawo ko.”—Dɔwɔwɔwo 26:29.
Agripa kple Festo mekpɔ naneke le Paulo ŋu si dze na ku alo gaxɔmenɔnɔ o. Gake womate ŋu ate fli ɖe eƒe biabia be woatsɔ yeƒe nya ayi Kaisaro gbɔe la me o. Eyatae Agripa gblɔ na Festo be: “Ðe amesia metsɔ eƒe nya de kaisaro si me o la, ne woate ŋu aɖe asi le eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 26:30-32.
Nusɔsrɔ̃ si Le Eme na Mí
Ðaseɖiɖimɔnu si Paulo zã le bubumewo ŋkume nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí. Paulo zã aɖaŋu tsɔ ƒo nu na Fia Agripa. Ðikekemanɔmee la, enya nu tso ŋukpenanuwɔna si ku ɖe Agripa kple Bernike ŋu la ŋuti. Woƒe srɔ̃ɖeɖea nye esi mele se nu o, elabena Bernike nye Agripa nɔvinyɔnu kpamkpam. Gake Paulo meƒo nu tso agbenyuinɔnɔ ŋuti le afisia o. Ke boŋ ete gbe ɖe nya siwo dzi eya kple Agripa wolɔ̃ ɖo nyuie la dzi. Azɔ hã la, togbɔ be Farisitɔ agbalẽnyala Gamaliel ye na hehe Paulo hã la, elɔ̃ ɖe edzi be Agripa nya nu tso Yudatɔwo ƒe kɔnuwo ŋu nyuie. (Dɔwɔwɔwo 22:3) Togbɔ be Agripa ƒe agbenɔnɔ menyo o hã la, Paulo ƒo nu nɛ le bubu me elabena Agripa nye amesi le ŋusẽnɔƒe.—Romatɔwo 13:7.
Togbɔ be míeɖia ɖase dzinɔameƒotɔe le míaƒe dzixɔsewo ŋu hã la, menye míaƒe taɖodzinue nye be míaʋu go míaƒe nyaselawo ƒe nuwɔna baɖawo o. Ke boŋ be wòanɔ bɔbɔe na wo be woaxɔ nyateƒea la, ele be míate gbe ɖe nyanyuia ƒe viɖewo kple mɔkpɔkpɔ siwo dzi mí katã míelɔ̃ ɖo dzi. Ne míele nu ƒom na ame tsitsiwo kple amesiwo le ŋusẽnɔƒewo la, ele be míade bubu woƒe ɖoƒe ŋu. (Mose III, 19:32) Ne míewɔe alea la, míate ŋu asrɔ̃ Paulo, amesi gblɔ be: “Amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome ame aɖewo kokoko.”—Korintotɔwo I, 9:22.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nyagbɔgblɔ “da afɔkpo nutɔnu” fia alesi nyitsu dea abi eɖokui ŋui ne ele afɔ tum ati nu tsutsuɛ si wowɔ be woatsɔ akplɔe ahafia mɔe. Nenema ke nuvevi ko Saul awɔ eɖokui ne eti Kristotɔwo yome, elabena ele avu wɔm kple amesiwo Mawu le megbe na.