INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 9/15 axa 3-4
  • Ðe Nèle Ŋudzɔ Ðe Míaƒe Ɣeyiɣiawo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèle Ŋudzɔ Ðe Míaƒe Ɣeyiɣiawo Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afɔɖeɖe si Sɔ Xɔ Amewo ɖe Agbe
  • Sisi le Afɔku si Amegbetɔ He Vɛ Nu
  • Toɖoɖo Na Wotsi Agbe
    Minɔ Ŋudzɔ!
  • Ehiã Kpata Be Míanɔ Ŋudzɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Biblia Me Nyagblɔɖiwo Dzixɔxɔse Xɔa Ame Ðe Agbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Minɔ Ŋudzɔ Fifia Wu Ɣeyiɣi Ðesiaɖe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 9/15 axa 3-4

Ðe Nèle Ŋudzɔ Ðe Míaƒe Ɣeyiɣiawo Ŋua?

ŊUDZƆNƆNƆ ɖe afɔku ŋu ate ŋu anye agbe kple ku ƒe nya. Míate ŋu atsɔ nusi dzɔ le ƒukpo eve siwo dzi dzotowo le la awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui.

Dzoto si ƒe amewuwu ƒo ɖesiaɖe ta le ƒe alafa 20 lia sia mee nye Pelée To si wó le Caribb-ƒukpo si nye Martinique dzi le May 8, 1902 dzi. Ewu Saint Pierre si nye du si le dzotoa gɔme me nɔla siwo de 30,000 la katã kloe.

Pinatubo To ƒe wowó si ɖewohĩ eƒo ɖesiaɖe ta le ƒe alafa sia me la dzɔ le June 1991 me. Edzɔ le Philippines nuto aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo eye amesiwo ade 900 ye tsi me. Gake le esia gome la, nu evee wɔe be ame akpe geɖe tsi agbe: (1) ŋudzɔnɔnɔ ɖe afɔkua ŋu kple (2) alesi wolɔ̃ wɔ ɖe nuxlɔ̃amewo dzii.

Afɔɖeɖe si Sɔ Xɔ Amewo ɖe Agbe

Pinatubo To la nɔ anyi kpoo ƒe alafa geɖe hafi dzesi va nɔ dzedzem le eŋu le April 1991 me be egbɔna wowó ge kpuie. Dzudzɔ kple aɖiya va nɔ dodom tso etame. Nutoa me nɔlawo se anyigbaʋuʋuwo ŋkɔ enuenu, eye ba si bla zu kpe va nɔ kpo ɖivɔvɔ̃ aɖe zum ɖe toa tame. Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo tso Philippines ƒe Dzoto Kple Anyigbaʋuʋu Ŋuti Nusrɔ̃ƒe la nɔ ŋudzɔ ɖe eŋu vevie eye le ɣeyiɣi si sɔ me la, wona dumegãwo se egɔme be anyo be du kple kɔƒe siwo me nɔlawo ade 35,000 la nadzo le afima.

Eme kɔ be amewo gbe dzodzo le woƒe aƒewo me naneke madzɔmadzɔe, gake esi woɖe video aɖe si ɖe alesi dzotowo ƒe wowó gblẽa nui fia wo vɔ la, wolɔ̃ be yewoaʋu. Ame gbogbotɔ ʋu le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Le ŋkeke eve megbe la, wowó dziŋɔ aɖe hlẽ afi ɖe yame si ƒe didime, kɔkɔme kple kekeme axɔ kilometa 8. Emegbe ba xɔdzo si nɔ tsatsam va wu ame alafa geɖe. Gake esi wona amewo nɔ ŋudzɔ ɖe afɔkua ŋu eye wowɔ afɔɖeɖe ta la, ame akpe nanewo tsi agbe.

Sisi le Afɔku si Amegbetɔ He Vɛ Nu

Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, eva hiã be Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem natso nya me nenye be yewoagblẽ yewoƒe aƒewo ɖi. Sisi tso du ma me le ƒe 66 M.Ŋ. me kpɔ wo ta tso tsɔtsrɔ̃ si va emenɔla bubuwo kple Yudatɔ akpe geɖe siwo va Yerusalem hena ƒe 70 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa ɖuɖu dzi la me. Amesiwo wu miliɔn ɖekae nɔ du sia si woɖo gli ƒo xlãe me hena Ŋutitotoa ɖuɖu esime Roma-srafowo xe mɔ siwo woato asi la katã. Dɔwuame, avuwɔwɔwo ɖe kplɔlanyenye ta, kple Romatɔwo ƒe amedzidzedze atraɖii wɔe be ame siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn ɖeka ku.

Afɔku si he Yudatɔwo ƒe tsitretsitsi ɖe Roma ŋuti va nuwuwui la medzɔ le vome o. Yesu Kristo gblɔe ɖi ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ be woaɖe to ɖe Yerusalem. Egblɔ be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesiwo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o.” (Luka 21:20, 21) Mɔfiame mawo me kɔ, eye Yesu yomedzelawo tsɔ wo vevie.

Ƒe alafa wuienelia me ŋutinyaŋlɔla Eusebius si tso Kaesarea ka nya ta be Kristotɔ siwo nɔ Yudea katã wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi. Esime Romatɔwo trɔ dzo le Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Yudatɔ Kristotɔ geɖe yi ɖanɔ Trɔ̃subɔlawo ƒe du si nye Pella, si nɔ Roma nuto si nye Perea me. To ŋudzɔnɔnɔ ɖe ɣeyiɣiawo ŋu kple wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame dzi la, wosi le nusi woyɔ be “xaxa siwo dziŋɔ wu ɖesiaɖe le ŋutinya me la dometɔ ɖeka” nu.

Egbea hã, ŋudzɔnɔnɔ ma ƒomevi hiã. Nenema ke nye afɔɖeɖe ŋutɔŋutɔ wɔwɔ hã. Nyati si kplɔe ɖo aɖe nusitae la me.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Godo-Foto, West Stock

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe