INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 9/15 axa 8-9
  • Fiaɖuƒe Ge le Dziɖula Dadala aɖe Si

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒe Ge le Dziɖula Dadala aɖe Si
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fiateƒenɔlae loo alo Fia Ye?
  • Dziɖula Ðokuiŋudzela Kple Dadala
  • Nya Ene Siwo Trɔ Xexeame
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Daniel Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Daniel—Agbalẽ Si Ŋu Wotsɔ Nya Ðo
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 9/15 axa 8-9

Fiaɖuƒe Ge le Dziɖula Dadala aɖe Si

NYAGBLƆÐILA Daniel ŋlɔ be: “Fia Belsazar tu aglo gã aɖe na eƒe amegã akpewo, eye wòno wein le ame akpeawo ŋku me.” Gake esi wonɔ agloa tum la, fia la ƒe “mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo do ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.” Hafi zã nawu enu la, “wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar. Mediatɔ Dario xɔ fiaɖuƒe la.”—Daniel 5:1, 6, 30-6:1.

Amekae nye Belsazar? Aleke wɔ hafi wova yɔe be “Kaldeatɔwo ƒe fia”? Ðoƒe ka koŋue nɔ esi le Babilonia Fiaɖuƒe Yeyea me? Aleke fiaɖuƒea ge le esii?

Fiateƒenɔlae loo alo Fia Ye?

Daniel yɔ Nebukadnezar be enye Belsazar fofo. (Daniel 5:2, 11, 18, 22) Gake menye vi kple fofo ƒe ƒomedodo ŋutɔŋutɔe o. Agbalẽ si nye Nabonidus and Belshazzar, si Raymond P. Dougherty ŋlɔ me nyawo fia be ɖewohĩ tɔgbuiae wònye elabena Nebukadnezar nye dadaa Nitocris, fofo. Ate ŋu anɔ eme hã be esi Nebukadnezar ɖu fia do ŋgɔ na Belsazar ta la, enye “fofoa” le fiazikpuia dzi nɔnɔ gome ko. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 28:10, 13.) Aleke ke nya la nɔ o, nuŋɔŋlɔ siwo woɖe ɖe anyikpe geɖe siwo wofɔ le Iraq ƒe anyiehe le ƒe alafa 19 lia me dzi yɔ Belsazar be enye Nabonido, Babilon fia, ƒe vi tsitsitɔ.

Esi wònye nusiwo dzɔ le zã si me Babilon dze anyi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me ŋue nuŋlɔɖi si le Daniel ta 5 ƒo nu tsoe ta la, megblɔ nya aɖeke le alesi Belsazar wɔ va xɔ fiaɖuŋusẽ ŋu o. Gake nusiwo ŋu blematomenukulawo ke ɖo na míenya ƒomedodo si nɔ Nabonido kple Belsazar dome vie. Alan Millard si nye blemanuŋunyala eye wònya nu geɖe tso blema Sem-dzidzimeviwo ƒe gbegbɔgblɔwo ŋu la gblɔ be: “Babilontɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo fia be Nabonido nye dziɖula si melɔ̃a aƒenɔnɔ o.” Millard gagblɔ be: “Togbɔ be meŋe aɖaba ƒu Babilon-mawuwo dzi o hã la, edea . . . bubu gã ɣletimawu eve siwo nɔ du eve bubu siwo nye Ur kple Xaran me ŋu. Ƒe geɖe le Nabonido ƒe dziɖuɣi la, menɔ Babilon gɔ̃ hã o; ke boŋ didiƒe le Teima [alo, Tema] si nye gbɔdzɔeteƒe le Arabia ye wònɔ.” Edze ƒã be le Nabonido ƒe dziɖuɣia ƒe akpa gãtɔ me la, menɔ Babilon si nye fiadua me o. Ne meli o la, Belsazar ye wona wòkpɔa dukɔa dzi.

Kpe dzi nuŋlɔɖi aɖe si woyɔ be “Nabonido Ŋuti Nuŋlɔɖi Kpuikpuiwo” gakɔ nu me le Belsazar ƒe ɖoƒe ŋu gblɔ be: “[Nabonido] tsɔ ‘Aʋakɔ’ la de (viaŋutsu) tsitsitɔ, ŋgɔgbevia si, eye ena asrafo siwo le afisiafi le dukɔa me nɔ eƒe (kpɔkplɔ) te. Eɖe asi le (nusianu) ŋu nɛ, egblẽ fiaɖuɖua ɖe esi me.” Alea wɔ be Belsazar nye fiateƒenɔlae.

Ðe woate ŋu agblɔ be fiateƒenɔla nye fiaa? Blema dziɖula aɖe ƒe kpememe si wofɔ le Syria ƒe dziehe le ƒe 1970 ƒeawo me fia be menye numasekpɔ be woayɔ dziɖula be enye fia evɔ le nya la ŋutɔŋutɔ nu la, eƒe ɖoƒe bɔbɔ ɖe anyi wu hafi o. Gozan-dziɖula aɖe ƒe kpekpeme ye eye nusi woŋlɔ ɖe eŋu la le Asiria kple Aram gbewo me. Asiriagbe me nuŋɔŋlɔa yɔ ŋutsua be enye Gozan-dziɖula, gake Aramgbe me nuŋɔŋlɔ si kpe ɖe eŋu la yɔe be fia. Eyata menye numadzɔkpɔ be woayɔ Belsazar le Babilon-dukɔ ƒe nuŋlɔɖiwo me be enye fiavi si gbɔna dzi ɖu ge evɔ woayɔe le Daniel ƒe Aramgbe me nuŋlɔɖia me be fia o.

Nabonido kple Belsazar wonye hatidziɖulawo vaseɖe Babilonia Fiaɖuƒe Yeyea ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Eyatae le zã si me Babilon dze anyi la, Belsazar gblɔ be yeawɔ Daniel wòanye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒea me, ke menye evelia o.—Daniel 5:16.

Dziɖula Ðokuiŋudzela Kple Dadala

Nu mamlɛ siwo dzɔ le Belsazar ƒe dziɖuɣi fia be enye fiavi ɖokuiŋudzela kple dadala. Nabonido ɣla eɖokui ɖe agado aɖe me le Borsippa esime eƒe dziɖuɖu nu tso le October 5, 539 D.M.Ŋ. me, le esi Medo-Persia ʋakɔwo sii ta. Woɖe to ɖe Babilon-dua. Le gli gã siwo woɖo ƒo xlã dua ta la, Belsazar susu be yenɔ dedie ale gbegbe be “[wòtu] aglo gã aɖe na eƒe amegã akpewo” le zã ma ke me. Herodotus si nye Helatɔ ŋutinyaŋlɔla le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me gblɔ be ameawo “nɔ ɣe ɖum ɣemaɣi, eye wonɔ dzidzɔ kpɔm” le dua me.

Gake Medo-Persia ʋakɔa ya nɔ ŋudzɔ le Babilon gliawo godo. Kores na wodze mɔ na Frat Tɔsisi si si to dua titina la wòtsa to afi bubu. Eƒe asrafowo nɔ klalo be yewoazɔ tɔʋua me enumake ne tsia mie ɖo afisi sɔ ko. Woalia tɔgoa ato akɔbligbo siwo le tɔgoa ŋu henɔ ʋuʋuɖi la me age ɖe dua me.

Ne ɖe Belsazar nya nusi nɔ edzi yim le dua godo la, anye ne ado akɔbligboawo, aɖo eƒe ame sesẽwo ɖe gli siwo woɖo ɖe tɔgoa ŋu la dzi, eye woaxaxa futɔawo ɖo. Gake esi Belsazar dadala la mu wein ta la, eɖe gbe be woatsɔ kplu siwo wotsɔ tso Yehowa ƒe gbedoxɔ me la avɛ. Eye eya kple eƒe amekpekpewo, srɔ̃awo, kpakple eƒe ahiãviwo wotsɔ amemabumabu no nu le wo me henɔ Babilon-mawuwo kafum. Kasia asi aɖe dze nukutɔe henɔ nu ŋlɔm ɖe fiasã la ƒe gli ŋu. Vɔvɔ̃ ɖo Belsazar wòyɔ eƒe nunyalawo ƒo ƒu be woaɖe gbedasia me na ye. Gake “womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la, ne woahayi egɔme ɖe ge na fia la o.” Mlɔeba “wokplɔ Daniel vɛ na fia la.” Mawu ƒe gbɔgbɔ kpe ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖila sia si ƒo dzi nɔ ŋu wòɖe nukugbedasia gɔme, eye wògblɔe ɖi be Mediatɔwo kple Persiatɔwo axɔ Babilon.—Daniel 5:2-28.

Mediatɔwo kple Persiatɔwo xɔ dua bɔbɔe, eye Belsazar metsi agbe le zã ma me o. Esi wòku eye edze ƒã be Nabonido tsɔ eɖokui na Kores ta la, Babilonia Fiaɖuƒe Yeyea va eƒe nuwuwu.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Daniel le Babilonia Fiaɖuƒea tsɔtsrɔ̃ ƒe gbedasia gɔme ɖem

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe