INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 10/1 axa 3-4
  • “Nyateƒe La Lawɔ Mi Ablɔɖeviwoe”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nyateƒe La Lawɔ Mi Ablɔɖeviwoe”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðe Nyateƒetoto Gale Vevie Egbea?
    Nyati Bubuwo
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nukatae Wòle Be Nàdi Nyateƒea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 10/1 axa 3-4

“Nyateƒe La Lawɔ Mi Ablɔɖeviwoe”

“Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” Aleae Yesu gblɔ esi wònɔ nu fiam le gbedoxɔ me le Yerusalem. (Yohanes 8:32) Yesu ƒe apostolowo te ŋu de dzesii enumake be Yesu ƒe nufiafiawo nye nyateƒe. Wokpɔ kpeɖodzi geɖe be Mawu gbɔe yewoƒe nufiala tso.

GAKE ɖewohĩ asesẽ na ame aɖewo egbea be woade dzesi nyateƒe si ƒe nya Yesu gblɔ. Abe alesi wònɔ le nyagblɔɖila Yesaya ƒe ŋkekea me ene la, egbea ame aɖewo li siwo “yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotsɔ kekeli wɔ vivitii, amesiwo tsɔa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wɔ vevee!” (Yesaya 5:20) Esi wole nukpɔsusu, xexemenunya, kple agbenɔnɔ ƒomevi geɖe dom ɖe ŋgɔ le egbe ŋkekeawo me ta la, ame geɖewo sena le wo ɖokui me be seɖoƒe li na nusianu eye nyateƒe aɖeke meli o.

Esi Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be nyateƒea awɔ wo ablɔɖeviwoe la, woɖo eŋu be: “Abraham ƒomeawo míenye, eye míenye ame aɖeke ƒe kluvi kpɔ o; aleke wɔ negblɔ bena: Miazu ablɔɖeviwo mahã?” (Yohanes 8:33) Womekpɔe be ehiã be ame aɖe alo nane nana ablɔɖe yewo o. Gake Yesu ɖe eme be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le nuvɔ̃ wɔm la, nuvɔ̃ ƒe kluvi wònye.” (Yohanes 8:34) Nyateƒe si ƒe nya gblɔm Yesu nɔ la ate ŋu aʋu ablɔɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ me ƒe mɔ na ame. Yesu gblɔ be: “Ne Vi la wɔ mi ablɔɖeviwo la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã.” (Yohanes 8:36) Eyata nyateƒe si naa ablɔɖe amewo lae nye nyateƒe si ku ɖe Yesu Kristo, Mawu Vi la ŋuti. Yesu ƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔe la dzixɔse ko dzie woate ŋu ato aɖe ame tso nuvɔ̃ kple ku si me.

Yesu gblɔ ɣebubuɣi be: “Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Mawu ƒe nya si le Biblia me nye nyateƒe si ate ŋu ana ablɔɖe ame tso aʋatsodzixɔse kple alakpasubɔsubɔ me. Yesu Kristo ŋuti nyateƒe si dzi amewo va xɔna sena eye wònaa etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui va sua ame si la le Biblia me. Nu nyui ka gbegbee nye si wònye be woava dze si Mawu ƒe Nya la me nyateƒea.

Vevienyenye kae le nyateƒea nyanya ŋu? Togbɔ be subɔsubɔha geɖe siwo li egbea gblɔna be yewowɔna ɖe Biblia me nyawo dzi hã la, amegbetɔ ƒe xexemenunyawo kple kɔnyinyiwo koŋue kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Zi geɖe la, amewo ŋu dzedze nɔa vevie na subɔsubɔhakplɔlawo wu nyateƒe si wòle be woagblɔ afia. Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe tadedeagu ƒomevi ɖesiaɖe ŋu ne wonya wɔe le anukwareɖiɖi me ko. Gake Yesu Kristo gblɔ be: “Gaƒoƒo li gbɔna, eye wòde azɔ, esime nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la le amesiawo tɔgbe dim be woade ta agu na ye.”—Yohanes 4:23, NW.

Ne míedi be míade ta agu na Mawu wòadze eŋu la, ele be míanya nyateƒea. Nya sia le vevie. Eya dzie míaƒe dzidzɔ mavɔ nɔ te ɖo. Eyata amesiame nebia eɖokui be: ‘Ðe alesi medea ta agui la dzea Mawu ŋua? Ðe medi be masrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea ŋutɔŋutɔa? Alo ɖe mele vɔvɔ̃m na nusi numekuku nyuie ahe ɖe goa?’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe