INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 11/1 axa 4-7
  • Alesi Míakpɔ Kuxiwo Gbɔe Le Ŋutifafa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míakpɔ Kuxiwo Gbɔe Le Ŋutifafa Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutasẽla aɖe Trɔ Zu Dzigbɔɖitɔ
  • Ŋutasẽnuwɔwɔ Dzi Ðuɖu
  • Anya Wɔa?
  • Aleke Mawu Bua Ŋutasẽnuwɔnawoe?
    Nyɔ!—2002
  • Ðe Wòanya Wɔ Be Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Nayia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Wɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi To Paulo Ƒe Kpɔɖeŋu Sɔsrɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nukatae Saul Ti Kristotɔwo Yome?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 11/1 axa 4-7

Alesi Míakpɔ Kuxiwo Gbɔe Le Ŋutifafa Me

AMEGBETƆ ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ dzɔɣi de sɔsɔ ge kple ameƒomea ƒe anyinɔnɔ ƒe didime kloe. Biblia do afɔ na ŋutasẽnuwɔwɔ yi megbemegbe ʋĩ le Habel nɔvi Kain, amesi nye viŋutsu gbãtɔ na dzila gbãtɔwo ŋɔli ke. Esi Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Habel ƒe vɔsa ŋu wu Kain tɔ la, Kain “bi dzi ŋutɔ.” Aleke wòwɔ nui le nɔnɔme sia me? “Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.” Emegbe, eɖo nya gã aɖe me kple Mawu. (Mose I, 4:5, 8-12) Ŋutasẽnuwɔwɔ meɖe Wɔla la ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe Kain ŋu ɖa o.

Aleke míawɔ be míagatsɔ ŋutasẽnuwɔwɔ akpɔ kuxiwo gbɔe abe Kain ene o?

Ŋutasẽla aɖe Trɔ Zu Dzigbɔɖitɔ

De ŋugble tso ŋutsu aɖe si kpɔ dzidzɔ ɖe Stefano si nye Kristotɔ gbãtɔ si ku xɔsetaku ƒe wuwu ŋu la ŋuti kpɔ. (Dɔwɔwɔwo 7:58; 8:1) Ŋutsu siae nye Saul si tso Tarso, amesi mekpɔ ŋudzedze ɖe Stefano ƒe subɔsubɔ ŋu o eye ede amewuwu vɔ̃ɖi ma dzi be enye mɔ nyui si dzi woato atsi Stefano ƒe dɔwɔwɔ nu. Nyateƒee, Saul manya wɔ ŋutasẽnu le nusianu me ya o. Gake edze eŋu be woato ŋutasẽnuwɔwɔ dzi akpɔ kuxiwo gbɔ. Le Stefano ƒe ku megbe teti ko la, Saul ‘do adã vevie ɖe Kristo-hamea ŋu eye wògena ɖe aƒewo me, hea ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa yi ɖadea gaxɔ me.’—Dɔwɔwɔwo 8:3.

Albert Barnes si nye Biblia ŋutinusrɔ̃la gblɔ be Helagbe me nya si míezã na ‘do adã vevie’ fia alesi gbemelãwo abe dzata kple amegãxi ate ŋu agblẽ nui. Barnes ɖe eme be, “Saul do adã ɖe hame la ŋu abe lã wɔadã ene—nyagbɔgblɔ si nu sẽ, si fia ŋkubiã kple dɔmedzoe helĩhelĩ si wòtsɔ ti amewo yomee.” Esi Saul nɔ mɔ dzi yina Damasko be yeava lé Kristo yomedzela bubuwo akplɔ vɛ la, ‘egalé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti.’ Esi wònɔ mɔa dzi yina la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre ƒo nu nɛ, eye esia na Saul trɔ dzime va zu Kristotɔ.—Dɔwɔwɔwo 9:1-19.

Le Saul ƒe Kristotɔnyenye zuzu vɔ megbe la, alesi wòwɔa nu ɖe amewo ŋui va trɔ. Nane dzɔ le ƒe 16 megbe si ɖe tɔtrɔ sia fia. Ameha aɖe va Antioxia-hame si me wònɔ la me va ƒoe ɖe Kristotɔ siwo le afima nu be woalé Mose ƒe Sea me ɖe asi. ‘Menye nyahehe vi aɖee’ wònye dzɔ o. Saul si wova nya ŋkɔ Paulo na nyuie wu fifia la nɔ akpa aɖe dzi le nyahehe sia me. Edze ƒã be wohe nya eteƒe mekɔ o. Gake Paulo mewɔ adãnu aɖeke o. Ke boŋ elɔ̃ ɖe hamea ƒe nyametsotso be woatsɔ nya la ayi apostoloawo kple hamemegã siwo le Yerusalem gbɔe la dzi.—Dɔwɔwɔwo 15:1, 2.

‘Wogahe nya ŋutɔ’ le Yerusalem esime hamemegãwo kpe ta. Paulo lala vaseɖe esime “ameha blibo la katã zi ɖoɖoe” eye emegbe exlẽ dɔ klitsu siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ la wɔ le aʋamatsomatsotɔ siwo zu xɔsetɔwo dome. Esi apostoloawo kple hamemegã siwo le Yerusalem dzro Ŋɔŋlɔawo me vɔ la, ‘wowɔ nyametsotso si dzi wo katã woda asi ɖo’ be womagatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe aʋamatsomatsotɔ siwo zu xɔsetɔwo dzi o, ke boŋ woaxlɔ̃ nu wo bena ‘woatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 15:3-29) Nyateƒee, Paulo trɔ. Esrɔ̃ alesi woakpɔ nyawo gbɔ ŋutasẽnumawɔmawɔe.

Ŋutasẽnuwɔwɔ Dzi Ðuɖu

Paulo va xlɔ̃ nu emegbe be: “Ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiaa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu.” (Timoteo II, 2:24, 25) Paulo xlɔ̃ nu Timoteo, dzikpɔla si wònye tsitsia na, be wòakpɔ nya sesẽwo gbɔ le tufafa me. Paulo nya alesi nuwo dzɔnae. Enya be Kristotɔwo gɔ̃ hã ƒe dzi ate ŋu aho. (Dɔwɔwɔwo 15:37-41) Esɔ be exlɔ̃ nu be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Dziku dzi ɖuɖu dɔmedzoenu mawɔmawɔe ye nye mɔ nyuitɔ si dzi míato aɖu seselelãme mawo dzi. Gake aleke míawɔ esiae?

Mele bɔbɔe egbea be woaɖu dziku dzi o. Harvard Lãmesẽ Suku tatɔ ƒe kpeɖeŋutɔ Ðk. Deborah Prothrow-Stith gblɔ be: “Ŋlɔmiwɔwɔ va bɔ. Le nyateƒe me la, nusiwo naa tomefafa nɔa anyi—nyawo léle kpɔ kple ame nɔewo, asiɖeɖe le nya ŋu, veveseseɖeameti, tsɔtsɔke—va zu nusiwo wobuna ame ɖɔewo ƒe nuwɔnawoe.” Gake woawoe nye nɔnɔme akuakua siwo hiã vevie hena nuvlowɔwɔ ƒe seselelãme siwo ate ŋu aho ɖe mía me dzi ɖuɖu.

Esi Paulo va zu Kristotɔ la, esrɔ̃ mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ masɔmasɔwo gbɔ. Esia nɔ te ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi. Esi Paulo nye agbalẽnyalagã si srɔ̃ nu tso Yuda-subɔsubɔha ŋu nyuie ta la, enya Hebri Ŋɔŋlɔawo nyuie. Anɔ eme be enya ŋɔŋlɔ siawo: “Megaʋã ŋu sesẽnuɖula o, eye eƒe mɔ aɖeke megadze ŋuwò o.” “Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye amesi ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.” “Amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 3:31; 16:32; 25:28) Gake do ŋgɔ na Paulo ƒe Kristotɔ zuzu la, sidzedze sia mexe mɔ nɛ be wòdzudzɔ ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe Kristotɔwo ŋu o. (Galatiatɔwo 1:13, 14) Gake esi Paulo va zu Kristotɔ la, nukae kpe ɖe eŋu be wòte ŋu zã nyalélekpɔ kple nyameɖeɖe na ame tsɔ kpɔ nya sesẽ siwo hoa dzi na ame gbɔ ke menye ŋutasẽnuwɔwɔ o?

Paulo gblɔ nya aɖe si ana míanya esi wògblɔ be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.” (Korintotɔwo I, 11:1) Ekpɔ ŋudzedze ɖe nusi Yesu Kristo wɔ nɛ ŋu ŋutɔ. (Timoteo I, 1:13, 14) Kristo zu amesi ƒe kpɔɖeŋu wòsrɔ̃na. Enya alesi Yesu kpe fu ɖe amegbetɔwo tae. (Hebritɔwo 2:18; 5:8-10) Paulo te ŋu kpɔe dze sii be Yesaya ƒe nyagblɔɖi le Mesia la ŋu va eme ɖe Yesu dzi, esi gblɔ be: “Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui, eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o.” (Yesaya 53:7) Apostolo Petro ŋlɔ be: “Esime [wodzu Yesu] la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.”—Petro I, 2:23, 24.

Paulo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe alesi Yesu Kristo kpɔ nɔnɔme sesẽwo gbɔe ŋu ʋãe be wòtrɔ. Eyata ate ŋu axlɔ̃ nu ehati xɔsetɔwo be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa] tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!” (Kolosetɔwo 3:13) Nyanya be ele be woatsri ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi Yehowa kple Yesu Kristo wɔ na mí ŋu nyea ŋusẽdoame si hiã mí be míatsɔ aɖu ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe seselelãmewo dzii.

Anya Wɔa?

Japan ŋutsu aɖe hiã ŋusẽdoame sẽŋu ma tɔgbe. Fofoa si nye asrafo si dzi kuna kabakaba la tsɔ ŋutasẽnuwɔwɔ ɖu eƒe ƒomea dzii. Esi wowɔa anyra le eŋu eye wòkpɔa dadaa hã kpea fu nenema ke ta la, ŋutasẽnuwɔwɔ susuwo va xɔ aƒe ɖe ŋutsu sia me. Etsɔa asrafowo ƒe yi eve siwo ƒe didime to vovo ɖe asi siwo wòzãna tsɔ kpɔa kuxiwo gbɔe gatsɔnɛ doa ŋɔdzi na amewo.

Esi srɔ̃a dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, ŋutsua ɖoa to dzeɖoɖoa gake metsɔnɛ vevie o. Gake esi wòxlẽ agbalẽvi aɖe si ƒe ŋkɔe nye Fiaɖuƒe Ŋutinya Nyui Siaa la, etrɔ. Nukatae? Eɖe eme be: “Esi mexlẽ nyati si le tanya sue siwo nye ‘Kristo Yesu’ kple ‘Tafe la’ te la, ŋu kpem. Togbɔ be menɔa agbe vlo hã la, megalɔ̃a amesiwo mía kple wo dome le nyuie kokoko. Dzidzɔdodo na xɔ̃nyewo dzɔa dzi nam gake mewɔnɛ vaseɖe afisi magblẽ nu le nye ŋutɔ ŋunye o ko. Gake Mawu ƒe Vi Yesu ya lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na ɖe ameƒomea ta, ɖe nye hã tanye. Esia gbã lãme nam abe kpoe wotsɔ ƒom ene.”

Edzudzɔ hadede kple exɔlɔ̃ xoxoawo eye enumake eŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me. Suku sia kpena ɖe amesiwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe eme ŋu be Biblia fiafia amewo ƒe aɖaŋu sua wo si. Suku sia gakpe ɖe ŋutsu sia ŋu le mɔ bubu nu. Eɖo ŋku edzi be: “Le nye ɖekakpuime la, nyemete ŋu gblɔa nye seselelãmewo na amewo o eyata ŋɔdzidodo na amewo kple to ŋutasẽnuwɔwɔ mee meɖenɛ fiana le. Esi meva srɔ̃ alesi magblɔ nye susuwo na amewo la, nyemegatsɔa ŋutasẽnuwɔwɔ ɖenɛ fiana o ke boŋ mete ŋu dzroa nya me kple wo.”

Ðe eya hã tsɔ Kristo ƒe agbenɔnɔ wɔ eɖokui tɔe abe Paulo enea? Wodo eƒe xɔse kpɔ esime exɔlɔ̃ xoxo aɖe si wòbla nu kplii be tsi mato yewo dome o dze agbagba be yeaxe mɔ nɛ be magazu Kristotɔ o. “Exɔlɔ̃a” tu kɔe, hegblɔ busunya ɖe eƒe Mawu, Yehowa, ŋu. Ŋutsu sia si sẽa ŋuta le ame ŋu tsã la ɖu eɖokui dzi eye wòɖe kuku ɖe esi mete ŋu wɔ nubablaa dzi o ta. Eve “exɔlɔ̃a” be yemete ŋu trɔe o eye wòɖe asi le eŋu.

Esi ŋutsu sia si nye dzikutɔ tsã ɖu eƒe ŋutasẽnuwɔwɔ dzi la, eva kpɔ gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo lɔlɔ̃ na Mawu kple wo haviwo bla ɖekae. (Kolosetɔwo 3:14) Le nyateƒe me la, ƒe si wu 20 enye sia tso esime wòva zu Kristotɔ ɖeadzɔgbe, eye fifia enye Yehowa Ðasefo si nye dzikpɔla mɔzɔla. Aleke gbegbee wònyea dzidzɔ nɛ enye si be wòte ŋu toa Biblia dzi ɖenɛ fiana be amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi lã wɔadãwo tɔ ate ŋu asrɔ̃ alesi woakpɔ masɔmasɔwo gbɔ ŋutasẽnumawɔmawɔe abe alesi wòsrɔ̃e ene! Eye mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye nɛ be wòte ŋu fiaa asi nyagblɔɖi sia ƒe emevava gãtɔ, be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene”!—Yesaya 11:9.

Abe apostolo Paulo kple ŋutsu sia si nye ŋutasẽnuwɔla tsã ene la, wò hã àte ŋu asrɔ̃ alesi woakpɔ nɔnɔme siwo doa dziku na ame gbɔe, akpɔ kuxiwo gbɔ le ŋutifafa me. Ado dzidzɔ na Yehowa Ðasefo siwo le wò nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Paulo nya nusi te ŋu dzɔna zi geɖe. Enya be Kristotɔwo gɔ̃ hã ƒe dzi ate ŋu aho

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi Mawu wɔ na mí ŋu nana ƒomedodo si me ŋutifafa le nɔa anyi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe