Ðe Kristo Bu le Kristmas Ðuɖu Mea?
“Aglotutu siwo yia edzi le Kristmas ɖuɣi la mesɔna nam gbeɖe o. Mekpɔnɛ be womesɔ ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple nufiafia nu kura o.”—Mohandas K. Gandhi.
AME geɖe malɔ̃ ɖe Gandhi ƒe nya sia dzi kura o. Ðewohĩ woabu be, ‘Nuka tututue Hindu-dziɖuɖumegã ate ŋu anya tso Kristotɔwo ƒe ŋkekenyui ŋu?’ Ke hã ele be míalɔ̃ ɖe edzi be Kristmas keke ta ɖo xexeame katã eye woɖunɛ le teƒe ɖesiaɖe. December ɖesiaɖe la, edzena abe ɖe ŋkekenyui sia le dekɔnu ɖesiaɖe me ene.
Le kpɔɖeŋu me, Asiatɔ siwo ade miliɔn 145 ye ɖua Kristmas, si fia be ame miliɔn 40 ye va kpe amesiwo ɖunɛ le ƒe ewo siwo va yi me. Eye ne egbeŋkekea me Kristmas ɖuɖu ƒe akpa si meku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o, si nye nuwo ƒeƒle yakatsyɔ si mí katã míekpɔna la ŋue Gandhi zã nyagbɔgblɔ “aglotutu” ɖo la, ke asesẽ be míagbe be menye azãɖuɖua ƒe akpa sia ye ɖea dzesi wu zi geɖe o. Asiaweek magazine gblɔ be: “Kristmas ɖuɖu le Asia—tso kaɖi siwo wosi ɖe azãa ŋu le Hong Kong vaseɖe Kristmas-ti gã siwo le amedzrodzeƒewo ƒe akpatawo me le Beijing va ɖo Kristmas fefewɔƒe le Singapore ƒe ablɔgãwo dzi—ku ɖe ŋutilãmenuwo (vevietɔ asitsatsa) koŋ ŋu.”
Ðe woŋea aɖaba ƒua Kristo dzi le egbeŋkekea me Kristmas ɖuɖu mea? Woɖua azã le December 25 lia dzi tso keke ƒe alafa enelia M.Ŋ. me ke, esime Roma Katoliko Ha la tia ŋkeke ma wònye mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyui si wotsɔ ɖoa ŋku Yesu ƒe dzidzi dzi. Gake numekuku si wowɔ nyitsɔ laa le United States la ɖee fia be ame 33 le alafa me koe bui be Kristo dzidzie nye Kristmas ƒe akpa vevitɔ kekeake.
Nukae nye wò susu? Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be boblododo atraɖii, dzitsitsi ɖe nunanawo ƒeƒle ŋu, atsyɔ̃ɖoɖo na atiwo, kplɔ̃ɖoɖowo ŋuti ɖoɖowɔwɔ kple wo dede, gbedonamegbalẽviwo ɖoɖo ɖe amewo—na woŋea aɖaba ƒua Yesu dzi le mɔ aɖe nua?
Ame geɖe se le wo ɖokui me be mɔ siwo dzi woate ŋu ato ana amewo nabu Kristo ŋu le Kristmas ɖuɖu me dometɔ ɖekae nye Yesu dzidzi ƒe wɔwɔfiawo alo nukpakpawo. Ànya kpɔ nukpakpa siwo ɖe Yesu fia wònye vidzĩ si le lãnuɖunu me eye Maria, Yosef, alẽkplɔla aɖewo, “nunyala etɔ̃” alo “fia etɔ̃,” lã aɖewo siwo le kpo me, kple eteƒekpɔla aɖewo le egbɔ. Ame geɖe bui be nukpakpa siawo ɖoa ŋku nusi tututu Kristmas nye dzi na amewo. U.S. Catholic, gblɔ be: “nukpakpa ɖea nɔnɔmea ŋutɔŋutɔ fiana wu alesi nyanyuigbalẽawo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ, togbɔ be eya hã te gbe ɖe ŋutinya kpakpa sia me nyawo dzi hã.”
Gake aleke Yesu dzidzi ƒe wɔwɔfia ate ŋu afia be ŋutinya si le Nyanyuigbalẽ me nuŋlɔɖi siwo le Biblia me nye ŋutinya kpakpa? Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be nukpakpa sue siwo wosi aŋɔ na nyuie la ɖea Kristo dzidzi ŋutinya alo glitoto fiana. Wɔna bɔbɔe aɖe ko Yesu dzidzi ƒe wɔwɔfia si saɖagaxɔmenɔla aɖe to vɛ le ƒe alafa 13 lia me la nye. Egbea Yesu dzidzi ƒe wɔwɔfiawo va zu asitsatsa gã aɖe, abe alesi nu bubu geɖe siwo do ƒome kple ŋkekenyui sia le ene. Le Naples, Italy la, wodzraa nukpakpawo hena Yesu dzidzi ƒe wɔwɔfiawo alo presepi wɔwɔ le fiase geɖe me ƒe bliboa katã. Nukpakpa siwo ɖe dzesi wu dometɔ aɖewoe nye egbeŋkekea me ame xɔŋkɔwo abe Fiavinyɔnu Diana, Dada Teresa, kple awutɔlagã Gianni Versace ene ƒe nukpakpawo, ke menye amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyanyuigbalẽ me nuŋlɔɖiwo me o. Le teƒe bubuwo la, wotsɔa tsokolate, makroni, kple ƒumegomelãwo ƒe gowo gɔ̃ hã wɔa presepi. Àte ŋu ase nusitae wòsesẽ be woase nusi dzɔ va yi le nukpakpa siawo me la gɔme.
Ekema aleke Yesu dzidzi ƒe wɔwɔfia siawo ate ŋu ‘aɖe nɔnɔmea ŋutɔŋutɔ afia wu alesi nyanyuiawo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ?’ Ðe Nyanyuigbalẽ me nuŋlɔɖiwo nye nya kpakpawo nyateƒea? Ðikela xɔŋkɔwo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be Yesu nye ame ŋutɔŋutɔ si nɔ anyi kpɔ. Eyata ele be wòanye vidzĩ ŋutɔŋutɔ si wodzi le teƒe ŋutɔŋutɔ aɖe ɣeaɖeɣi. Ele be mɔ nyui aɖe nanɔ anyi si dzi míato akpɔ nusiwo dzɔ le edziɣi la nyuie wu Yesu dzidzi ƒe wɔwɔfia kpɔkpɔ ko!
Mɔ aɖe li nyateƒe. Ŋutinyaŋlɔla eve ŋlɔ nu tso Yesu dzidzi ŋu wotɔwotɔwoe. Ne èkpɔnɛ be Kristo bu kura le Kristmas ɣeyiɣiwo me la, ke nukatae wò ŋutɔ màdzro nuŋlɔɖi siawo me akpɔ o? Menye xotutu alo glitotowoe nàkpɔ le eme o, ke boŋ àkpɔ ŋutinya dodzidzɔname aɖe—si nye Kristo dzidzi ŋutinya ŋutɔŋutɔ.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
Togafli siwo le axa 3-6, 8, kple 9: Fifty Years of Soviet Art