Adzodada aɖe Me Gblẽ le Ɣetoɖoƒe Afrika
Abe alesi Eunice Ebuh gblɔe ene
“Adzodalawo ɖoe be yewoava dze mía dzi le ŋkeke si dzi míewɔa Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ le míaƒe aƒeme. Míaƒe agbowo nɔa ʋuʋuɖi na nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpakple ɖetsɔlemetɔwo. Anɔ eme be adzodalawo nya míaƒe nuwɔna sia kple míaƒe kpekpeɣi. Míeka ɖe edzi be wofi kaa aɖe tso afi aɖe eye wova nɔ lalam le míaƒe agbo nu le ŋkeke kple ɣeyiɣi si dzi míewɔa agbalẽ me nusɔsrɔ̃a.
“Eva dzɔ be kwasiɖa si me wova la nye kwasiɖa si me nutome sue dzikpɔla va srã mí kpɔ. Le esi teƒe be míakpe le míaƒe aƒeme la, míekpe le Fiaɖuƒe Akpata me boŋ. Esi kpekpea wu enu la, hamemegãwo wɔ kpekpe. Zi geɖe la, anye ne mía kple ɖeviawo míayi aƒeme, gake atsunye, si nye hamemegã, bia tso mía si be míalala ye. Ebe yemele anyi nɔ ge wòadidi o. Eyata míelala.
“Emegbe míekpɔ be míaƒe ʋua gbe dzoxɔxɔ. Nutome sue dzikpɔla la kple atsunye mete ŋu dzrae ɖo o. Ʋudzraɖola si míeyɔ hã mete ŋu dzrae ɖo o.
“Ðeviawo zɔ afɔ yi aƒeme. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nye hã meyi aƒeme. Ga ewo me lɔƒoe meɖo aƒeme. Nye ŋutɔ loo alo ɖeviawo dometɔ aɖeke mege ɖe aƒea me kple ʋu o, anye ne ahiã be míaʋu agbo gãtɔ.
“Esi mege ɖe nye xɔdɔme me la, mese tudada sesĩe aɖe. Nyemenya nusi nɔ dzɔdzɔm o. Medze agbagba be maƒo ka na kpovitɔwo, gake telefon la gbe dɔwɔwɔ. Meɖi atrakpuia ɖado gaʋɔtru si nye mɔnutɔa, emegbe meɖe abla ɖado ʋɔtru si le domedome. Metsi akaɖiawo. Vinyeawo nɔ dzodzom nyanyanya, eyata megblɔ na wo be woadze akɔ anyi. Míedo gbe ɖa ɖekae na Yehowa be wòakpɔ mía ta. Le ɣeyiɣia katã me la, atsunye gakpɔtɔ nɔ Fiaɖuƒe Akpataa me, nɔ agbagba dzem be yeadzra ʋua ɖo.
“Metsɔ ŋku to fesrea nu eye mekpɔ ŋutsu aɖe mlɔ anyi ɖe ablɔ dzi le agboa godo. Edze abe adzodalaawo dzo ene, eyata metsɔ ŋutsu sia si xɔ abi la de nye ʋu me yi atikewɔƒee. Enye nusi me afɔku le, gake ele be mawɔ nane tso eŋu. Gake nublanuitɔe la, eku le ŋufɔke.
“Togbɔ be nublanuinya sia dzɔ hã la, anye ne nuwo ate ŋu agblẽ sãa wu nenema. Nutome sue dzikpɔla la ƒe sasrãkpɔa wɔe be míewɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃a le míaƒe aƒeme o. Kaa la ƒe gbegblẽ wɔe be ƒomea katã menɔ ʋu me ge ɖe aƒea me o. Nye aƒetɔ, si anye ne adzodalawo alée godoo la meva aƒeme o vaseɖe esime zã tsi. Esiawo kple nu bubuwo kpe ɖe mía ŋu le zã ma me.
“Yehowae nye míaƒe mɔ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe. Ðeko wòsɔ kple nya si ŋɔŋlɔa gblɔ be: ‘Ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.’”—Psalmo 127:1.