INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 1/1 axa 3-5
  • Kpekpeɖeŋu Nyuitɔ na Ƒomea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpeɖeŋu Nyuitɔ na Ƒomea
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔxexe Ðe Srɔ̃gbegbe Nu
  • Subɔsubɔha Vovovo me Tɔwo
  • Ne Vifofo Ŋe Aɖaba Ƒu Eƒe Agbanɔamedziwo Dzi
  • Gbɔgbɔ Fatu
  • Hadede Vɔ̃wo
  • Ðe Nane Li si Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonaa?
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ƒomegbenɔnɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Na Ŋutifafa Nenɔ Wò Aƒeme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 1/1 axa 3-5

Kpekpeɖeŋu Nyuitɔ na Ƒomea

“Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be ƒomea ɖo xaxa gã aɖe me le Amerika. Alesi srɔ̃gbegbe, gbɔmeyaviwo dzidzi ƒe agbɔsɔsɔ, [kple] ŋutasesẽ le ɖeviwo kpakple ame srɔ̃ ŋu le dzidzim ɖe edzii ta la, nya aɖeke meli míagblɔ wu esia o.”

WOATE ŋu agblɔ United States television dzi nyadzɔdzɔgblɔla Tom Brokaw ƒe nya siawo ɖe dukɔ akpa gãtɔwo ŋu. Nukae xaxa gã sia fia?

Le mɔ geɖe nu la, ƒomeae nye nusi dzi wotu amegbetɔƒomea ɖo. Ne ƒomea ɖo afɔku me la, amegbetɔƒomea hãe ɖo afɔku me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ƒomeae nye afisi ɖeviwo kpɔa seselelãme kple ga ƒe kpekpeɖeŋu tsonae. Afimae wosrɔ̃a nu gbãtɔ siwo le vevie wu le agbe me la le. Ne ƒomea ɖo afɔku me la, ke nuka srɔ̃mee ɖeviawo le? Afikae woƒe dedienɔnɔ le? Ame tsitsi kawoe woava zu?

Ðe kpekpeɖeŋu aɖe li na ƒomea le xaxaɣi gã sia mea? Ẽ. Ƒomea nye nuɖoanyi si Mawu ŋutɔ ɖo. (Mose I, 1:27, 28) Eye ena mɔfiame si dzi mele be woaŋe aɖaba aƒu o la ƒomea le eƒe Nya, Biblia me. (Kolosetɔwo 3:18-21) Nyateƒee, míate ŋu atrɔ amegbetɔƒome bliboa o, gake míate ŋu awɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋudɔ le mía ŋutɔwo ƒe ƒomea me. Míedi be míagblɔ ame aɖewo siwo wɔ eŋudɔ kple nu nyui siwo do tso eme ŋuti nya na wò.

Mɔxexe Ðe Srɔ̃gbegbe Nu

Le dukɔ aɖewo me la, srɔ̃ɖeɖewo katã dome 50 le alafa me ƒe nuwuwu nyea srɔ̃gbegbe. Enye amegbetɔwo dome ƒomedodowo ƒe kpododonu gã aɖe! Nyateƒe wònye be ame geɖe siwo va zu dzila ɖekawo le susu sia ta dzea agbagba le wo viwo nyinyi me. Gake ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi kokoko be ne srɔ̃tɔwo kpɔ woƒe kuxiwo gbɔ henɔ anyi ɖekae la, enyo wu.

Le Solomon Islands la, srɔ̃tɔ aɖewo ƒe srɔ̃ɖeɖe me nɔ gbegblẽm. Srɔ̃ŋutsua nye fiavi si wɔa nu gbodogbodo, eye nɔnɔme gbegblẽ geɖe le esi. Agbenɔnɔ va sesẽ na srɔ̃nyɔnua ale gbegbe be ete kpɔ ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã be yeawu ye ɖokui. Emegbe srɔ̃ŋutsua lɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye. Esrɔ̃e be menye nusiwo nye nugbegblẽwo koe wòle na amesi di be yeadze Mawu ŋu nanya o ke ele be ‘wòalé fu vɔ̃’ hã. (Psalmo 97:10) Nuwɔna siwo wòalé fui dometɔ aɖewo nye alakpadada, fififi, ŋutasesẽ, kple ahamumu. Ewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi eye eteƒe medidi o eɖu eƒe nɔnɔme gbegblẽwo kple alesi dzi kunɛ kabakaba dzi. Tɔtrɔ si wòwɔ la wɔ nuku na srɔ̃nyɔnua, eye woƒe srɔ̃ɖeɖea nyo ɖe edzi le ŋusẽ si Mawu ƒe Nya kpɔna ɖe ame dzi ta.

Le South Africa la, nyɔnu Yehowa Ðasefo aɖe se be yeƒe dɔtɔ nɔ srɔ̃gbegbe ŋu bum. Ðasefoa ƒo nu tso Mawu ƒe nukpɔsusu le srɔ̃ɖeɖe ŋuti na eƒe dɔtɔa eye wòtsɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona la fiae. Agbalẽ sia si Yehowa Ðasefowo ta la ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu me eye wòte gbe ɖe alesi Biblia kpena ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woakpɔ kuxiwo gbɔe dzi vevie. Dɔtɔa kple srɔ̃aŋutsua siaa xlẽ agbalẽa eye wodze agbagba vevie be yewoawɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo le eme ŋudɔ. Ewɔe be wotso nya me be yewomagagbe yewo nɔewo o—wogaxɔ na srɔ̃ɖeɖe bubu to Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me.

Subɔsubɔha Vovovo me Tɔwo

Ke srɔ̃ɖeɖe si me srɔ̃tɔawo nye subɔsubɔha vovovo me tɔwo ya ɖe? Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖe na Kristotɔwo be woaɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la me ko.’ (Korintotɔwo I, 7:39) Gake ame srɔ̃ te ŋu ɖoa ha bubu me ɣeaɖewoɣi. Ðe wòle be esia nanye srɔ̃ɖeɖea ƒe nuwuwua? Kura o.

Le Botswana la, wobia nya nyɔnu aɖe si va zu Yehowa Ðasefo nyitsɔ laa be aleke xɔse yeye si ŋu wòke ɖo la trɔ eyamae hã. Ebia tso srɔ̃aŋutsua si be wòaɖo nyaa ŋu ɖe ye teƒe, eye nusi wògblɔe nye si: “Tso esime srɔ̃nye va zu Yehowa Ðasefo la, mekpɔ tɔtrɔ nyui geɖe le eŋu. Fifia tufafa va su esi ale gbegbe si menɔ esi tsã o. Ŋusẽ kple kakaɖedzi nɔ esi wòdzudzɔ atamanono, evɔ nye ya nyemete ŋu le nu gbegblẽ sia dzi ɖum o. Srɔ̃nye ƒe lɔlɔ̃ kple vividodo ɖe vinyewo kple nye ŋutɔ kpakple ame bubuwo ŋu dzi ɖe edzi. Eva le dzi gbɔm ɖe anyi wu tsã, vevietɔ na ɖeviawo. Mekpɔe be ezãa ɣeyiɣi le eƒe subɔsubɔdɔ me, nɔa agbagba dzem be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu bene woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi. Mekpɔ tɔtrɔ nyui aɖewo le ɖokuinye hã ŋu. Meka ɖe edzi be kpɔɖeŋu si ɖom wòle gbɔ koŋue esia tso.” Ŋusẽ nyui ka gbegbee nye si Biblia ƒe gɔmeɖosewo kpɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe sia dzi! Ame geɖe siwo menye Ðasefowo o hã gblɔ nya siawo tɔgbe le wo srɔ̃ Ðasefowo ŋuti.

Ne Vifofo Ŋe Aɖaba Ƒu Eƒe Agbanɔamedziwo Dzi

Ƒomedodo si le vifofo kple viawo dome nye nu vevi aɖe si na ƒomewo sẽna. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Eyata mewɔ nuku o be nyati aɖe si nɔ The Wilson Quarterly me bu fɔ vifofowo be esi wogbe woƒe dɔwo wɔwɔ tae hadomekuxi geɖe li ɖo. Nyatia gblɔ be: “Le ƒe 1960 kple 1990 dome la, ɖevi siwo megale wo fofowo ŋutɔŋutɔ gbɔ o la dzi ɖe edzi wu zi gbɔ zi eve . . . Fofonyenye ƒe agbamatsɔmatsɔ hã nye nu vevi si gbɔ kuxi manyataleŋu akpa gãtɔ siwo le fu ɖem na Amerikatɔwo tso.”

Ðe esia fia be nu madze edzi na ɖevi siwo wo fofo menaa mɔfiame oa? Ao. Blema hakpala la gblɔ be, ‘Ne fofonye kple danye gblẽm ɖi hã la, Yehowa axɔm.’ (Psalmo 27:10) Ŋutsuvi ƒe asieke vi aɖe si le Thailand kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye teƒe. Dadaa ku esime wònye vidzĩ, eye esi fofoa mele edim o ta la, egblẽe ɖe mamaa gbɔ. Esi ŋutsuvia se le eɖokui me be womehiã ye o eye be womelɔ̃ ye o la, ezu tosẽla eye wonyae be enye anyrawɔla. Edo ŋɔdzi na mamaa gɔ̃ hã. Esi Yehowa Ðasefo eve siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo de dzesii be ɖevi sia tsia tre ɖe Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me xa edziedzi la, wokpee yi woƒe aƒeme gbeɖeka.

Woƒo nu nɛ tso Mawu ŋu—be Elɔ̃a viawo, abe vifofo ene. Woƒo nu tso anyigbadzi Paradiso si ƒe ŋugbe Mawu do na amegbetɔ wɔnuteƒewo hã ŋu. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esia katã do dzidzɔ na ŋutsuvia, ale be etrɔna yina gbesiagbe be yeasrɔ̃ nu geɖe. Ðasefoawo gblɔ nɛ be ne edi tututu be Mawu nanye ye Fofo la, ke ele be wòadzudzɔ anyrawɔwɔ. Esia wɔ ɖeka kple Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo be: “Nusi ke atso mia gome [enye be mianɔ] anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” (Romatɔwo 12:18) Ele be wòawɔ nu le dɔmenyo me ɖe mamaa ŋuti. (Timoteo I, 5:1, 2) Eteƒe medidi o, eva nɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔm—eye ɖikeke mele eme o be ena wo kple mamaa dome va ɖɔ ɖo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Alesi eƒe agbenɔnɔ trɔe la wɔ dɔ ɖe aƒelikawo dzi ale gbegbe be wodi be yewo viwo nasrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo!

Gbɔgbɔ Fatu

Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kolosetɔwo be: “Mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu. Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me.” (Kolosetɔwo 3:14, 15) Gbɔgbɔ fatu kple lɔlɔ̃ si tso dzime magbe ƒome babla ɖekae o. Eye ate ŋu aɖɔ mamã siwo le ƒome me eteƒe didi la ɖo. Le ƒomemasɔmasɔ aɖe ta la, Rukia, amesi le Albania, megaƒoa nu na nɔviaŋutsu o wu ƒe 17. Esi wòsrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo la, ekpɔe be woxlɔ̃ nu Mawu subɔla ɖesiaɖe be wòanɔ ŋutifafa me kple ame bubuwo. “Nedi ŋutifafa, eye wòati eyome.”—Petro I, 3:11.

Rukia kpɔe dzesii be ele be yeanɔ ŋutifafa me kple ye nɔviŋutsua. Edo gbe ɖa zã bliboa, eye esi ŋu ke la, eƒe dzi nɔ tsotsom hafi wòzɔ yi nɔviaŋutsua ƒeme. Rukia ƒe tasiayɔvi ye ʋu ʋɔa eye wòbia nukutɔe be: “Nuka wɔm nèle le afisia?” Rukia bia tufafatɔe be wòana yeakpɔ ye nɔviŋutsua, eye eɖe eme be ɖe yedi be yeawoadzra yewo dome ɖo. Nukatae? Elabena edze sii azɔ be esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Nɔviaŋutsua lɔ̃ ɖe edzi, eye asikplakɔname kple dzidzɔvifafa sɔŋ wònye esi wogawɔ ɖeka—ƒome aɖe gawɔ ɖeka le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ta.

Hadede Vɔ̃wo

“Egbea ɖevi ɖesiaɖe kloe kpɔa television gaƒoƒo adre gbesiagbe. Kaka wòawu gɔmedzesuku nu la, akpɔ amewuwu akpe enyi kple edzivɔ kpakple ŋutasesẽnuwɔna akpe alafa ɖeka teƒe.” Aleae agbalẽ si nye The 7 Habits of Highly Effective Families gblɔ. Dɔ kae nusiawo kpɔkpɔ wɔna ɖe ɖeviwo dzi? Togbɔ be Biblia xlɔ̃ nu le hadede vɔ̃wo ŋu hã la, “agbalẽnyalawo” ƒe nu mesɔ le nya sia gome o. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Egblɔ hã be, ‘Hadede vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.’ (Korintotɔwo I, 15:33) Ƒomegbenɔnɔ ate ŋu anyo ɖe edzi ne míebu gɔmeɖose sia le aɖaŋudzedze me be enye nyateƒe, eɖanye ɖe míedea ha kple amewo tẽ loo alo le television dzi o.

Vidada aɖe nɔ Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefo aɖe le Luxembourg. Egblɔ na Ðasefoa gbeɖeka be ye vi nyɔnuvi eve siwo xɔ ƒe adre kple enyi la wɔa dzre kple akpasesẽnuwo ŋutɔ le fiẽsiwo me. Ðasefoa bia nusi nyɔnuviawo wɔna le fiẽsiawo me. Vidada la gblɔ be wonɔa television kpɔm ne yele dzodoƒe dzram ɖo. Wɔna kawoe wokpɔna? Vidada la ɖo eŋu be: “O, nɔnɔmetata ɖikokoename (cartoon) aɖewo koe.” Esi amedzroa gblɔ nɛ be wowɔa ŋutasesẽnuwo le wɔna siawo me zi geɖe la, nyɔnuviawo dada do ŋugbe be yealé ŋku ɖe wo ŋu akpɔ.

Le ŋufɔke tututu la, vidadaa ka nya ta be nɔnɔmetata ɖikokoename siwo ye vi nyɔnuawo nɔa kpɔkpɔm la na dzidzi ƒo ye ŋutɔ. Nusiwo woɖena nye lã gã dziŋɔ siwo ewɔ abe dziŋgɔli mee wotso ene eye wogblẽa nusianu si wodoa goe. Eɖe eme na via nyɔnuviawo be Yehowa lé fu ŋutasesẽ eye dzi medzɔnɛ ne míele ŋutasesẽnuwɔna siawo kpɔm o. (Psalmo 11:5) Esi nyɔnuviawo di be yewoadze Yehowa ŋu ta la, wolɔ̃ ɖe edzi be yewoanɔ nu tam ahanɔ ama dem wo ɖe television kpɔkpɔ teƒe. Enumake la, woƒe akpasesẽnuwɔna trɔ, eye ƒomea ƒe nɔnɔme nyo ɖe edzi.

Kpɔɖeŋu ʋee aɖewo koe esiawo nye eye woɖee fia be Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ nana ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi. Biblia ɖo aɖaŋu le nɔnɔmewo katã ŋu. Enye nyateƒegbalẽ eye ekpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi ale be eme nyona na wo. (Hebritɔwo 4:12) Ne amewo srɔ̃ Biblia eye wodze agbagba ŋutɔŋutɔ wɔ nusiwo wògblɔ ŋudɔ la, ado ŋusẽ woƒe ƒomewo, aɖɔ wo ɖo, eye ana woaƒo asa na vodadawo. Ne ƒomea me tɔ ɖeka koe wɔna ɖe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi gɔ̃ hã la, nuwo nyona ɖe edzi wu. Nyateƒee, le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa la, ele be míabu Mawu ƒe Nya abe alesi hakpalaa bui ene, amesi ŋlɔ bena: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.”—Psalmo 119:105.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Wokpɔ ƒomekuxiwo gbɔ to Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe