Wowɔ Ðeka le Agbemɔ Nyuitɔ Kekeake Dzi
Ne amewo ƒe agbɔsɔsɔ le xexeame ayi edzi anɔ dzidzim ɖe edzi la, eteƒe madidi o ame biliɔn ade anɔ anyigba dzi. Togbɔ be wo katã dzɔ tso tɔgbui ɖeka me hã la, ame akpa gãtɔ mede dzesii be yewonye xexeame katã ƒe ƒome aɖe si abu akɔnta na Wɔla nyanu lɔ̃ame aɖe o. Ðekamawɔmawɔ kple dzre si le dukɔwo, ameƒomeviwo, kple dekɔnuwo dome nye ɖaseɖiɖi sẽŋu si ɖo kpe nɔnɔme wɔnublanui sia dzi.
LE XEXEAME ƒe nɔnɔme siwo li fifia ta la, xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ adze taɖodzinu si gbɔ manya ɖo o. The Columbia History of the World gblɔ be: “Le nya vevitɔ kekeake si ku ɖe alesi woanɔ anyi ɖekae ŋu gome la, xexeme si li fifia mekpɔ susu yeye aɖeke ado ɖa o, mekpɔ ɖeka teti hã o.”
Gake be woana ɖekawɔwɔ nanɔ anyigbadzinɔlawo katã dome mebia susu yeye aɖeke o. Wogblɔ mɔ si dzi woato ahe ɖekawɔwɔ vɛ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me. Enɔ te ɖe Amesi wɔ anyigba kple agbe ƒomeviwo katã la subɔsubɔ dzi. Ðekawɔwɔ vavãtɔ le tamesusu, taɖodzinu, kple agbenɔnɔ me le Mawu ƒe amewo dome xoxo. Amesiawo siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn atɔ̃ kple afã le dukɔ 233 sɔŋ me la ka ɖe edzi vevie kple tame ɖeka be Mawu ƒe agbemɔe nye mɔ nyuitɔ kekeake. Wodoa gbe ɖa abe hakpala la ene be: “Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!”—Psalmo 86:11.
Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ amewo nuƒoƒo ƒu ɖe tadedeagu dzadzɛ me alea ɖi ɣeyiɣi didi aɖee nye si. Eŋlɔ be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.”—Yesaya 2:2, 3.
Yehowa Ðasefowo ƒe ɖekawɔwɔa nye etɔxɛ. Le hame siwo wu 87,000 le xexeame godoo me la, woɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖeka ma ke le woƒe kpekpewo me kwasiɖa sia kwasiɖa. (Mateo 24:45-47) Gake tso ƒe 1998 ƒe domedome va ɖo ƒe 1999 ƒe gɔmedzedze la, Ðasefoawo ɖe woƒe ɖekawɔwɔ fia le mɔ bubu nu—to ƒuƒoƒo le woƒe ŋkeke etɔ̃ “Mawu ƒe Agbemɔ” takpekpewo me le xexeame godoo me. Le dukɔ 13 me la, ame gbogbo aɖewo siwo wokpe tso dukɔ vovovowo me nɔ kpekpe siawo si woyɔna be dukɔwo dome takpekpewo me. Woyɔa bubuawo be nutome gã takpekpewo. Gake gbɔgbɔ me nu nyui ƒe wɔna ɖeka ma ke yi edzi le takpekpe siawo katã me.
Aleke gbegbe wòlé dzi na amee nye si be woakpɔ vavala kpɔdzidzɔ siwo do awu ɖe nɔnɔme nyui me wonɔ zi ƒom ɖe takpexɔwo me kple lãmesẽfefewɔƒewo be Yehowa nafia nu yewo! Wo katã wose le wo ɖokui me abe alesi vavala aɖe si de dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Michigan, U.S.A., gblɔ ene. Egblɔ be: “Enye dzidzɔ blibo be nàkpɔ mía nɔvi siwo tso xexeame godoo—Czech Republic, Barbados, Nigeria, Hungary, England, Holland, Ethiopia, Kenya, kple dukɔ bubu geɖe me—wowɔ atuu na wo nɔewo! Enya kpɔ be nàkpɔ nɔvi siwo ƒo ƒu le ɖekawɔwɔ me, eye wonɔ dzidzɔvi fam le lɔlɔ̃ si le wo si na wo nɔewo kple na woƒe Mawu gã, Yehowa ta.” Nyati si kplɔe ɖo dzro takpekpea ƒe wɔna siwo me ame miliɔn gbogbowo kpɔ gome le le xexeame godoo la me.
[Nɔnɔmetatawo Tsoƒe si le axa 3]
Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.