INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 1/15 axa 10-15
  • Ðe Wò Gbedodoɖawo ‘le Abe Dzudzɔ Ʋeʋẽe Enea’?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wò Gbedodoɖawo ‘le Abe Dzudzɔ Ʋeʋẽe Enea’?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Do Gbe Ða le Xɔse Me
  • Kafu Yehowa eye Nàda Akpe Nɛ
  • Tsɔ Ðokuibɔbɔ Bia Yehowa ƒe Kpekpeɖeŋu
  • Na Yesu Nafia Gbedodoɖa Wò
  • Wɔ Nu Wòawɔ Ðeka Kple Wò Gbedodoɖawo
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • De Asixɔxɔ Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàdo Gbe Ða Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Alesi Woawɔ Ate Ðe ‘Gbedodoɖasela’ La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 1/15 axa 10-15

Ðe Wò Gbedodoɖawo ‘le Abe Dzudzɔ Ʋeʋẽe Enea’?

“Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene.”—PSALMO 141:2.

1, 2. Nukae dzudzɔdodo atike ʋeʋẽe tsi tre ɖi na?

YEHOWA MAWU de se na eƒe nyagblɔɖila Mose be wòana woawɔ atike ʋeʋẽe bene woazã le Israel ƒe avɔgbadɔ si nye tadeaguƒe la me. Nusiwo Mawu be woatsɔ awɔe la bia be woatsaka atike ʋeʋẽe ene. (Mose II, 30:34-38) Eʋẽ lilili nyateƒe.

2 Se ƒe nubabla si wowɔ kple Israel-dukɔa bia be woado dzudzɔ ʋeʋẽe gbesiagbe. (Mose II, 30:7, 8) Ðe vevienyenye tɔxɛ aɖe nɔ atike ʋeʋẽea zazã ŋua? Ẽ, elabena hakpala dzi ha be: “Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.” (Psalmo 141:2) Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, apostolo Yohanes gblɔ be amesiwo ƒo xlã Mawu ƒe dziƒofiazikpuia lé sikagba siwo me yɔ fũ kple atike ʋeʋẽe ɖe asi. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Atike [ʋeʋẽea nye] ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo.” (Nyaɖeɖefia 5:8) Ke efia be atike ʋeʋẽe si wodoa dzudzɔe wòʋẽna lilili la tsi tre ɖi na gbe siwo Yehowa subɔlawo dona ɖa zã kple keli siwo dzea eŋu.—Tesalonikatɔwo I, 3:10; Hebritɔwo 5:7.

3. Nukae wòle be wòakpe ɖe mía ŋu bene ‘míaƒe gbedodoɖawo nanɔ abe dzudzɔ ʋeʋẽe le Mawu ŋkume’?

3 Hafi míaƒe gbedodoɖawo nadze Mawu ŋu la, ele be míado gbe ɖa nɛ le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. (Yohanes 16:23, 24) Gake aleke míawɔ be míaƒe gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi? Ŋugbledede le Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖewo ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe gbedodoɖawo nanɔ abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene le Yehowa ŋkume.—Lododowo 15:8.

Do Gbe Ða le Xɔse Me

4. Ƒomedodo kae le xɔse kple gbedodoɖa si wosena dome?

4 Hafi míaƒe gbedodoɖawo nade dzi abe atike si ʋẽna lilili ene aɖo Mawu gbɔ la, ele be míadoe ɖa le xɔse me. (Hebritɔwo 11:6) Ne Kristotɔ hamemegãwo kpɔe be amesi dze dɔ le gbɔgbɔ me xɔ yewoƒe kpekpeɖeŋu si tso Ŋɔŋlɔawo me la, woƒe “xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe.” (Yakobo 5:15) Gbe siwo míedona ɖa le xɔse me dzea mía Fofo si le dziƒo ŋu, eye nenema kee nye gbe siwo míedona ɖa le Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ me hã. Hakpala ɖe nɔnɔme nyui fia esime wòdzi ha be: “Mawú nye alɔ dzi ɖe wò se, siwo melɔ̃na la ŋu, eye made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu. Fia gɔmesese nyui kple nunyam; elabena mexɔ wò nya dzi se.” (Psalmo 119:48, 66) Mina ‘míake míaƒe asiwo me’ le gbedodoɖa me ɖokuibɔbɔtɔe eye míaɖe xɔse afia to Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ me.

5. Nukae wòle be míawɔ ne míenya nusi míawɔ o?

5 Tsɔe be míenya alesi míawɔ akpe akɔ kple dodokpɔ aɖe o. Ðewohĩ míenya nenye be Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖee le eme vam fifia o. Le esi teƒe be míana nusia nana míatɔtɔ le gbɔgbɔ me la, ele be míado gbe ɖa boŋ abia nunya. (Galatiatɔwo 5:7, 8; Yakobo 1:5-8) Gake mele be míakpɔ mɔ be Mawu ana ŋuɖoɖo mí le mɔ wɔnuku aɖe nu o. Ele be míaɖe míaƒe gbedodoɖawo ƒe nuvãnyenye afia to nusi wòbia tso eƒe amewo katã si be woawɔ la wɔwɔ me. Ehiã be míazã agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la tana atsɔ asrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo ale gbegbe be woatu míaƒe xɔse ɖo. (Mateo 24:45-47; Yosua 1:7, 8) Ehiã hã be míakpɔ gome le Mawu ƒe amewo ƒe kpekpewo me ɣesiaɣi bene míadze si nu geɖe ɖe edzi.—Hebritɔwo 10:24, 25.

6. (a) Nukae wòle be mí katã míakpɔ adze sii le míaƒe ŋkekea kple Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ŋu? (b) Tsɔ kpe ɖe gbedodoɖa be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti ŋu la, nukae wòle be míawɔ?

6 Egbea Kristotɔ aɖewo le nudidi aɖewo kple agbemedɔ aɖewo yome tim si fia be womeganya be míeɖo “nuwuɣi” la me ʋĩ fifia o. (Daniel 12:4) Anyo be haxɔsetɔwo nado gbe ɖa ɖe amesiawo ta bene woagade dzo xɔse si le wo si me alo woagado ŋusẽe be Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe edzi be Kristo ƒe anyinɔnɔ dze egɔme le ƒe 1914 me eye be Yehowa ɖoe wòzu Fia le dziƒo ɣemaɣi wòle dzi ɖum le eƒe futɔwo titina. (Psalmo 110:1, 2; Mateo 24:3) Ele be mí katã míadze sii be nudzɔdzɔ siwo wogblɔ ɖi siwo ƒe ɖewoe nye alakpasubɔsubɔhawo—‘Babilon Gã’—ƒe tsɔtsrɔ̃, alesi Gog si tso Magog adze Yehowa ƒe amewo dzii wòanye Satana ƒe nuwɔna, kpakple alesi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la axɔ na wo le Harmagedon-ʋa la me la ate ŋu adzɔ kpoyi nukutɔe eye wo katã woate ŋu adzɔ le ɣeyiɣi kpui ŋutɔ aɖe me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 18:1-5; Xezekiel 38:18-23) Eyata mina míado gbe ɖa abia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Mina mí katã míado gbe ɖa vevie be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti, be eƒe Fiaɖuƒea nava, kple be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wole ewɔm le dziƒo ene. Ẽ, mina míayi edzi anɔ xɔse ɖem fia atsɔ aɖo kpe edzi be míaƒe gbedodoɖawo tso dzi me. (Mateo 6:9, 10) Ẽ, neva eme be amesiwo katã lɔ̃ Yehowa la nadi Fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã eye woaɖe gbeƒã nyanyuia alesi woate ŋui hafi nuwuwua nava.—Mateo 6:33; 24:14.

Kafu Yehowa eye Nàda Akpe Nɛ

7. Nukae wɔ dɔ ɖe dziwò le Dawid ƒe gbedodoɖa si ƒe akpa aɖe woŋlɔ ɖe Kronika I, 29:10-13 me?

7 Mɔ vevi aɖe si dzi míato ‘ana míaƒe gbedodoɖawo nanɔ abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene’ enye be míatso dzime akafu Mawu ahada akpe nɛ. Fia Dawid do gbe sia tɔgbe ɖa esime eya kple Israel-viwo dzɔ nu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ tutu. Dawid do gbe ɖa be: “Woakafu wò Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, tso mavɔ me yi mavɔ me! Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi. Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nusianu dzi; gãnyenye kple ŋusẽ le asiwò me, eye gbɔwò wòtsona be, ame aɖe nazu gã, eye wòakpɔ ŋusẽ. Eyata, mía Mawu, míele akpe dam na wò, eye míele wò ŋutikɔkɔe ƒe ŋkɔ la kafum.”—Kronika I, 29:10-13.

8. (a) Kafukafunya siwo le Psalmo 148 kple 150 dometɔ kae wɔ dɔ ɖe dziwò wu? (b) Ne míaƒe seselelãme sɔ kple esiwo woɖe gblɔ le Psalmo 27:4 la, nukae míawɔ?

8 Kafukafu kple akpedada nya nyui kawo gbegbee nye si! Ðewohĩ míaƒe nume mabi le gbedodoɖa me alea ya o, gake míate ŋu adoe ɖa tso dzi blibo me nenema. Akpedada kple kafukafu gbedodoɖawo bɔ ɖe Psalmowo me fũ. Míate ŋu akpɔ kafukafunya nyuiwo le Psalmo 148 kple 150 me. Akpedada na Mawu dze le psalmo geɖe me. Dawid dzi ha be: “Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpɔ Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbedoxɔ me.” (Psalmo 27:4) Mina míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple gbedodoɖa siawo ale be míakpɔ gome le Yehowa ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒowo ƒe dɔ ɖesiaɖe me. (Psalmo 26:12) Nusia wɔwɔ kple ŋugbledede le Mawu ƒe Nya ŋu gbesiagbe ana míakpɔ susu geɖe siwo ta wòle be míate ɖe Yehowa ŋu akafui ahada akpe nɛ tso dzi blibo me.

Tsɔ Ðokuibɔbɔ Bia Yehowa ƒe Kpekpeɖeŋu

9. Aleke Fia Asa do gbe ɖae, eye nukae do tso eme?

9 Ne míenye Yehowa ƒe Ðasefo siwo subɔnɛ tso dzi blibo me la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be aɖo to mí ne míedo gbe ɖa bia kpekpeɖeŋui. (Yesaya 43:10-12) De ŋugble le Yuda Fia Asa ŋu kpɔ. Ŋutifafa nɔ ƒe 41 siwo wòɖu fia (977-937 D.M.Ŋ.) ƒe ƒe 10 gbãtɔawo me. Emegbe aʋakɔ si me aʋawɔla miliɔn ɖeka nɔ eye wonɔ Etiopiatɔ Zerax ƒe kpɔkplɔ te la ho ɖe Yuda ŋu. Togbɔ be amesiwo ho ɖe wo ŋu sɔ gbɔ wu wo sasasã hã la, Asa kple eƒe aʋakɔa yi be yewoakpe kple wo. Gake hafi woakpe aʋa la, Asa do gbe ɖa vevie. Elɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ le Yehowa si be wòaxɔ na ame. Esi fia la nɔ kpekpeɖeŋu biam la, eɖe kuku be: “Wòe míede mee, eye le wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu; Yehowa, wòe nye mía Mawu, eye amegbetɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ na wò o.” Aʋadziɖuɖu bliboe wònye esime Yehowa xɔ na Yuda le eƒe ŋkɔ ta. (Kronika II, 13:23–14:14) Eɖanye ɖe Mawu xɔ na mí le dodokpɔ aɖe me loo alo ɖe wòdo ŋusẽ mí míete ŋu do dzi le eme o, ɖikeke mele eme o be ese kuku si míeɖe be wòakpe ɖe mía ŋu.

10. Ne míenya ta le xaxa aɖe ŋu o la, kpekpeɖeŋu kae Fia Yosafat ƒe gbedodoɖa ate ŋu ana mí?

10 Ne míenya alesi míakpɔ kuxi aɖe gbɔe o hã la, kakaɖedzi le mía si be Yehowa ase míaƒe kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu. Nusia ƒe kpɔɖeŋu dze le Yuda Fia Yosafat ŋɔli, amesi ƒe ƒe 25 dziɖuɖu dze egɔme le ƒe 936 D.M.Ŋ. me. Esime Moab, Amon, kple Seir-towo dzi tɔwo ƒe aʋakɔwo wɔ ɖeka ho ɖe Yuda ŋu la, Yosafat ɖe kuku be: “Mía Mawu, màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽ aɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Míenya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.” Yehowa ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe gbedodoɖa ma ŋu ale be ewɔ aʋa ɖe Yuda nu hede tɔtɔ futɔawo dome wowu wo nɔewo. Ewɔe be vɔvɔ̃ ɖo dukɔ siwo le nutoa me, ale be ŋutifafa va Yuda. (Kronika II, 20:1-30) Ne míenya nusi míawɔ le xaxa aɖe me o la, míate ŋu ado gbe ɖa abe Yosafat ene be: ‘Yehowa, míenya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.’ Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ana míaɖo ŋku Ŋɔŋlɔawo me nya vevi siwo hiã dzi míatsɔ akpɔ kuxia gbɔe, alo ɖewohĩ Mawu akpe ɖe mía ŋu le mɔ aɖe si mava susu me na amegbetɔ o nu.—Romatɔwo 8:26, 27.

11. Nukae míate ŋu asrɔ̃ le gbedodoɖa ŋu tso Nexemya ƒe nuwɔwɔ ɖe Yerusalem gliwo ŋu me?

11 Ðewohĩ ahiã be míanɔ gbedodoɖa dzi be Mawu nakpe ɖe mía ŋu. Nexemya fa konyi, efa avi, etsi nu dɔ, eye wòdo gbe ɖa ŋkeke geɖe le Yerusalem ƒe gligbagbãwo kple nɔnɔme wɔnublanui si me Yuda-nɔlawo nɔ ŋu. (Nexemya 1:1-11) Edze ƒã be eƒe gbedodoɖawo ɖo Mawu gbɔ abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene. Gbeɖeka Persia Fia Artaxsasta bia Nexemya si lé blanui la be: “Nuka biam nèle?” Nexemya gblɔ be: “Tete medo gbe ɖa na dziƒo Mawu la.” Woɖo gbe kpui si Nexemya do ɖa le dzime ŋu nɛ, elabena woɖe mɔ nɛ wòva wɔ nusi le dzime nɛ ale be eyi Yerusalem gagbugbɔ eƒe gliwo ɖo.—Nexemya 2:1-8.

Na Yesu Nafia Gbedodoɖa Wò

12. Ne àzã wò ŋutɔ wò nyawo la, aleke nàgblɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me nya veviwo kpuie?

12 Le gbedodoɖa siwo katã woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me dome la, esi me nufiame le wue nye kpɔɖeŋugbedodoɖa si le abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene si Yesu Kristo do ɖa. Luka ƒe Nyanyuigbalẽa gblɔ be: “[Yesu ƒe] nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí, abe alesi Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene. Eye wògblɔ bena: Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ bena: Mía Fofo, . . . wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! . . . Na míaƒe abolo, si asu mía nu gbesiagbe la mí! Eye tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mía si! Eye megakplɔ mí yi ɖe [tetekpɔ] me o.” (Luka 11:1-4; Mateo 6:9-13) Mina míadzro gbedodoɖa sia si woɖo be wòafia mɔ mí ke menye be míagbugbɔe anɔ gbɔgblɔm o la me akpɔ.

13. Nukae nàgblɔ be nya siwo nye ‘Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ’ fia?

13 ‘Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.’ Yehowa yɔyɔ be Fofo nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na esubɔla ɖeadzɔgbewo. Abe alesi ɖeviwo tsɔa nya sia nya dona ɖe vifofo nublanuikpɔla ŋkumee ene la, ele be míazã ɣeyiɣi ado gbe ɖa na Mawu ɣesiaɣi le bubu kple sisiɖa me. (Psalmo 103:13, 14) Ele be wòadze le míaƒe gbedodoɖawo me be míetsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ ŋu elabena míedi vevie be woaɖe vlo siwo katã wodoe la ɖa le eŋu. Ẽ, míedi be woaɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe vovo eye woabui nu kɔkɔe.—Psalmo 5:12; 63:4, 5; 148:12, 13; Xezekiel 38:23.

14. Nukae wòfia be míado gbe ɖa be “Wò fiaɖuƒe nava”?

14 “Wò fiaɖuƒe nava!” Fiaɖuƒea nye Yehowa ƒe fiaɖuɖu to Mesia-dziɖuɖu si le dziƒo si wòtsɔ de asi na Via, kple Yesu ƒe zɔhɛ “ame kɔkɔewo.” (Daniel 7:13, 14, 18, 27; Nyaɖeɖefia 20:6) Eteƒe madidi o, ‘ava’ eye aho ɖe anyigbadzitɔ siwo katã tsia tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu la ŋuti eye wòaɖe wo ɖa. (Daniel 2:44) Ekema woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wole ewɔm le dziƒo ene. (Mateo 6:10) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye na nuwɔwɔ siwo katã tsɔ nuteƒewɔwɔ le Xexeame Katã Dziɖulagã la subɔm!

15. Nukae wòfia ne míebia Yehowa be wòana “míaƒe abolo, si asu mía nu gbesiagbe” la mí?

15 “Na míaƒe abolo, si asu mía nu gbesiagbe la mí!” Nuɖuɖu “si asu mía nu gbesiagbe” biabia Yehowa fia be míele nu gbogbo aɖeke biam o ke esi hiã mí le ŋkekea me ko biam míele. Togbɔ be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu be wòana nu mí hã la, míewɔa dɔ hã eye míetoa mɔ ɖesiaɖe si sɔ eye wòʋu ɖi na mí dzi dia nuɖuɖu kple nu bubu siwo hiã. (Tesalonikatɔwo II, 3:7-10) Le nyateƒe me la, ele be míada akpe na míaƒe Nunala si le dziƒo elabena eƒe lɔlɔ̃, nunya, kple ŋusẽe na míekpɔa nunana siawo katã.—Dɔwɔwɔwo 14:15-17.

16. Aleke míawɔ Mawu natsɔ míaƒe nuvɔ̃ ake mí?

16 “Tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mía si!” Esi míenye ame madeblibowo kple nuvɔ̃mewo ta la, míate ŋu aɖo Yehowa ƒe dzidzenu debliboawo gbɔ keŋkeŋ o. Eyata ehiã be míanɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsa dzi ado gbe ɖa abia eƒe tsɔtsɔke. Gake ne míedi be ‘Gbedodoɖasela’ la nazã vɔsa sia ƒe viɖewo ɖe míaƒe nuvɔ̃wo nu la, ke ele be míatrɔ dzime alɔ̃ axɔ to ɖesiaɖe si woahe na mí. (Psalmo 65:3; Romatɔwo 5:8; 6:23; Hebritɔwo 12:4-11) Gakpe ɖe eŋu la, negbe ɖe ‘míetsɔe ke míaƒe fetɔwo,’ amesiwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu ko hafi míakpɔ mɔ be Mawu natsɔe ake mí.—Mateo 6:12, 14, 15.

17. Nukae nya siwo nye “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o” fia?

17 “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o.” Ɣeaɖewoɣi Biblia gblɔna be Yehowa gbɔe nanewo tso, evɔ ɖeko wòɖe mɔ ɖe wo ŋu. (Rut 1:20, 21) Mawu metea mí kpɔna bene míawɔ nuvɔ̃ o. (Yakobo 1:13) Abosam, míaƒe nuvɔ̃ŋutilã, kple xexeame gbɔe nuvɔ̃wɔwɔ ƒe tetekpɔwo tsona. Satana ye nye Tela si dzea agbagba be yeana míawɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu. (Mateo 4:3; Tesalonikatɔwo I, 3:5) Ne míebia be, “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o la,” ke míele Mawu biam be megana míado kpo nu ne wote mí kpɔ be míagbe toɖoɖoe o. Ate ŋu afia mɔ mí be míagana ta o eye be Satana, “vɔ̃ɖitɔ la,” ƒe asi nagasu mía dzi o.—Mateo 6:13; Korintotɔwo I, 10:13.

Wɔ Nu Wòawɔ Ðeka Kple Wò Gbedodoɖawo

18. Aleke míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖa be dzidzɔ nanɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ mee?

18 Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la ƒo nu tso nu veviwo ŋu, gake míate ŋu ado gbe ɖa le nya sia nya ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míate ŋu ado gbe ɖa abia be míedi be míaɖe srɔ̃ eye dzidzɔ nanɔ eme. Bene míanɔ dzadzɛ vaseɖe alɔlégbe la, míate ŋu ado gbe ɖa abia ɖokuidziɖuɖu. Ke ele be míadze agbagba awɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo ale be míatsri gbegblẽnyagbalẽwo xexlẽ kple modzakaɖeɖe gbegblẽwo. Mina míaɖoe kplikpaa hã be ‘míaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko.’ (Korintotɔwo I, 7:39; Mose V, 7:3, 4) Ne míeɖe srɔ̃ vɔ la, ahiã be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple gbe si míedo ɖa be míele dzidzɔkpɔkpɔ dim ale be míawɔ ɖe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Eye ne míeva dzi viwo la, mesɔ gbɔ be míado gbe ɖa dzro ko be ɖeviawo nanye Yehowa subɔla wɔnuteƒewo o. Ele be míawɔ míatɔ sinua ato Biblia-nusɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɣesiaɣi me aku Mawu ƒe nyateƒenyawo ɖe to me na wo.—Mose V, 6:5-9; 31:12; Lododowo 22:6.

19. Nukae wòle be míawɔ ne míedoa gbe ɖa le míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

19 Ðe míedoa gbe ɖa biaa yayra ɖe subɔsubɔdɔa dzia? Ke mina míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple gbedodoɖa mawo ale be míawɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa alesi dze. Ne míedoa gbe ɖa be mɔnukpɔkpɔwo naʋu ɖi na mí míakpe ɖe amewo ŋu woava agbe mavɔ mɔa dzi la, ke ele be ɖetsɔlemetɔwo ŋuti nuŋlɔɖi nyuiwo nanɔ mía si eye míalɔ̃ faa ade aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ míaƒe ɖoɖowɔɖi me. Ke ne míedi be míanye mɔɖela awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ya ɖe? Ekema mina míawɔ afɔɖeɖe siwo wɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo ale be míadzi míaƒe gbeƒãɖeɖe dɔwɔna ɖe edzi eye míade gbeadzi kple mɔɖelawo. Afɔ siawo ɖeɖe afia be míele nu wɔm wòle ɖeka wɔm kple míaƒe gbedodoɖawo.

20. Nuka mee nyati si kplɔe ɖo adzro?

20 Ne míele Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la, ke kakaɖedzi anɔ mía si be aɖo míaƒe gbedodoɖa siwo wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la ŋu. (Yohanes I, 5:14, 15) Nyateƒee, míefɔ nya vevi siwo ŋu viɖe le esi míedzro gbedodoɖa siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la me. Míaƒe nyati si kplɔe ɖo adzro mɔfiame bubu siwo le Ŋɔŋlɔawo me na amesiwo di be ‘yewoƒe gbedodoɖawo nanɔ abe dzudzɔ ʋeʋẽe na Yehowa ene’ me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukata wòle be míado gbe ɖa le xɔse me?

◻ Akpa kae wòle be kafukafu kple akpedada nawɔ le míaƒe gbedodoɖawo me?

◻ Nukata míate ŋu atsɔ kakaɖedzi abia kpekpeɖeŋu Yehowa le gbedodoɖa me?

◻ Nya vevi siwo le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me dometɔ aɖewo ɖe?

◻ Aleke míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawoe?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ɣeaɖewoɣi míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa abe Fia Yosafat ene be: ‘Yehowa, míenya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le’

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ðe nèdoa gbe ɖa wòwɔa ɖeka kple Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe