Ðe Amewo Xɔa Wò Aɖaŋuɖoɖoa?
NE WOÐO aɖaŋu nyui wòsɔ la, amewo xɔnɛ kokoko. Nyateƒeea? Aʋatsoe! Woŋea aɖaba ƒua aɖaŋuɖola bibiwo gɔ̃ hã ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiwo dzi alo gbea wo zi geɖe.—Lododowo 29:19.
Nusia dzɔ esime Yehowa ɖo aɖaŋu na Kain, amesi lé fu nɔvia, Habel. (Mose I, 4:3-5) Esi Mawu nya afɔku si wòanye na Kain ta la, egblɔ nɛ be: “Nukaŋuti nèle dzi bim, eye nukaŋuti nèle adã dom? Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tame aɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!”—Mose I, 4:6, 7.
Eyata Yehowa tsɔ nuvɔ̃ sɔ kple lãlénu aɖe si de xa ɖi be yeadze Kain dzi ne wòkpɔtɔ lé nɔvia ƒe nya ɖe dɔme. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 1:14, 15.) Ɣeyiɣi ganɔ anyi na Kain kokoko be wòatrɔ eƒe nɔnɔme, be ‘wòawɔ nyui’ tsɔ wu be wòawɔ nusi me afɔku le. Ewɔ nublanui be Kain sẽ to. Egbe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖoa, eye wòkpɔ etɔnua.
Dɔme vea ame aɖewo ɖe aɖaŋuɖoɖo ƒomevi ɖesiaɖe ŋu eye wogbea wo. (Lododowo 1:22-30) Ðe wòanye be aɖaŋuɖola la gbɔe wòtso be wogbe aɖaŋuɖoɖoa? (Hiob 38:2) Ðe wò aɖaŋuɖola la nèna wòsesẽna na amewo be woaxɔea? Amegbetɔ ƒe blibomademade na nusia dzɔna ŋutɔ. Gake àte ŋu aɖe nusia ƒe dzɔdzɔ dzi akpɔtɔ ne ègbɔ dzi ɖi wɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Na míadzro wo dometɔ aɖewo me.
‘Ðɔ Ame Ðo le Dɔmefafa Me’
“Nɔviwo, ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye nɔ ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.” (Galatiatɔwo 6:1) Eyata apostolo Paulo tɔ asi “amesiwo nye gbɔgbɔmemewo” dzi be woadze agbagba aɖɔ Kristotɔ si ‘ɖe afɔ gbegblẽ aɖe si ɖi ɖee’ ɖo. Ɣeaɖewoɣi edze abe amesiwo medze tututu o ye dina be yewoaɖo aɖaŋu zi geɖe ene. Eyata mègayɔ be yeaɖo aɖaŋu na amewo o. (Lododowo 10:19; Yakobo 1:19; 3:1) Hamemegãwo koŋue dze le gbɔgbɔ me be woawɔ dɔ sia. Gake ele na Kristotɔ ɖesiaɖe si tsi le gbɔgbɔ me be wòaɖo afɔ afɔta na nɔvia ne wòyina afɔku me.
Ne wòdzɔ be nèle aɖaŋu ɖom la, kpɔ egbɔ be yetu nya siwo yeagblɔ ɖe mawumenunya dzi, ke menye ɖe amegbetɔ ƒe nufiafiawo kple xexemenunya dzi o. (Kolosetɔwo 2:8) Nɔ abe nuɖala nyui si kpɔa egbɔ be nusianu si yeatsɔ aɖa nui la nyo eye aɖi aɖeke mele eme o la ene. Kpɔ egbɔ be yeƒe aɖaŋuɖoɖoa tso Mawu ƒe Nya me koŋ ke meganye nusi nèsusu dzro ko o. (Timoteo II, 3:16, 17) Ne èwɔnɛ alea la, ke kakaɖedzi anɔ asiwò be magblẽ nu le ame aɖeke ŋu o.
Taɖodzinu si nètsɔ le aɖaŋua ɖom enye be ‘yeaɖɔ’ vodala la ɖo, ke menye be yeazi edzi wòawɔ tɔtrɔ si medi o la o. Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘ɖɔ ɖo’ do ƒome kple nya aɖe si ku ɖe ƒu si ɖɔ li la ɖɔɖɔɖo be magagblẽ nu ɖe edzi o ŋu. Nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla W. E. Vine gblɔ be efia hã be “dzigbɔɖi kple veviedodo hiã le ewɔwɔ me.” Kpɔ alesi gbegbe beléle kple aɖaŋudzedze hiã bene womagawɔ nuvevi amea dzodzro o ɖa. Nenema ke wòhiã be aɖaŋuɖola nakpɔ nyuie ale gbegbe be magado nuxaxa na amesi wòle aɖaŋua ɖom na o. Nusia sesẽ vevietɔ ne ameae bia aɖaŋuɖoɖo wò. Ne womebia aɖaŋuɖoɖo wò o la, aɖaŋudzedze kple ŋuɖɔɖɔɖo hiã geɖe wu.
Màte ŋu ‘aɖɔ ame ɖo’ gbeɖe ne èlé fu amea o. Bene nusia magadzɔ o la, nenɔ susu me na wò be ehiã be yeaɖe “dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, [kple] dzigbɔgbɔ blewu” afia. (Kolosetɔwo 3:12) Ne ɖɔkta megbɔ dzi ɖi o eye wòwɔ nu adãtɔe ɖe dɔnɔa ŋu la, dɔnɔa ate ŋu aŋe aɖaba aƒu eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi eye magava egbɔ be newɔ atike na ye o.
Nya sia mefia be mele be woate afɔ ɖe to le aɖaŋuɖoɖo me o. Yesu Kristo te afɔ ɖe to esime wònɔ aɖaŋu ɖom na hame adre siwo nɔ Asia nutome. (Nyaɖeɖefia 1:4; 3:1-22) Eɖo aɖaŋu siwo wòhiã be woase ahawɔ ɖe wo dzi la na wo tẽ nya aɖeke maɣlamaɣlae. Togbɔ be Yesu tea afɔ ɖe to hã la, enana dɔmetɔtrɔ kple dɔmefafa ƒe nɔnɔme siwo ɖi Fofoa si le dziƒo ƒe amelɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme hã dzena ɣesiaɣi.—Psalmo 23:1-6; Yohanes 10:7-15.
Ðo Aɖaŋu le Amenuveve Me
“Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.” (Kolosetɔwo 4:6) Dze te ŋu wɔnɛ be nuɖuɖu vivina ɖe edzi, eye ena wòdzroa ame. Hafi wò aɖaŋuɖoɖo nanya xɔ la, ele be nàɖoe ale be “amenuveve kple dze nanɔ [eme].” Gake woate ŋu atsɔ nuɖanu nyuiwo aɖa nui gɔ̃ hã evɔ mavivi o alo alesi woakae ɖe agba me ana madzro ame o. Nu ma mavivi ame aɖeke nu o. Le nyateƒe me la, asesẽ be woaka nu madzroame ma zi ɖeka gɔ̃ hã ade nu me.
Ehiã be woazã nya nyuitɔwo ne wole aɖaŋu ɖom. Nunyala Salomo gblɔ be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.” (Lododowo 25:11) Ðewohĩ klosalogba si ŋu wota nuwo ɖo wònya kpɔ si me sikatɔtɔŋuti si wokpa nyuie le lae wòwɔnɛ. Nu ma anya kpɔ loo, eye alɔ evee nàtsɔ axɔe ne wotsɔe na wò! Nenema ke amenuvevenya siwo nàzã la adze amesi ŋu nèle agbagba dzem be yeakpe ɖo la ŋu.—Nyagblɔla 12:9, 10.
Gake “gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Nya madzetowo gbɔgblɔ ate ŋu atɔ ame ana woado dziku tsɔ wu be woada akpe ɖe eta. Le nyateƒe me la, menye nya madzemadzewo gbɔgblɔ koe ate ŋu ana woagbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ o ke gbe si wotsɔ gblɔe hã le eme. Aɖaŋuɖoɖo na ame ŋumaɖɔɖotɔe kple vevemaseɖeamenutɔe ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu abe alesi woatsɔ amewunu ɖe ame ŋu ene. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo [nuŋumabumabui] le abe yitɔame ene.” Nukata wòle be nàƒo nu nuŋumabumabutɔe eye wòana aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ nasẽ na ame?—Lododowo 12:15.
Abe alesi Salomo gblɔe ene la, ele be woaɖo aɖaŋu ‘le eɖoɣi.’ Ɣeyiɣi si sɔ le vevie ŋutɔ hafi aɖaŋuɖoɖoa nanya xɔ! Eme kɔ be amesi nuɖuɖu mele dzodzrom o mado vivi ɖe nuɖuɖu ŋu o. Ðewohĩ eɖu nu gbogbo aɖe vɔ eteƒe medidi o, alo be ele dɔ lém. Nunya manɔ eme be woazi nuɖuɖu ɖe amesi medi be yeaɖu nu o dzi o eye mesɔ hã o.
Ðo Aɖaŋu le Ðokuibɔbɔ Me
“Miyɔ nye dzidzɔ la fũ, bene . . . [miagawɔ] naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui; amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” (Filipitɔwo 2:2-4) Ne ènye aɖaŋuɖola nyui la, ‘àtsɔ ɖe le’ ame bubuwo ƒe nyonyo me. Azɔ hã ‘àbɔbɔ ɖokuiwò’ ne èle nu wɔm kple gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo eye àbu ame bubuwo gã wu ɖokuiwò. Nya sia gɔme ɖe?
Ðokuibɔbɔ mana wò nuwɔna alo gbeɖiɖi nawɔ abe ɖe nèle ɖokuiwò dom ɖe dzi o. Susu aɖeke meli si ta mía dometɔ aɖe nabu be yenye gã na haxɔsetɔwo o. Mí katã míedaa vo ɣeaɖewoɣi. Esi màte ŋu akpɔ ame ƒe dzime o ta la, ele vevie ŋutɔ be nàgabu susu aɖewo ɖe amesi nèle aɖaŋu ɖom na ŋu o. Ðewohĩ meɖo susu vɔ̃ aɖeke ɖe tame o eye nɔnɔme alo nuwɔna vɔ̃ aɖeke mele susu me nɛ o. Ne enya le mɔ aɖe nu be yemewɔ nusi Mawu di o hã la, ɖikeke mele eme o be anɔ bɔbɔe nɛ be wòaxɔ aɖaŋuɖoɖo ne woɖoe nɛ ɖokuibɔbɔtɔe eye wòfia be wotsɔ ɖe le eƒe gbɔgbɔmenyonyo me nyateƒe.
Kpɔ alesi nàse le ɖokuiwò mee ɖa ne wokpe wò va kplɔ̃ aɖe ŋu gake amesi kpe wò medo vivi ɖe ŋuwò o eye wòdo vlo wò! Nua ɖuɖu mavivi nuwò o ɖe. Ẽ, “ama agba ɖeka, si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami, si ŋu fuléle kpe ɖo.” (Lododowo 15:17) Nenema ke wòasesẽ be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã ne aɖaŋuɖola la melɔ̃ amesi wòle aɖaŋua ɖom na o alo dae ɖe anyi hedo ŋukpee. Gake lɔlɔ̃, bubudede ame nɔewo ŋu, kple kakaɖeamedzi ate ŋu ana aɖaŋuɖoɖo kple exɔxɔ nanɔ bɔbɔe.—Kolosetɔwo 3:14.
Aɖaŋuɖoɖo si Woxɔ
Nyagblɔɖila Natan ɖe ɖokuibɔbɔ fia esime wòɖo aɖaŋu na Fia Dawid. Lɔlɔ̃ kple bubudede Dawid ŋu dze le Natan ƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me. Natan wɔ kpɔɖeŋu aɖe si fia be ekpɔe do ŋgɔ be ɖewohĩ asesẽ na Dawid be wòaxɔ aɖaŋuɖoɖoa. (Samuel II, 12:1-4) Nyagblɔɖila la ƒo nu wòɖe alesi gbegbe Dawid lɔ̃a nya dzɔdzɔe kple nudzɔdzɔewɔwɔ ɖe go, togbɔ be nɔnɔme siawo medze le nusi wòwɔ kple Batseba me o hã. (Samuel II, 11:2-27) Esi woɖe susu si ta wowɔ kpɔɖeŋua me na Dawid la, nya si wògblɔ tso dzimee nye be: “Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” (Samuel II, 12:7-13) Dawid mewɔ abe Kain amesi gbe toɖoɖo Yehowa ene o, ke ebɔbɔ eɖokui xɔ ɖɔɖɔɖoa.
Ðikeke mele eme o be Yehowae fia mɔ Natan, eye ebu Dawid ƒe blibomademade kple ɖewohĩ alesi maxɔ nyaa nyuie o ŋu. Natan ƒo nu le ŋuɖɔɖɔɖo blibo me eye edze ƒã be ebu Dawid be enye gã na ye le esi Dawid nye fia si Yehowa tia ta. Ne ɖoƒe aɖe le asiwò la, ɖewohĩ àte ŋu aɖo aɖaŋu nyui, gake asesẽ be woaxɔe na wò ne mèbɔbɔ ɖokuiwò o.
Natan ɖɔ Dawid ɖo le dɔmefafa me. Amenuveve nɔ nyagblɔɖila la ƒe nyawo me eye etrɔ asi le egbɔgblɔ ŋu ale gbegbe be Dawid xɔ nyaa le mɔ si ade edzi wu nu. Natan mewɔ nu ɖokuiŋudzedzetɔe o, eye mebui be yele ŋgɔ na Dawid le agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me gome o. Nyadzetowo gbɔgblɔ le mɔ nyuitɔ nu ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi! Ne èɖe nɔnɔme siawo tɔgbe fia la, anɔ bɔbɔe be amewo naxɔ wò aɖaŋuɖoɖo.
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Ele be wò aɖaŋuɖoɖo nanyo abe nuɖuɖu si me nunyiame le ene
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ðe nèɖoa aɖaŋu wònyoa ame ŋu abe sikatɔtɔŋutiwo le klosalogba me enea?
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Nyagblɔɖila Natan ƒo nu ɖokuibɔbɔtɔe wòɖe alesi gbegbe Dawid lɔ̃a nudzɔdzɔewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenyee ɖe go