INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 2/1 axa 14-19
  • Míaƒe Kesinɔnu Si Le Anyigoewo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Kesinɔnu Si Le Anyigoewo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Asitɔtrɔ Le Blema Israel Ŋu
  • Asitɔtrɔ le Gbɔgbɔmedukɔ aɖe Ŋu
  • Asitɔtrɔ Le Mawu ƒe Israel Ŋu Egbea
  • “Kpɔ Ða, Ameha Gã” Aɖe
  • Zemela Gã La Kple Eƒe Dɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Teokrasi Dɔdzikpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe Ɣeyiɣi Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Dzi Nedzɔ Wò Be Zemela Gã La Trɔa Asi Le Mía Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Na Yehowa Namla Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 2/1 axa 14-19

Míaƒe Kesinɔnu Si Le Anyigoewo Me

‘Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.’—KORINTOTƆWO II, 4:7.

1. Aleke wòle be Yesu ƒe kpɔɖeŋua nade dzi ƒo na míi?

ESIME Yehowa nɔ asi trɔm le Yesu ŋu le anyigba dzi afisia la, eya ŋutɔ kpɔ ameƒomea ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dze sii. Aleke gbegbe wòle be kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi le nuteƒewɔwɔ me nade dzi ƒo na mí enye si! Apostoloa gblɔ na mí be: “Esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) Esi Yesu bɔbɔ eɖokui Zemela la trɔ asi le eŋu nenema ta la, ete ŋu ɖu xexeame dzi. Ena dzi ɖo eƒe apostoloawo hã ƒo ale be woawo hã ɖu dzi. (Dɔwɔwɔwo 4:13, 31; 9:27, 28; 14:3; 19:8) Eye nuƒo mamlɛ si wòƒo na wo de dzi ƒo ale gbegbe! Egblɔ be: “Esiawo megblɔ na mi, bena miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.”—Yohanes 16:33.

2. Kekeli ka mee míawo míele si to vovo na ŋkugbagbã ƒe nɔnɔme si me xexeame le?

2 Nenema ke esi apostolo Paulo na vovototo si le ŋkugbagbã ƒe nɔnɔme si me “xexe sia me mawu” na amewo le kpakple “ŋutikɔkɔe nyanyui la ƒe kekeli” dome dze kɔte vɔ la, egblɔ le míaƒe subɔsubɔdɔ xɔasia ŋu be: “Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ [si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu, NW] nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o; womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o; míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o; woti mía yome, gake womegblẽ mi ɖi o; woxlã mí ɖe anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.” (Korintotɔwo II, 4:4, 7-9) Togbɔ be míenye ‘anyigoe’ masẽmasẽwo hã la, Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔa trɔ asi le mía ŋu ale gbegbe be míate ŋu aɖu Satana ƒe xexeame dzi bliboe.—Romatɔwo 8:35-39; Korintotɔwo I, 15:57.

Asitɔtrɔ Le Blema Israel Ŋu

3. Aleke Yesaya ɖɔ alesi wotrɔ asi le Yuda-dukɔa ŋui?

3 Menye ame ɖekaɖekawo ŋu koe Yehowa trɔa asi le o ke etrɔnɛ le dukɔ blibowo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime blema Israel-dukɔa bɔbɔ eɖokui Yehowa trɔ asi le eŋu la, nu dze edzi nɛ. Gake mlɔeba eƒe dzime va sẽ wògbe toɖoɖo. Le esia ta Israel Mela he ‘dzɔgbevɔ̃e’ va edzi. (Yesaya 45:9) Le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me la, Yesaya ƒo nu tso Israel ƒe nuvɔ̃wɔwɔ akpa ŋu na Yehowa gblɔ be: “Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: míawo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye. . . . Míaƒe nu veviwo katã gblẽ.” (Yesaya 64:7-10) Israel zu goe si ŋu wotrɔ asi le wòdze na tsɔtsrɔ̃ ko.

4. Kpɔɖeŋu ka ƒe wɔwɔfiae Yeremya wɔ?

4 Ƒe alafa ɖeka megbe esi akɔntabiagbe nɔ aƒe tum la, Yehowa gblɔ na Yeremya be wòatsɔ anyigoe aɖe eye wòakplɔ Yerusalem ƒe ame tsitsi aɖewo woayi Hinom Bali me, eye egblɔ nɛ be: “[Gbã] ze la le ŋutsu, siwo yi kpli wò la ŋku me, ahagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Alea magbã dukɔ sia kple du siae, abe alesi wogbãa zemela ƒe ze, eye womegatea ŋu trenɛ o la ene.”—Yeremya 19:10, 11.

5. Aleke gbegbee Yehowa drɔ̃ ʋɔnu Israel?

5 Le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, Nebukadnezar va tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ siaa eye wòkplɔ Yudatɔ siwo tsi agbe la yi aboyomee le Babilon. Gake le aboyomenɔnɔ ƒe 70 megbe la, Yudatɔ siwo trɔ dzime la trɔ gbɔ va gbugbɔ tso Yerusalem hetu gbedoxɔa. (Yeremya 25:11) Gake le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, dukɔa gatrɔ megbe de Zemela Gã la ake, eye mlɔeba edo hlɔ̃ gãtɔ kekeake esi wòwu Mawu ŋutɔ ƒe Vi la. Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Mawu zã Roma Xexemeŋusẽa wònye eƒe nutsrɔ̃la tsɔ ɖe Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ɖa hegbã Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa gudugudu. Magadzɔ gbeɖe be Yehowa nagatrɔ asi le Israel-dukɔa ŋu wòanye dukɔ si ‘ŋuti kɔ henyo’ la o.a

Asitɔtrɔ le Gbɔgbɔmedukɔ aɖe Ŋu

6, 7. (a) Aleke Paulo ɖɔ alesi wotrɔ asi le gbɔgbɔ me Israel ŋui? (b) ‘Nublanuikpɔkpɔ ƒe zeawo’ ƒe xexlẽme blibo lae nye ka, eye aleke wowɔ kpɔ wo?

6 Zemela la trɔ asi le Yudatɔ siwo xɔ Yesu ŋu wozu dukɔ yeye si nye ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel’ me tɔ gbãtɔwo. (Galatiatɔwo 6:16) Eyata nya siwo Paulo gblɔ sɔ ŋutɔ be: “Alo zemela mekpɔa ŋusẽ ɖe tsu dzi bena, wòatsɔ anyi, si wònyã la ƒe ɖe amè ze, si ŋu bubu le la, eye wòagatsɔ eƒe ɖe hã amè ze, si ŋu bubu mele o la o mahã? . . . Mawu, esime wòle didim be, yeaɖe eƒe dziku ɖe go afia, eye yeana woanya eƒe ŋusẽ la, tsɔ dzigbɔgbɔ blewu geɖe lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi, bene yeana woanya eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ hã ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena ŋutikɔkɔe la ŋu.”—Romatɔwo 9:21-23.

7 Yesu si wofɔ ɖe tsitre va ɖee fia emegbe be “nublanuikpɔkpɔ ƒe ze” siawo ƒe xexlẽme anye ame 144,000. (Nyaɖeɖefia 7:4; 14:1) Esi womete ŋu kpɔ xexlẽmea katã tso dzɔdzɔme Israel me o ta la, Yehowa ɖe nublanuikpɔkpɔ fia dukɔ bubu me tɔwo. (Romatɔwo 11:25, 26) Kristo-hame yeyea dzi ɖe edzi kabakaba. Kaka ƒe 30 nava yi la, wonɔ ‘gbeƒã ɖem nyanyuia na nuwɔwɔwo katã le dziƒoa te.’ (Kolosetɔwo 1:23) Esia bia be woakpɔ egbɔ be hame gbogbo siwo kaka ɖe teƒeteƒewo le nutoa me nava nɔ dzikpɔkpɔ nyui te.

8. Amekawoe nɔ dziɖuha gbãtɔa me, eye aleke ha sia va dzi ɖe edzii?

8 Yesu dzra apostolo 12 ɖo be woanye dziɖuha gbãtɔ la me tɔwo, eye ena hehe woawo kple ame bubuwo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. (Luka 8:1; 9:1, 2; 10:1, 2) Woɖo Kristo-hamea anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, eye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, wokeke dziɖuha la ɖe enu ale be “apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem” va nɔ eme. Edze abe Yesu dadavi Yakobo, amesi togbɔ be menye apostoloe wònye o hã la, va nye zimenɔla ɣeyiɣi didi aɖe ene. (Dɔwɔwɔwo 12:17; 15:2, 6, 13; 21:18) Ŋutinyaŋlɔla Eusebius gblɔ be wova tɔ ŋku apostoloawo koŋ heti wo yome eye wokaka ɖe nuto bubuwo me. Ewɔe be wotrɔ asi le dziɖuha la me nɔnɔ ŋu.

9. Nublanuinya kae Yesu gblɔ ɖi be ava dzɔ?

9 Le ƒe alafa gbãtɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, ‘futɔ Abosam’ va te ‘gbe wuwluiwo wuwu’ ɖe “dziƒofiaɖuƒea” domenyila siwo le abe luwo ene la dome. Yesu gblɔe ɖi be woaɖe mɔ nublanuinya sia nayi edzi vaseɖe nuŋeɣi le ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.’ Ekema agadzɔ be “ame dzɔdzɔeawo [naklẽ] abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me.” (Mateo 13:24, 25, 37-43) Ɣekaɣie wòanye?

Asitɔtrɔ Le Mawu ƒe Israel Ŋu Egbea

10, 11. (a) Aleke wodze asitɔtrɔ wɔwɔ le egbeŋkekea me Mawu ƒe Israel la ŋu gɔmee? (b) Nufiafia kawoe nɔ Kristodukɔa kple Biblia Nusrɔ̃vi dovevienuawo si siwo to vovo na wo nɔewo?

10 Le ƒe 1870 me la, Charles Taze Russell ɖo Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe Pittsburgh, Pennsylvania, U.S.A. Le ƒe 1879 me la, edze magazine si wonya egbea be Gbetakpɔxɔ tata gɔme ɣleti sia ɣleti. Eteƒe medidi o Biblia Nusrɔ̃vi siawo, si nye alesi wova yɔa wo la, va kpɔe be Kristodukɔa lɔ̃ ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafia siwo mele Ŋɔŋlɔawo me o, siwo ƒe ɖewoe nye luʋɔ ƒe numakumaku nyenye, dzomavɔ, ŋutiklɔdzo, Mawuɖekaetɔ̃, kple tsidedeta na vidzĩwo la dzi.

11 Gake nu vevitɔe nye be Biblia-lɔ̃la siawo gbugbɔ da asi ɖe Biblia ƒe nufiafia vevi siwo dometɔ aɖewoe nye agbexɔxɔ to Yesu ƒe tafevɔsa dzi kple tsitretsitsi ava nɔ agbe mavɔ le ŋutifafa ƒe paradiso me le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te dzi. Ƒo wo katã ta la, wote gbe ɖe edzi be madidi o woaʋli Yehowa Mawu ta be eyae nye xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã. Biblia Nusrɔ̃viawo xɔe se be madidi o woaɖo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” la ŋu. (Mateo 6:9, 10) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ asi trɔm le wo ŋu be woazu Kristotɔ ŋutifafalɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo le xexeame katã.

12. Aleke Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ va nya nu tso ƒe vevi aɖe ŋu?

12 Daniel ta 4 kple nyagblɔɖi bubu siwo me Biblia Nusrɔ̃viawo dzro tsitotsito na eme kɔ na wo be Yesu ƒe anyinɔnɔ anye Mesia Fia la anya tu aƒe. Wova se egɔme be ƒe 1914 anye ƒe si me ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo’ awu enu. (Luka 21:24; Xezekiel 21:26, 27) Biblia Nusrɔ̃viawo keke woƒe dɔa ɖe enu kpatakpata, eye woɖo Biblia klasewo (wova yɔ wo emegbe be hamewo) ɖe United States katã. Kaka ƒe alafa yeyea nadze egɔme la, woƒe Biblia-fiafiadɔa keke ta ɖo Europa kple Australasia. Ðoɖo nyui wɔwɔ va hiã.

13. Ðoƒe kae va su Biblia Nusrɔ̃viawo si le se nu, eye dɔ ɖedzesi kae Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ wɔ?

13 Be Biblia Nusrɔ̃viawo nanye habɔbɔ si woɖo le se nu la, wova de Zion ƒe Gbetakpɔxɔ Kple Trakt Habɔbɔ agbalẽ me le ƒe 1884 me le United States, eye eƒe dɔwɔƒegã nɔ Pittsburgh, Pennsylvania. Eƒe dɔdzikpɔlawoe nye Dziɖuha koŋ eye woawoe nɔ gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea le xexeame godoo dzi kpɔm. Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ, Charles T. Russell, ŋlɔ agbalẽ babla ade si nye Studies in the Scriptures eye ezɔ mɔ de didiƒewo nɔ gbeƒã ɖem. Azɔ hã etsɔ ga si wòkpɔ hafi dze eƒe Biblia nusɔsrɔ̃awo gɔme na bene woatsɔ awɔ xexeame katã ƒe Fiaɖuƒedɔa. Le ƒe 1916 me esime Aʋawɔwɔ Gã la nɔ edzi yim le Europa la, Nɔviŋutsu Russell si ŋu ɖeɖi te la ku le gbeƒãɖeɖemɔzɔzɔ aɖe me. Etsɔ eƒe nusianu na bene ɖaseɖiɖi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu nakeke ɖe enu.

14. Aleke J. F. Rutherford ‘ʋli ʋiʋli nyui lae’? (Timoteo II, 4:7)

14 Joseph F. Rutherford, amesi nye ʋɔnudrɔ̃la ɣeyiɣi kpui aɖe le Missouri ye va zu zimenɔla si kplɔe ɖo. Le alesi wònɔ Biblia ƒe nyateƒea ta ʋlim vɔvɔ̃manɔmee ta la, Kristodukɔa ƒe kplɔlawo wɔ ɖeka kple dunyahelawo ‘wodi nya na wo to se ŋudɔwɔwɔ me.’ Le June 21, 1918 dzi la, woxlẽ fɔɖiɖi vovovo na Nɔviŋutsu Rutherford kple Biblia Nusrɔ̃vi ŋkuta adre bubuwo hede wo game hena ƒe 10 alo 20. Biblia Nusrɔ̃viawo hã gbugbɔ ʋli nya la. (Psalmo 94:20; Filipitɔwo 1:7) Esi wobia be woagbugbɔ nya la adrɔ̃ la, woɖe wo le game le March 26, 1919 dzi, eye emegbe woɖe wo le alakpanya si wotsɔ ɖe wo ŋu be wonye dugbãlawo la me keŋkeŋ.b Nɔnɔme sia me toto trɔ asi le wo ŋu be wozu nyateƒea taʋlila kalẽwɔlawo. To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, wowɔ nusianu si woate ŋui be yewoaɖu gbɔgbɔmeʋa ɖesiaɖe dzi aɖe gbeƒã nyanyuia togbɔ be Babilon Gã la atsi tre ɖe yewo ŋu hã. Wole aʋa sia wɔm vaseɖe ƒe 1999 sia me ke.—Tsɔe sɔ kple Mateo, ta 23; Yohanes 8:38-47.

15. Nukatae ƒe 1931 nye ƒe vevi aɖe le ŋutinya me?

15 Le ƒe 1920 kple 1930 ƒeawo me la, woyi edzi trɔ asi le Mawu ƒe Israel ƒe amesiaminaawo ŋu le Zemela Gã la ƒe mɔfiafia te. Ŋɔŋlɔawo ƒe nyagblɔɖinyawo me va kɔ ɖe edzi wòde bubu Yehowa ŋu hetrɔ susu ɖe Yesu ƒe Mesia Fiaɖuƒea ŋu. Le ƒe 1931 me la, Biblia Nusrɔ̃viawo tsɔ aseyetsotso tsɔ ŋkɔ yeye si nye Yehowa Ðasefowo.—Yesaya 43:10-12; Mateo 6:9, 10; 24:14.

16 kple aɖaka si le axa 19. Ɣekaɣie ame 144,000 la ƒe xexlẽme bliboa de, eye nusia ƒe kpeɖodzi kae li?

16 Le ƒe 1930 ƒeawo me la, eva dze abe ɖe ame 144,000 siwo nye “ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo” ƒe xexlẽme de ene. (Nyaɖeɖefia 17:14; kpɔ aɖaka si le axa 19.) Míenya amesiamina nene nue woƒo ƒu le ƒe alafa gbãtɔa me kple ame alesinu woyɔ tso ‘gbe wuwluiawo’ dome le Kristodukɔa ƒe megbedeɣi doblukɔa me o. Gake le ƒe 1935 me la, gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 56,153 dometɔ 52,465 ye ɖee fia le xexeame godoo to Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu me be dziƒomɔkpɔkpɔ le yewo si. Ke nukae adzɔ ɖe ame gbogbo siwo nu woagaƒo ƒu dzi?

“Kpɔ Ða, Ameha Gã” Aɖe

17. Ŋutinya me nudzɔdzɔ vevi kae dzɔ le ƒe 1935 me?

17 Le takpekpe gã aɖe si wowɔ tso May 30 vaseɖe June 3, 1935 dzi, le Washington, D.C., U.S.A. la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo aɖe si womaŋlɔ be akpɔ o si ƒe tanyae nye “Ameha Hoo La.”c Ƒuƒoƒo sia si “ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la” ana woakpɔe be gbɔgbɔ me Israel-vi 144,000 la nutetre nɔ enu wum. Amesiawo hã aɖee afia be yewoxɔ “alẽvi [Yesu] ƒe ʋu la” ƒe tafexexeɖeta dzi se, eye woatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana le gbedoxɔ ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ na tadedeagu me. Ƒuƒoƒoa “[ado] go tso xaxa gã la me” agbagbee ava nɔ anyigba dzi Paradiso si me ‘ku maganɔ o’ la me. Ƒe geɖe do ŋgɔ na takpekpe gã ma la, woyɔa ƒuƒoƒo sia be Yonadabwo.—Nyaɖeɖefia 7:9-17; 21:4; Yeremya 35:10.

18. Mɔ kawo nue ƒe 1938 nye ƒe vevi le?

18 Ƒe 1938 nye ƒe vevi aɖe si me wote ŋu de dzesi hatsotso evea siaa le nyuie. Nyati si nye “Eƒe Alẽha,” si nɔ akpa eve me le March 15 kple April 1, 1938 ƒe Gbetakpɔxɔ me na amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛ ameha gã la siaa ƒe nɔƒewo dze kɔte. Emegbe nusɔsrɔ̃nyati siwo ƒo nu tso “Habɔbɔ” ŋu siwo wotu ɖe Yesaya 60:17 dzi nɔ June 1 kple June 15 ƒe tatawo me. Wogblɔ na hameawo katã be woabia tso Dziɖuha la si be wòatia subɔlawo na wo, ale be teokrasiɖoɖo si dzi Mawu da asi ɖo eye wòsɔ wu nava nɔ anyi. Nu ma tututue hameawo wɔ.

19 kple etenuŋɔŋlɔ. Nyateƒenya kawoe ɖo kpe edzi be ‘alẽ bubuawo’ yɔyɔ le edzi yim wu ƒe 60 fifia?

19 Nyatakaka si nɔ ƒe 1939 Yearbook of Jehovah’s Witnesses me gblɔ be: “Kristo Yesu yomedzela amesiamina siwo le anyigba dzi fifia megasɔ gbɔ o, eye womagadzi ɖe edzi gbeɖe o. Amesiawoe woyɔ le Ŋɔŋlɔawo me be Zion, Mawu ƒe habɔbɔ, ƒe dzidzimeviwo ƒe ‘ame susɔewo.’ (Nyaɖ. 12:17) Fifia la, Aƒetɔ la le eƒe ‘alẽ bubu’ siwo ava zu ‘ameha hoo’ la nu ƒom ƒu. (Yoh. 10:16) Amesiwo nu ƒom ƒu wole fifia nye ame susɔeawo ƒe zɔhɛwo, eye wole dɔ wɔm kple ame susɔeawo. Tso fifia dzi yina la, amesiwo nye ‘alẽ bubuawo’ anɔ agbɔ sɔm ɖe edzi vaseɖe esime woaƒo ‘ameha hoo’ la nu ƒu vɔ.” Zemela la trɔ asi le amesiaminawo ŋu be woakpɔ ameha gã la nuƒoƒoƒu dzi. Ele be woatrɔ asi le amesiawo hã ŋu azɔ.d

20. Hakplɔɖoɖo kawoe trɔ tso keke ƒe 1942 me ke?

20 Le January 1942 me esime Xexemeʋa II ɖo eƒe sesẽaƒe la, Joseph Rutherford ku eye Nathan Knorr va zu zimenɔla ɖe eteƒe. Woɖoa ŋku Habɔbɔa ƒe zimenɔla etɔ̃lia dzi lɔlɔ̃tɔe le teokrasi suku siwo wòɖo ɖe hamewo me kple Gilead Suku hena hehenana dutanyanyuigblɔlawo ta. Eɖe gbeƒãe le Habɔbɔa ƒe ƒe sia ƒe takpekpe me le ƒe 1944 me be wole asi trɔm le Habɔbɔa ƒe dɔwɔɖoɖowo ŋu ale be womaganɔ te ɖe ŋutilãmenudzɔdzɔwo dzi atia dɔdzikpɔhaa me nɔlawo azɔ o ke boŋ woanɔ te ɖe gbɔgbɔmemenyenye dzi. Le ƒe 30 siwo kplɔe ɖo me la, ame xexlẽme siwo nɔ dɔ wɔm le gbeadzi dzi ɖe edzi tso 156,299 va ɖo 2,179,256 le xexeame katã. Egava hiã le ƒe 1971-75 me be woagawɔ tɔtrɔwo le hakplɔɖoɖowo ŋu. Maganyo be ŋutsu ɖeka nanye zimenɔla akpɔ Fiaɖuƒedɔa ƒe nusianu dzi le anyigba dzi katã o. Wodzi Dziɖuha la, si ƒe zimenɔla woanɔ ɖɔliɖɔlim la me nɔlawo ɖe edzi woɖo amesiamina 18, eye woƒe afã kloe wu woƒe agbenɔnɔ nu le anyigba dzi fifia.

21. Nukae na alẽha suea me tɔwo dze na Fiaɖuƒe la?

21 Wotsɔ dodokpɔwo me toto ƒe geɖe trɔ asi le alẽha sue la me tɔ susɔeawo ŋu. Esi ‘gbɔgbɔa ɖi ɖase na wo’ ɖikekemanɔŋui ta la, dzi ɖo wo ƒo. Yesu gblɔ na wo be: “Miawo la miedo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene, bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.”—Romatɔwo 8:16, 17; Luka 12:32; 22:28-30.

22, 23. Aleke wole asi trɔm le alẽha suea kple alẽ bubuawo ŋui?

22 Esi amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ƒe susɔe siwo le anyigba dzi ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ta la, wona nɔviŋutsu bibi siwo nye ameha gã la me tɔwo le hameawo katã kloe ƒe gbɔgbɔmenyawo dzi kpɔm le xexeame godoo. Eye kaka ɖasefo amesiamina mamlɛtɔ siwo ku amegã nawu woƒe agbenɔnɔ nu le anyigba dzi la, ke wona hehe amegã, sa·rimʹ, siwo nye alẽ bubuawo me tɔwo nyuie be woanye amegãwo ƒe hatsotso le anyigba dzi awɔ dzikpɔkpɔdɔwo.—Xezekiel 44:3; Yesaya 32:1.

23 Zemela la yi edzi le asi trɔm le alẽha sue la kple alẽ bubuawo siaa ŋu be woanye goe siwo ŋu bubu le na zazã. (Yohanes 10:14-16) Eɖanye “dziƒo yeye” alo “anyigba yeye” lae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ o, mina míatso dzi blibo me atso ɖe Yehowa ƒe yɔyɔa ŋu, esi wòbe: “Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖaa le nusi wɔm mele la ŋuti, elabena kpɔ ɖa, mele [dziƒo] Yerusalem wɔm hena aseyetsotso, eye eƒe amewo hena dzidzɔkpɔkpɔ.” (Yesaya 65:17, 18, NW) Neva eme be mí amegbetɔ gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ siawo míabɔbɔ mía ɖokui asubɔ ɣesiaɣi, esi ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’—si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ—le asi trɔm le mía ŋu!—Korintotɔwo II, 4:7; Yohanes 16:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Esia nanye nuxlɔ̃ame na Kristodukɔ xɔsegbela la, si blema Israel nye kpɔɖeŋu na, be nenema ke Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu woawo hãe.—Petro I, 4:17, 18.

b Wova de Ʋɔnudrɔ̃la Manton si nye Roma Katolikotɔ si gbe be womada megbe na Biblia Nusrɔ̃viawo o la ŋutɔ hã gaxɔ me emegbe ɖe zãnuxɔxɔ ta.

c New World Translation of the Christian Greek Scriptures si woɖe ɖe go le ƒe 1950 me zã nyagbe “ameha gã” si nye gɔmeɖeɖe si sɔ wu na Helagbe me nya la si tso gbɔgbɔ me.

d Le ƒe 1938 me la, ame 73,420 ye de Ŋkuɖodzia ɖuƒe le xexeame katã, eye ame 39,225—si nye vavalawo dometɔ 53 le alafa me—ye ɖu kpɔɖeŋunuawo. Vaseɖe ƒe 1998 me la, vavalawo dzi ɖe edzi ɖo 13,896,312, eye ame 8,756 koe ɖu nuawo, si fia be le mamã dedie nu la, nuawo ɖulawo mede ame 1 le hame 10 me o.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Esi Yesu bɔbɔ eɖokui Fofoa trɔ asi le eŋu ta la, aleke wòva zu Kpɔɖeŋuɖola na míi?

◻ Asitɔtrɔ kae wowɔ le blema Israel ŋu?

◻ Aleke wole asi trɔm le “Mawu ƒe Israel” la ŋui vaseɖe fifia?

◻ Tameɖoɖo ka tae wotrɔa asi le ‘alẽ bubuawo’ ŋu ɖo?

[Aɖaka si le axa 18]

Wogawɔ Asitɔtrɔ le Kristodukɔa Me

Nyadzɔdzɔgblɔhawo ƒe Ƒuƒoƒo ƒe agbalẽ aɖe si tso Athens, Greece, na nyatakaka si gbɔna le Greece Orthodɔks Sɔlemeha ƒe nunɔla si woɖo nyitsɔ laa ŋu be: “Ŋutifafa ƒe dɔlae woɖoe be wòanye hafi. Gake Greece Orthodɔks Sɔlemeha la ƒe kplɔla le nu ƒom abe aʋafiae le dzadzram ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu ene.

“‘Ne wòhiã la, míele klalo be míakɔ ʋu ɖi asa vɔwo. Ŋutifafae mí sɔlemeha la míedoa gbe ɖa biana . . . Gake míeyraa amewunu kɔkɔeawo ne ɣeyiɣia bia nenema,’ Bisiɔpgã Christodoulos ye gblɔ nya siawo nyitsɔ laa le Ðetugbi Nɔaƒea ƒe Dziƒoyiyi ƒe ŋkekenyuiɖugbe si ganye Greece-srafowo ƒe ŋkekenyui.”

[Aɖaka si le axa 19]

“Womegale Amewo Tiam Kpee O!”

Le Gilead ƒe sukunuwugbe aɖe dzi le ƒe 1970 me la, Frederick Franz, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla teƒenɔla ɣemaɣi gblɔ na sukuviawo be ate ŋu adzɔ be woawo amesiwo nye alẽ bubuawo me tɔ siwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le la nanyrɔ ame aɖe si agblɔ be amesiamina susɔeawo dometɔ ɖekae yenye. Ðe wòate ŋu adzɔa? Eɖe eme be Yohanes Amenyrɔɖetsimela la nye alẽ bubuawo dometɔ ɖeka, eye eyae nyrɔ Yesu kple apostoloawo dometɔ aɖewo. Emegbe eyi edzi bia be ɖe wogadi kokoko be woagatia ame susɔe geɖe akpee hã. Egblɔ be: “Ao, womegale amewo tiam kpee o! Wowu yɔyɔ ma nu xoxoxo le ƒe 1931-35 me! Ame aɖeke megava le ekpem o. Ke amekawoe nye hadela yeye ʋee siwo va le Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖum? Ne ame susɔeawoe wonye la, ke ame aɖewo teƒee woxɔ ɖo! Menye ɖe wogatsɔ wo va kpe ɖe amesiaminawo ƒe xexlẽmea ŋu o, ke boŋ ɖe wole xɔxɔm ɖe amesiwo anya gbe xɔse la teƒe.”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Míedea asixɔxɔ míaƒe kesinɔnu si nye subɔsubɔdɔa ŋu ale gbegbe!

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Blema Israel va zu goe si dze be woagbã

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe