Kɔmiunisttɔwo Ƒe Mɔxeɖenu Te Nɔnɔ Ƒe 40 Kple Edzivɔ
ABE ALESI MIKHAIL VASILEVICH SAVITSKII GBLƆE ENE
April 1, 1956 ƒe Gbetakpɔxɔ ka nya ta be “wokplɔ [Yehowa Ðasefo] gbogbo aɖewo dzoe” le ƒe 1951 ƒe April 1, 7, kple 8 lia dzi. Gbetakpɔxɔa gblɔ be: “Yehowa ɖasefo siwo le Russia maŋlɔ ŋkeke siawo be gbeɖe o. Le ŋkeke etɔ̃ siawo dzi la, wode Yehowa ɖasefo siwo katã wokpɔ le Ɣetoɖoƒe Ukraine, White Russia [Belarus], Bessarabia, Moldavia, Latvia, Lithuania kple Estonia—wonye ŋutsu kple nyɔnu akpe adre kple edzivɔ . . . tasiaɖamwo me yi ɖe keteke dzeƒewo hede wo keteke siwɔ tsɔa nyiwo yi didiƒe ʋĩ.”
LE April 8, 1951 dzi la, wokplɔ srɔ̃nye, vinyeŋutsu si xɔ ɣleti enyi, dzinyelawo, tsɛnye, kple Ðasefo bubu geɖe siwo nɔ Ternopol’, Ukraine, kple du siwo ƒo xlãe me la dzoe tso woƒe aƒewo me. Esi wode wo keteke siwo wotsɔna tsɔa nyiwoe vɔ la, wozɔ mɔ kwasiɖa eve. Mlɔeba, woyi ɖaɖe wo kɔ ɖe Siberiatɔwo ƒe ave aɖe (avenyigba si gogo snonyigba) me le Baikal Ta ƒe ɣetoɖoƒe gome.
Nukata womekplɔm kpe ɖe wo ŋu o? Hafi magblɔ afisi menɔ ɣemaɣi kple nusi dzɔ ɖe mí katã dzi emegbe la, mina magblɔ alesi mewɔ va zu Yehowa Ðasefo la na mi.
Biblia ƒe Nyateƒea Ðo Mía Gbɔ
Le September 1947 me esi mexɔ ƒe 15 pɛ ko la, Yehowa Ðasefo eve va míaƒe aƒeme le Slaviatin kɔƒe sue si didi tso Ternopal’ gbɔ anɔ kilometa 50 la me. Esi mía kple Danye míenɔ anyi henɔ to ɖom sɔhɛ siawo—woyɔa ɖeka be Maria—la, medze sii be menye subɔsubɔha bubu aɖe koe esia nye o. Woɖe woƒe dzixɔse me heɖo míaƒe Biblia me biabiawo ŋu wome kɔ nyuie.
Mexɔe se be Mawu ƒe Nyae Biblia nye, gake nusiwo wofiana le sɔleme la na dzi ɖe le ƒonye. Tɔgbuinye gblɔna edziedzi be: “Nunɔlawo ƒoa nu tso funyafunyawɔame le dzomavɔ me ŋuti tsɔ doa ŋɔdzi na amewo, gake nunɔlaawo ŋutɔ mevɔ̃a naneke o. Ðeko wodaa adzo ame dahewo heblea wo.” Meɖoa ŋku ŋutasesẽnu siwo wowɔ ɖe Polandtɔ siwo nɔ míaƒe kɔƒe me ŋu kple alesi wotɔ dzo woƒe nuwo le Xexemeʋa II ƒe gɔmedzedzea me dzi. Nukutɔe la, Greece Katolikoha ƒe nunɔlae wɔ ɖoɖo ɖe amedzidzedze siawo ŋu. Emegbe mekpɔ ame gbogbo siwo wowu, eye medi vevie be manya nusitae wowɔ ŋutasẽnu siawo ɖo.
Esi Ðasefoawo nɔ Biblia srɔ̃m kplim la, meva nɔ egɔme sem. Mesrɔ̃ Biblia ƒe nyateƒe veviwo, kple nyateƒe si wònye be dzomavɔ aɖeke meli o kple be Satana Abosam zãa alakpasubɔsubɔ tsɔ doa aʋawɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi ɖe ŋgɔe. Ne mele ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm la, metɔna enuenu hedoa gbe ɖa daa akpe na Yehowa tso dzi me ɖe nusiwo srɔ̃m menɔ la ta. Mete Biblia ƒe nyateƒe siawo gbɔgblɔ na tsɛnye Stakh, eye dzi dzɔm esi wòlɔ̃ xɔe.
Nusi Mesrɔ̃ Tsɔtsɔ Wɔ Dɔe
Mede dzesii be ele be mawɔ tɔtrɔwo le ɖokuinye ŋu eye medzudzɔ atamanono enumake. Azɔ hã mekpɔ nusita wòhiã be maƒo ƒu kple amewo edziedzi hena Biblia-nusɔsrɔ̃ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo. Be mate ŋu ade la, mezɔa afɔ abe kilometa 10 ene toa avewo me yia teƒe ɣaɣla aɖe si wowɔa kpekpewo le. Ɣeaɖewoɣi la, nyɔnu ʋee aɖewo koe te ŋu vaa kpekpea, eye togbɔ be nyemexɔ nyɔnyrɔ haɖe o hã la, wobiana tso asinye be makpɔ edzi.
Afɔku nɔ eme be Biblia-srɔ̃gbalẽwo nanɔ ame si, eye wote ŋu dea amesi si wokpɔe le la mɔ wòdea ƒe 25. Ke hã, edzrom be agbalẽdzraɖoƒe nanɔ nye ŋutɔ asinye. Míaƒe aƒelikawo dometɔ ɖeka srɔ̃ nu kple Yehowa Ðasefowo kpɔ, gake edzudzɔ le vɔvɔ̃ ta, eye wòɖi eƒe agbalẽwo ɖe eƒe abɔ me. Aleke gbegbe meda akpee na Yehowa enye si esi ŋutsua yi ɖaho eƒe agbalẽwo kple magazinewo katã helɔ̃ tsɔ wo nam! Meɣla wo ɖe Papa ƒe anyiwo ƒe xɔwo me, afisi amewo masusu be yewoaka o.
Le July 1949 me la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖe nye adzɔgbeɖeɖea fia. Eyae nye ŋkeke si dzi dzi dzɔm wu le nye agbe me. Ðasefo si kpɔ adzame nyɔnyrɔxɔxɔa dzi te gbe ɖe edzi be Kristotɔ vavã nyenye mele bɔbɔe o eye be dodokpɔ geɖe le ŋgɔ. Eteƒe medidi o mekpɔ alesi eƒe nyawo nye nyateƒee! Ke hã, metsɔ dzidzɔ dze Ðasefo xɔnyɔnyrɔ ƒe agbe nɔnɔ gɔme. Esi mexɔ nyɔnyrɔ ɣleti eve megbe la, meɖe Maria, amesi nye ame eve siwo gblɔ nyateƒea na mía kple Dada la dometɔ ɖeka.
Nye Dodokpɔ Gbãtɔ Va Enumake
Le April 16, 1950 dzi la, metrɔ tso Podgaitsi, si nye du sue aɖe me yina aƒeme esime asrafowo kpem le vome hekpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo siwo metsɔ yina na míaƒe nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒoa la le asinye. Wolém. Le gamenɔnɔ ƒe ŋkeke ʋee gbãtɔawo me la, woƒom kple ati eye womeɖe mɔ nam be maɖu nu alo adɔ alɔ̃ o. Woɖe gbe nam hã be makpla asi ta ahabɔbɔ, atso, abɔbɔ, atso zi alafa ɖeka, eye ɖeɖi te ŋunye ale gbegbe be nyemete ŋu wu enu o. Le esia megbe me la, wodem xɔ aɖe si me fa heƒo tsi si le xɔa te la me hena gaƒoƒo 24 sɔŋ.
Ðe woɖoe wɔ ŋlɔmi le ŋunye be wòana mana ta eye be yewoate ŋu akpɔ nyatakakawo tso gbɔnye bɔbɔe. Wobiam be: “Afikae nèkpɔ agbalẽa tsoe, eye amekae nètsɔe yina na?” Megbe be nyemakɔ nu le naneke dzi o. Emegbe woxlẽ se si woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnum la ƒe akpa aɖe nam. Egblɔ be amesi mãa agbalẽ siwo tsi tre ɖe Soviet-dziɖuɖua ŋu eye wole esi la, woawui alo anɔ game ƒe 25.
Wobiam be: “Tohehea kae dze ŋuwò?”
Meɖo eŋu be: “Ðeke medze ŋunye o, gake meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye to eƒe kpekpeɖeŋu me la, maxɔ nusianu si ŋu wòaɖe mɔ ɖo.”
Ewɔ nuku nam be le ŋkeke adre megbe la, woɖe asi le ŋunye. Nuteƒekpɔkpɔ ma kpe ɖe ŋunye be mekpɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo ƒe nyateƒenyenye dze sii, esi wòbe: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.”—Hebritɔwo 13:5.
Kaka matrɔ va aƒeme la, medze dɔ vevie, gake Papa kplɔm yi ɖɔkta aɖe gbɔe, eye eteƒe medidi o mehaya. Togbɔ be Papa mexɔ ƒomea me tɔ mamlɛawo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi se o hã la, edoa alɔ mí le míaƒe subɔsubɔ me.
Gamenɔnɔ Kple Nyanya De Gbe
Le ɣleti aɖewo megbe la, wohem de Soviet-srafowo me. Meɖe nusitae nye dzitsinya maɖe mɔ nam o la me. (Yesaya 2:4) Ke hã le February 1951 me la, wotso nya me be manɔ game ƒe ene eye wokplɔm yi ɖade gaxɔ aɖe me le Ternopol’. Emegbe woɖem tso afima yi gaxɔ bubu me le L’viv, si nye dugã si gbɔ didi anɔ kilometa 120. Esi menɔ gaxɔa me le afima la, mese be wokplɔ Ðasefo geɖe ɖada ɖe Siberia.
Le ƒe 1951 ƒe dzomeŋɔli la, wokplɔ mí ame aɖewo to Siberia ŋu, yi keke Ɣedzeƒe ʋĩ ke. Míezɔ mɔ ɣleti ɖeka—ade kilometa 11,000—to nuto 11 siwo ƒe gaƒoƒo nɔa ŋgɔ na wo nɔewo me! Le ketekea me nɔnɔ kwasiɖa eve kple edzivɔ megbe la, zi ɖeka koe míetɔ ɖe teƒe aɖe eye wona míele tsi. Afisia nye ame hahoo ƒe tsileƒe gã aɖe le Novosibirsk, Siberia.
Le teƒea la, mese ŋutsua aɖe do ɣli kple gbe gã aɖe le gamenɔla gbogboawo dome gblɔ be: “Amekae nye Yonadab ƒe ƒomea me tɔ le afisia?” Wozã nya “Yonadab” ɣemaɣi tsɔ dea dzesi amesiwo si agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la. (Fiawo II, 10:15-17; Psalmo 37:11, 29) Enumake la, gamenɔla geɖe ɖe wo ɖokui fia be yewonye Ðasefowo. Dzidzɔ gã ŋutɔe wònye míetsɔ wɔ atuu na mía nɔewo!
Gbɔgbɔmedɔ Wɔwɔ le Gaxɔ Me
Esi míenɔ Novosibirsk la, míetia nya ɖeka aɖe si míatsɔ ade dzesi mía nɔewoe ne míeɖo mía dzeƒe. Gakpɔ si le Japan Ƒuta, afisi medidi tso Vladivostok gbɔ boo o mee mí katã míeva do ɖo. Míewɔ ɖoɖo na kpekpewo wɔwɔ edziedzi hena Biblia-sɔsrɔ̃ le afima. Nɔviŋutsu bibi siawo siwo tsi wum, eye woƒe gamenɔɣiwo didi wu la dome nɔnɔ do ŋusẽm le gbɔgbɔ me ŋutɔ. Woɖɔa li wo nɔewo kpɔa míaƒe kpekpeawo dzi eye wozãa Biblia kpukpuiwo kple numeɖeɖe siwo sɔ ɖe wo nu siwo dzi woɖo ŋkui tso Gbetakpɔxɔ magazinewo me.
Wobiaa nyawo, eye nɔviawo ɖoa wo ŋu. Mía dometɔ geɖe vuvua siminti kotoku hedea dzesi ŋuɖoɖoawo me nya veviwo ɖe wo dzi. Míedzraa nya vevi siawo ɖo eye míeblaa wo ɖekae be míazã abe míaƒe agbalẽdzraɖoƒe hena numekukuwo wɔwɔ ene. Le ɣleti aɖewo megbe la, wokplɔ amesiwo anɔ game eteƒe nadidi la yi ɖe gakpɔ siwo le keke Siberia ƒe dziehe ke la me. Woɖe mí nɔviŋutsu etɔ̃ siwo metsi fũ o la yi ɖe Nakhodka, si nye dugã si medidi tso mía gbɔ o, si made kilometa 650 tso Japan o me. Menɔ gaxɔ me le afima ƒe eve.
Míexɔa Gbetakpɔxɔ ɣeaɖewoɣi. Ezua míaƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu hena ɣleti geɖe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míedze lɛtawo hã xɔxɔ gɔme. Gbãtɔ si mexɔ tso nye ƒomea (amesiwo wonya de gbe fifia) gbɔ la na aɖatsi loló ɖe ŋku dzi nam. Emenyawo gblɔ abe alesi wogblɔe ɖe Gbetakpɔxɔ si me nyawo le nyati sia ƒe ŋgɔdonyawo mee ene be, woge ɖe Ðasefowo ƒe aƒewo me eye gaƒoƒo eve koe wona ƒomewo be woaʋu.
Megawɔ Ðeka Kple Nye Ƒomea Ake
Esi menɔ game ƒe eve le ƒe ene si wòle be manɔe megbe la, woɖe asi le ŋunye le December 1952 me. Meyi ɖe nye ƒomea gbɔ le Gadaley kɔƒe sue si tsɔ ɖe Tulun gbɔ, le Siberia, afisi wonya wo yii. Nyateƒee, edzɔ dzi nam ŋutɔ be megakpɔ wo ake—vinyeŋutsu Ivan gogo ƒe etɔ̃, eye vinyenyɔnu Anna hã gogo ƒe eve. Gake ablɔɖe mesu asinye keŋkeŋ o. Dumegãwo xɔ nye mɔzɔgbalẽ le asinye, eye wonɔ ɖiayem tututu. Nyemete ŋu zɔa mɔ tso aƒeme wòwua kilometa 3 o. Emegbe woɖe mɔ nam be mate ŋu ado sɔ ayi asi si le Tulun me. Le nuwɔwɔ ŋuɖɔɖotɔe me la, mekpena kple nɔvi Ðasefo siwo le afima.
Ɣemaɣi la, nyɔnuvi eve siwo ŋkɔe nye Anna kple Nadia kpakple ŋutsuvi eve siwo hã woyɔna be Ivan kple Kolya nɔ mía si. Le ƒe 1958 me la, míedzi ŋutsuvi bubu si ŋkɔe nye Volodya. Eye emegbe le ƒe 1961 me la, míegadzi vinyɔnu bubu si ŋkɔe nye Galia.
Zi geɖe la, KGB-tɔwo (si nye dukɔa ƒe dedienɔnɔ dɔwɔha tsã) léam hetea nunye me sena. Menye ɖeko wodi be yewoawɔe maʋu go hamea ŋu nyawo o ke wodi be yewoawɔe wòadze abe ɖe mele kpekpem ɖe wo ŋu ene hã. Eyata wokplɔam yia nuɖuɖudzraƒe nyui aɖee eye wodzea agbagba be yewoaɖe fotom esi mele nu kom hele dzidzɔ kpɔm kple yewo. Gake mekpɔ woƒe tameɖoɖoa do ŋgɔ, eye medzea agbagba ɖesiaɖe yɔa mo ɣeawokatãɣi. Ɣesiaɣi si wolém la, meva gblɔa nusi tututu dzɔ la na nɔviawo. Ewɔe be womekea ɖi nye nuteƒewɔwɔ o.
Kadodo Kple Gakpɔawo
Le ƒe gbogbo siwo va yi me la, wode Ðasefo alafa geɖe gakpɔwo me. Le ɣeyiɣi siawo me la, kadodo nɔ mía kple mía nɔvi siwo wode gae dome edziedzi míenaa agbalẽwo kaa wo si. Aleke míewɔnɛ? Ne woɖe asi le nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo ŋu tso gakpɔ aɖe me la, wona míenyaa mɔ siwo dzi míate ŋu ato atsɔ agbalẽwo age ɖe emee dzaa togbɔ be mɔxenu sesẽwo li hã. Anɔ ƒe ewo sɔŋ la, míete ŋu tsɔa magazine kple agbalẽ siwo míexɔna tsoa Poland kple dukɔ bubuwo me la yina na mía nɔvi siwo le gakpɔ siawo me.
Mía nɔvinyɔnu Kristotɔ geɖe tsɔa gaƒoƒo geɖe gbugbɔ ŋlɔa agbalẽawo me nyawo wonɔa sue ale gbegbe be woate ŋu aɣla magazine blibo ɖe dzositiɖaka me! Le ƒe 1991 me, esi woɖe mɔxeɖenua ɖa eye míexɔa magazine dzeani siwo le amadede vovovo me la, mía nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Fifia ya woaŋlɔ mí be.” Megblɔe nyuie o. Togbɔ be amegbetɔwo aŋlɔ nuteƒewɔla siawo ƒe dɔwɔnawo be hã la, Yehowa ya maŋlɔe be gbeɖe o!—Hebritɔwo 6:10.
Ʋuʋu Yi Teƒe Bubu Kple Nublanuinyawo
Le ƒe 1967 ƒe nuwuwu la, woka tsɛnye ƒe aƒe si le Irkutsk la me. Woke ɖe sinimawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋu. Wobu fɔe eye wodee mɔ ƒe etɔ̃. Gake womekpɔ naneke le míaƒe aƒeme esi wova ka eme o. Ke hã, dziɖuɖumegãwo ka ɖe edzi kokoko be míawo hã míele eme, eyata eva hiã be nye ƒomea naʋu adzo le nutoa me. Míeʋu yi ɣetoɖoƒe gome anɔ kilometa 5,000, va nɔ Nevinnomyssk-dugã si le Caucasus me. Míebiã ŋku ɖe vomeɖaseɖiɖi ŋu le afima.
Afɔku aɖe dzɔ le ƒe 1969 ƒe June me le suku mɔkeke ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Esi mía viŋutsu Kolya, amesi xɔ ƒe 12 nɔ agbagba dzem be yeatsɔ bɔl le mɔ̃ aɖe si trɔa asi le elektrikŋusẽ sesẽ ŋu xa la, elektrikŋusẽ ƒoe vevie ŋutɔ. Eƒe ameti bliboa ƒe akpa 70 kple edzivɔ le alafa me fiã. Le kɔa dzi la, etrɔ ɖe ŋunye biam be: “Ðe míagate ŋu ayi ƒukpoa dzi ɖekae akea?” (Ƒukpo aɖe si dzi míelɔ̃a yiyie wòwonɛ.) Meɖo eŋu be: “Ẽ, Kolya, míagayi ƒukpo ma dzi ake. Ne Yesu Kristo fɔ wò va agbeme la, míayi ƒukpo ma dzi kokoko.” Esi wònɔ ame me afã kple afã la, enɔ Fiaɖuƒea ƒe ha siwo doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ la dometɔ ɖeka si wolɔ̃a kuku kple kpẽ le hamea ƒe haƒolawo dome dzim. Eku le ŋkeke etɔ̃ megbe, eye eɖo ŋu ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu.
Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wotia mía viŋutsu, Ivan, amesi xɔ ƒe 20 la, be wòawɔ asrafodɔ. Esi wògbe la, wolée eye wònɔ gaxɔ me ƒe etɔ̃. Le ƒe 1971 me la, wotia nye hã eye wogblɔ be woadem mɔ esi megbe dɔa wɔwɔ ta. Wohe nye nya la ɣleti geɖe. Le ɣeyiɣi ma ke me la, kansa lé srɔ̃nye eye wòhĩa be woakpɔ egbɔ geɖe. Le esia ta, woɖe asi le nye nyaa ŋu. Maria ku le ƒe 1972 me. Enye kpeɖeŋutɔ ɖianukware, eye ewɔ nuteƒe na Yehowa vaseɖe eƒe ku me.
Míaƒe Ƒomea Kaka Ðe Duta
Meɖe Nina le ƒe 1973 me. Esi wòva zu Ðasefo ta la, fofoa nyãe le eƒeme le ƒe 1960 me. Enye subɔla dovevienu si hã nɔ nɔvinyɔnu siwo wɔ dɔ sesĩe le magazinewo ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ kakɛwo dzi na amesiwo nɔ gakpɔwo me la dome. Eƒe nu va dzɔ dzi na vinyewo hã.
Míaƒe dɔwɔwɔ le Nevinnomyssk ɖe fu na dziɖuɖumegãwo eye woƒoe ɖe mía nu be míadzo. Eyata le ƒe 1975 me la, mía kple srɔ̃nye kpakple vinyenyɔnuwo míeʋu yi Caucasus ƒe anyiehe nutome le Georgia. Le ɣeyiɣi ma ke me la, vinyeŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Ivan kple Volodya hã ʋu yi Dzhambul, si le Kazakstan ƒe anyiehe liƒo dzi.
Ðeko Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nɔ egɔme dzem le Georgia teti koe nye ma. Míewɔ vomeɖaseɖiɖidɔ le Gagra kple du siwo ƒo xlãe me kpakple le Sukhumi si le Black Sea Ƒuta eye le ƒe ɖeka megbe la, Ðasefo yeye ewo xɔ nyɔnyrɔ le todome tɔsisi aɖe me. Eteƒe medidi o dziɖuɖumegãwo te tɔ ɖe edzi be míadzo le nutoa me, eye míeʋu yi Georgia ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Le afima la, míedzi míaƒe agbagbadzedzewo ɖe edzi be míake ɖe amesiwo le abe alẽwo ene ŋu, eye Yehowa yra mí.
Míekpena le ƒuƒoƒo suewo me. Esi míese Georgiagbe o eye Georgiatɔ aɖewo hã medoa Russiagbe nyuie o ta la, gbegbɔgblɔ nye kuxi. Gbã la, Russiatɔwo ɖeɖekoe míesrɔ̃a nu kple. Gake eteƒe medidi o la, gbeƒãɖeɖe kple nufiafia le Georgiagbe me va nyo ɖe edzi, eye Fiaɖuƒe gbeƒãɖela akpe geɖe le Georgia fifia.
Le ƒe 1979 me la, KGB-tɔwo ƒe nyaƒoɖeamenu wɔe be amesi xɔm ɖe dɔ me gblɔ be yemegadi be yeakpɔm le yeƒe dukɔ me o. Ɣemaɣie vinyenyɔnu Nadia dze ʋufɔku si me eya kple vianyɔnu sue ku le. Danye wɔ nuteƒe na Yehowa vaseɖe esime wòku le Nevinnomyssk le ƒe si do ŋgɔ me eye wògblẽ fofonye kple nɔvinyeŋutsu ɖi. Eyata míeɖoe be míatrɔ ayi afima.
Dzidodo ƒe Yayrawo
Míeyi Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata dzi le adzame le Nevinnomyssk. Gbeɖeka le ƒe 1980 ƒeawo ƒe domedome esi dziɖuɖumegãwo yɔm bia gbem la, megblɔ na wo be meku drɔ̃e be menɔ míaƒe magazineawo ɣlãm. Woko nu. Esi menɔ dzodzom la, wo dometɔ ɖeka gblɔ nam be: “Mègaku drɔ̃ le alesi nàɣla miaƒe agbalẽwo ŋu azɔ o.” Eƒo eta be: “Eteƒe madidi o, àɖo agbalẽawo ɖe wò agbalẽti dzi, eye mia kple srɔ̃wò mialé mia nɔewo ƒe asi ahalé míaƒe Biblia ɖe asi ayi kpekpeawo.”
Le ƒe 1989 me la, blanui lé mí esi susume ʋukawo ƒe tete wu mía vinyɔnu Anna. Ƒe 38 koe wòxɔ. Le ƒe ma ke ƒe August me la, Ðasefo siwo nɔ Nevinnomyssk la da keteke hezɔ mɔ yi Warsaw, Poland, hena dukɔwo dome takpekpe wɔwɔ. Ame 60,366 siwo dome Soviet Union nɔvi akpe geɖe nɔ ye va. Ðeko wòwɔ na mí abe drɔ̃e kum míenɔ ene! Le ƒe eve kloe megbe, le March 27, 1991 dzi la, mɔnukpɔkpɔ su asinye menye hamemegã atɔ̃ siwo subɔ ƒe geɖe le Soviet Union la dometɔ ɖeka siwo de asi agbalẽ te wònye nudzɔdzɔ ɖedzesi le Moscow be wode dzesi Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔha le se nu!
Edzɔ dzi nam be vinye siwo gakpɔtɔ le agbe la le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Eye mele mɔ kpɔm na Mawu ƒe xexeme yeye si me mate ŋu akpɔ Anna, Nadia kple vianyɔnua, kpakple Kolya hã le. Ne wofɔe ɖe tsi tre la, mawɔ ɖe ŋugbe si medo nɛ be makplɔe yi ɖe ƒukpo si dzi yiyi dzɔa dzi na mí ale gbegbe le ƒe geɖe siwo va yi me la dzi.
Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye nam be mekpɔ alesi Biblia ƒe nyateƒea le tsitsim kabakabae le anyigba gã sia dzi! Nusiwo mewɔ le agbe me la do dzidzɔ nam ŋutɔ, eye meda akpe na Yehowa be wòna meva zu eƒe Ðasefowo dometɔ ɖeka. Meka ɖe Psalmo 34:9, me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi, si gblɔ be: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso.”
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Ƒe si me meyi nye ƒomea gbɔ le Tulun
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Etame: Fofonye kple vinyewo le míaƒe aƒe xa le Tulun, Siberia
Etame le ɖusime: Vinyenyɔnu Nadia kple vianyɔnu si wo kplii woku le ʋufɔku me
Ðusime: Ƒomea ƒe foto le ƒe 1968