INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 5/1 axa 3-4
  • Amesiame Di Be Yeavo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amesiame Di Be Yeavo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wokpɔtɔ le “Kɔsɔkɔsɔ Me”
  • Na Yehowa Nakplɔ Wò Ayi Ablɔɖe Vavãtɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Subɔ Yehowa, Ablɔɖe Ƒe Mawu La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Mɔ Si Dzi Míato Akpɔ Ablɔɖe Vavãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Amesiame Avo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 5/1 axa 3-4

Amesiame Di Be Yeavo

“Wodzi amegbetɔ ablɔɖemee, evɔ wòhele kɔsɔkɔsɔ me le afisiafi,” aleae Fransetɔ xexemenunyala Jean-Jacques Rousseau ŋlɔ le ƒe 1762 me. Be woadzi ame ablɔɖemee. Nukpɔsusu wɔnuku kae nye si! Gake abe alesi Rousseau de dzesii ene la, ame miliɔn geɖe menɔ ablɔɖe me kpɔ le ŋutinya me gbeɖe o. Ðe eteƒe la, wonɔ “kɔsɔkɔsɔ me” le woƒe agbemeŋkekewo katã me le nuɖoanyi si me dzidzɔ kple dzidzeme mavɔ kpɔkpɔ le agbe me mele o la me.

EGBEA ame miliɔn geɖe de dzesii be “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Esi ŋutsu kple nyɔnu nugãdilawo le ŋusẽkpɔkpɔ yome vivivo ta la, womesea veve aɖeke kura gɔ̃ hã ɖe ame bubuwo ƒe ablɔɖe si me gblẽm wole la nu o. Nyatakaka aɖe gblɔ be “amewuha wɔadãwo wu ame 21.” Nyatakaka bubu hã ƒo nu tso “amewo tsɔtsrɔ̃ ŋutasesẽtɔe” ŋu, be asrafowo ‘wu nyɔnu, ɖevi, kple ame tsitsi wɔnamanɔŋutɔ siwo mete ŋu ʋli wo ɖokui ta o, wotso ta le amewo nu, woda tu ta na dumevi dzro siwo nɔ game, eye wotsrɔ̃ kɔƒewo hewu amewo yakayaka.’

Eyata mewɔ nuku o be amewo dina vevie be yewoavo tso teteɖeanyi me, eye le nyateƒe me wowɔa avu ɖe eta hã! Ke hã nya wɔnublanui aɖee nye be zi geɖe la, avuwɔwɔ ɖe ame ɖeka ƒe ablɔɖekpɔkpɔ ta bia be woatu afɔ ame bubu ƒe gomenɔamesiwo kple ablɔɖe dzi. Le esia wɔwɔ me la, ŋutsu, nyɔnu kple ɖevi maɖifɔwo tsia eme godoo, eye wobua woƒe ku be “esɔ” elabena tameɖoɖo ɖɔʋu aɖe tae woku ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe si va yi me le Ireland la, bɔmb aɖe si “ablɔɖe taʋlilawo” ɣla ɖe ʋu me le du sue aɖe si ŋkɔe nye Omagh me la wu ame maɖifɔ 29 siwo nɔ tsitre ɖe teƒea lɔƒo eye ame alafa geɖe xɔ abi.

Wokpɔtɔ le “Kɔsɔkɔsɔ Me”

Ne avuwɔwɔa nu tso la, viɖe kae wokpɔna? Ne ‘ablɔɖe taʋlilaawo’ ɖu woƒe aʋaa dzi la, ablɔɖe sua wo si vasena ɖe afi aɖe. Ke hã ɖe wovona nyateƒea? Ðe menye nyateƒe be le nuto siwo wobe ablɔɖe le wu eye wogblɔ be wovo me gɔ̃ hã la, amewo gakpɔtɔ le aƒetɔ sẽŋutawo abe hiãkame, blibomademade, dɔléle, kple ku ƒe “kɔsɔkɔsɔ me” oa? Aleke ame ate ŋu agblɔ be yevo esime wògakpɔtɔ nye kluvi na nusiawo?

Blematɔ Biblia-ŋlɔla Mose ƒo nu wòsɔ pɛpɛpɛ kple alesi agbe nɔ na ame geɖe le ŋutinya me kple alesi wògakpɔtɔ le egbeae ŋu. Egblɔ be míate ŋu anɔ agbe ƒe 70 alo 80, ‘gake fuɖename kple hiã sɔŋ ye nɔa wo me.’ (Psalmo 90:10) Ðe nusia ava trɔ gbaɖegbea? Ðe wòanya wɔ be mí katã míava nɔ agbe le dzidzeme blibo me gbaɖegbe, eye vevesese kple vɔvɔ̃ si ɖea fu na ame geɖe egbea maganɔ anyi oa?

Biblia ɖo eŋu be ẽ! Eƒo nu tso “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe” ŋuti. (Romatɔwo 8:21) Mina míade ŋugble le ablɔɖe ma, si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe le ƒe alafa gbãtɔ me le lɛta aɖe si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma me ŋu nyuie. Le lɛta sia me la, Paulo ɖe alesi “ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe” vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa ate ŋu asu mía dometɔ ɖesiaɖe si me wòkɔ nyuie.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

From the book Beacon Lights of History, Vol. XIII

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe