INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 5/15 axa 25-28
  • Kristo Hamea—Enye Afisi Wokpɔa Ŋusẽdoame Tsonɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristo Hamea—Enye Afisi Wokpɔa Ŋusẽdoame Tsonɛ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ameléleɖete Kple Kpekpeɖeŋu
  • Kpekpeɖeŋu si Tso Dzikpɔla Lɔ̃amewo Gbɔ
  • Kpekpeɖeŋu Vavãtɔ le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi
  • Nunya si Tso Dziƒo
  • Mido Ŋusẽ Mia Nɔewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Mina Woatu Hame La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Hame La Nekafu Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Kpɔ Dedienɔnɔ Le Mawu Ƒe Amewo Dome
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 5/15 axa 25-28

Kristo Hamea—Enye Afisi Wokpɔa Ŋusẽdoame Tsonɛ

POPI si nye ɖetugbi aɖe si le eƒe ƒe 20-awo me la tɔtɔ le nɔnɔme vedziname si le woƒe ƒomea me si nye be wo kple edzilawo mete ŋu ɖoa dze tututu o la ta.a Esi wòɖe eƒe dzimenyawo gblɔ na Kristotɔ hamemegã aɖe kple srɔ̃a vɔ megbe la, eŋlɔ lɛta na wo bena: “Akpe na mi kakaka be miegbɔ dzi ɖi ƒo nu nam. Mienya alesi gbegbe mesenɛ le ɖokuinye me be mietsɔ ɖe le menye o. Meda akpe na Yehowa be wòna amesiwo dzi mate ŋu aka ɖo agblɔ nye nyawo na lam.”

Toula si srɔ̃ŋutsu ku nyitsɔ sia si si ƒewuivi eve le ɖo nɔnɔme sesẽwo kple seselelãme ƒe fuɖename kpakple gakuxiwo me. Atsu kple asi Kristotɔ aɖe si le woƒe hamea me yina ɖasrãa wo kple viawo kpɔna edziedzi hedoa ŋusẽ wo. Esi wòdze agbagba te ŋu to eƒe kuxiawo me la, eɖo akpedagbalẽvi ɖe wo, si me nyawo gblɔ ale: “Meɖoa ŋku mia dzi ɣesiaɣi le nye gbedodoɖawo me. Meɖoa ŋku kpekpeɖeŋu gbogbo si miena tsɔ lém ɖe tee la dzi.”

Ðe xexe sia ƒe nyaƒoɖeamenu siwo le dzidzim ɖe edzi na nèsenɛ le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be ‘agba le ye wuma?’ (Mateo 11:28) Ðe “azãgbe kple nuɖiɖeame” na dzigbãnyawo dzɔ ɖe dziwòa? (Nyagblɔla 9:11) Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Ke boŋ abe alesi ame akpe geɖe siwo dzi nu te ɖo kpɔ kpekpeɖeŋui ene la, wò hã àte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu vavã le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe hamea me. Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, apostolo Paulo kpɔe be haxɔsetɔ aɖewo na ‘kpekpeɖeŋu si do ŋusẽ’ ye etɔxɛe. (Kolosetɔwo 4:10, 11) Ate ŋu anɔ nenema le wò hã gowòme.

Ameléleɖete Kple Kpekpeɖeŋu

Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, woɖe nya “hame” tso Helagbe me nya ek·kle·siʹa me, si fia ameha aɖe si nu woƒo ƒu. Nusiwo dze le nya ma me ƒe ɖewoe nye ɖekawɔwɔ kple alɔdodo ame nɔewo.

Kristo-hamea ʋlia Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒea ta heɖea gbeƒã eƒe Fiaɖuƒe ŋutinya nyui la. (Timoteo I, 3:15; Petro I, 2:9) Gake hamea léa eme tɔwo ɖe te le gbɔgbɔ me hã. Woate ŋu akpɔ xɔlɔ̃ siwo lɔ̃a ame, tsɔa ɖe le eme na ame, eye woléa be na ame le hamea me, amesiwo le klalo eye wolɔ̃ faa be yewoana kpekpeɖeŋu amewo ahafa akɔ na wo ne woɖo xaxa me.—Korintotɔwo II, 7:5-7.

Yehowa subɔlawo kpɔnɛ ɣesiaɣi be yewole dedie eye woɖea dzi ɖi le eƒe hamea me. Hakpala la ɖee fia be dzi dzɔ ye eye yesee le ye ɖokui me be yenɔ dedie le Mawu ƒe hamea me tɔwo dome. (Psalmo 27:4, 5; 55:14; 122:1) Nenema ke egbea Kristo-hamea nye haxɔsetɔwo ƒe habɔbɔ si me tɔwo tua wo nɔewo ɖo hedea dzi ƒo na wo nɔewo.—Lododowo 13:20; Romatɔwo 1:11, 12.

Wofia Kristo-hamea me tɔwo be “[woawɔ] nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Nusɔsrɔ̃ si wotu ɖe Biblia dzi si woxɔna ʋãa wo be woaɖe nɔvilɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme afia wo nɔewo. (Romatɔwo 12:10; Petro I, 3:8) Gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me senɛ le wo ɖokui me be yewoanyo dɔme, anɔ anyi le ŋutifafa me, eye yewoakpɔ nublanui na yewo nɔewo. (Efesotɔwo 4:3) Le esi teƒe be woƒe tadedeagu nanye gotagomenuwɔwɔ ko la, wotsɔa ɖe le ame bubuwo me lɔlɔ̃tɔe.—Yakobo 1:27.

Eyata amesiwo ƒe dzi gbã kpɔnɛ be yewoke ɖe amesiwo lɔ̃a yewo eye wole abe ƒometɔwo na yewo ene le hamea me ŋu. (Marko 10:29, 30) Esi wosenɛ le wo ɖokui me be yewole ƒuƒoƒo si me ɖekawɔwɔ kplikplikpli kple lɔlɔ̃ le me ta la, edoa ŋusẽ wo. (Psalmo 133:1-3) “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la toa hamea dzi naa gbɔgbɔmenuɖuɖu damiwo “le ɣeyiɣi nyui dzi.”—Mateo 24:45.

Kpekpeɖeŋu si Tso Dzikpɔla Lɔ̃amewo Gbɔ

Kristo-hamea me tɔwo ate ŋu akpɔ mɔ be yewoakpɔ kplɔla lɔ̃ame senugɔmename siwo dze, amesiwo naa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu kple dzideƒo le hamea me. Kplɔla siwo si nɔnɔme siawo le le abe “sitsoƒe tso ya nu, [kple] bebeƒe tso tsidzadza nu” ene. (Yesaya 32:1, 2) Hamemegã alo dzikpɔla siwo gbɔgbɔa tia léa be na Mawu ƒe alẽha la, wodea dzi ƒo na esiwo dze dɔ helé blanui, eye wodia mɔnu kpena ɖe esiwo wɔ nuvɔ̃ ŋu be woagbugbɔ aɖo woƒe nɔnɔ.—Psalmo 100:3; Petro I, 5:2, 3.

Gake hamemegãwo ƒe hawo menye dɔyɔɖaŋuɖola alo dɔdala siwo te ŋu daa lãmedɔ alo tagbɔdɔ si dze wo hati xɔsetɔwo dzi o. Le nuɖoanyi sia me la, dɔnɔwo “hiãa gbedala” kokoko. (Luka 5:31) Ke hã kplɔla siawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu amesiwo wòhiã le gbɔgbɔ me. (Yakobo 5:14, 15) Azɔ hã hamemegãwo wɔa ɖoɖo naa kpekpeɖeŋu bubuwo ɣesiaɣi si wòanya wɔ.—Yakobo 2:15, 16.

Ameka gbɔe ɖoɖo sia si me lɔlɔ̃ le tso? Yehowa Mawu ŋutɔ gbɔe! Nyagblɔɖila Xezekiel gblɔ le Yehowa ŋu be: “Madi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu. . . . Madi wo aƒo ƒu tso teƒe, siwo katã woka hlẽ ɖo. . . . Nye ŋutɔ manyi nye alẽwo, eye mana woatsyɔ akɔ anyi ɖi.” Mawu tsɔ ɖe le alẽ beliwo kple esiwo gbɔdzɔ hã me.—Xezekiel 34:11, 12, 15, 16.

Kpekpeɖeŋu Vavãtɔ le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi

Ðe wokpena ɖe amewo ŋu ŋutɔŋutɔ le Kristo-hamea mea? Ẽ, kpɔɖeŋu siwo gbɔna ɖe nɔnɔme vovovo siwo me hamea kpe ɖe amewo ŋu le la fia.

◆ Lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku. Anna srɔ̃ŋutsu ku le ɣeyiɣi didi aɖe ƒe dɔléle megbe. Egblɔ be: “Tso ɣemaɣi la, nɔvi Kristotɔwo ɖea lɔlɔ̃ vavã fiam ɣesiaɣi. Nya fadziname siwo doa ŋusẽm hedea dzi ƒo nam siwo nye haxɔsetɔwo gblɔna nam ɣesiaɣi, hekpe ɖe woƒe asikplakɔname lɔlɔ̃tɔe ŋu na dzi dzɔam eye wòna mɔkpɔkpɔ mebu ɖem o, eye meda akpe na Yehowa. Lɔlɔ̃ si le wo me nam wɔe be mesenɛ le ɖokuinye me be wolém ɖe te sesĩe; wofa akɔ nam alesi woate ŋui, eye wolé be nam tufafatɔe.” Ðewohĩ wò hã lɔlɔ̃tɔ aɖe si ku na wò na nèse veve vevie. Le ɣeyiɣi mawo me la, hamea me tɔwo ate ŋu afa akɔ na wò ahakpe ɖe ŋuwò ŋutɔ le seselelãme gome.

◆ Dɔléle. Arthur si nye dzikpɔla mɔzɔla si tso Poland yina ɖasrãa hame siwo le Titina Asia kpɔna edziedzi be yeado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me. Le sasrãkpɔ siawo dometɔ ɖeka me la, eva dze dɔ vevie hayahaya zu agba. Arthur tsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ deto gblɔ be: “Medi be magblɔ alesi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le [du gã aɖe si le Kazakhstan] me kpɔ dzinyee na mi. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dometɔ geɖe nyemenya o—kple ɖetsɔlemetɔwo kura gɔ̃ hã—tsɔ ga, nuɖuɖu, kple atike vɛ nam. . . . Eye wowɔe kple dzidzɔ gã aɖe.

“Bu alesi mase le ɖokuinye me ŋu kpɔ esi mexɔ agbalẽ kotoku aɖe si me wode gae eye lɛta si kpe ɖe eŋu me nyawo xlẽ ale: ‘Nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ, mele lɔlɔ̃gbedonamewo ɖom ɖe wò. Dada nam ga be matsɔ aƒle ice cream, gake meɖoe be matsɔe na wò natsɔ aƒle atikee. Taflatse wò lãme nasẽ kaba. Yehowa hiã mí ɣeyiɣi didi. Meɖo nye nyuidinamewo ɖe wò. Yi edzi nàgblɔ ŋutinya tuameɖo geɖewo na mí. Nye, Vova.’ ” Ẽ, abe alesi wòdze le nya sia mee ene la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa le hamea me ate ŋu ana kpekpeɖeŋu tuameɖo le dɔléɣiwo.—Filipitɔwo 2:25-29.

◆ Blanuiléle. Enye Teri ƒe dzimedidi vevie be yeanye mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela. Gake eva hiã be wòadzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le kuxiwo ta. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be meɖi fɔ ŋutɔ esi medze agbagba be mawɔ subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia evɔ nyemete ŋu wɔe wòde ƒe ɖeka teti hã o.” Teri xɔe se vodadatɔe be dɔ agbɔsɔsɔme si yewɔ na Yehowa dzi koe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ye ŋu nɔ te ɖo. (Tsɔe sɔ kple Marko 12:41-44.) Esi wòlé blanui ale gbegbe ta la, eɖe eɖokui ɖe aga. Gake exɔ kpekpeɖeŋu fadziname tso hamea gbɔ.

Teri gblɔ be: “Nɔvinyɔnu mɔɖela tsitsi aɖe va kpe ɖe ŋunye enumake eye wòɖo tom esi meɖe nye dzimenyawo gblɔ nɛ. Esi medzo le eƒeme la, ɖeko wòwɔ nam abe agba kpekpe aɖee woɖe le dzinye ene. Tso ɣemaɣi dzi la, nɔvinyɔnu mɔɖela sia kple srɔ̃a si nye hamemegã na kpekpeɖeŋu geɖem. Woƒoa ka nam gbesiagbe biaa nye agbe ta sena. . . . Ɣeaɖewoɣi la, woɖea mɔ nam menɔa anyi kpɔa woƒe ƒome nusɔsrɔ̃ wɔƒe, esi na mekpɔ alesi wòle vevie be ɖekawɔwɔ kplikplikpli nayi edzi anɔ ƒomewo dome la dze sii.”

Ebɔ be ame geɖe—Kristotɔ ɖeadzɔgbewo kura gɔ̃ hã—nalé blanui, dzi naɖe le wo ƒo, eye be woatsi akogo. Aleke gbegbe míada akpee nye esi be wokpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe, ɖokuitɔmadimaditɔe, le Mawu ƒe hamea me!—Tesalonikatɔwo I, 5:14.

◆ Afɔkuwo Kple Nuɖiɖeamewo. Tsɔe be yele ƒome aɖe si me ame ene siwo bu woƒe nunɔamesiwo katã esi dzo fiã woƒe aƒe la me. Eteƒe medidi o woƒe asi su nusi woyɔ be “nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname aɖe si awɔ dɔ ɖe mía dzi tegbee eye wòna míekpɔ lɔlɔ̃ vavãtɔ si le Yehowa ƒe amewo dome la dze sii.” Woɖe eme be: “Kasia míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo tsɔ fafaname anukwaretɔe ƒo ka na mí madzudzɔmadzudzɔe hese veve ɖe mía nu be yewoana kpekpeɖeŋu mí. Kaƒoƒoa yi edzi enuenu. Alesi amesiame ɖe ɖetsɔleme akuakua kple lɔlɔ̃ fia míi wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe be míaƒe akpedada zu aɖatsi nɔ gegem le mo na mí.”

Eteƒe medidi o hamemegãwo ƒo nɔvi gbogbo aɖewo nu ƒu eye le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, wotu xɔ yeye na ƒome sia. Aƒelika aɖe gblɔ be: “Mikpɔ ɖa ko! Ameƒomevi ɖesiaɖe nɔ dɔ wɔm le afima—ŋutsuwo, nyɔnuwo, ameyibɔwo, Spaintɔwo!” Nɔvilɔlɔ̃ ƒe kpeɖodzi vavãe nye esia.—Yohanes 13:35.

Azɔ hã, hati Kristotɔwo na nudodo, nuɖuɖu, kple ga ƒomea. Vifofoa gblɔ be: “Kristmas ɖuɣi si amesiame le nu nam amewo ye nya sia dzɔ, gake míate ŋu agblɔ le nyateƒe me be dɔmenyo gbogbo akuakua si wowɔ na mí mesu ame bubu aɖeke si o.” Woyi edzi be: “Alesi dzoa gblẽ nui si dzi míeɖoa ŋkui la nu le yiyim vivivi eye dɔmenyo siwo wowɔ na mí kple xɔlɔ̃ nyui siwo va le mía si va le xɔxɔm ɖe eteƒe. Míeda akpe na míaƒe Dziƒofofo lɔ̃ame Yehowa be nɔviwo ƒe ƒome si me ɖekawɔwɔ le ale gbegbe le mía si le anyigba dzi, eye enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míawo hã míenye eme tɔwo!”

Ele eme be mele bɔbɔe be woakpɔ nuwo gbɔ alea le dzɔgbevɔ̃e siawo tɔgbe ɖesiaɖe si adzɔ me ya o, eye míekpɔa mɔ nɛ hã o. Gake kpɔɖeŋu sia ɖe alesi hamea ate ŋu ana kpekpeɖeŋui la fia.

Nunya si Tso Dziƒo

Ame geɖewo kpɔ teƒe bubu si kpekpeɖeŋu kple ŋusẽ tsona vana le Kristo-hamea me. Eyae nye nuka? Eyae nye agbalẽ siwo ŋu “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la trɔa asi le. Agbalẽawo dometɔ siwo ɖe dzesi vevie le wo mee nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Mawu ƒe nunya si le Biblia me koŋ dzie wotu agbalẽ siawo ɖo be woate ŋu ato wo dzi aɖo aɖaŋu gɔmesese nanɔ eŋu eye wòanye esi woate ŋu atsɔ awɔ dɔe. (Psalmo 119:105) Hekpe ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyatakakawo ŋu la, wowɔ numekuku deto siwo ŋu kpeɖodzi le tso nyati siwo ku ɖe blanuilédɔwo, ŋutasesẽ le ame ŋu me tsonuwo dzi ɖuɖu, hadome kple ga kuxi vovovowo, kuxi siwo sɔhɛwo dzea ŋgɔe, kple nya sesẽ siwo ɖea fu na dukɔ madeŋgɔwo ŋu. Ƒo wo katã ta la, agbalẽ siawo ʋlia Mawu ƒe mɔ ta be eya koe nye agbemɔ nyuitɔ kekeake.—Yesaya 30:20, 21.

Ƒe sia ƒe la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa xɔa akpedalɛta akpe geɖe tsoa amewo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui aɖe si tso Russia ŋlɔ nu tso Nyɔ! me nyati aɖe si ƒo nu tso ameɖokuiwuwu ŋuti bena: “Esi nuxaxa xɔa menye ɣesiaɣi ta la, . . . metee kpɔ zi geɖe be mawu ɖokuinye. Nyati sia kpe ɖe ŋunye mexɔe se be Mawu akpe ɖe ŋunye makpɔ nye kuxiwo gbɔ. Edi be manɔ agbe. Meda akpe nɛ ɖe kpekpeɖeŋu si wònam to nyati sia dzi ta.”

Ne xexe sia me kuxiwo nu le sesẽm evɔ naneke meli nàwɔ o la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be dedienɔƒe li na wò le Kristo-hamea me. Nyateƒee, ne nuɖoanyi sia si me lɔlɔ̃ mele o ƒe dzogbe siwo ƒu kplakplakpla le tsi nom le lãme na wò hã la, àte ŋu akpɔ tsidzɔƒe le kuɖiɖinyigba dzi le Yehowa ƒe habɔbɔa me si ana ŋusẽ yeye nagaɖo ŋuwò. Ne èxɔ kpekpeɖeŋu sia tɔgbe la, ɖewohĩ wò hã wò seselelãmewo asɔ kple Kristotɔ nyɔnu aɖe si te ŋu nɔ te ɖe srɔ̃aŋutsua ƒe dɔléle sesẽ nu tɔ, esi ŋu wòŋlɔ le bena: “Le Alesi wolɔ̃ mí helé be na míi ta la, ɖeko wòwɔ nam abe Yehowae kɔ mí ɖe eƒe asi me to xaxa sia mee ene. Aleke gbegbe medaa akpee nye si be menye Yehowa ƒe habɔbɔ wɔnukua me tɔ!”

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Míate ŋu anye amesiwo gbɔ dɔnɔwo, amesiwo ame ku na, kple ame bubuwo kpɔa ŋusẽdoame tsona

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe