“Luʋɔnye, Kafu Yehowa”
NANCY gblɔ be: “Le dzinu ʋee siwo va yi me la, subɔsubɔdɔa wɔwɔ tiam eye dzi megadzɔam o.”a Enye mɔɖela, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbeƒãɖela ade ƒe ewo sɔŋ. Gake egblɔ kpee be: “Nusi le dzɔdzɔm ɖe dzinye medo dzidzɔ nam o. Ewɔ nam abe ɖeko mele Fiaɖuƒegbedasia gblɔm ɖewoɖewoe ene eye metso nye dzime o. Nukae mawɔ?”
Bu Keith, si nye hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me, ƒe nya hã ŋu kpɔ. Ewɔ nuku nɛ ale gbegbe esi srɔ̃a gblɔ be: “Ànya nɔ nane ŋu bum. Le gbe si nèdo ɖa fifia me la, èda akpe ɖe nuɖuɖu ta, evɔ menye nue míebe míaɖu o!” Keith lɔ̃ ɖe edzi be: “Mekpɔe dze sii be nye gbedodoɖawo va zu nya ɖeka ŋugbe ko gbɔgblɔ.”
Ðikekemanɔmee la, màdi be yeƒe kafukafu tsɔtsɔ na Yehowa Mawu nazu nusi nàwɔ ɖewoɖewoe ɖekematsɔlemetɔe o. Ke boŋ àdi be wòatso dzi me na ye, wòatso akpedada ƒe seselelãmewo me. Gake seselelãme menye awu woado alo aɖe o. Ele be wòatso amea ƒe dzi me. Aleke woate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi me afiae? Psalmo 103 lia kɔ nu me na mí tso esia wɔwɔ ŋu.
Blema Israel Fia Dawid ye kpa Psalmo 103 lia. Etsɔ nya siawo dze egɔmee be: “Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye nusianu, si le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!” (Psalmo 103:1) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Nya yra, [si wozã le Eŋlisigbe me na kafu] zazã na Mawu, fiana ɣesiaɣi be woakafui, si le fiafiam be woaɖe lɔlɔ̃ si nu sẽ ŋutɔ kpakple akpedada ƒe nɔnɔme afiae.” Esi Dawid di be yeakafu Yehowa tso dzi si me yɔ kple lɔlɔ̃ kple akpedada ta la, exlɔ̃ nu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ—eɖokui—be “kafu Yehowa.” Gake nukae na Dawid kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe Mawu si wòsubɔna ŋu alea?
Dawid yi edzi be: “Megaŋlɔ [Yehowa ƒe] nyuiwɔwɔwo katã be o!” (Psalmo 103:2) Edze ƒã be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu do ƒome kple ŋugbledede ŋudzedzekpɔkpɔtɔe le “eƒe nyuiwɔwɔwo katã” ŋu. Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kawo tututue nɔ susu me na Dawid? Ŋkuléle ɖe Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu, abe dziŋgɔli si me yɔ tititi kple ɣletiviwo ne yame kɔ nyuie le zã me ate ŋu ana akpedada na Wɔla la naxɔ ame ƒe dzi me vavã. Dziƒoɣletiviawo wɔ dɔ ɖe Dawid dzi vevie. (Psalmo 8:3, 4; 19:1) Gake Dawid ɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔ bubu dzi le Psalmo 103 lia me.
Yehowa “Tsɔa Wò Vodadawo Katã Kea Wò”
Dawid ƒo nu tso Mawu ƒe amenuvevenuwɔnawo ŋu le Psalmo sia me. Esi wònɔ nu ƒom tso nuwɔna siawo ƒe gbãtɔ ŋu la, edzi ha be: ‘Yehowa tsɔa wò vodadawo katã kea wò.’ (Psalmo 103:3) Dawid ƒe nuvɔ̃ siwo wòwɔ le nyanya na eya ŋutɔ nyuie. Esi nyagblɔɖila Natan tsɔ Dawid kple Bat-Seba ƒe ahasiwɔnyaa tu Dawid vɔ megbe la, elɔ̃ ɖe edzi be: “Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nusi nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ.” (Psalmo 51:6) Tso dzi si gbã me la, eɖe kuku be: “Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa! Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!” (Psalmo 51:3, 4) Aleke gbegbe Dawid ada akpee nye si be wotsɔ yeƒe nuvɔ̃a ke ye! Esi wònye amegbetɔ madeblibo ta la, ewɔ nuvɔ̃ bubuwo hã le eƒe agbe me, gake megbe dzimetɔtrɔ, mokaname xɔxɔ, kple eƒe mɔwo ɖɔɖɔɖo gbeɖe o. Dawid ƒe ŋugbledede le Mawu ƒe amenuvevenuwɔna wɔnuku siwo wòɖe fiae ŋu ʋãe be wòakafu Yehowa.
Ðe menye nuvɔ̃wɔlawoe míawo hã míenye oa? (Romatɔwo 5:12) Apostolo Paulo kura gɔ̃ hã fa konyi be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me. O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?” (Romatɔwo 7:22-24) Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye si be Yehowa meléa míaƒe dzidadawo ɖi ɖikaa o! Ne míetrɔ dzime hebia tsɔtsɔke la, elɔ̃na faa tutua wo ɖa.
Dawid ɖo ŋku edzi na eɖokui be: ‘Yehowa daa gbe le yeƒe dɔlélewo katã ŋu.’ (Psalmo 103:3) Esi gbedada nye kpekpeɖeŋu nana ame be wòagbugbɔ aɖo eƒe nɔnɔme ta la, eku ɖe nu geɖe ŋu wu nuvɔ̃ tsɔtsɔ ake ko. Eku ɖe “dɔlélewo”—siwo nye míaƒe nuwɔna gbegblẽwo me tsonu vɔ̃awo ɖeɖeɖa ŋu. Le xexe yeye si Yehowa awɔ me la, aɖe ŋutilã me nuvɔ̃ me tsonuwo abe dɔléle kple ku ɖa keŋkeŋ. (Yesaya 25:8; Nyaɖeɖefia 21:1-4) Gake egbea kura gɔ̃ hã la, Mawu daa gbe le míaƒe gbɔgbɔmedɔlélewo ŋu. Esiawo ƒe ɖe le ame aɖewo gomee nye dzitsinya gbegblẽ, kple wo kple Mawu dome ƒomedodo si me gblẽ. “Mègaŋlɔ” nusi Yehowa wɔ na mía dometɔ ɖesiaɖe xoxo le nya sia ŋuti “be” o.
‘Eɖea Wò Agbe tso Gbegblẽ Me’
Dawid dzi ha be: “[Yehowa] ɖea wò agbe tso gbegblẽ me.” (Psalmo 103:4) Ameƒomea ƒe yɔdo—si nye Sheol alo Hades ye nye “gbegblẽ me” si ŋu woƒo nu tsoe le afisia. Hafi Dawid nava zu Israel-fia gɔ̃ hã la, eɖo ku ƒe ŋɔdzi me kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, Israel Fia Saul lé fu Dawid helĩhelĩ hete kpɔ zi geɖe be yeawui. (Samuel I, 18:9-29; 19:10; 23:6-29) Filisitɔwo hã di be yewoawu Dawid. (Samuel I, 21:10-15) Gake ɣesiaɣi la, Yehowa ɖee tso ‘ku si me.’ Aleke gbegbe Dawid ada akpee nye si esi wònɔ ŋku ɖom Yehowa ƒe nuwɔwɔ siawo dzi!
Wò hã ɖe? Yehowa do ŋusẽ wò le blanuiléle alo nyadzɔɖeamedziwo me kpɔa? Alo ènya nu tso nudzɔdzɔ aɖewo siwo me wòɖe eƒe Ðasefo wɔnuteƒewo ƒe agbe tso Sheol si me le míaƒe ɣeyiɣiawo me ŋua? Ðewohĩ eƒe ameɖeɖe ŋuti nuŋlɔɖi siwo nèxlẽ le magazine sia ƒe tatawo me wɔ dɔ ɖe dziwò. Nukatae màgbɔ dzi ɖi ade ŋugble le Mawu vavã la ƒe nuwɔna siawo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe o? Eye enye nyateƒe be, ele be mí katã míada akpe na Yehowa ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ta.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.
Yehowa na agbe kple nusi ana agbea navivi eye taɖodzinu nanɔ eŋu la siaa mí. Hakpala la gblɔ be Mawu “[tsɔa] amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò.” (Psalmo 103:4) Le hiãtuameɣiwo la, Yehowa megblẽa mí ɖi o, ke etoa eƒe habɔbɔ si wokpɔna kple hamemegã siwo wotia, alo kplɔlawo, le hamea me dzi naa kpekpeɖeŋu mí. Kpekpeɖeŋu sia doa ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu be míado ŋukpe mía ɖokui alo aɖe bubu le mía ɖokui ŋu o. Kplɔla Kristotɔwo léa be na alẽawo vevie. Wodea dzi ƒo na amesiwo dze dɔ kple amesiwo lé blanui eye wowɔa nusianu si woate ŋui be woakpe ɖe amesiwo dze anyi ŋu be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu. (Yesaya 32:1, 2; Petro I, 5:2, 3; Yuda 22, 23) Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋãa kplɔla siawo be woaɖe nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ afia alẽha la. Eƒe “amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ” le abe fiakuku si ɖoa atsyɔ̃ na mí henaa bubu nɔa mía ŋu ene vavã! Mina míakafu Yehowa kple eƒe ŋkɔ kɔkɔe la, eye míagaŋlɔ eƒe nuwɔnawo be akpɔ gbeɖe o.
Esi hakpala Dawid yi nuxɔxlɔ̃ eɖokui dzi la, edzi ha be: “[Yehowa] tsɔa nu nyui ɖia ƒo na wò amegãkuku, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.” (Psalmo 103:5) Agbe si Yehowa nana nye esi me dzidzeme kple dzidzɔ le. Sidzedze nyateƒea ɖeɖe kura nye kesinɔnu si ɖeke mesɔ kple o eye wònye dzidzɔtsoƒe gã aɖe! Eye bu alesi dɔ si Yehowa de asi na mí be míawɔ, si nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ naa míaƒe dzi dzea emee ŋutɔ la ŋu kpɔ. Aleke wònyea dzidzɔe enye si be nàkpɔ ame aɖe si tsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃ tso Mawu vavã la ŋu me eye be nàkpe ɖe ame ma ŋu be wòava nya Yehowa ahakafui! Gake eɖanye be ame aɖe si le míaƒe nutome se nyaa alo mesee o, mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be nàkpɔ gome le dɔ aɖe si ku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋutikɔkɔ kple eƒe fianyenye taʋiʋli ŋu wɔwɔ me.
Ameka ŋue ɖeɖi metena alo megbɔdzɔna o esi wòle kutri kum le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe dɔa me? Gake Yehowa yia edzi naa ŋusẽ yeye gaɖoa eƒe subɔlawo ŋu, eye wonɔna ‘abe hɔ̃’ siwo si aʋala sesẽwo le eye wodzona yia yame ʋĩ la ene. Aleke gbegbe míada akpee be míaƒe Dziƒofofo lɔ̃amea naa “ŋusẽ geɖe” mí alea be míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa nuteƒewɔwɔtɔe gbawotsyogbee nye si!—Yesaya 40:29-31.
Le kpɔɖeŋu me: Clara wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ eye wòtsɔa gaƒoƒo si ade 50 wɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa ɣleti sia ɣleti. Egblɔ be: “Ðeɖi tea ŋunye ɣeaɖewoɣi gake esi wònye mewɔ ɖoɖo be mazɔ kple ame aɖe ta la, medzea agbagba yia gbeadzi. Gake ne menya yi ko la, ŋusẽ gaɖoa ŋunye godoo.” Ðewohĩ ŋusẽ si ɖoa ame ŋu le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me ɖo wò hã ŋuwò kpɔ. Neva eme be nàsee le ɖokuiwò me agblɔ abe alesi Dawid gblɔe ene le Psalmo sia ƒe gɔmedzenyawo me be: “Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye nusianu si le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!”
Yehowa Ðea Eƒe Amewo
Hakpala la gadzi ha be: “Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na amesiwo katã wote ɖe anyi la. Ena Mose nya eƒe mɔwo, eye wòna Israel-viwo nya eƒe nuwɔwɔwo.” (Psalmo 103:6, 7) Anɔ eme be alesi Egiptetɔ ameteɖeanyilawo ‘te’ Israel-viwo ‘ɖe anyi’ le Mose ƒe ŋkekeawo mee ŋu bumee Dawid nɔ. Ŋugbledede le alesi Yehowa na Mose nya mɔ si dzi wòato aɖe wo ʋã Dawid ƒe dzi be wòada akpe.
Ne míede ŋugble le alesi Mawu wɔ nu kple Israel-viwoe ŋu la, ŋudzedzekpɔkpɔ ayɔ míawo hã me nenema ke. Gake mele be míaŋlɔ ŋugbledede le Yehowa ƒe egbegbe subɔlawo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo abe esiwo ŋu woƒo nu tsoe le agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom ƒe ta 29 kple 30 me la be o. Nudzɔdzɔ siwo ŋu kpeɖodzi le woŋlɔ ɖe eme kple esiwo woŋlɔ ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubuwo me kpe ɖe mía ŋu míekpɔ alesi Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu le míaƒe ɣeyiɣiawo me be wodo dzi le gaxɔmenɔnɔ, nuvlowɔhawo ƒe amedzidzedze, mɔxeɖenuwo, fuwɔamegaxɔwo, kple kluviwo ƒe dɔwɔsaɖawo mee. Wodo go tetekpɔwo le dukɔ siwo me aʋawɔwɔ gblẽ nu le me, abe Burundi, Liberia, Rwanda, kple Yugoslavia si nɔ anyi tsã ene. Ɣesiaɣi si woati wo yome la, Yehowa ƒe asi léa esubɔla nuteƒewɔlawo ɖe te godoo. Ŋugbledede le mía Mawu gã, Yehowa, ƒe nuwɔna siawo ŋu ate ŋu aɖe vi na mí abe alesi ŋugbledede le ɖeɖekpɔkpɔ tso Egipte ŋuti nuŋlɔɖia ɖe vi na Dawid ene.
Bu alesi Yehowa ɖea mí lɔlɔ̃tɔe tsoa nuvɔ̃ ƒe agba te hã ŋu. Ena ‘Kristo ƒe ʋu klɔa míaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo’ me. (Hebritɔwo 9:14) Ne míetrɔ dzime tso míaƒe nuvɔ̃wo me henɔ te ɖe Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzi bia tsɔtsɔke la, Mawu tea míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔ—abe “alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe” ene—eye wògayia edzi kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu. Eye bu Yehowa ƒe nunana siwo nye Kristotɔwo ƒe kpekpewo, hadede tuameɖo, kplɔla siwo le hamea me, kple agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi siwo míexɔna tsoa “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la gbɔ hã ŋu kpɔ. (Mateo 24:45) Ðe Yehowa ƒe nuwɔna siawo katã mekpena ɖe mía ŋu be míado ŋusẽ mía kplii dome ƒomedodo oa? Dawid gblɔ be: “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. . . . Mewɔna na mí ɖe míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.” (Psalmo 103:8-14) Ŋugbledede le alesi Yehowa léa be na mí lɔlɔ̃tɔe ŋu ate ŋu aʋã mí godoo be míakafu Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ahadoe ɖe dzi.
“Mikafu Yehowa, Mi Eƒe Nuwɔwɔwo Katã”
Ne míetsɔ ‘amegbetɔ si kuna’ ƒe ‘agbemeŋkekewo’ sɔ kple Yehowa, ‘Mawu mavɔmavɔtɔ’ la tɔ la, amegbetɔ ƒe agbenɔƒewo le kpuie nyateƒe—wole ‘abe gbe tɔ ene.’ Gake Dawid gblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo, na amesiwo léa eƒe nubabla me ɖe asi, eye woɖoa ŋu eƒe seawo, ne woawɔ wo dzi.” (Mose I, 21:33; Psalmo 103:15-18) Yehowa meŋlɔa amesiwo vɔ̃nɛ be o. Le eƒe ɣeyiɣi si sɔ dzi la, ana agbe mavɔ wo.—Yohanes 3:16; 17:3.
Esi Dawid nɔ alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe fianyenye ŋu ɖem fia la, egblɔ be: “Yehowa li eƒe fiazikpui ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.” (Psalmo 103:19) Togbɔ be Yehowa ɖe eƒe fianyenye fia wokpɔ to Israel ƒe fiaɖuƒe dzi ɣeaɖeɣi hã la, dziƒoe eƒe fiazikpuia le ŋutɔŋutɔ. Esi wònye Yehowae nye nuwo katã Wɔla ta la, eyae nye xexeame katã ƒe Aƒetɔ kple Dziɖulagã, Mawu si wɔa nusi dze eya ŋutɔ ŋu le dziƒo kple anyigba dzi le eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖowo nu.
Dawid xlɔ̃ nu nuwɔwɔ siwo nye dziƒodɔlawo kura gɔ̃ hã. Edzi ha be: “Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe! Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã, mi eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu! Mikafu Yehowa, mi eƒe nuwɔwɔwo katã le eƒe dziɖuƒewo katã me! Luʋɔnye, kafu Yehowa!” (Psalmo 103:20-22) Ðe mele be míaƒe tamebubu le Yehowa ƒe amenuvevenuwɔna siwo wòɖe fia mí ŋu naʋã míawo hã be míakafui oa? Ele be wòaʋã mí godoo! Eye kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be ne míekafua Mawu la, míaƒe gbe mabu ɖe ekafulawo ƒe gbeɖiɖi gã si me mawudɔla dzɔdzɔewo gɔ̃ hã tɔ le dome o. Mina míakafu míaƒe Dziƒofofoa tso dzi blibo me, eye míaƒo nu nyui tso eŋu ɣesiaɣi. Nyateƒee, mina míalɔ̃ ɖe Dawid ƒe nyawo dzi tso dzi me be: “Luʋɔnye, kafu Yehowa.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo dometɔ aɖewo.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Dawid de ŋugble le Yehowa ƒe amenuvevenuwɔnawo ŋu. Wò hã èdea ŋugble le wo ŋua?