INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 6/1 axa 14-19
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe “Nunana Siwo Nye Amewo” Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe “Nunana Siwo Nye Amewo” Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Míenye Miaƒe Hadɔwɔlawo’
  • Kpekpe Ðe Amewo Katã Ŋu be Woasubɔ Kple Dzidzɔ
  • ‘Miɖo To eye Mibɔbɔ Mia Ðokui’
  • ‘Mibu Wo Geɖe Ŋutɔ’
  • ‘Amesiwo Wotsɔ Na Mí’ Be Woakpɔ Yehowa Ƒe Alẽwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Mide Bubu Ame Siwo Le Dɔ Wɔm Sesĩe Le Mia Dome La Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Hamemetsitsiwo—​‘Wonye Hadɔwɔlawo Na Míaƒe Dzidzɔkpɔkpɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Hamemetsitsiwo, Miyi Edzi Miasrɔ̃ Apostolo Paulo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 6/1 axa 14-19

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe “Nunana Siwo Nye Amewo” Ŋu

‘Mibu amesiwo wɔa dɔ vevie le mia dome ŋu, eye miabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta.’—TESALONIKATƆWO II, 5:12, 13.

1. Le Dɔwɔwɔwo 20:35 ƒe nya nu la, ŋusẽ kae nunana kpɔna ɖe ame dzi? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

“DZIDZƆ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW) Àte ŋu aɖo ŋku zi mamlɛtɔ si Yesu ƒe nya mawo va eme na wò dzia? Ðewohĩ nunana aɖee nèna ame aɖe si gbɔ mèlɔ̃a nu le o. Anɔ eme be èbu eŋu nyuie hafi tia nu ma, le esi nèdi be wòanye nane si alé dzi na yeƒe lɔlɔ̃tɔa ta. Ŋudzedzekpɔkpɔ si dze le wò lɔlɔ̃tɔa ƒe mo—aleke gbegbe wòdo dzidzɔ na wòe nye si! Ne wona nu le seselelãme nyui ta la, enyea lɔlɔ̃ɖeɖefia, eye amelɔlɔ̃ na wokpɔa dzidzɔ.

2, 3. (a) Nukata míate ŋu agblɔ be ame aɖeke mekpɔa dzidzɔ wu Yehowa o, eye aleke “nunana siwo nye amewo” ate ŋu ana wòakpɔ dzidzɔ? (b) Nukae míadi be míawɔ le nusiwo Mawu na mí ŋu o?

2 Ke amekae ate ŋu anye dzidzɔme wu Yehowa, amesi nye “nunana nyuiwo katã” Nala la? (Yakobo 1:17; Timoteo I, 1:11) Lɔlɔ̃e ʋãnɛ wònaa nunana ɖesiaɖe. (Yohanes I, 4:8) Alea tututue wòle le nusi Mawu na hamea to Kristo dzi gome—si nye “nunana siwo nye amewo.” (Efesotɔwo 4:8, NW) Hamemegã siwo Mawu tsɔ na be woakpɔ alẽha la dzi nye eƒe lɔlɔ̃ deto na eƒe amewo ɖeɖe fia. Wotia ŋutsu siawo le ŋuɖɔɖo me—ele na wo be woaɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Wonya be ele be ‘yewoalé be na alẽha la lɔlɔ̃tɔe,’ elabena esiae ana alẽawo nakpɔ ŋudzedze ɖe alẽkplɔla lɔ̃ame siawo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 20:29; Psalmo 100:3) Ne Yehowa kpɔe be yeƒe alẽwo ƒe dziwo yɔ fũ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nenema la, dzi adzɔ eya ŋutɔ hã godoo!—Lododowo 27:11.

3 Míadi gbeɖe be míabu nunana si tso Mawu gbɔ nu tsɛ o; eye míadi be míagbe ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe eƒe nunanawo ŋu hã o. Esia fɔ biabia eve siawo ɖe te be: Aleke wòle be hamemegãwo nabu woƒe wɔƒe le hamea mee? Eye aleke alẽha la me tɔ mamlɛawo aɖee afia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe “nunana siwo nye amewo” ŋu?

‘Míenye Miaƒe Hadɔwɔlawo’

4, 5. (a) Nukae Paulo tsɔ hamea sɔ kple, eye nukatae kpɔɖeŋu sia sɔ? (b) Nukae Paulo ƒe kpɔɖeŋua fia mí le alesi wòle be míabu mía nɔewo ahawɔ nu ɖe wo ŋui?

4 Yehowa na ŋusẽ agbɔsɔsɔme aɖe “nunana siwo nye amewo” le hamea me. Ele eme baa be hamemegãwo madi be yewoazã yewoƒe ŋusẽa le mɔ gbegblẽ nu o, gake wonya be ele bɔbɔe be amegbetɔ madeblibo nawɔ nu nenema. Ke aleke wòle be woabu wo ɖokui le alẽha mamlɛawo dome? De ŋugble le kpɔɖeŋu si apostolo Paulo wɔ la ŋu kpɔ. Esi Paulo ƒo nu tso nusita wotsɔ “nunana siwo nye amewo” na ŋu vɔ la, eŋlɔ be: “Mina míanye anukwaretɔwo, eye míato lɔlɔ̃ me atsi le nusianu me ali ke ɖe Kristo si nye ta la me. Amesi gbɔ wòtso wokpe ŋutilã blibo la katã heblae be ŋutinuwo nato ƒunuɖeƒewo katã dzi akpe ɖe wo nɔewo ŋu, le ŋutinu sia ŋutinu ƒe dɔwɔwɔ, si womã nɛ la nu, bene ŋutilã la natsi atu eɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me.” (Efesotɔwo 4:15, 16, NW) Eyata Paulo tsɔ hamea, si me hamemegãwo kple hamea me tɔ bubuwo hã le, sɔ kple ameti blibo. Nukatae kpɔɖeŋu sia sɔ?

5 Ŋutinu vovovoe ƒo ƒu nye ameti bliboa gake ta ɖeka koe le enu. Gake naneke mele ŋutilã la me—eɖanye lãmeka, ahɔhɔ̃meka, alo ʋuka ye o—si ŋu viɖe mele o. Ŋutinu ɖesiaɖe le vevie eye wòwɔa akpa aɖe be ameti bliboa nɔa lãmesẽ me eye wònya kpɔna. Nenema ke, ame ƒomevi vovovowoe ƒo ƒu nye hamea, gake hamea me tɔ ɖesiaɖe—eɖanye ɖevi alo ame tsitsi, ame sesẽ alo ame beli o—ate ŋu awɔ akpa aɖe be hame bliboa nasẽ ŋu le gbɔgbɔ me eye wòanya kpɔ. (Korintotɔwo I, 12:14-26) Mele be ame aɖeke nabu eɖokui be yemele vevie o. Eye mele be ame aɖeke nabu eɖokui ame deŋgɔe hã o, elabena mí katã—alẽkplɔlawo kple alẽawo siaa—míenye ametia ƒe akpa aɖe, eye ta ɖeka koe le mía nu, si nye Kristo. Eyata Paulo wɔ alesi wòle be míaɖe lɔlɔ̃, beléle, kple bubu afia mía nɔewo ƒe kpɔɖeŋu lédziname fia. Sidzedze nusia akpe ɖe hamemegãwo ŋu be woatsɔ ɖokuibɔbɔ ƒe nukpɔsusu si da sɔ akpɔ akpa si wowɔna le hamea me.

6. Togbɔ be Paulo nye apostolo hã la, aleke wòɖe ɖokuibɔbɔ fiae?

6 “Nunana siwo nye amewo” siwo wona mí la medzea agbagba be yewoaɖu aƒetɔ ɖe wo hati tadeagulawo ƒe agbe alo xɔse dzi o. Togbɔ be Paulo nye apostolo hã la, egblɔ na Korintotɔwo ɖokuibɔbɔtɔe be: “Menye bena, míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena [miaƒe xɔse nue miele tsitre ɖo, NW].” (Korintotɔwo II, 1:24) Paulo medi be yeaɖu aƒetɔ ɖe ye nɔviwo ƒe xɔse kple alesi wonɔa agbee dzi o. Le nyateƒe me la, ekpɔ be mehiã be yeawɔ nenema o, elabena eɖee fia be yeka ɖe edzi be wonye ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo le Yehowa ƒe habɔbɔa me xoxo le esi wodi be yewoawɔ nusi le eteƒe ta. Eyata esi Paulo nɔ nu ƒom tso eɖokui kple eƒe mɔzɔhati Timoteo ŋu la, nya si gblɔm wònɔe nye be: ‘Enye míaƒe dɔ be míawɔ dɔ kpli mi miasubɔ Mawu kple dzidzɔ.’ (Korintotɔwo II, 1:1) Ðokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ka gbegbee nye si!

7. Nukae hamemegã siwo bɔbɔa wo ɖokui kpɔ dze sii le woƒe wɔƒe le hamea me ŋu, eye kakaɖedzi kae le wo si ɖe woƒe hadɔwɔlawo ŋu?

7 Dɔ ma kee “nunana siwo nye amewo” wɔna egbea hã. Wonye ‘hadɔwɔlawo na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ.’ Hamemegã siwo bɔbɔa wo ɖokui kpɔnɛ be menye yewoƒe dɔ be yewoaɖo dɔ agbɔsɔsɔme si amewo ate ŋu awɔ le Mawu subɔsubɔ me o. Wonya be togbɔ be yewoate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo be woadzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi alo ana woaganyo ɖe edzi hã la, ele be Mawu subɔsubɔ nanye nusi tso dzi me faa. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 9:7.) Woka ɖe edzi be ne dzi le yewoƒe hadɔwɔlawo dzɔm la, woawɔ woƒe ŋutete katã. Eyata enye woƒe didi vevie be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋu ‘woasubɔ Yehowa kple dzidzɔ.’—Psalmo 100:2.

Kpekpe Ðe Amewo Katã Ŋu be Woasubɔ Kple Dzidzɔ

8. Mɔ siwo nu hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu be woasubɔ Yehowa kple dzidzɔ le ƒe ɖewo ɖe?

8 Hamemegãwo, aleke miakpe ɖe mia nɔviwo ŋu be woasubɔ kple dzidzɔe? Miate ŋu ade dzi ƒo na wo to kpɔɖeŋuɖoɖo me. (Petro I, 5:3) Mina miaƒe dzonɔameme kple dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me nadze, eye ate ŋu aʋã dzi na ame bubuwo be woasrɔ̃ miaƒe kpɔɖeŋu. Mikafu amewo le alesi wodzea agbagba tso luʋɔ me ta. (Efesotɔwo 4:29) Amekafukafu vavãtɔ vividoɖeameŋutɔe ana woase le wo ɖokui me be viɖe le yewo ŋu eye be yewo hiã. Ade dzi ƒo na alẽawo be woadi be yewoawɔ yewoƒe ŋutete ɖesiaɖe asubɔ Mawu. Tsri amewo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo madzemadzee. (Galatiatɔwo 6:4) Ðeko amewo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea ɖea dzi le ame ƒo tsɔ wu be wòado ŋusẽ wo be woawɔe wòanyo. Azɔ hã la, Yehowa ƒe alẽwo nye ame vovovowo—woƒe nɔnɔmewo kple ŋutetewo to vovo. Abe Paulo ene la, ka ɖe nɔviwòwo dzi. Lɔlɔ̃ ‘xɔa nuwo katã sena,’ eyata anyo be míaxɔe ase be mía nɔviwo lɔ̃ Mawu eye wodi be yewoadze eyama ŋu. (Korintotɔwo I, 13:7) Ne ‘miede bubu amewo ŋu la,’ ana woawɔ nusi woate ŋui. (Romatɔwo 12:10) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ne dzi ɖo alẽawo ƒo eye woƒe dzi dze eme la, wo dometɔ akpa gãtɔ awɔ nusi woate ŋui le Mawu subɔsubɔ me, eye woakpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me.—Mateo 11:28-30.

9. Nukpɔsusu kae ne ele hamemegã ɖesiaɖe si ɖe ehati hamemegãwo ŋue akpe ɖe eŋu wòasubɔ kple dzidzɔ?

9 Ne ètsɔ ɖokuibɔbɔ bui be yenye ‘hadɔwɔla’ la akpe ɖe ŋuwò nàsubɔ kple dzidzɔ eye nàkpɔ ŋudzedze ɖe hatiwò hamemegãwo ƒe nunana tɔxɛwo ŋu. Dzɔdzɔmenunanawo kple ŋutetewo le hamemegã ɖesiaɖe si si wòate ŋu azã wòaɖe vi na hamea. (Petro I, 4:10) Ame aɖe ate ŋu abi le nufiafia me. Ame bubu ate ŋu anye ɖoɖowɔla nyui. Eye ame bubu hã ate ŋu aɖe dzesi etɔxɛ anye amesi ŋu wote ŋu tena ɖo bɔbɔe le eƒe vividodoɖeameŋu kple nublanuikpɔkpɔ ta. Nya lae nye be, hamemegã aɖeke meli si si nunana ɖesiaɖe le sɔsɔe o. Ðe nunana aɖe koŋ ƒe amesinɔnɔ—le kpɔɖeŋu me, nufiafiaɖaŋu—wɔe be hamemegã ɖeka de ŋgɔ wu bubua? Gbeɖe! (Korintotɔwo I, 4:7) Nenema ke mehiã be nunana si le ame bubu si nave dɔme na wò alo nàse le ɖokuiwò me be yemedze o ne hamemegã bubu ƒe ŋutete na amewo kafunɛ o. Ðo ŋku edzi be nunana aɖewo le wò hã asiwò si Yehowa kpɔna le mewò. Eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtu nunana mawo ɖo azã wo woaɖe vi na nɔviwòwo.—Filipitɔwo 4:13.

‘Miɖo To eye Mibɔbɔ Mia Ðokui’

10. Nukatae ɖeko wòsɔ be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ‘amesiwo wotsɔ na’ mí la ŋu?

10 Ne míexɔ nunana aɖe la, ɖeko wòsɔ be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe eŋu. Kolosetɔwo 3:15 gblɔ be, “mizu ame dakpewo.” Ke “nunana siwo nye amewo” si wona mí, si nye nunana xɔasi Yehowa na mí ya ɖe? Enye nyateƒe be míaƒe akpedada gbãtɔ yi na Yehowa, Nunala dɔmenyotɔ la. Gake ‘amesiwo wotsɔ na mí’ ŋutɔ ya ɖe? Aleke míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋui?

11. (a) Aleke míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe “nunana siwo nye amewo” ŋui? (b) Gɔmesese kae le nyagbɔgblɔ siwo nye “miɖo to” kple “mibɔbɔ mia ɖokui” ŋu?

11 Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ‘amesiwo wotsɔ na mí’ ŋu ne míezɔna ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖo kple nyametsotso siwo nɔ te ɖe Biblia dzi ɣesiaɣi. Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Miɖo to amesiwo le ŋgɔ xɔm le mia dome, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo, elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene; bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.” (Hebritɔwo 13:17, NW) De dzesii be mele be ‘míaɖo to’ wo ko o, ke ele be ‘míabɔbɔ mía ɖokui’ na amesiwo le ŋgɔ xɔm hã. Helagbe me nya si wozã na “mibɔbɔ mia ɖokui” le nyaa nu fia “na ta.” Biblia-nyala R. C. H. Lenski gblɔ le nyagbɔgblɔ “miɖo to” kple “mibɔbɔ mia ɖokui” ŋu be: “Ame ɖoa to ne wòlɔ̃ ɖe nusi wogblɔ nɛ be wòawɔ dzi, ne wona wònya nua ƒe nyateƒenyenye kple viɖe si le eŋu; amea naa ta . . . ne eƒe nukpɔsusu to vovo.” Ne míese amesiwo xɔa ŋgɔ ƒe mɔfiafia gɔme eye míelɔ̃ ɖe edzi la, ɖokuibɔbɔ ate ŋu anɔ bɔbɔe. Ke ne míese susu si ta wowɔ nyametsotso aɖe koŋ gɔme o ɖe?

12. Nukatae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui, alo ana ta, ne míese susu si ta wowɔ nyametsotso aɖe gɔme tututu o gɔ̃ hã?

12 Afisiae wòahiã be míabɔbɔ mía ɖokui, alo ana ta le. Nukata? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be, ehiã be míaka ɖe edzi be ŋutsu siawo siwo dze le gbɔgbɔ me la tsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me vevie. Ne èbu eŋu kpɔ la, wonya nyuie be yewoabu akɔnta na Yehowa le alẽ siwo le yewoƒe kpɔkplɔ te ŋu. (Yakobo 3:1) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anyo be míaɖo ŋku edzi be ɖewohĩ míenya kpeɖodzinya siwo dzi wonɔ te ɖo tso nya me o.—Lododowo 18:13.

13. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míabɔbɔ mía ɖokui le nyametsotso siwo hamemegãwo awɔ le ʋɔnudrɔ̃nyawo me gome?

13 Ke ɖokuibɔbɔ le nyametsotso siwo woawɔ le ʋɔnunyawo gome ya ɖe? Nyateƒe wònye be manɔ bɔbɔe o, vevietɔ ne wotso nya me be woaɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe le hame—ate ŋu anye ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe. Le afisia hã la, nu nyuitɔe nye be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe nyametsotso si ‘amesiwo wotsɔ na mí’ la awɔ te. Wodze akpɔ alesi tututu nyawo le wu mí, eye ɖewohĩ wonya kpeɖodzinya akpa gãtɔ wu esi míenya. Nɔvi siawo kpea fu le nyametsotso mawo wɔwɔ me; enye agbanɔamedzi kpekpe be ‘woanɔ Yehowa teƒe adrɔ̃ ʋɔnu.’ (Kronika II, 19:6) Wodzea agbagba ɖesiaɖe be yewoakpɔ nublanui, elabena wonya be Mawu ‘lɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Psalmo 86:5) Gake ele na wo hã be woana hamea nanɔ kɔkɔe, eye Biblia gblɔ be woaɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo le hamea me. (Korintotɔwo I, 5:11-13) Le nyaawo dometɔ geɖe me la, nuvɔ̃wɔla la ŋutɔ lɔ̃na ɖe nyametsotsoa dzi. Ðewohĩ tohehea koe nye nusi wòhiã be wòanyɔ le eɖokui me. Ne mí amesiwo lɔ̃e, míebɔbɔ mía ɖokui le nyametsotso si wowɔ gome la, míato ema me anɔ kpekpeɖeŋu namee be tohehea naɖe vi nɛ.—Hebritɔwo 12:11.

‘Mibu Wo Geɖe Ŋutɔ’

14, 15. (a) Le Tesalonikatɔwo I, 5:12, 13 ƒe nya nu la, nukatae hamemegãwo dze be míade bubu wo ŋu? (b) Nukatae woate ŋu agblɔ be hamemegãwo ‘wɔa dɔ vevie le mía dome’?

14 Míagate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ‘amesiwo wotsɔ na mí’ to wo bubu me. Paulo ŋlɔ agbalẽ tsɔ xlɔ̃ nu Tesalonika hamea me tɔwo be, ‘Mibu amesiwo wɔa dɔ vevie le mia dome eye wole ŋgɔ xɔm le mia dome le Aƒetɔ la me hele nu xlɔ̃m mi la ŋu; eye miabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:12, 13) ‘Dɔwɔwɔ vevie’—ɖe ema mele nu ƒom tso hamemegã siwo tsɔ wo ɖokui ke ɖokuitɔmadimaditɔe ɖe mía ta ŋu oa? Tɔ vie, nàde ŋugble le agbanɔamedzi kpekpe si le nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ siawo dzi ŋu kpɔ.

15 Le wo dometɔ geɖe gome la, wonye ƒomedzikpɔla siwo wòle na be woawɔ ŋutilãmedɔ be woate ŋu akpɔ woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Timoteo I, 5:8) Ne viwo le hamemegãa si la, ɖevi siawo hiã wo fofo ƒe wo gbɔ nɔnɔ kple eƒe beléle. Ðewohĩ ahiã be wòakpe ɖe wo ŋu le woƒe sukudɔdasiwo me, eye be wòaɖo ɣeyiɣi ɖi na modzakaɖeɖe tuameɖo siwo me woazã woƒe sɔhɛmenɔnɔ ŋusẽ le. (Nyagblɔla 3:1, 4) Vevietɔ wu la, ekpɔa eƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ, ewɔa ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo ɣesiaɣi, edea gbeadzi kpli wo, eye wòkplɔa wo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo. (Mose V, 6:4-7; Efesotɔwo 6:4) Migana míaŋlɔ be o be tsɔ kpe ɖe agbanɔamedzi siawo siwo le mí katã dzi ŋu la, agbanɔamedzi bubuwo gale hamemegãwo dzi siwo nye: dzadzraɖo ɖe kpekpewo me dɔdasiwo ŋu, alẽawo sasrãkpɔ, hamea ƒe gbɔgbɔmenyonyo gbɔ kpɔkpɔ, eye ne ehiã la, ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ kpɔkpɔ. Wo dometɔ aɖewo gatsɔa agbanɔamedzi bubu siwo ku ɖe nutome sue takpekpewo, nutome gã takpekpewo, Fiaɖuƒe Akpata tutu, kple Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo ŋu. Nyateƒee, nɔviŋutsu siawo “wɔa dɔ vevie”!

16. Ƒo nu tso mɔ siwo nu míate ŋu aɖe ameŋububu afia hamemegãwo le ŋu.

16 Aleke míade bubu wo ŋui? Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, mehevivinae oa?” (Lododowo 15:23; 25:11) Eyata ŋudzedzekpɔkpɔ kple dzideƒoname nya siwo tso dzi me ate ŋu ana woakpɔe be míebua woƒe dɔ sesẽa nu tsɛe o. Ele na mí hã be míaɖe nugɔmesese afia le nusiwo míekpɔ mɔ be woawɔ me. Gake ele be míaɖe dzi ɖi ate ɖe wo ŋu faa abia kpekpeɖeŋu. Anɔ eme be ɣeaɖewoɣi ‘míaƒe dzi anɔ veve sem vevie’ eye míahiã Ŋɔŋlɔawo me dzideƒoname, mɔfiame, alo aɖaŋuɖoɖo tso amesiwo ‘nya Mawu ƒe Nya fiafia’ gbɔ. (Psalmo 55:5; Timoteo I, 3:2) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ehiã be míaɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme aɖe koe hamemegã ate ŋu azã ɖe mía ŋu, elabena mate ŋu agblẽ ye ŋutɔ ƒe ƒomea alo ame bubu siwo le hamea me ƒe nuhiahiãwo ɖi o. Ne ‘míaƒe dɔme trɔ’ ɖe nɔviŋutsu siawo siwo wɔa dɔ vevie ŋu la, míadi be míabia nusi awu tsɔtsɔ na wo tso wo si o. (Petro I, 3:8) Ke boŋ mina míakpɔ ŋudzedze ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kple kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si woate ŋu ana mí ŋu.—Filipitɔwo 4:5.

17, 18. Nukawoe srɔ̃nyɔnu geɖe siwo srɔ̃ŋutsuwo nye hamemegãwo tsɔ saa vɔe, eye aleke míaɖee afia be míebua nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siawo ame tsɛwoe o?

17 Ke hamemegãwo srɔ̃wo ya ɖe? Ðe woawo hã medze na míaƒe bubu oa? Ne èbu eŋu kpɔ la, wole wo srɔ̃ŋutsuwo zãm kple hamea. Zi geɖe la, esia biaa nuwo tsɔtsɔ sa vɔe le wo gome. Enuenu la, hamemegãwo zãa fiẽ ƒe ɣeyiɣiwo tsɔ kpɔa hamea me nyawo gbɔ le esi woate ŋu azã ɣeyiɣi mawo kple woƒe ƒomewo hafi. Le hame geɖe me la, Kristotɔ nyɔnu nuteƒewɔlawo lɔ̃ faa tsɔ nuwo sa vɔe alea be wo srɔ̃ŋutsuwo nate ŋu alé be na Yehowa ƒe alẽwo.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 12:15.

18 Aleke míaɖee afia be míebu nɔvinyɔnu Kristotɔ nuteƒewɔla siawo ame tsɛwoe o? Eya koe nye be míagatsɔ nuwo anɔ fu ɖem na wo srɔ̃wo akpa o. Gake migana míaŋlɔ ŋusẽ si gbegbe le ŋudzedzekpɔkpɔnya ʋee siwo míagblɔ la ŋu be o. Lododowo 16:24 gblɔ be: “Nya dzeto la anyitsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.” Se kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe megbe la, srɔ̃tɔ aɖewo te ɖe hamemegã aɖe ŋu eye wobia be yewodi be yewoaka nya aɖe ta nɛ tso yewo viŋutsu ƒewuivi ŋu. Esi hamemegãa nɔ nu ƒom kple srɔ̃tɔawo la, srɔ̃anyɔnua lala dzigbɔɖitɔe. Emegbe ƒewuivia dada te ɖe hamemegãa srɔ̃ ŋu gblɔ be: “Medi be mada akpe na wò ɖe ɣeyiɣi si atsuwò zã tsɔ kpe ɖe nye ƒomea ŋu ta.” Ŋudzedzekpɔkpɔnya dzeto ʋee mawo de dzi gbɔ na hamemegãa srɔ̃ ale gbegbe.

19. (a) Nukawo wɔm hamemegãwo ƒe ƒuƒoƒo bliboa le nuteƒewɔwɔtɔe? (b) Nukae wòle be mí katã míaɖo kplikpaa awɔ?

19 Yehowa ƒe “nunana nyuiwo” dometɔ ɖekae hamemegã siwo wòtsɔ na be woakpɔ alẽawo dzi nye. (Yakobo 1:17) Ŋutsu siawo mede blibo kura o; wodaa vo abe mí katã ke ene. (Fiawo I, 8:46) Gake abe ƒuƒoƒo ene la, hamemegã siwo le hameawo me le xexeame katã le nusiwo Yehowa ɖo ɖe tame be woawɔ la wɔm nuteƒewɔwɔtɔe—si nye be, woaɖɔ alẽha la ɖo, atu wo ɖo, ana ɖekawɔwɔ nanɔ anyi, eye woakpɔ wo ta. Neva eme be hamemegã ɖesiaɖe naɖoe kplikpaa be yeayi edzi alé be na Yehowa ƒe alẽwo lɔlɔ̃tɔe, ato ema dzi aɖo kpe edzi be yenye nunana, alo yayra, na ye nɔviwo. Eye mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míakpɔ ŋudzedze ɖe “nunana siwo nye amewo” ŋu to toɖoɖo kple ɖokuibɔbɔ ɖe wo te kpakple bubudede wo ŋu le woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ta me. Aleke gbegbe míeda akpee nye si be Yehowa na ŋutsuwo mí lɔlɔ̃tɔe, amesiwo ne míagblɔe la, wole gbɔgblɔm be: ‘Enye míaƒe dɔ be míakpe ɖe mia ŋu miasubɔ Mawu kple dzidzɔ’!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukata wòsɔ be woatsɔ hamea asɔ kple ametia?

◻ Aleke hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu be woasubɔ Yehowa kple dzidzɔ?

◻ Nukata mele be míaɖo to amesiwo xɔa ŋgɔ ko o ke ele be míabɔbɔ mía ɖokui na wo hã?

◻ Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe ameŋububu afia hamemegãwo le?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Hamemegãwo, mikafu ame bubuwo ɖe agbagba siwo wodzena tso dzi blibo me ta

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ne hamemegãwo wɔa subɔsubɔdɔa kple dzonɔameme wònye kpɔɖeŋu la, woate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔwo kple ame bubuwo ŋu be woasubɔ kple dzidzɔ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe hamemegã siwo wɔa dɔ vevie ŋu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe