Nye Ŋugbedodo Be Masubɔ Mawu Dzi Wɔwɔ
ABE ALESI FRANZ GUDLIKIES GBLƆE ENE
Asrafoha si me menɔ, si me tɔwo sɔ gbɔ wu asrafo alafa ɖeka, la dome ame ene koe tsi agbe. Esi medze ŋgɔ ku la, medze klo do gbe ɖa na Mawu be, ‘Ne metsi agbe le aʋaa me la, masubɔ wò ɖaa.’
MEDO ŋugbe ma ƒe 54 enye si va yi le April 1954 me esi menye asrafo le Germany-srafowo dome. Esusɔ vie Xexemeʋa II nawu enu, eye Soviet-srafowo nɔ agbagba ɖesiaɖe si woate ŋui dzem gbɔna Berlin dzi dze ge. Míaƒe asrafoawo nɔ teƒe si te ɖe du si nye Seelow ŋu le Oder Tɔsisi gbɔ, si didi tso Berlin gbɔ kilometa 65. Wonɔ tu gãgãwo dam mí madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli le afima, eye wotsrɔ̃ ame akpa gãtɔ le míaƒe asrafohaa me.
Ɣemaɣie nye zi gbãtɔ le nye agbe me si mebɔbɔ do gbe ɖa na Mawu kple aɖatsi. Meɖo ŋku Biblia me mawunyakpukpui aɖe si me nya danye si vɔ̃a Mawu lɔ̃a yɔyɔ edziedzi dzi be: “Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!” (Psalmo 50:15) Le ʋeawo me le afima esi vɔvɔ̃ ɖom be maku ta la, meɖe adzɔgbe si ŋu nya megblɔ do ŋgɔ la na Mawu. Aleke mewɔ te ŋu wɔ ɖe edzi? Eye aleke wòdzɔe be meva zu Germany-srafo?
Menɔ Lithuania Tsi
Esi Xexemeʋa I nɔ edzi yim le ƒe 1918 me la, Lithuania xɔ ɖokuisinɔnɔ heɖo demokrasidziɖuɖu anyi. Wodzim le ƒe 1925 me le Memel (Klaipėda) nuto si te ɖe Baltik Ƒua ŋu la me. Ðeko wotsɔ nutoa kpe ɖe Lithuania ŋu koe nye ma le ƒe si do ŋgɔ na nye dzidzi me.
Dzi dzɔa mía kple nɔvinyenyɔnu atɔ̃ le míaƒe ɖevime ŋutɔ. Papa nɔ na mí abe mía xɔlɔ̃ kplikplikpli ene, ewɔa nuwo ɖekae kpli mí viawo ɣesiaɣi. Mía dzilawo nye Nyanyui Hame me tɔwo, gake womedea sɔleme o le esi osɔfoa ƒe alakpanuwɔwɔ do dziku na Dada ta. Gake elɔ̃ Mawu kple eƒe Nya, Biblia, si wòxlẽna vevie.
Le ƒe 1939 me la, Germany xɔ Lithuania ƒe akpa si míenɔ. Emegbe le ƒe 1943 ƒe gɔmedzedze la, woyɔm na asrafodɔ le Germany-srafowo dome. Le aʋa aɖe wɔwɔ me la, mexɔ abi, gake esi nye lãme sẽ la, metrɔ yi Ɣedzeƒe gome afisi aʋaa nu nɔ sesẽm le. Fifia la, aʋaa trɔ bubui eye Germanytɔwo nɔ sisim le Soviet-srafowo nu. Ɣemaɣie meku kloe, abe alesi megblɔe le gɔmedzedzea me ene.
Nye Ŋugbedodoa Dzi Wɔwɔ
Esime aʋaa nɔ edzi yim la, dzinyelawo ʋu yi Oschatz, Germany, le Leipzig ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome. Le nusiwo aʋaa gblẽ vɔ megbe la, esesẽ be makpɔ afisi wonɔ. Gake aleke gbegbe wònye dzidzɔ na míi enye si esi míeva wɔ ɖeka mlɔeba! Ema megbe kpuie le April 1947 me la, mekplɔ Dada ɖo yi ɖase dutoƒonuƒo aɖe si Max Schuber si nye Yehowa Ðasefo ƒo. Dada xɔe se be yekpɔ subɔsubɔha vavãtɔ la, eye esi mede kpekpe ʋɛ aɖewo vɔ megbe la, nye hã meva wɔ ɖeka kplii.
Ema megbe kpuie la, Dada ge le atrakpui dzi dze anyi eye nuvevi wɔe eye wòku le ɣleti aɖewo megbe. Esime wònɔ kɔadzi do ŋgɔ na eƒe ku la, ede dzi ƒo nam lɔlɔ̃tɔe be: “Medo gbe ɖa zi geɖe be vinyewo dometɔ ɖeka ya teti nava dze si Mawu. Fifia mekpɔe be woɖo nye gbedodoɖawo ŋu, eye mate ŋu aku le ŋutifafa me.” Aleke gbegbe mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si woafɔ Dada tso ku me eye wòakpɔe be yeƒe gbedodoɖawo va eme enye si!—Yohanes 5:28.
Le August 8, 1947 dzi, si nye ɣleti ene ko megbe le Nɔviŋutsu Schuber ƒe nuƒoa sese vɔ megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa Mawu le takpekpe si wowɔ le Leipzig me. Mlɔeba meva nɔ afɔɖeɖewo wɔm be mawɔ ɖe ŋugbe si medo na Mawu dzi. Eteƒe medidi o meva zu mɔɖela, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe. Ɣemaɣi la, mɔɖela siwo ade 400 kloe ye nɔ afisi va zu German Democratic Republic alo East Germany emegbe.
Xɔse ƒe Dodokpɔwo ƒe Gɔmedzedze
Le Oschatz la, aƒelika aɖe dze agbagba be yeahe nye susu ayi Marx ƒe dziɖuɖu dzi dede dzi, esi wògblɔ nam be ne mage ɖe Germany Sosialist Ðekawɔwɔ Dunyaheha me ko la, woana mɔnukpɔkpɔm made yunivɛsiti eye dziɖuɖua nakpɔ dzinye femaxee. Megbe nunana la, abe alesi Yesu hã gbe Satana ƒe nunanae ene.—Mateo 4:8-10.
Gbeɖeka le April 1949 me la, kpovitɔ eve va nye dɔwɔƒe gblɔ nam be madze yewo yome. Wokplɔm yi Soviet adzamekpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe afisi wotso nunye le be menɔ dɔ wɔm na Ɣetoɖoƒe kapitalist dziɖuɖua. Wogblɔ be ne medi be maɖee fia be menye nyateƒee o la, mate ŋu ayi aƒeme yi aƒeme dɔ si mewɔna dzi gake mana yewoanya amesiame si ƒoa nu vɔ̃ tso Soviet Union alo Sosialist Dunyaheha la ŋu alo amesiame si dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo. Esi megbe la, wodem gaxɔ me. Emegbe wokplɔm yi ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe si anye asrafowo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒee. Nye tohehee nye: Ƒe 15 ƒe gaxɔmenɔnɔ si ŋu dɔ sesẽ wɔwɔ akpe ɖo le Siberia!
Nyemeʋlii kple wo o, eye ema wɔ dɔ ɖe asrafomegãawo dzi. Emegbe wogblɔ nam be nye tohehea kpɔtɔ li gake manɔ ɖokuinye ɖem fia yewo zi ɖeka le kwasiɖa ɖesiaɖe me gbɔ vaseɖe esime mele klalo be malɔ̃ ɖe edzi na yewo. Esi medi be Ðasefo si nuteƒekpɔkpɔ le wum naɖo aɖaŋu nam ta la, mezɔ mɔ yi Magdeburg, afisi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe nɔ ɣemaɣi. Esime wonɔ ŋunye dzɔm ta la, mɔzɔzɔa menɔ bɔbɔe o. Ernst Wauer, si nɔ subɔsubɔm le Dɔwɔƒe si kpɔa Senyawo gbɔ le Magdeburg, gblɔ nam be: “Ne èʋli la àɖu dzi. Ne èna ta woaɖu dziwò. Emae míesrɔ̃ le fuwɔamegaxɔ me.”a Aɖaŋuɖoɖo ma kpe ɖe ŋunye be mawɔ ŋugbe si medo be masubɔ Mawu la dzi.
Woxe Mɔ Ðe Dɔa Nu eye Wogalém Ake
Le July 1950 me la, wokafum be manye dzikpɔla mɔzɔla. Gake le August 30 lia dzi la, kpovitɔwo va dze míaƒe dɔwɔƒea dzi le Magdeburg le vome, eye woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu. Eyata wotrɔ nye dɔdasia. Wode dɔ asi na mía kple Paul Hirschberger be míawɔ dɔ kple hame siwo ade 50, míanɔ ɖesiaɖe gbɔ ŋkeke eve alo etɔ̃, míakpe ɖe nɔviawo ŋu be woawɔ ɖoɖo ayi woƒe subɔsubɔdɔa dzi le mɔxeɖenua te. Le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, mesi le kpovitɔwo nu zi gbɔ zi ade sɔŋ!
Ame aɖe tra ɖe hameawo dometɔ ɖeka me si zɔ mía gɔme na Dukɔa ƒe Adzamekpovitɔwo ƒe Dɔwɔha si woyɔna be Stasi. Eyata le July 1951 me la, ŋutsu atɔ̃ lé tu ɖe mía dzi eye wolé mía kple Paul le mɔdodo dzi. Le ŋkuléle ɖe nuwo ŋu me la, míekpɔe be míewɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe nyawo dzi alesi wòle be míawɔe o. Mía nɔvi tsitsiwo ɖo aɖaŋu na mí be mí ame evea mígazɔ ɖekae gbeɖe o. Dzi ɖoɖo ɖe mía ɖokui ŋu fũ akpa na be míebu ablɔɖe si nɔ mía si! Hekpe ɖe eŋu la, míedzro nya si ne wolé mí míagblɔ me do ŋgɔ o.
Esi nye ɖeɖe menɔ nye gaxɔa me la, metsɔ aɖatsi ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye be magade nɔvinyewo asi alo ana ta o. Esi meyi alɔ̃ me la, xɔ̃nye Paul ƒe gbeɖiɖi nyɔm zi ɖeka. Xɔ si le nye gaxɔa tame me koe Stasi-awo nɔ nɔ gbe biamee. Esi dzoxɔxɔ nɔ anyi eye fifia nɔ wɔwɔm le zã me ta la, woʋu xɔmegbe ʋɔtrua da ɖi ale be nyaa nɔ ɖiɖim vie si na be mese nya sia nya. Emegbe esi wobia gbem la, meɖo nyaa ŋu nenema pɛpɛpɛ si wɔ nuku na asrafomegãawo. Biblia me mawunyakpukpui si vivia Dada nu vevie, si nye “Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò” nɔ susu me vam nam edziedzi, eye ede dzi ƒo nam ale gbegbe.—Psalmo 50:15.
Le gbebiabia mí vɔ megbe la, wode mía kple Paul Stasi-gaxɔ me le Halle kple emegbe le Magdeburg ɣleti atɔ̃ do ŋgɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ mí. Esi míenɔ Magdeburg la, mekpɔa míaƒe alɔdzedɔwɔƒea si dziɖuɖua tu ɣemaɣi ɣeaɖewoɣi. Edzrom be afima boŋ ye manɔ dɔ wɔm le ke menye gaxɔ me o hafi! Le February 1952 me la, woɖe gbeƒã míaƒe tohehea: “Míanɔ gaxɔ me ƒe 10, eye woaxɔ dukɔmevi ƒe gomenɔamesiwo le mía si ƒe 20.”
Xɔse Me Léle Ðe Asi le Gaxɔ Me
Yehowa Ðasefo siwo anɔ mɔ wòade ƒe ewo ya teti do awu tɔxɛ si de dzesi wo le woƒe gamenɔɣi aɖewo me. Wotɔ avɔ dzĩ ɖe míaƒe atalegbe ƒe ata ɖeka to kple dziwuia ƒe abɔ ɖeka ŋu. Azɔ hã woti agbalẽ kakɛ nogoe dzĩ aɖe ɖe míaƒe gaxɔa ƒe ʋɔtru ŋu ne woana dzɔlawo nanya be nuvlowɔla vɔ̃ɖiwoe míenye.
Le nyateƒe me la, dziɖuɖumegãwo bu mí nuvlowɔla vɔ̃ɖitɔwo kekeake. Womeɖe mɔ be Biblia nanɔ mía si o, elabena abe alesi dzɔla aɖe ɖe eme ene la: “Yehowa Ðasefo si si Biblia le le abe nuvlowɔla si si tu le ene.” Be míakpɔ Biblia ƒe agbalẽ kakɛ axlẽ la, míexlẽa Russiatɔ agbalẽŋlɔla Leo Tolstoy, amesi yɔa Biblia me mawunyakpukpuiwo ɖe eƒe nuŋɔŋlɔwo me zi geɖe la ƒe nuŋɔŋlɔwo. Míesrɔ̃ Biblia me mawunyakpukpui siawo wotsi tame na mí.
Hafi woava lém le ƒe 1951 me la, medo ŋugbe na Elsa Riemer be maɖee. Eva srãam kpɔ zi geɖe le gaxɔa me alesi wòate ŋui, eye wòblaa nuɖuɖu ɖona ɖem zi ɖeka le ɣleti ɖesiaɖe me. Azɔ hã etsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu dea nubablɛwo me. Gbeɖeka ede Gbetakpɔxɔ me nyatiwo lã tɔtɔe me. Zi geɖe la, dzɔlawo lãa lã tɔtɔea me kpɔna be wotsɔ nane de eme hã, gake gbemagbe ya nubablɛa va ɖo esi wòsusɔ vie ko ne woakpã ale be womegalãe o.
Ɣemaɣi la, mía kple Karl Heinz Kleber kple ame etɔ̃ siwo menye Ðasefowo o míenɔ gaxɔ sue ɖeka me. Aleke míele Gbetakpɔxɔa xlẽ ge ye womakpɔ mí o? Míetsɔ Gbetakpɔxɔa de agbalẽ aɖe me hewɔ abe agbalẽa xlẽmee míenɔ ene. Azɔ hã míetsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔasi sia ɖo ɖe hati Ðasefowo le gaxɔa me.
Esi míenɔ gaxɔa me la, míewɔ mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi ŋudɔ ƒo nu tso Mawufiaɖuƒea ŋu na ame bubuwo hã. Dzi dzɔm ŋutɔ esi mekpɔ mía kple amesiwo nɔ gaxɔa me dometɔ ɖeka va xɔ se le esia ta.—Mateo 24:14.
Megage Ðe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me Ake
Woɖe asi le ŋunye le April 1, 1957 dzi, le ƒe ade kloe ƒe gamenɔnɔ megbe. Ema megbe mede kwasiɖa eve hafi meɖe Elsa o. Esi Stasi adzamekpovitɔawo se be woɖe asi le ŋunye la, wodi mɔnuwo be woagbugbɔm ade mɔ ake. Be míasi le ema nu la, mía kple Elsa míetso dea heva nɔ Ɣetoɖoƒe Berlin.
Esi míeva ɖo Ɣetoɖoƒe Berlin la, Habɔbɔa di be yeanya ɖoɖo siwo nɔ mía si. Míena wonya be mía dometɔ ɖeka awɔ mɔɖeɖedɔa eye evelia awɔ ŋutilãmedɔ. Wobia mí be: “Miadi be mi ame evea katã mianye mɔɖelawo oa?”
Míeɖo eŋu be: “Ne anya wɔ nenema la, ke míadze egɔme enumake.”
Eyata wonaa mí kotokumega sue aɖe ɣleti sia ɣleti be míatsɔ akpɔ mía ɖokui dzii, ale míedze mɔɖela vevi dɔa gɔme le ƒe 1958 me. Aleke gbegbe wònye dzidzɔ na míi enye si esi míekpɔ ame ɖekaɖeka siwo míesrɔ̃ Biblia kplii trɔ woƒe agbenɔnɔ va zu Yehowa subɔlawo! Ƒe ewo siwo kplɔe ɖo siwo me míewɔ mɔɖela vevi dɔa le fia mí be mía kple srɔ̃nye míawɔ dɔ aduadu. Elsa nɔa ŋunye ɣesiaɣi, ne mele ʋu dzram ɖo kura gɔ̃ hã. Eye míexlẽa nu, srɔ̃a nu, doa gbe ɖa ɖekae.
Le ƒe 1969 me la, woɖo mí ɖe mɔzɔzɔdɔa me, míenɔ hame vovovowo srãm kpɔ kwasiɖa ɖesiaɖe be míakpɔ emetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Josef Barth, si nye ŋutsu si kpɔ nuteƒe geɖe le mɔzɔzɔdɔa me ɖo aɖaŋu nam be: “Ne èdi be yeƒe dɔdasia nakpɔ dzidzedze la, ke nye nɔviawo nɔvi.” Medze agbagba be matsɔ aɖaŋuɖoɖo ma awɔ dɔe. Esia ta ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le ŋutɔ nɔ mía kple hati Ðasefowo dome, si na wònɔ bɔbɔe be ne aɖaŋuɖoɖo hiã la, mete ŋu ɖonɛ.
Le ƒe 1972 me la, wokpɔ kansa le Elsa ŋu eye wowɔ dɔ nɛ. Emegbe ŋuɖui hã va ɖe fu nɛ. Togbɔ be enɔ veve sem ŋutɔ hã la, egakplɔam ɖo míesrãa hameawo kpɔna kwasiɖa sia kwasiɖa, eye wòwɔa dɔ kple nɔvinyɔnuwo le subɔsubɔdɔa me alesi wòate ŋui.
Nuhiahiãwo ƒe Tɔtrɔ
Le ƒe 1984 me la, tonye kple lɔ̃xonye va hiã kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi, eyata míedzo le mɔzɔzɔdɔa me yi ɖakpe asi ɖe wo dzi kpɔkpɔ ŋu vaseɖe esime woku le ƒe ene megbe. (Timoteo I, 5:8) Emegbe le ƒe 1989 me la, Elsa va dze dɔ vevie. Dzidzɔtɔe la, eva ka ɖe eme nɛ vie, gake eva hiã be mawɔ aƒemedɔwo katã. Mekpɔtɔ le alesi mawɔ nu ɖe amesi sea veve ɣesiaɣi ŋu la srɔ̃m kokoko. Gake togbɔ be míele xaxa kple fukpekpewo me tom hã la, míaƒe lɔlɔ̃ na gbɔgbɔmenuwo nu metsi o.
Enye dzidzɔ na mí egbea be míegale mɔɖeɖedɔa wɔm kokoko. Gake míeva kpɔe dze sii be menye nɔƒe si le mía si alo dɔ si míete ŋu wɔ ye nye nu vevitɔa o, ke míaƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi boŋ ye. Míedi be míasubɔ mía Mawu, Yehowa, menye le ƒe ʋɛ aɖewo ko me o, ke boŋ tegbetegbe. Nusi me míeto va nye hehe nyui ŋutɔ míexɔ ɖe etsɔme ŋu. Eye Yehowa do ŋusẽ mí be míakafu ye le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me.—Filipitɔwo 4:13.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ernst Wauer ƒe agbemeŋutinya dze le August 1, 1991, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 25 vaseɖe 29 me.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Wodem gaxɔ me le Magdeburg afisia
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Gedenkstätte Moritzplatz Magdeburg für die Opfer politischer Gewalt; Foto: Fredi Fröschki, Magdeburg
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Esime míeɖe srɔ̃ le ƒe 1957 me
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mía kple Elsa egbea