Paulo Ƒe Hadɔwɔlawo—Amekawoe?
LE Biblia ƒe agbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo kple lɛta siwo Paulo ŋlɔ me la, woyɔ amesiwo ade alafa ɖeka siwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me siwo wo kpakple “dukɔwo ƒe apostolo” la do go kpɔ la ƒe ŋkɔwo. (Romatɔwo 11:13) Míenya nu geɖe tso wo dometɔ geɖe ŋu. Ðewohĩ ènya nu tso Apolo, Barnaba, kple Sila ŋu. Gake ɖewohĩ asesẽ na wò wu be nàgblɔ nya geɖe tso Arxipo, Klaudia, Damaris, Lino, Persis, Pude, kple Sopatre ŋu.
Le ɣeyiɣi kple nɔnɔme vovovowo me la, ame vovovowo wɔ akpa vevi aɖe tsɔ kpe asi ɖe Paulo ŋui le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ame aɖewo abe Aristarxo, Luka, kple Timoteo ene subɔ kple apostoloa kplikplikpli ƒe geɖe. Ame aɖewo nɔ eŋu esi wònɔ gaxɔ me alo nɔ azɔli dzi, wonye eƒe mɔzɔhatiwo loo alo ŋutsu kple nyɔnu siwo gbɔ wòdze. Nublanuitɔe la, ame bubuwo abe Aleksandro, Dema, Herma, kple Figelo, meyi edzi lé Kristotɔwo ƒe xɔsea me ɖe asi o.
Le Paulo xɔlɔ̃ bubu geɖe, abe Asinkrito, Herme, Yulia, alo Filologo ene si nye wo dometɔ ʋee aɖewo gome la, míenya nu boo aɖeke tso wo ŋu tsɔ wu woƒe ŋkɔwo ko o. Le Nerea nɔvinyɔnu alo Rufo dada alo Xloe ƒemetɔwo gome la, woƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã mele nyanya na mí o. (Romatɔwo 16:13-15; Korintotɔwo I, 1:11) Ke hã nyatakaka ʋee siwo le mía si tso ame abe alafa ɖeka ene ŋu me dzodzro kɔ nu me na mí tso alesi apostolo Paulo wɔ dɔe ŋu. Azɔ hã efia nu mí tso vi siwo wòaɖe na mí ne hadɔwɔla gbogbo aɖewo le mía ŋu eye mía kpli wo míewɔa dɔ aduadu.
Mɔzɔhatiwo, Ŋutsu Kple Nyɔnu Siwo Gbɔ Wòdze
Apostolo Paulo zɔ mɔ geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me. Agbalẽŋlɔla aɖe bu akɔnta be mɔ siwo wòzɔ to anyigba kple atsiaƒu dzi si woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me ƒe didime gogo kilometa 16,000. Menye ɖeko mɔzɔzɔ le ɣemaɣiwo me tea ɖeɖi ame ŋu o, ke afɔku nɔ eme hã. Ŋɔdzi siwo me wòɖo dometɔ aɖewoe nye enɔ tɔdziʋu me wògbã, eɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi kple adzodalawo dome, eɖo ŋɔdzi me le gbedzi kple atsiaƒu dzi. (Korintotɔwo II, 11:25, 26) Esɔ be ƒã hafi wòadzɔ be Paulo ɖeɖe nazɔ mɔ tso teƒe yi teƒe.
Amesiwo kplɔ Paulo ɖo anye eƒe zɔhɛwo, amesiwo ade dzi ƒo nɛ, kple amesiwo ana kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔe le subɔsubɔdɔa me. Ɣeaɖewoɣi la, Paulo gblẽa wo ɖe megbe be woakpɔ xɔsetɔ yeyewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 17:14; Tito 1:5) Gake zɔhɛawo ƒe eŋu nɔnɔ anya hiã vevie le dedienɔnɔ kple be woakpe ɖe eŋu wòakpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo wòado goe le mɔzɔzɔa me ta. Eyata ame abe Sopatre, Sekundo, Gayo, kple Trofimo ene, amesiwo míenya be wonɔ Paulo ƒe mɔzɔhɛwo dome anya wɔ akpa vevi aɖe si na be eƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze.—Dɔwɔwɔwo 20:4.
Kpekpeɖeŋu si ŋutsu kple nyɔnu siwo gbɔ wòdze nae hã wɔ akpa vevi aɖe. Ne Paulo va ɖo du gã aɖe si me wòadi be yeaɖe gbeƒã le alo atsi afima adɔ la, nu gbãtɔe nye be wòadi afisi wòadze. Ahiã godoo be amesiame si azɔ mɔ ade teƒe didiwo abe alesi Paulo zɔe ene namlɔ aba vovovo geɖe dzi. Ate ŋu adze amedzrodzeƒe ɣesiaɣi, gake ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ le wo ŋu be wonye “teƒe si afɔku le eye womedze o,” eyata afisi wòsɔ le la, anɔ eme be haxɔsetɔwo gbɔe Paulo adze.
Míenya ŋutsu kple nyɔnu siwo gbɔ Paulo dze la dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔ—Akwila kple Priskila, Gayo, Yason, Lidia, Mnason, Filemon, kple Filipo. (Dɔwɔwɔwo 16:14, 15; 17:7; 18:2, 3; 21:8, 16; Romatɔwo 16:23; Filemon 1, 22) Aƒe siwo me Paulo dze le Filipi, Tesalonika, kple Korinto kpe ɖe eŋu wòkpɔ afisi wòanɔ awɔ ɖoɖo ɖe eƒe dutanyanyuigblɔdɔwo ŋu. Tito Yusto hã na dzeƒe apostoloa le Korinto be wòanɔ awɔ eƒe gbeƒãɖeɖedɔa.—Dɔwɔwɔwo 18:7.
Xɔlɔ̃ Gbogbo Aɖewo
Abe alesi woakpɔ mɔe ene la, woɖo ŋku Paulo ƒe ame nyanyɛwo dzi le mɔ vovovowo nu le nɔnɔme vovovo siwo me wòdo go wo le ta. Le kpɔɖeŋu me, Maria, Persis, Foibe, Trifena, kple Trifosa, wo katã wonye nyɔnu hadɔwɔla siwo wokafu ɖe woƒe agbagbadzedze kple dɔ sesẽ wɔwɔ ta. (Romatɔwo 16:1, 2, 6, 12) Paulo na nyɔnyrɔ Krispo, Gayo, kple Stefana ƒemetɔwo. Dionisio kple Damaris xɔ nyateƒegbedasia tso egbɔ le Atene. (Dɔwɔwɔwo 17:34; Korintotɔwo I, 1:14, 16) Woyɔ Andronika kple Yunia, “amesiwo xɔ ŋkɔ le apostoloawo dome,” amesiwo va zu xɔsetɔwo do ŋgɔ na Paulo la be eƒe ‘hati gaxɔmenɔlawo.’ Ðewohĩ wo kpakplii wonɔ game kpɔ ɣeaɖeɣi. Paulo ƒo nu tso amesiawo abe Herodion, Yason, Lukio, kple Sosipatro hã ŋu be wonye yeƒe ‘ƒometɔwo.’ (Romatɔwo 16:7, 11, 21) Togbɔ be Helagbe me nya si wozã le afisia ate ŋu afia “dukɔ ɖeka me tɔwo” hã la, eƒe gɔmesese koŋ ye nye “ʋuɖekametɔ siwo nye dzidzime ɖeka me tɔwo.”
Paulo xɔlɔ̃ geɖe zɔ mɔ le nyanyuia ta. Le eƒe zɔhɛ siwo míenya nyuie megbe la, Axaiko, Fortunato, kple Stefano hã li, amesiwo zɔ mɔ tso Korinto va Efeso be yewoabia nya Paulo tso woƒe hamea ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme ŋu. Artema kple Tixiko nɔ klalo be yewoazɔ mɔ aɖakpe ɖe Tito si nɔ subɔsubɔm le Kreta-ƒukpo dzi ŋu, eye wobe Zena nazɔ mɔ kple Apolo.—Korintotɔwo I, 16:17; Tito 3:12, 13.
Ame aɖewo li siwo ŋu Paulo gblɔ nya kpui tɔxɛ dodzidzɔnamewo tsoe. Le kpɔɖeŋu me, wona míenya be Epeneto nye “kutsetse gbãtɔ na Kristo le Asia,” le Korinto la, Erasto nye “du me gadzikpɔla,” be Luka nye atikewɔla, be Lidia nye aɖabɛdzrala, eye be Tertio ye Paulo na wòŋlɔ lɛtaa nɛ wòɖo ɖe Romatɔwo. (Romatɔwo 16:5, 22, 23; Dɔwɔwɔwo 16:14; Kolosetɔwo 4:14) Nyatakaka sue dodzidzɔname siawo ana wòadzro amesiwo di be yewoanya nu geɖe tso ame ɖekaɖeka siawo ŋu vevie be yewoase nya geɖe.
Woɖo gbedasi ɖe Paulo ƒe zɔhɛ bubuwo tẽ, esiwo nye nya siwo woŋlɔ ɖe Biblia me fifia. Le kpɔɖeŋu me, Paulo xlɔ̃ nu Arxipo le lɛta si wòŋlɔ na Kolosetɔwo me bena: “Kpɔ subɔsubɔdɔ, si su asiwò le Aƒetɔ me la dzi, be nawu enu!” (Kolosetɔwo 4:17) Edze ƒã be nyaʋiʋli aɖewo ɖo Ewodia kple Sintixe dome si gbɔ wòle be woakpɔ. Eyata Paulo to eƒe ‘hadɔwɔla’ aɖe si le Filipi si ŋkɔ womeyɔ o dzi xlɔ̃ nu wo be “woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.” (Filipitɔwo 4:2, 3) Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee esia nye na mí katã vavã.
Kpekpeɖeŋu Nanae Nuteƒewɔwɔtɔe le Eƒe Gaxɔmenɔɣi
Paulo nɔ game zi geɖe. (Korintotɔwo II, 11:23) Ɣemaɣiwo ne Kristotɔwo le du si me wodee game le la, wodzea agbagba wɔa nusianu si woate ŋui be nusi me tom wònɔ naka bɔbɔ nɛ vie. Esi Paulo nɔ game zi gbãtɔ le Roma la, woɖe mɔ nɛ be wòahaya eya ŋutɔ ƒe xɔ ƒe eve ale be exɔlɔ̃wo te ŋu srãnɛ kpɔna. (Dɔwɔwɔwo 28:30) Le ɣeyiɣi mawo me la, eŋlɔ lɛta na hame siwo le Efeso, Filipi, kple Kolose, eye wòŋlɔe na Filemon hã. Agbalẽ siawo na míenya nu geɖe tso amesiwo nɔ Paulo ŋu kplikplikpli le eƒe gamenɔɣi ŋu.
Le kpɔɖeŋu me, míekpɔe be Onesimo si nye Filemon ƒe subɔvi si si le egbɔ va do go Paulo le Roma, eye nenema ke nye Tixiko si wòbe nekplɔ Onesimo ayi na eƒe aƒetɔ hã. (Kolosetɔwo 4:7-9) Epafrodito, amesi zɔ mɔ legbee tso Filipi va kple nunana si wòxɔ tso woƒe hamea gbɔ, eye wòdze dɔ esi wòva ɖo la, hã nɔ anyi. (Filipitɔwo 2:25; 4:18) Aristarxo, Marko, kple Yesu, si woyɔna be Yusto, si ŋu Paulo gblɔ le bena, “Amesiawo ɖeɖekoe nye hanyedɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒe la, nenem me siawo zu akɔfafa nam,” la wɔ dɔ kplikplikpli kple Paulo le Roma. (Kolosetɔwo 4:10, 11) Hekpe ɖe nuteƒewɔla siawo katã ŋu la, Timoteo kple Luka, kpakple Dema, amesi gblẽ Paulo ɖi le esi wòlɔ̃ xexeame ta, siwo ŋu nya míenya nyuie wu hã nɔ anyi.—Kolosetɔwo 1:1; 4:14; Timoteo II, 4:10; Filemon 24.
Edze ƒã be ame mawo dometɔ aɖeke metso Roma o, gake wonɔ Paulo ŋu kplikplikpli. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo yi kple susu be yewoana kpekpeɖeŋui esime wònɔ gaxɔ me. Ðikekemanɔmee la, wo dometɔ aɖewo tsɔ dɔ nɛ, edɔ bubuwo ɖe teƒe didiwo ɖe nyanyuikakadɔwɔƒe, eye Paulo na bubuwo ŋlɔ lɛtawo nɛ. Ðaseɖiɖi wɔdɔɖeamedzi si fia alesi gbegbe amesiawo katã nɔ Paulo ŋui kple alesi wowɔ nuteƒe nɛ kpakple na Mawu ƒe dɔa kae nye esi!
Míede dzesii le Paulo ƒe lɛta aɖewo ƒe nuwunyawo me be anye be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ gbogbo aɖewo siwo sɔ gbɔ vie wu amesiwo ƒe ŋkɔ míenya la nɔ eŋu. Le ɣeyiɣi vovovowo me la, eŋlɔ bena: “Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã!” kple “Amesiwo katã le gbɔnye la, ɖuɖɔ wò ƒã.”—Korintotɔwo II, 13:12; Tito 3:15; Filipitɔwo 4:22.
Le Paulo ƒe gamenɔɣi evelia le Roma si nu sẽ ŋutɔ esime wòdze ŋgɔ xɔsetaku la, Paulo ƒe hadɔwɔlawo ƒe nu nɔ susu me nɛ vevie. Eganɔ wo dometɔ aɖewo ya teti ƒe dɔwo dzi kpɔm henɔ wo ŋuti ɖoɖowo wɔm vevie kokoko. Eɖo Tito kple Tixiko ɖe nyanyuikakadɔwɔƒe, Kreske yi ɖe Galatia, Erasto tsi Korinto, wogblẽ Trofimo si nɔ dɔ lém ɖe Mileto, ke ebe Marko kple Timoteo nava ye gbɔ. Gake Luka nɔ Paulo gbɔ, eye esi apostoloa ŋlɔ eƒe lɛta evelia ɖo ɖe Timoteo la, xɔsetɔ bubu geɖe hekpe ɖe Eubulo, Pude, Lino, kple Klaudia ŋu nɔ anyi, eye woɖo woƒe gbedoname ɖee. Ðikekemanɔmee la, wowɔ nusianu si woate ŋui tsɔ kpe ɖe Paulo ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Paulo ŋutɔ hã ɖo gbedonamewo ɖe Priska kple Akwila, kpakple Onesiforo ƒe aƒemetɔwo. Gake nublanuitɔe le afɔku ƒe ɣeyiɣi ma me la, Dema gblẽe ɖi, eye Aleksandro wɔ vɔ̃ geɖe ɖe eŋu.—Timoteo II, 4:9-21.
“Mawu ƒe Hadɔwɔlawoe Míenye”
Ƒã hafi Paulo ɖeɖe nɔ anyi le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Nyameɖela E. Earle Ellis gblɔ be: “Nusi míede dzesii enye mawunyadɔgbedea si ŋu ame gbogbo aɖewo nɔ. Nyateƒee, mebɔ be woakpɔ Paulo nanɔ anyi zɔhɛwo manɔmee o.” Le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te la, Paulo te ŋu ƒo ame geɖe nu ƒu hewɔ ɖoɖo ɖe dutanyanyuigblɔdɔwo ŋu memie. Kpeɖeŋutɔ kplikplikpliwo, ɣeyiɣi aɖe ƒe kpeɖeŋutɔwo, siwo dometɔ aɖewo dzea agbagba vevie, kple subɔla ɖokuibɔbɔla geɖewo ƒo xlãe. Gake menye hadɔwɔlawo koe amesiawo nye nɛ o. Lɔlɔ̃ ƒe nublanu si blaa Kristotɔwo ɖekae kple xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ Paulo kple ameawo dome dze ƒã, eɖanye afika kee wowɔ dɔ kplii alo de ha kplii se ɖo o.
Nusi woyɔna be “xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe aɖaŋu” nɔ apostolo Paulo si. Edze agbagba geɖe be yeatsɔ nyanyuia ayi na dukɔwo, gake medze agbagba be ye ɖeɖe yeawɔe o. Ewɔ ɖeka kple Kristo-hamea eye wòwɔ eŋudɔ bliboe. Paulo metsɔ kafukafua na eɖokui le nusi wòte ŋu wɔ la ta o, ke boŋ elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be dɔlae yenye eye be ele be woatsɔ kafukafua katã na Mawu, amesi na nuawo tsi la.—Korintotɔwo I, 3:5-7; 9:16; Filipitɔwo 1:1.
Paulo ƒe ɣeyiɣiawo to vovo na mía tɔ, gake togbɔ be ele nenema hã la, mele be ame aɖe nabu egbea le Kristo-hamea me be yeate ŋu anɔ ye ɖokui si alo ehiã be yeanɔ ye ɖokui si o. Ke boŋ ele be míawɔ dɔ kple Mawu ƒe habɔbɔa ɣesiaɣi, kple hame si me míele, eye kple mía hati xɔsetɔwo. Míehiã woƒe kpekpeɖeŋu kple akɔfafa le ɣeyiɣi nyui kple vɔ̃wo me. Mɔnukpɔkpɔ xɔasie wònye su mía si be míenye ‘nɔvi siwo le xexeame ƒe habɔbɔ’ me tɔwo. (Petro I, 5:9) Ne míewɔ dɔ aduadu le ɖekawɔwɔ me anukwareɖiɖi kple lɔlɔ̃ tɔe kpli wo katã la, ekema míawo hã míate ŋu agblɔ abe Paulo ene be “Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye.”—Korintotɔwo I, 3:9.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]
APOLO
ARISTARXO
BARNABA
LIDIA
ONESIFORO
TERTIO
TIXIKO