Dzeɖoɖo Tuameɖowo—Nu Vevi si Naa Srɔ̃ɖeɖe me Nyona
Le ƒe 1778 me la, Robert Barron to gameti eve ƒokpli aɖe vɛ. Nusi Englandtɔ sia to vɛ la dzie wokpɔ wɔ gameti na aɖaka siwo me wodzraa nu xɔasiwo ɖo egbea. Alesi etɔa le bia be woazã safui ɖeka si ate ŋu afɔ gameti eveawo ɖe dzi zi ɖeka.
NENEMA ke srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze hã nɔ te ɖe atsu kple asi ƒe nuwɔwɔ aduadu le ɖekawɔwɔ me dzii. Nu vevi aɖe si ana woake ɖe dzidzɔ si le srɔ̃ɖeɖe nyui me ŋu ahase vivi le emee nye dzeɖoɖo tuameɖowo.
Nusi Dzeɖoɖo Tuameɖo Bia
Nukae dzeɖoɖo tuameɖo bia? Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe dzeɖoɖo gɔme be enye “susuwo, nukpɔsusuwo, alo nyatakakawo gbɔgblɔ alo wo ɖɔliɖɔli, to nuƒoƒo, nuŋɔŋlɔ, alo dzesiwo wɔwɔ me.” Eyata dzeɖoɖo fia seselelãmewo kple susuwo gbɔgblɔ na ame nɔewo. Eye dzeɖoɖo nyui kuna ɖe nusiwo tua ame ɖo, doa ŋusẽ ame, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo dze na kafukafu, kple nusiwo faa akɔ na ame ŋu.—Efesotɔwo 4:29-32; Filipitɔwo 4:8.
Kakaɖeamedzi, ŋuɖoɖeameŋu, kple nugɔmesese na ame nɔewoe na wote ŋu ɖoa dze tuameɖo. Nɔnɔme siawo sua ame si ne wobu srɔ̃ɖeɖe be enye ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa eye woɖoe ŋutɔŋutɔ be yewoana wòadze edzi. Esi Joseph Addison si nye ƒe alafa 18 lia me ŋutinyaŋlɔla nɔ nu ƒom tso ƒomedodo sia tɔgbe ŋu la, eŋlɔ bena: “Ame eve siwo tia wo nɔewo tso amewo katã dome, kple susu be yewoafa akɔ ahado dzidzɔ na yewo nɔewo la to nusia wɔwɔ me ɖoe be yewoanye amesiwo doa vivi ɖe ame ŋu, dɔmenyotɔwo, aɖaŋudzelawo, amesiwo atsɔ nuvɔ̃ ake wo nɔewo, dzigbɔɖitɔwo, kple dzidzɔtɔwo, le wo nɔewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nɔnɔme nyuiwo me, vaseɖe woƒe agbe ƒe nuwuwu.” Dzidzɔ ka gbegbee nye si le ƒomedodo sia tɔgbe me! Eye nɔnɔme xɔasi siawo ate ŋu aɖo atsyɔ̃ na miaƒe srɔ̃ɖeɖe, elabena woate ŋu asu mia si to dzeɖoɖo tuameɖowo me.
Nusiwo Na Womete Ŋu Ðoa Dze Tuameɖo O
Srɔ̃tɔ akpa gãtɔwo tsɔa mɔkpɔkpɔ nyuiwo kple dzidzɔ gã gɔ̃ hã gena ɖe srɔ̃ɖeɖe me. Gake le wo dometɔ geɖe gome la, eteƒe medidina hafi dzidzɔa nu tsina eye mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo o. Nu vedziname siwo nye dziɖeleameƒo, dziku, fuléle, kple vivimadoɖeameŋu si nu sẽ gɔ̃ hã va xɔna ɖe kakaɖedzia teƒe. Ekema srɔ̃ɖeɖea va zua nɔnɔme si me woanɔ dzi dom le ‘vaseɖe esime ku nama wo dome.’ Eyata ele be woaɖu mɔxenu aɖewo dzi hafi woate ŋu atrɔ asi le dzeɖoɖo tuameɖowo ŋu wòanyo alo alée ɖe te.
Nu ŋutɔŋutɔ aɖe si doa kplamatse dzeɖoɖo tuameɖo ate ŋu anye vɔvɔ̃ na alesi srɔ̃tɔ kemɛa awɔ nui ɖe nya alo didi si wòɖe gblɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ ate ŋu avɔ̃ be womagalɔ̃ ye o ne eva nya be dɔléle gã aɖe le ye ŋu ɖom si ana be yeava zu nuwɔametɔ. Aleke srɔ̃tɔ ate ŋu aɖe nu me na srɔ̃a be nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la atrɔ yeƒe dzedzeme alo yeƒe ŋutete? Ne edzɔ alea la, ahiã wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be miaɖo dze anukwareɖiɖitɔe eye miawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu. Egbɔgblɔ na srɔ̃wòa be yegalɔ̃e kokoko, kpakple beléle nɛ edziedzi ana wòakpɔe be ètsɔ ɖe eme na ye eye esia ana woakpɔ dzidzeme ŋutɔŋutɔ le srɔ̃ɖeɖea me. Srɔ̃ɖeɖe mee wòle be lododo sia nawɔ dɔ le ŋutɔŋutɔ: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.
Nu bubu si doa kplamatse dzeɖoɖo tuameɖoe nye dzikudodo. Wogblɔe wòsɔ nyuie be srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le nye ame eve siwo lɔ̃a tsɔtsɔke ƒe ɖekawɔwɔ. Be woawɔ nu wòasɔ kple nya sia la, anyo be srɔ̃tɔwo nadze agbagba ɖesiaɖe awɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi be: “Ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Be woatsɔ aɖaŋuɖoɖo sia awɔ dɔe ke manye be woalé dziku alo dɔmedzoe ɖi o hiã dzeɖoɖo ɖokuibɔbɔtɔe vavã. Srɔ̃tɔ siwo srɔ̃ɖeɖe me nyo na medoa dziku, hea dzre, nɔa wo nɔewo lém ɖe dɔme ɣesiaɣi o. (Lododowo 30:33) Wodina be yewoasrɔ̃ Mawu, amesi meléa nya ɖe dɔme o. (Yeremya 3:12) Le nyateƒe me la, wotsɔnɛ kea wo nɔewo faa tso dzime.—Mateo 18:35.
Kplamatsedonu si nɔa mɔ me na dzeɖoɖo ƒomevi ɖesiaɖee nye numaƒomaƒo na ame. Esia ate ŋu anye momakɔmakɔ na ame, hũɖeɖe, nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo aɖe ko nu, kple srɔ̃tɔ ɖeka ƒe numademade nɔvia ƒe nya me. Srɔ̃tɔ si wɔa nu alea le eɖem fia be wodze agɔ le ye dzi. Gake ame ƒe seselelãmewo gbɔgblɔ le anukware kple dzigbɔɖeanyi me wɔa nu geɖe le srɔ̃ɖeɖe tutuɖo me tsɔ wu be woagbe nuƒoƒo na ame nɔewo alé ame nɔewo ɖe dɔme.
Tomalémalé ɖe nya ŋu nyuie alo nyaa masemase kura ne srɔ̃tɔ ɖeka le nu ƒom nye kuxi bubu si dzi wòle be woaɖu be dzeɖoɖo nyui nate ŋu ayi edzi le srɔ̃ɖeɖe si akpɔ dzidzedze me. Ðewohĩ ɖeɖi te mía ŋu ale gbegbe alo vovo mele mía ŋu kura o eye ena míete ŋu kpɔ ŋusẽ si míehiã le susu kple seselelãme gome atsɔ aɖo to mía nɔewo nyuie o. Nyaʋiʋliwo ate ŋu ado mo ɖa ku ɖe ɖoɖowɔwɔ siwo gɔme womese tututu o evɔ ame ɖeka susui be yewogblɔe eme kɔ nyuie hafi gake ame evelia hã te tɔ ɖe edzi be yemesee nenema tsã o ŋu. Edze ƒã be dzemaɖomaɖo nyuie ye hea kuxi siawo vɛ.
Alesi Woawɔ Dzeɖoɖo Tuameɖo Nayi Edzi
Aleke gbegbe wòle vevie be woagbɔ dzi ɖi aɖo dze lɔlɔ̃tɔe wòatu ame ɖoe enye si! Ame aɖewo gblẽa ɣeyiɣi geɖe ŋutɔ nɔa television gbɔ nɔa ame bubuwo ƒe agbenɔnɔ kpɔm ale be womegakpɔa ɣeyiɣi boo aɖeke na woa ŋutɔwo tɔ o. Le esia ta zi geɖe afɔɖeɖe si le vevie hena ŋgɔyiyi le dze tuameɖo ɖoɖo mee nye be woatsi television la.
Gake abe alesi ko ɣeyiɣi li na nuƒoƒoe ene la, nenema ke ɣeyiɣi li na ɖoɖoezizi hã. Nunyala la gblɔ be: “Ɣeyiɣi li na nusianu, . . . ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” Le nyateƒe me la, nya siwo dze woagblɔ hã li. Lododo aɖe gblɔ be: “Aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, mehevivinae oa?” (Nyagblɔla 3:1, 7; Lododowo 15:23) Eyata nya ɣeyiɣi si nye nyuitɔ kekeake si nàdo wò susu ɖa alo nàɖe wò dzimedidi agblɔ. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe ɖeɖi te srɔ̃nye ŋu alo eƒe susu dze akɔ anyi eye wòɖe dzi ɖia? Ðe nya si medi be mado ɖa ate ŋu ahe dziku vɛa? Nye nyagbɔgblɔ kae medo dzidzɔ na srɔ̃nye o esi míeƒo nu tso nya sia ŋu nyitsɔ si va yi?’
Enyo be míaɖo ŋku edzi be nya sɔna ɖe tome na amewo wu ne wokpɔ vi si wòaɖe na yewo ne yewowɔ ɖe nusi biam wole dzi alo lɔ̃ ɖe edzi. Ne nyaʋiʋli aɖe do mo ɖa le srɔ̃tɔwo dome la, awɔ na wo dometɔ ɖeka be yeagblɔ be, “Nane le fu ɖem nam, eye míele eɖɔ ge ɖo fifi laa!” Ele eme be nɔnɔmea ye afia alesi tututu woagblɔe ya, gake anyo wu be woagblɔe ale tɔgbe, “Nye lɔlɔ̃tɔ, menɔ tame bum le nya si me míedzro va yi kple alesi míakpɔ nyawo gbɔe ŋu.” Nya eve siawo dometɔ kae ate ŋu asɔ tome na srɔ̃wò wu?
Ẽ, alesi wogblɔ nya aɖee le vevie ŋutɔ. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi.” (Kolosetɔwo 4:6) Dze agbagba be amenuveve nadze le gbe si nètsɔ ƒoa nui kple nya siwo nègblɔna me. Nenɔ susu me na wò be “nya dzeto la anyitsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.”—Lododowo 16:24.
Le srɔ̃tɔ aɖewo gome la, dɔwo wɔwɔ ɖekae le aƒea me ate ŋu anye mɔnukpɔkpɔ nyui si woazã atsɔ aɖo dzee. Nuwo wɔwɔ ɖekae alea ate ŋu ana woase vivi le anyinɔnɔ kple wo nɔewo me, eye wòana woakpɔ ɣeyiɣi na dze tuameɖowo hã ɖoɖo. Le srɔ̃tɔ bubuwo gome la, ɣeyiɣi si me womele dɔ aɖeke wɔm o si woanɔ anyi ɖekae le teƒe si dze akɔ anyi asɔ na wo wu woatsɔ aɖo dze tuameɖo.
Zi geɖe la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe ne míelé ŋku ɖe alesi srɔ̃tɔ siwo dome yina nyuie la ɖoa dze kple wo nɔewoe ŋu. Nukae na wòle nenema? Anɔ eme godoo be agbagbadzedze, dzigbɔɖi, kple ameŋububu lɔlɔ̃tɔe ye na be wote ŋu wɔ ɖeka eye woɖea dzi ɖi ɖoa dze faa. Edze ƒã be woa ŋutɔwo hã srɔ̃ nu geɖe, elabena srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze medzɔna le eɖokui si o. Eyata aleke gbegbe wòle vevie enye si be nàbu srɔ̃wò ƒe nukpɔsusuwo ŋu, nàse eƒe nuhiahiãwo gɔme, ahaƒo nu nunyatɔe atsɔ atsi nɔnɔme siwo ado nuxaxa na ame nu. (Lododowo 16:23) Ne srɔ̃tɔe nènye la, ekema dze agbagba be yeanye amesi gbɔ nɔnɔ doa dzidzɔ na ame, eye nànye amesi woate ŋu aɖe kuku na bɔbɔe. Ema awɔ geɖe le wò srɔ̃ɖeɖea me wòanyo.
Yehowa Mawu di be amewo nase vivi le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ le eye wònɔa anyi ɖaa me. (Mose I, 2:18, 21) Gake amesiwo wɔ ɖeka le srɔ̃ɖeɖe mee ate ŋu aɖo esia gbɔ. Ame eve siwo lɔ̃ wo nɔewo eye wodzea agbagba ɖekae ye ana srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze to dzeɖoɖo tuameɖo ƒe aɖaŋua sɔsrɔ̃ me.
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Television tsitsi ana woakpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ aɖo dzee
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Dzeɖoɖo tuameɖo blaa dziwo ɖekae le lɔlɔ̃ si nɔa anyi ɖaa me