INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 7/15 axa 24-25
  • Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Eʋu Anyigbamama Yeyewo Nu
  • Filipo ƒe Mɔnukpɔkpɔ Bubuwo
  • Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Ðe Mɔɖeɖedɔa ƒe Gbɔgbɔ Fia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Filipo Nyrɔ Etiopia-megã Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Gblɔ Nya Si Sɔ Ðe Nɔnɔmea Nu
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 7/15 axa 24-25

Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola

NUŊLƆÐI geɖe le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒe xɔse dze be míasrɔ̃ ŋu. Bu Filipo si nye Kristotɔ dutanyanyuigblɔla le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu kpɔ. Menye apostolo wònye o, ke hã wozãe vevie le Fiaɖuƒegbedasia kaka me. Le nyateƒe me la, wova yɔ Filipo be “nyanyuigblɔla.” (Dɔwɔwɔwo 21:8) Nukata woyɔ Filipo nenema? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?

Woƒo nu tso Filipo ŋu le Biblia me le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste nudzɔdzɔa megbe teti. Ɣemaɣi Yudatɔ siwo doa Helagbe va nɔ liʋiliʋi lim le Yudatɔ siwo doa Hebrigbe ŋu nɔ gbɔgblɔm be wogblẽ yewoƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbenuɖuɖu mama me. Apostoloawo tia “ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖaseɖiɖi nyui,” be woakpɔ nyaa gbɔ. Filipo nɔ ame tiatia siawo dome.—Dɔwɔwɔwo 6:1-6.

Ŋutsu adre siawo “kpɔ ɖaseɖiɖi nyui.” James Moffatt ƒe gɔmeɖeɖea gblɔ be “ŋkɔ nyui nɔ wo ŋu.” Ẽ, esime wonɔ wo tiam la, wonya wo xoxo be wonye gbɔgbɔmeme siwo si tamebubuŋutete nyui le. Nenema ke wòle le amesiwo nye Kristotɔ dzikpɔlawo egbea gome. Wometsia klokloklo le ŋutsu siawo tiatia me o. (Timoteo I, 5:22) Ele be ‘woakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo gbɔ,’ eye ele be hati Kristotɔwo nanya be wonye nugɔmeselawo kple ame ɖɔŋuɖowo.—Timoteo I, 3:2, 3, 7; Filipitɔwo 4:5.

Edze ƒã be Filipo kpɔ eƒe dɔdasiwo gbɔ nyuie le Yerusalem. Gake eteƒe medidi o yometiti sesẽ aɖe do mo ɖa wòna Kristo yomedzelawo ka hlẽ. Filipo dzo le dua me abe alesi ame bubuwo hã wɔ ene, gake eƒe subɔsubɔdɔa mevɔ o. Eteƒe medidi o enɔ gbeƒã ɖem vevie le anyigbamama yeye aɖe me—eyae nye Samaria.—Dɔwɔwɔwo 8:1-5.

Eʋu Anyigbamama Yeyewo Nu

Yesu gblɔe ɖi be yeƒe nusrɔ̃lawo aɖe gbeƒã “le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Filipo ƒe gbeƒãɖeɖe le Samaria na wòwɔ akpa aɖe le nya mawo me vava me. Yudatɔ geɖe mebua Samariatɔwo ɖe naneke me o. Gake Filipo mebu susu vɔ̃ aɖeke ɖe amesiawo ŋu o, eye woyra ɖe eƒe ameŋkumemakpɔmakpɔa dzi. Le nyateƒe me la, Samariatɔ geɖe xɔ nyɔnyrɔ, tsɔ kpe ɖe ame aɖe si woyɔna be Simon si nye afakala tsã ŋu.—Dɔwɔwɔwo 8:6-13.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Filipo be wòayi dzogbemɔ si tso Yerusalem yi Gaza dzi. Filipo kpɔ tasiaɖam aɖe le afima eye Etiopia-megã aɖe nɔ eme nɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖi xlẽm sesĩe. Filipo ƒu du kplɔ tasiaɖam la ɖo eye wòdze dzeɖoɖo kplii gɔme. Togbɔ be Etiopiatɔa nye amesi trɔ dzime eye wònya nu tso Mawu kple Ŋɔŋlɔawo ŋu vie hã la, egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be woakpe ɖe ye ŋu yease nusi xlẽm yele la gɔme. Eyata ena Filipo ɖo tasiaɖam la eye wònɔ egbɔ. Esi wòɖi ɖase nɛ vɔ la, wova ɖo tsi aɖe gbɔ. Etiopiatɔa bia be: ‘Nuka xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?’ Filipo na nyɔnyrɔe enumake, eye Etiopiatɔa yi eƒe mɔzɔzɔa dzi kple dzidzɔ. Anɔ eme be nusrɔ̃la yeye sia kaka nyanyuia esi wòva ɖo wo denyigba dzi.—Dɔwɔwɔwo 8:26-39.

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Filipo ƒe subɔsubɔdɔa me le Samariatɔwo kple Etiopia-megã la ƒe nya la me? Mele be míabui gbeɖe be dukɔ alo amesi ƒe ŋutigbalẽ to vovo, alo ɖoƒe aɖe nɔlawo matsɔ ɖeke le nyanyuia me o. Ke boŋ ele be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia na ‘ameƒomeviwo katã.’ (Korintotɔwo I, 9:19-23) Ne míetsɔ mía ɖokui na heɖe gbeƒã na amesiame la, Yehowa ate ŋu azã mí le ‘dukɔwo katã me tɔwo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe’ ƒe dɔa me hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu naɖo.—Mateo 28:19, 20.

Filipo ƒe Mɔnukpɔkpɔ Bubuwo

Esi Filipo ɖe gbeƒã na Etiopia-megãa megbe la, eɖi ɖase le Asdod, “eye wòle tsatsam hele nyanyui la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.” (Dɔwɔwɔwo 8:40) Trɔ̃subɔla gbogbo aɖewo nɔ du eve siawo me le ƒe alafa gbãtɔ me. Esi Filipo ɖo ta dziehe gome yina Kaisarea la, anɔ eme be eɖe gbeƒã le teƒe siwo Yudatɔwo xɔ aƒe ɖo wu, siwo ƒe ɖewoe nye Lida kple Yope. Ðewohĩ ema tae wova kpɔ emegbe be nusrɔ̃lawo nɔ nuto siawo me.—Dɔwɔwɔwo 9:32-43.

Anɔ ƒe 20 megbe hafi wogaƒo nu tso Filipo ŋu. Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia ƒe nuwuwu la, eva ɖi go ɖe Ptolemai. Paulo ƒe hati mɔzɔla Luka gblɔ be: “Esi ŋu ke la, míedzo va Kaisarea, eye míeyi ɖe nyanyuigblɔla Filipo ƒe me.” Ɣemaɣi la, “ɖetugbivi ene, siwo gblɔa nya ɖi” nɔ Filipo si.—Dɔwɔwɔwo 21:8, 9.

Edze abe Filipo va nɔ Kaisarea ene. Gake eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe gbɔgbɔa ganɔ eme, elabena Luka yɔe be “nyanyuigblɔla.” Zi geɖe la, nya sia fia amesi dzona le eƒeme ɖaɖea gbeƒã nyanyuia le nuto siwo womeɖe gbeƒã le haɖe o me. Nyateƒe si wònye be vinyɔnu ene siwo gblɔa nya ɖi nɔ Filipo si fia be wodze wo fofo ƒe afɔɖoƒe yome.

Ele be egbeŋkekea me dzila Kristotɔwo naɖo ŋku edzi be yewo viwoe nye yewoƒe nusrɔ̃la vevitɔwo. Ne wòva hiã be dzila siawo naɖe asi le teokrasi mɔnukpɔkpɔwo ŋu le ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ ta hã la, woate ŋu ayi edzi anye Mawu subɔla siwo subɔna tso dzi blibo me kple dzila siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui, abe Filipo ene.—Efesotɔwo 6:4.

Paulo kple eƒe zɔhɛwo ƒe afimayiyi na mɔnukpɔkpɔ Filipo ƒe ƒomea be woɖe amedzrowɔwɔ fia. Kpɔ alesi gbegbe woade dzi ƒo na wo nɔewoe ɖa! Ðewohĩ ɣeyiɣi sia mee Luka se nyawo le Filipo ƒe dɔwɔwɔ ŋu, si wova ŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo ta 6 kple 8 lia me emegbe.

Yehowa Mawu zã Filipo vevie tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Filipo ƒe veviedodo na wòte ŋu kaka nyanyuia le anyigbamama yeyewo me eye wòna gbɔgbɔmenɔnɔme nyui aɖe nɔ eƒeme. Ðe nàdi be mɔnukpɔkpɔ kple yayra mawo tɔgbe nasu ye sia? Ekema anyo be nàsrɔ̃ nɔnɔme nyui siwo nyanyuigblɔla Filipo ɖe fia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe