INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/1 axa 22-25
  • Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòate Ŋu Aɖe Vi na Wòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòate Ŋu Aɖe Vi na Wòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ekpɔa Ŋusẽ Ðe Ƒe Ðesiaɖe Xɔlawo Dzi
  • Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Nyuitɔ Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
  • Ƒo Asa Na Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo
  • Ame Aɖewo Siwo Wòɖe Vi Na
  • Sɔhɛwo—Mitsi Tsitre Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Nenema Gbegbea?
    Nyɔ!—2002
  • Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu
    Nyɔ!—2014
  • Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Nui?
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/1 axa 22-25

Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòate Ŋu Aɖe Vi na Wòa?

Wodzi mí katã kple dzɔdzɔmedidi be mía hatiwo nalɔ̃ míaƒe nya. Ame aɖeke medi be woatsri ye, agbe yeƒe nya lɔlɔ̃ o. Eyata mía hatiwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi le mɔ vovovowo nu.

WOÐE hati gɔme be “amesi wo kple ame bubu wole tasɔsɔ me; . . . amesi wo kpakple amea wonye zɔhɛwo, vevietɔ wosɔ ta le ƒe me, ɖoƒe ɖekae le wo si, alo taɖodzinu ɖekae le wo si.” Eyata hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nye ŋusẽ si mía hatiwo kpɔna ɖe mía dzi, esi wɔnɛ be míenya alo míeɖanya o, míebua tame alo wɔa nu abe woawo ke ene. Zi geɖe la, míebuna be viɖe mele hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu o. Gake abe alesi míakpɔe ene la, míate ŋu ana wòaɖe vi na mí.

Ekpɔa Ŋusẽ Ðe Ƒe Ðesiaɖe Xɔlawo Dzi

Menye sɔhɛwo ko dzie hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔa ŋusẽ ɖo o, ekpɔa ŋusẽ ɖe ƒe ɖesiaɖe xɔlawo dzi. Eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖea dzesi ne míekpɔe be míeva le mía ɖokui biam be: “Ame bubuwo le ewɔm, nukatae nye ya nyemate ŋu awɔe o?” “Nukatae wòle be nye ya mato vovo ɣesiaɣi?” “Nukae amewo asusu alo agblɔ?” “Xɔ̃nyewo katã le gbe ɖom ɖi hele srɔ̃ ɖem, nye ya metsi eme. Ðe nane gblẽ le ŋunyea?”

Togbɔ be nyaƒoɖeamenua kpɔa ŋusẽ ɖe ƒe ɖesiaɖe xɔlawo dzi hã la, esesẽna wu le ƒewuiwo me. The World Book Encyclopedia gblɔ be “ƒewuivi akpa gãtɔ va zɔna kplikplikpli kple wo hatiwo—si nye wo xɔlɔ̃ kple woƒe ame nyanyɛwo. Ƒewuivi siawo kpɔa wo hatiwo sinu be woalɔ̃ ɖe yewoƒe nuwɔna dzi tsɔ wu be woakpɔ wo dzilawo sinu, eye woate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔ be wòadze wo hatiwo ŋu.” Eyi edzi be ƒewuiviwo “susuna be ne yewo hatiwo da asi ɖe yewoƒe nuwɔna dzi helɔ̃ yewoƒe nya la, ekema yewole tsitsim le mɔ nyuitɔ nu.” Le susu ma ta “nusiwo ana woaxɔ ŋkɔ la ŋue wotsia dzi ɖo wu, abe woƒe awudodo ƒe atsyiã, ŋgɔxɔxɔ ƒe ŋutete, kple dzidzedzekpɔkpɔ le gbeɖoɖoɖi me ene.”

Ðewohĩ srɔ̃tɔwo akpɔe be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso siwo yewowɔ ku ɖe aƒe si tɔgbe yewoaƒle alo yewoahaya, ʋu si ƒomevi yewoaƒle, ɖe yewoadzi vi loo alo yewomadzi o, kpakple nya bubu geɖe dzi—nusi dzi amewo da asi ɖo le nuto si me wole, le woƒe zɔhɛwo alo wo detɔwo dome. Ƒome aɖewo gɔ̃ hã va zua fenyilawo ale gbegbe le esi wodi be nusi le yewoƒe aƒelikawo kple hatiwo si nanɔ yewo hã si ko ta. Ẽ, míaƒe taɖodzinuwo, míaƒe tamebubu, kple míaƒe nyametsotsowo ɖea alesi hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le ayemee fiana. Le alesi hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu sẽŋui ta la, ɖe míate ŋu anɔ te ɖe enu azãe wòaɖe vi na mí, be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze le nusi míedi be míawɔ mea? Le nyateƒe me la, míate ŋui!

Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Nyuitɔ Ŋudɔwɔwɔ Nyuie

Ðɔktawo kple lãmesẽdɔwɔla bubuwo nya vi si wòɖena ne wona ame ɖɔʋuwo kple nu bubu siwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe woƒe dɔnɔwo dzi ƒo xlã wo. Nuto mawo tɔgbe me nɔnɔ ate ŋu akpe ɖe dɔnɔa ŋu wòahaya kaba. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, wotsɔa ɣeyiɣi didi kpena ɖe amesiwo ƒe afɔ alo abɔ lã ŋu woƒe lãme sẽna le ŋutilã kple seselelãme gome to ame bubu siwo hã ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe lã kpɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui kple dzideƒoname dzi. Eme kɔ ƒã be, hadede kple nudzeamewɔla siwo dome amesiwo si mɔkpɔkpɔ le, siwo nye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nyuitɔ si míate ŋu azã wòaɖe vi na mí.

Gɔmeɖose sia nye nyateƒe le Kristo-hamea hã me, elabena hatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nyuitɔ hã tae Yehowa xlɔ̃ nu eƒe amewo be woanɔ ta kpem edziedzi ɖo. Mawu xlɔ̃ nu mí be ‘míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.’ (Hebritɔwo 10:24, 25) Le nyaƒoɖeamenu geɖe siwo ɖea dzi le ame ƒo siwo le xexeame egbea ta la, dzidedeƒo na ame alea le vevie ale gbegbe. Le nyaƒoɖeamenu siawo ta la, ele na Kristotɔwo be ‘woaʋli sesĩe’ be woayi edzi asẽ ŋu le gbɔgbɔ me. (Luka 13:24) Eyata míehiã kpekpeɖeŋu si haxɔsetɔwo naa mí lɔlɔ̃tɔe la, eye edzea mía ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ ele na ame aɖewo be woado dzi anɔ te ɖe ‘ŋù si le woƒe ŋutilã me,’ si ate ŋu anye dɔléle alo gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe la nu. (Korintotɔwo II, 12:7) Ðewohĩ ame bubuwo anɔ agbagba dzem be yewoaɖu numame gbegblẽwo alo blanuiléle dzi, alo ɖewohĩ asesẽ na wo be woakpɔ woƒe agbemenuhiahiãwo. Eyata ne míedea ha kple amesiwo zɔna kple Yehowa Mawu kplikplikpli eye wokpɔa dzidzɔ ɖe subɔsubɔ tsɔtsɔ nɛ ŋu la, ke míewɔ nu nunyatɔe. Hati siawo ado ŋusẽ mí ahakpe ɖe mía ŋu be ‘míado dzi nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe nuwuwu.’—Mateo 24:13.

Ne míetia hati nyuitɔwo la, ekema míate ŋu anɔ te ɖe ŋusẽ si wokpɔna ɖe mía dzi la nu. Hekpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔmenuɖuɖu kple mɔfiame nyui siwo míexɔna le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me gana ŋusẽ nɔa dzideƒonamenya siwo míexɔna tsoa mía hatiwo gbɔ la ŋu.

Enye nyateƒe be Kristotɔwo ƒe kpekpewo yiyi mele bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ðewohĩ kpekpeɖeŋu sue aɖe koe srɔ̃tɔ aɖewo srɔ̃wo naa wo alo womekpena ɖe wo ŋu le go aɖeke me o, ɖeviwo anɔ ame bubuwo si siwo wòle be woadzra ɖo na, eye ʋuɖonyawo ate ŋu anye kuxi na ame bubuwo hã. Gake bu eŋu kpɔ: Ne mèna kplamatsedonu siawo na nèdzudzɔ o la, ke wò kpɔɖeŋua ate ŋu ado ŋusẽ ame bubu siwo anya nɔ nɔnɔme mawo tɔgbe me tom. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, menye kpɔɖeŋu nyui ko ɖomee mia kple ame bubuwo miele ɖi o, ke mienye hatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nyuitɔ hã—eye amedzizizi nuwɔna aɖeke manɔ eme o.

Le nyateƒe me la, apostolo Paulo, amesi ŋutɔ hã kpe fu eye nu geɖe do kplamatsee la de dzi ƒo na Kristotɔwo be woasrɔ̃ ye kple Kristotɔ tsitsi bubuwo ƒe kpɔɖeŋu nyui si yewoɖo ɖi la. Egblɔ be: “Mizu hanyesrɔ̃lawo, nɔviwo, eye milé ŋku ɖe amesiwo zɔna nenema ke la ŋuti, abe alesi míenye kpɔɖeŋu na mi ene.” (Filipitɔwo 3:17; 4:9) Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Tesalonika la srɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu nyui la. Paulo ŋlɔ le wo ŋu be: “Miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ, ale bena mietrɔ zu kpɔɖeŋu na amesiwo katã xɔnɛ sena le Makedonia kple Axaya.” (Tesalonikatɔwo I, 1:6, 7) Míaƒe nɔnɔme kple kpɔɖeŋu nyui ate ŋu awɔ dɔ ɖe míaƒe zɔhɛwo dzi nenema ke.

Ƒo Asa Na Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo

Ne míedi be míaƒo asa na hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽwo la, ke ele na mí be míatsi tre ɖe ‘amesiwo zɔna le ŋutilã nu’ la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋu. (Romatɔwo 8:4, 5; Yohanes I, 2:15-17) Ne menye nenema o la, hati gblẽkuwo ƒe nyaƒoɖeamenu aɖe mí ɖa tso Yehowa kple eƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu. Lododowo 13:20 gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” Ame aɖe va susu me na wò si va zu ame gbegblẽ le hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽ taa? Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖewo va zu ŋutilãmenudilawo, agbegbegblẽnɔlawo alo atikevɔ̃ɖizãlawo le wo hatiwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe wo dzi ta.

Le Kristo-hamea me kura gɔ̃ hã la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu manyomanyo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ne míetia amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me wonye mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. (Korintotɔwo I, 15:33; Tesalonikatɔwo II, 3:14) Zi geɖe la, ame mawo melɔ̃a dzeɖoɖo tso gbɔgbɔmenyawo ŋu o; ɖewohĩ woaɖe alɔme le amesiwo ɖoa dze mawo tɔgbe ŋu gɔ̃ hã. Ne míetia amesiawo wonye mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu ana míanɔ abe woawo ke ene, eye madidi o míakpɔe be míaƒe tamebubu kple nuwɔna sɔ kple wo tɔ. Ðewohĩ míate susu vɔ̃ bubu ɖe amesiwo ɖea xɔse vavãtɔ fiana hele agbagba dzem be yewoayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me la gɔ̃ hã ŋu.—Timoteo I, 4:15.

Aleke gbegbe nunya le eme wue be míadze xɔlɔ̃ amesiwo dzea agbagba be yewoadze Yehowa ŋu, amesiwo kpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋue nye si! Zɔhɛ siawo akpe ɖe mía ŋu be míaɖe “nunya si tso dziƒo” afia. “Gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔ̃na wogbea nya nɛ, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, . . . alakpa mele eme o.” (Yakobo 3:17) Esia mefia be amesiwo ƒe susu le gbɔgbɔmenuwo ŋu mete ŋu ɖoa dze tso nu bubu aɖeke ŋu tsɔ wu gbɔgbɔmenyawo ko o. Mele nenema o! Wò ya bu nyati dodzidzɔname vovovo siwo ŋu woƒoa nu tsoe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo abe Nyɔ! magazine ene me ŋuti kpɔ. Vavãe, seɖoƒe meli na nyati tuameɖo siwo ŋuti míate ŋu aƒo nu tsoe la o, eye ne míetsɔ ɖe le nyati siwo ƒoa nu tso nu vovovowo ŋu me la, míele eɖem fia be míelɔ̃ agbe kple Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔ siaa.

Abe alesi tennis-bɔl ƒola dzia eƒe aɖaŋuwo ɖe edzii ne eƒonɛ kple eƒola bibi bubuwoe ene la, nenema ke hadede nyuiwo tua mí ɖo le susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me. Gake hadede vɔ̃wo ate ŋu akplɔ mí ade alakpanuwɔwɔ me to dzidedeƒo na mí be míanɔ agbe eve me. Aleke gbegbe wòanyo wu be dzitsinya dzadzɛ nanɔ mía si eye bubu nanɔ mía ŋue nye si!

Ame Aɖewo Siwo Wòɖe Vi Na

Ame akpa gãtɔ kpɔe be Biblia ƒe nufiafiawo kple eƒe agbenyuinɔnɔ kpakple gbɔgbɔmenudidiwo sɔsrɔ̃ mesesẽ fũ akpa o. Gake etsɔtsɔ awɔ dɔe ye nye nusi ate ŋu asesẽ. Abe alesi kpɔɖeŋu siwo gbɔna fiae ene la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nyuitɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa tso dzi blibo me.

Ðasefo aɖe si wo kple srɔ̃a wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo gblɔ be ye hatiwo ƒe kpɔɖeŋuwo kpɔ ŋusẽ ɖe yeƒe taɖodzinuwo dzi le agbe me. Esi wònɔ tsitsim la, ekpe akɔ kple ŋusẽkpɔɖeamedzi manyomanyowo. Gake etia amesiwo de dzi ƒo nɛ be wòaƒo eɖokui ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi me wonye exɔlɔ̃wo. Xɔlɔ̃ siawo ŋu nɔnɔ kpe ɖe eŋu wòte ŋu tsi le gbɔgbɔ me.

Ðasefo bubu ŋlɔ bena: “Esi mía kple srɔ̃nye míeɖe mía nɔewo megbe la, míeʋu yi hame aɖe si me atsu kple asi siwo nye mía hatiwo eye wonye gbesiagbe mɔɖelawo nɔ. Woƒe kpɔɖeŋu hã le eme tae míeva ge ɖe mɔɖeɖedɔa me. Emegbe míawo hã míedze agbagba tu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo le hamea me. Esia na be ame geɖe va zu mɔɖelawo.”

Hadede kple amesiwo si teokrasi taɖodzinuwo le ate ŋu ana toɖoɖo Yehowa nanɔ bɔbɔe wu. Hatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nyuitɔ ƒe viɖe bubue nye esi gbɔna. Ðasefo aɖe te mɔɖeɖedɔa wɔwɔ esime wònye ɖekakpui eye emegbe wòva zu dzikpɔla mɔzɔla, eye ele subɔsubɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka fifia. Eŋlɔ bena: “Nu dodzidzɔname siwo dzɔ le nye ɖevime siwo dzi megaɖoa ŋkui la dometɔ aɖewoe nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo vaa míaƒe aƒeme. Ɣesiaɣi la, míeɖaa nu wòsɔa gbɔ ne amedzro aɖe va wòakpɔ ɖe aɖu. Esi mexɔ ƒe ewo la, nutome sue dzikpɔla aɖe na gbeadzidekplom. Mekpɔ ŋudzedze ɖe akplo ma ŋu vaseɖe fifia.”

Esi Ðasefo sia nɔ ŋugble dem le eƒe ƒewuimenɔɣi ŋu la, egblɔ kpee be: “Ðekakpui siwo le hamea me la dometɔ geɖe di be yewoakpɔ gome le hamea me dɔwo wɔwɔ me, eye woƒe kpɔɖeŋua ʋã mí ame mamlɛawo be míawo hã míedi be míawɔ nenema.” Hati nyuiwo kpe ɖe sɔhɛ sia, si le abe ati fẽ ene la ŋu wòtsi va zu ati sesẽ, Kristotɔ ŋutsu. Dzilawo, ɖe miekpea amesiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui tuameɖo ɖe mia viwo dzi vaa mia ƒemea?—Maleaxi 3:16.

Enye nyateƒe be menye mí katãe ate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa abe amesiwo ŋu míeƒo nu tsoe fifia ene o. Gake mí katã míate ŋu asrɔ̃ alesi míalɔ̃ Yehowa ‘kple míaƒe dzi, luʋɔ, kple tamesusu bliboe.’ (Mateo 22:37) Hati siwo míetiana wɔa akpa gã aɖe le alesi míatu lɔlɔ̃ ma ɖoe me, eye nenema ke wòle le mɔkpɔkpɔ si le mía si hena agbe mavɔ kpɔkpɔ hã gome.

Hakpala la fia mɔ nyui aɖe si dzi míato akpɔ dzidzedze vavãtɔ le agbe me be: “Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, amesi metsia tsitre ɖe nuvɔ̃wɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o; ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!”—Psalmo 1:1-3.

Kakaɖedzi wɔnuku kae nye si! Togbɔ be míenye ame madeblibowo eye míewɔa vodadawo hã la, ne míena Yehowa nye míaƒe mɔfiala eye míelɔ̃ faa wɔ hatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui si Mawu na—si nye ‘mía nɔvi siwo le xexeame katã’—ŋudɔ wòɖe vi na mí la, agbe adze edzi na mí.—Petro I, 5:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Míekpɔa hatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nyuitɔ tsoa hamea me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Dzilawo, mide dzi ƒo na mia viwo be woade ha kple wo hati siwo atu wo ɖo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe