Agbe Nɔnɔ Le Xɔse Me Ðe Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Nu
“Nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, ame aɖeke mesɔ kplim o; nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.”—YESAYA 46:9, 10.
1, 2. Susu vovovo kawoe le amewo si le alesi Mawu dea nu anyigbadzinyawo mee ŋu?
AKPA ka koŋ ye Mawu wɔna le anyigba dzi nyawo me? Amewo ƒe nukpɔsusu le vovovo. Susuawo dometɔ ɖekae nye be medea nu nya aɖeke me kura o. Esi wòwɔ amegbetɔwo wote agbenɔnɔ ko la, anye be medi be yeagade nu míaƒe nya me o loo alo magate ŋu ade nu eme o. Le susu sia nu la, ɖeko Mawu le abe vifofo si da via ɖe gasɔ yeye dzi, wòdzɔ gasɔa nɛ, eye wòtutui be ɖevia nadze mɔ ene. Le ema wɔwɔ vɔ megbe la, vifofoa trɔ hedzo. Ðevia le eɖokui si; ate ŋu adze anyi alo madzee o. Nuka kee ɖadzɔ o, ema meganye vifofoa ƒe nya o.
2 Susu bubue nye be Mawu le dɔ dzi vevie le míaƒe agbemenuwɔna ɖesiaɖe gbɔ kpɔm eye be eƒe asi le nusianu si dzɔna le eƒe nuwɔwɔwo dome la me tẽ. Gake ne nenemae nyaa le la, ke ame aɖewo aƒo nya ta be menye nu nyuiwo koe Mawu nana wodzɔna o ke egbɔe hlɔ̃dodo kple dzɔgbevɔ̃e siwo le fu wɔm amegbetɔƒomea hã tso. Alesi Mawu wɔa nu kpli mí ŋuti nyateƒea nyanya akpe ɖe mía ŋu míanya nusi míakpɔ mɔ na tso egbɔ. Ado ŋusẽ míaƒe xɔse hã be nusiwo ƒe ŋugbe wòdo ava eme godoo.—Hebritɔwo 11:1.
3. (a) Aleke míewɔ nya be tameɖoɖo ƒe Mawue Yehowa nye? (b) Nukatae wogblɔ le Yehowa ŋu be ‘eɖoa’ tame ‘hetrɔa asi’ le tameɖoɖo ŋu?
3 Nya vevi aɖe si wòle be míanya le akpa si Mawu wɔna le amegbetɔwo ƒe nyawo mee nye be Yehowa nye tameɖoɖo ƒe Mawu. Nu mae nye nusi dze le gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu me. “Yehowa” gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Yehowa ɖea afɔ enuenu trɔna ɖe nɔnɔmeawo nu be wòanye eƒe ŋugbedodowo katã Dziwɔla. Eyata wogblɔ be Yehowa ‘ɖoa’ tame ɖe nusiwo adzɔ le etsɔme kple afɔ siwo wòaɖe ŋu alo etrɔa asi le wo ŋu. (Fiawo II, 19:25; Yesaya 46:11) Nyagbe siawo tso Hebrigbe me nya ya·tsarʹ si do ƒome kple nya si gɔmee nye “zemela” me. (Yeremya 18:4) Abe alesi zemela bibi ate ŋu atrɔ asi le anyi si wòka ŋu wòazu kplu dzeani ene la, nenema ke Yehowa ate ŋu atrɔ asi le nuwo ŋu alo aɖe afɔ aɖewo be yeƒe tameɖoɖowo nava eme.—Efesotɔwo 1:11.
4. Aleke Mawu dzra anyigba la ɖo be amegbetɔwo nava nɔ edzi?
4 Le kpɔɖeŋu me, Mawu ɖoe be anyigba nanye teƒe dzeani nyui aɖe si amegbetɔ deblibo siwo nye toɖolawo nanɔ. (Yesaya 45:18) Ɣeyiɣi didi aɖe hafi Yehowa nawɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔa la, ewɔ dzadzraɖo lɔlɔ̃tɔe da ɖi na wo. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ƒe ta gbãtɔwo gblɔ alesi Yehowa ɖo ŋkeke kple zãe eye wòwɔ anyigba kple atsiaƒu. Emegbe ewɔ numiemiewo kple lãwo. Anyigbadzadzraɖo alea be amegbetɔwo nava nɔ edzi xɔ ƒe akpe geɖe. Nuwɔwɔdɔ sia va wu enu dzidzedzetɔe. Ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔa dze woƒe agbe gɔme le Eden, si nye vivisese ƒe paradiso si me nuzazãwo bɔ ɖo fũ eye wòana agbe nanya nɔ na wo. (Mose I, 1:31) Eyata Yehowa ƒe asi nɔ anyigba dzi nyawo me tẽ, eye wònɔ asi trɔm le eƒe dɔwo ŋu vivivi ɖe eƒe tameɖoɖo nyui la nu. Ðe alesi wòdea nu nyawo mee trɔ esi amegbetɔwo te agbɔsɔsɔa?
Yehowa Ðo Seɖoƒe na Alesi Wòwɔa Nu Kple Amegbetɔwo
5, 6. Nukatae Mawu ɖo seɖoƒe na alesi wòwɔa nu kple amegbetɔwoe?
5 Togbɔ be ŋusẽ le Yehowa si be wòafia alesi amegbetɔwo nawɔ nui ahakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuwɔna ɖesiaɖe dzi hã la, mewɔa nu nenema o. Susu aɖewo tae. Susu ɖekae nye be wowɔ amegbetɔwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu, ale be woate ŋu awɔ tiatia na wo ɖokui, elabena tiatiawɔwɔblɔɖe le wo si. Yehowa mezia mía dzi be míawɔ nusi yedi o; eye womewɔ mí be ame bubuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna dzi ɣesiaɣi hã o. (Mose V, 30:19, 20; Yosua 24:15) Togbɔ be Mawu abia míaƒe nuwɔnawo ƒe akɔnta mí hã la, ena ablɔɖe geɖe mí lɔlɔ̃tɔe be míatia alesi míanɔ míaƒe agbee.—Romatɔwo 14:12; Hebritɔwo 4:13.
6 Susu bubu si ta Mawu medea nu nusianu si dzɔna me o la ku ɖe nya si Satana do ɖa le Eden ŋu. Satana tɔ gbe Mawu ƒe dziɖulanyenye. Etsɔ nusi dze abe ɖokuisinɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ene ɖo Xawa ŋkume—nusi wòlɔ̃ xɔ eye emegbe srɔ̃a, Adam, hã lɔ̃ xɔe. (Mose I, 3:1-6) Ewɔe be Mawu ɖe mɔ na amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokui dzi ɣeyiɣi aɖe akpɔe ɖa be Satana ƒe gbetɔamea le eteƒe hã. Le susu sia ta womate ŋu aɖe agɔdzedze na Mawu ɖe nu gbegblẽ siwo amewo wɔna egbea ta o. Mose ŋlɔ nu tso aglãdzelawo ŋu be: “Wowɔ nu tovo ɖe eŋu, ŋukpenanu wonye, eye womenye [Mawu viwo] o; dzidzime baɖa kple ame gbegblẽwo wonye!”—Mose V, 32:5.
7. Tameɖoɖo kae le Yehowa si ɖe anyigba kple amegbetɔƒomea ŋu?
7 Gake togbɔ be Yehowa na tiatiawɔwɔblɔɖe mí heɖe mɔ be amewo nate wo ɖokui dzi ɖuɖu akpɔ hã la, meɖo asi glã ko le anyigbadzinudzɔdzɔwo kpɔm o, si awɔe be míatsi asi mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke manɔ mía si be ava wɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o. Togbɔ be Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu hã la, Yehowa metrɔ eƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le ɖe anyigba kple amegbetɔƒomea ŋu o. Atrɔ anyigba la wòazu paradiso si dzi dzidzɔme deblibo siwo nye toɖolawo anɔ godoo. (Luka 23:42, 43) Nuŋlɔɖi si le Biblia me tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ vaseɖe Nyaɖeɖefia gblɔ alesi Yehowa le dɔ dzi vivivi be yeana tameɖoɖo ma nava emee.
Mawu Wɔa Nu be Yeƒe Tameɖoɖo Nava Eme
8. Nukawoe Israel-viwo kpɔkplɔ va Ŋugbedodonyigbaa dzi lɔ ɖe eme?
8 Esi Mawu nɔ nu wɔm kple Israel-dukɔa la, eɖee fia be yeawɔ nusi yeɖo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ka ɖe edzi na Mose be Yeaɖe Israel-viwo tso Egipte akplɔ wo ayi Ŋugbedodonyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi. (Mose II, 3:8) Dzideƒonya vevi aɖee nye sia. Abia be woaɖe Israel-viwo—amesiwo ƒe xexlẽme ade miliɔn etɔ̃ hekpe ɖe woƒe zɔhɛwo ŋu—tso dukɔ sesẽ si gbe be womadzo o la si me. (Mose II, 3:19) Dukɔ sesẽ siwo axe mɔ sesĩe na woƒe vava ye le anyigba si dzi woakplɔ wo ayii la dzi. (Mose V, 7:1) Gbedadaƒo, afisi nuɖuɖu kple tsi ahiã Israel-viawo le la tso wo dome. Nɔnɔme sia ʋu mɔ na Yehowa be wòaɖe eƒe ŋusẽ gã kple Mawunyenye afia.—Mose III, 25:38.
9, 10. (a) Nukatae Yosua te ŋu ɖi ɖase be woate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu? (b) Aleke gbegbee wòle vevie be míaka ɖe ŋutete si le Mawu si be aɖo eteƒe na esubɔlawo dzii?
9 Mawu wɔ ŋusẽdɔ geɖe hafi kplɔ Israel-viwo dzoe le Egipte. Gbã la, ehe fuwɔame gblẽnu ewo va Egipte-dukɔa dzi. Emegbe ema Ƒudzĩa me ale be Israel-viwo te ŋu to eme do dedie gake Egipte-ʋakɔ si ti wo yome ya tsrɔ̃. (Psalmo 78:12, 13, 43-51) Le ema megbe la, elé be na Israel-viawo le ƒe 40 si wotsɔ nɔ gbeadzi me eye wòtsɔ mana nyi wo, ena tsi wo wono, ekpɔ egbɔ gɔ̃ hã be woƒe awuwo mevuvu o eye woƒe afɔ hã mete o. (Mose V, 8:3, 4) Esi Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi vɔ la, Yehowa nɔ ŋgɔ na wo woɖu woƒe futɔwo dzi. Yosua, amesi ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se vevie fia la kpɔ nusiawo katã teƒe. Eyata ete ŋu gblɔ na ame tsitsi siwo nɔ anyi le eŋɔli dzinɔameƒotɔe be: “Miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi.”—Yosua 23:14.
10 Kakaɖedzi le Kristotɔ siwo li egbea si abe alesi wònɔ blematɔ Yosua si ene be Mawu le klalo be yeaxɔ na amesiwo subɔa ye eye ate ŋu awɔe hã. Kakaɖedzi sia nye míaƒe xɔse ƒe akpa vevi aɖe. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu . . . [nye] teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.
Mawu Te Ŋu Nyaa Etsɔme
11. Nukawoe wɔnɛ be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi?
11 Vaseɖe fifia la, míekpɔe be togbɔ be Mawu ɖe mɔ ɖe tiatiawɔwɔblɔɖe ŋu eye wòɖe mɔ be amegbetɔwo naɖu wo ɖokui dzi hã la, ŋusẽ le esi be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme eye nu mae wòdi be yeawɔ hã. Gake nu bubu aɖe hã li si ana Mawu ƒe ŋugbedodowo nava eme kokoko. Yehowa te ŋu nyaa etsɔme. (Yesaya 42:9) Mawu gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi be: “Miɖo ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, ame aɖeke mesɔ kplim o; nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.” (Yesaya 46:9, 10) Agbledela bibi nya ɣeyiɣi si me wòaƒa nu kple afisi wòaƒae ɖo, gake kokoko la, manya alesi nuwo ava yii o. Gake nunya deblibo le “Fia mavɔmavɔtɔ” la si be wòanya ɣeyiɣi si tututu wòle be wòatso ɖe eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ ŋu kple afisi wòatso ɖe eŋu le la do ŋgɔ.—Timoteo I, 1:17.
12. Aleke Yehowa ɖe etsɔmenyanya fiae le Noa ŋɔli?
12 De ŋugble le alesi Mawu ɖe etsɔmenyanya fia le Noa ŋɔli ŋu kpɔ. Le nuvɔ̃ɖiwɔwɔ si va bɔ ɖe anyigba katã dzi ta la, Mawu ɖoe be yeatsrɔ̃ amegbetɔƒome maɖotoa. Eɖo ɣeyiɣi si wòawɔ esia ɖi, anye ƒe 120 do ŋgɔ. (Mose I, 6:3) Le ɣeyiɣia ɖoɖo me la, menye ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ ko ŋue Yehowa bu o, elabena ate ŋu atsrɔ̃ wo ɣesiaɣi faa. Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe ame dzɔdzɔewo hã xɔxɔ ŋu le eƒe ɣeyiɣia ɖoɖo me. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 5:29.) Le Mawu ƒe nunyanya ta la, enya ɣeyiɣi si me wòade dɔa asi be nuwo nadze edzi do ŋgɔ. Eɖe nu me tsitotsito na Noa. Ele na Noa be wòakpa aɖakaʋu “hena eƒemetɔwo ɖeɖe,” eye tsi aɖɔ axɔ anyigba katã dzi atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo.—Hebritɔwo 11:7; Mose I, 6:13, 14, 18, 19.
Aɖakaʋukpakpadɔ Nyadri Aɖe
13, 14. Nukatae aɖakaʋua kpakpa nye dɔ sesẽ?
13 Bu alesi Noa abu dɔ siae ŋu kpɔ. Esi Noa nye Mawu ƒe ame ta la, enya be Yehowa ate ŋu atsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo. Gake hafi ema nadzɔ la, ele be woawɔ dɔ aɖe—dɔ si bia xɔse. Aɖakaʋua kpakpa anye dɔ nyadri aɖe. Mawu ɖo eƒe dzidzeme. Aɖakaʋua adidi wu egbegbe bɔlƒoƒewo eye wòakɔkɔ ade dziƒoxɔ tuɖedzi ene. (Mose I, 6:15) Ekpalawo mekpa aɖakaʋu kpɔ o eye womesɔ gbɔ hã o. Dɔwɔnu deŋgɔ siwo li egbea menɔ wo si o. Gakpe ɖe eŋu la, esi ŋutete si le Yehowa si be wòanya etsɔme menɔ Noa si o ta la, mɔ aɖeke meli si dzi wòato anya nusiwo adzɔ le ƒe siwo nɔ ŋgɔ me, esiwo ado dɔa ɖe ŋgɔ alo ado kplamatsee o. Anɔ eme be Noa anya de ŋugble le biabia geɖe ŋu. Aleke wòawɔ alɔ aɖakaʋukpanuawo vɛ? Aleke wòawɔ akplɔ lãawo vɛ? Nuɖuɖu kawoe ahiã eye le agbɔsɔsɔ ka me? Ɣekaɣi tututue Tsiɖɔɖɔ si ƒe nya wogblɔ la adze egɔme?
14 Azɔ amewo ƒe nɔnɔme hã li. Nuvɔ̃ɖiwɔwɔ bɔ. Nefilim sesẽ—siwo nye mawudɔla vɔ̃ɖiwo kple nyɔnuwo ƒe dzidehlɔ̃meviwo—na ŋutasesẽnuwɔnawo xɔ anyigbaa dzi. (Mose I, 6:1-4, 13) Gakpe ɖe eŋu la, aɖakaʋua kpakpa manye dɔ si woate ŋu awɔ le ɣaɣlaƒe o. Amewo abia nusi wɔm Noa le eye wòagblɔe na wo. (Petro II, 2:5) Ðe wòasusu be adze wo ŋua? Gbeɖe! Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, nuteƒewɔla Henox ɖe gbeƒã ame vɔ̃ɖiwo ƒe tsɔtsrɔ̃. Eƒe gbedasia tɔ to me na amewo ale gbegbe be Mawu “kplɔe dzoe,” alo tso eƒe agbe dzi, eye anɔ eme be susuae nye be Mawu ƒe futɔwo nagawui o ta. (Mose I, 5:24; Hebritɔwo 11:5; Yuda 14, 15) Menye gbedasi masɔtome ma tɔgbe koe wòle na Noa be wòagblɔ o ke ele be wòakpa aɖakaʋu hã. Ne wole aɖakaʋua kpam la, anye ŋkuɖodzinu sẽŋu be Noa wɔ nuteƒe le eŋɔlimetɔwo dome!
15. Nukatae kakaɖedzi nɔ Noa si be yeate ŋu awu yeƒe dɔdasia nu?
15 Noa nya be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le megbe na dɔa eye eƒe yayra le edzi. Ðe menye Yehowa ŋutɔe de dɔa asi oa? Yehowa ka ɖe edzi na Noa be eya kple eƒe ƒometɔwo age ɖe aɖakaʋu si woakpa awu enu me ahatsi agbe ato xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔa me. Mawu ka atam vevi aɖe kura gɔ̃ hã tsɔ ɖo kpe edzii be ava eme godoo. (Mose I, 6:18, 19) Anɔ eme be Noa dze sii be Yehowa kpɔ nusiwo wòalɔ ɖe eme do ŋgɔ eye eda nuwo kpɔ hafi de dɔa asi na ye. Gawu la, Noa nya be ŋusẽ le Yehowa si be wòade nu nyaa me akpe ɖe ye ŋu ne ehiã. Eyata Noa ƒe xɔse ʋãe wòtso ɖe dɔa ŋu. Noa “[kpɔ] kakaɖedzi blibo bena, nusi ke ŋugbe [Mawu do] la, ate ŋu awɔe hã,” abe alesi eƒe dzidzimevi Abraham hã ka ɖe edzii ene.—Romatɔwo 4:21.
16. Esi aɖakaʋua kpakpa nɔ afɔ tsɔm la, aleke ŋusẽ gaɖo Noa ƒe xɔse ŋui?
16 Esi ƒeawo va nɔ yiyim eye aɖakaʋua kpakpa nɔ afɔ tsɔm la, ŋusẽ gaɖo Noa ƒe xɔse ŋu. Ekpɔ ta na aɖakaʋukpakpanyawo kple dɔwɔnunyawo. Eɖu dodokpɔwo dzi. Tsitretsiɖeŋu aɖeke mete ŋu tɔ te dɔa o. Yehowa kpe ɖe Noa ƒe ƒomea ŋu eye wòkpɔ wo ta. Esi Noa nɔ kutrikuku dzi la, ‘eƒe xɔse si wodo kpɔ la na dzidodoe.’ (Yakobo 1:2-4) Mlɔeba la, wokpa aɖakaʋua vɔ, Tsiɖɔɖɔa va, eye Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe. Noa kpɔe be Mawu ƒe ŋugbedodowo va eme abe alesi Yosua hã kpɔe emegbe ene. Woɖo Noa ƒe xɔse teƒe nɛ.
Yehowa Le Megbe na Dɔa
17. Mɔ kawo nue míaƒe ɣeyiɣia sɔ kple Noa ŋɔli le?
17 Yesu gblɔe ɖi be míaƒe ɣeyiɣia asɔ kple Noa ŋɔli. Mawu gaɖoe be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye eɖo ɣeyiɣi na nusia ƒe dzɔdzɔ. (Mateo 24:36-39) Ewɔ ɖoɖowo hã ɖe ame dzɔdzɔewo takpɔkpɔ ŋu. Togbɔ be aɖakaʋue wobia tso Noa si be wòakpa hã la, ele na Mawu subɔla siwo li egbea ya be woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe tameɖoɖowo, afia eƒe Nya, eye woawɔ nusrɔ̃lawo.—Mateo 28:19.
18, 19. Aleke míewɔ nya be Yehowae le megbe na gbeƒãɖeɖe nyanyuia?
18 Ne ɖe menye Yehowae nɔ anyi kple Noa hedo alɔe eye wòdo ŋusẽe o la, anye ne mete ŋu kpa aɖakaʋua o. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 127:1.) Nenema ke ne menye Yehowae le megbe na Kristotɔnyenye vavãtɔa o la, anye ne manɔ anyi kaka ahayi dzidzedze kpɔ ge o. Gamaliel, amesi nye Farisitɔ kple Sea fiala bubume, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me kpɔ esia dze sii. Esi Yudatɔwo ƒe Sanhedrin di be yewoabu mo na apostoloawo la, exlɔ̃ nu ʋɔnudrɔ̃laawo be: “Mite ɖa le amesiawo gbɔ, eye miɖe asi le wo ŋu; elabena ne tameɖoɖo alo dɔ sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ; ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o.”—Dɔwɔwɔwo 5:38, 39.
19 Alesi gbeƒãɖeɖedɔa kpɔ dzidzedze le ƒe alafa gbãtɔa me kple fifia siaa ɖo kpe edzi be menye amegbetɔwo ƒe dɔe o, ke boŋ Mawu gbɔe wòtso. Nyati si kplɔe ɖo adzro nɔnɔme kple nu wɔdɔɖeamedzi siwo dzɔ eye wowɔe be dɔ sia kpɔ dzidzedze alea gbegbe la dometɔ aɖewo me.
Mègana Ta Gbeɖe O!
20. Amekawoe kpena ɖe mía ŋu esi míele gbeƒã ɖem nyanyuia?
20 Togbɔ be míele ‘ɣeyiɣi siwo me nɔnɔ sesẽ’ me hã la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Yehowa le nusianu gbɔ kpɔm. Esi eƒe amewo le agbagba dzem be yewoawu gbeƒãɖeɖe nyanyuia nu hafi Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi si me nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia awu nu le naɖo ta la, Ele kpekpem ɖe wo ŋu hele ŋusẽ dom wo. (Timoteo II, 3:1; Mateo 24:14) Yehowa le mía kpem be míanye yeƒe “hadɔwɔlawo.” (Korintotɔwo I, 3:9) Kakaɖedzi le mía si hã be Kristo Yesu li kpli mí le dɔ sia wɔwɔ me eye míate ŋu aɖo ŋu ɖe mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia ŋu.—Mateo 28:20; Nyaɖeɖefia 14:6.
21. Kakaɖedzi ka ŋue mele be míaɖe asi le gbeɖe o?
21 Esi Noa kple eƒe ƒomea xɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se ta la, woxɔ na wo woto tsiɖɔɖɔa me. Woaxɔ na amesiwo ɖea xɔse sia tɔgbe fiana egbea hã woato “xaxa gã” si gbɔna me. (Nyaɖeɖefia 7:14) Míele ɣeyiɣi wɔdɔɖeamedziwo me vavã. Nudzɔdzɔ veviwo le ŋgɔ gbɔna! Mawu ahe dziƒo yeye kple anyigba yeye nyui siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la vɛ kpuie. (Petro II, 3:13) Megaɖe asi le kakaɖedzi si le asiwò be nusianu si Mawu gblɔ la, ate ŋu awɔe hã la ŋuti gbeɖegbeɖe o.—Romatɔwo 4:21.
Nya Siwo Dzi Míaɖo Ŋkui
◻ Nukatae Yehowa medea nu amegbetɔ ƒe nuwɔna ɖesiaɖe me o?
◻ Aleke ŋutete si le Yehowa si be wòawɔ eƒe tameɖoɖo dzi dze le alesi wòwɔ nu kple Israel-viwo mee?
◻ Aleke Yehowa ƒe etsɔmenyanya dze le Noa ŋɔli?
◻ Kakaɖedzi kae wòle be wòanɔ mía si ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu?