INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/15 axa 19-24
  • Yehowa Dzraa Mɔ La Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Dzraa Mɔ La Ðo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔdasi Sesẽ Aɖe
  • Mawusubɔsubɔ ƒe Nɔnɔme
  • Se ƒe Viɖewo
  • Ŋutifafa Kple Mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe Ɣeyiɣiwo
  • Mɔ̃ɖaŋununya ƒe Wɔƒe
  • Wodzra Mɔ Dzi Ðo Na “Yehowa Ƒe Nufiafia”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Ðaseɖiɖi Na Dukɔwo Katã”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Kristotɔnyenye Vavãtɔ Ðu Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/15 axa 19-24

Yehowa Dzraa Mɔ La Ðo

“Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.”—MATEO 24:14.

1. Nukae wote ŋu wɔ to gbeƒãɖeɖedɔa dzi le ƒe alafa gbãtɔa kple 20 lia siaa me?

ESI Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu ta la, enye eƒe lɔlɔ̃nu be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Esia va bia be woawɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ le dukɔwo me. Le ƒe alafa gbãtɔa me la, gbeƒãɖeɖe sia wɔe be Kristo-hamea va nye “nyateƒea ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ.” (Timoteo I, 3:15) Emegbe xɔsegbegbe ƒe ɣeyiɣi didi aɖe si me nyateƒea ƒe akaɖi meganɔ keklẽm le nyuie o kplɔe ɖo. Le ɣeyiɣi siawo siwo nye ‘nuwuɣi’ me la, ‘sidzedze vavãtɔ’ gadzi ɖe edzi ale be xɔxɔ mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi su ame miliɔn geɖe si.—Daniel 12:4.

2. Nukae Yehowa wɔ le gbeƒãɖeɖedɔa gome?

2 Togbɔ be Satana dze agbagba atraɖii be yeatɔtɔ Mawu ƒe tameɖoɖo me hã la, gbeƒãɖeɖedɔa kpɔ dzidzedze nukutɔe le ƒe alafa gbãtɔ kple 20 lia siaa me. Ena míeɖo ŋku Yesaya ƒe nyagblɔɖi dzi. Yesaya ŋlɔ nu tso Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ va Yuda le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me ŋu be: “Balimewo katã akɔ kpo, eye to kple togbɛwo katã anyẽ ɖe eme, kpoƒewo azu zɔzrɔ̃e, eye kɔwo asɔ kple anyigba.” (Yesaya 40:4) Yehowa ta mɔ eye wòdzra edzi ɖo na gbeƒãɖeɖedɔ gã siwo wowɔ le ƒe alafa gbãtɔ kple 20 lia siaa hã me.

3. Mɔ kawo dzie Yehowa te ŋu tona naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme?

3 Mefia be Yehowa de asi nusianu si dzɔ le anyigba dzi me kple susu be gbeƒãɖeɖe nyanyuia naɖe zɔ o; eye mefia hã be Yehowa zã eƒe etsɔmenyanya ŋutete tsɔ nya nusianu si adzɔ tsitotsito o. Ele eme baa be ete ŋu nyaa etsɔme hetrɔa asi le nusiwo ava dzɔ ŋu ya. (Yesaya 46:9-11) Gake ete ŋu trɔna ɖe nuwo ŋu ne wole dzɔdzɔm hã. Abe alesi alẽkplɔla bibi nya alesi wòafia mɔ eƒe alẽwo ahakpɔ wo tae ene la, nenema ke Yehowa fiaa mɔ eƒe amewoe. Ekplɔ wo ɖo ta xɔxɔ gbɔ, ekpɔa woƒe gbɔgbɔmemenyenye ta eye ne nɔnɔmewo kple alesi nuwo le tɔtrɔm ade wo dzi be gbeƒãɖeɖe nyanyuia le xexeame katã nadze edzi la, edea dzo wo me wowɔa mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ.—Psalmo 23:1-4.

Dɔdasi Sesẽ Aɖe

4, 5. Nukatae gbeƒãɖeɖe nyanyuia va nye dɔ sesẽ aɖe ɖo?

4 Abe alesi aɖakaʋua kpakpa nɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema ke Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ gãe—le ƒe alafa gbãtɔa kple míaƒe ɣeyiɣia siaa me. Gbedasi ɖesiaɖe ƒomevi tsɔtsɔ yi na amesiame mele bɔbɔe o, gake dɔ sia koŋ wɔwɔ sesẽ ale gbegbe. Le ƒe alafa gbãtɔa me la, nusrɔ̃lawo mede ha o. Wowu woƒe Ŋgɔnɔla, Yesu, be enye aglãdzela. Woɖo Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha la wòli ke. Gbedoxɔ dzeani aɖe nɔ wo si le Yerusalem. Woɖo subɔsubɔha siwo menye Yudatɔwo tɔ o, siwo nɔ Mediterranea nutoa me hã woli ke, eye gbedoxɔwo kple nunɔlawo nɔ wo si. Nenema ke esi “nuwuɣi” la dze egɔme le ƒe 1914 me la, Kristotɔ amesiaminawo mede ha o, eye subɔsubɔha bubu me tɔ siwo be yewole Mawu subɔm la sɔ gbɔ.—Daniel 12:9.

5 Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo xoxo be woati wo yome. Egblɔ be: “Woade mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.” (Mateo 24:9) Nusi gakpe ɖe kuxiawo ŋu, vevietɔ le ‘ŋkeke mamlɛawo’ mee nye be, Kristotɔwo anɔ ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me. (Timoteo II, 3:1) Dɔa ƒe lolome, yometiti si ava godoo, kple ɣeyiɣiawo ƒe sesẽ, wɔe be gbeƒãɖeɖedɔa sesẽ hebia dagbadagba. Xɔse sesẽ va hiã.

6. Aleke Yehowa ka ɖe edzi na eƒe amewo be nuwo adze edzi?

6 Togbɔ be Yehowa nya be nuwo asesẽ hã la, enya hã be naneke matɔ te dɔa o. Wogblɔ dɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ɖi le nyagblɔɖi aɖe si ƒe emevava ɖe dzesi le ƒe alafa gbãtɔa kple 20 lia siaa me be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me.”—Mateo 24:14, míawoe te gbe ɖe edzi.

7. Afikae gbeƒãɖeɖedɔa keke ta se ɖo le ƒe alafa gbãtɔa me?

7 Esi xɔse kple gbɔgbɔ kɔkɔea yɔ Mawu subɔlawo le ƒe alafa gbãtɔa me fũ ta la, wotso ɖe woƒe dɔdasia wɔwɔ ŋu. Esi Yehowa nɔ anyi kpli wo ta la, wokpɔ dzidzedze wògbɔ alesi wosusui ŋu sãa. Va ɖo ɣeyiɣi si me Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kolosetɔwo, anɔ ƒe 27 le Yesu ƒe ku megbe la, egblɔ le nyanyuia ŋu be ‘woɖe gbeƒãe na nuwɔwɔwo katã le dziƒoa te.’ (Kolosetɔwo 1:23) Nenema ke va ɖo ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu la, wole gbeƒã ɖem nyanyuia le anyigba 233 dzi.

8. Nɔnɔme kawo ƒomevi mee ame geɖe xɔ nyanyuia le? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

8 Ame miliɔn geɖe xɔ nyanyuia le míaƒe ɣeyiɣi siawo me. Wo dometɔ geɖe xɔe le nɔnɔme madeamedziwo me—le aʋaŋɔliwo me, le mɔxeɖenuwo te, kple le yometiti sesẽwo me. Nenemae wòdzɔ le ƒe alafa gbãtɔa me. Ɣeaɖeɣi la, wotsɔ ati ƒo Paulo kple Sila anyratɔe eye wode wo gaxɔ me. Nɔnɔme sia meɖi esi me woawɔ nusrɔ̃lawo le kura o! Ke hã nu ma tututue Yehowa wɔ le nɔnɔmea me. Woɖe ga Paulo kple Sila, eye gaxɔa dzikpɔla kple eƒe ƒome va zu xɔsetɔwo. (Dɔwɔwɔwo 16:19-33) Nuteƒekpɔkpɔ siawo ɖee fia be amesiwo tsi tre ɖe nyanyuia ŋu mate ŋu atɔ tee o. (Yesaya 54:17) Ke hã menye fukpekpe kple yometiti sɔŋ koe Kristotɔwo do goe le woƒe ŋutinya me o. Mina míatrɔ susu ɖe nudeamedzi siwo dzɔ eye wowɔe be mɔ dzi kɔ woɖe gbeƒã nyanyuia dzidzedzetɔe le ƒe alafa gbãtɔ kple 20 lia siaa me ŋu azɔ.

Mawusubɔsubɔ ƒe Nɔnɔme

9, 10. Aleke Yehowa na amewo nɔ mɔkpɔkpɔ me na gbeƒãɖeɖe nyanyuia le ƒe alafa gbãtɔa kple 20 lia mee?

9 Bu ɣeyiɣi siwo me wowɔ xexeame godoo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu kpɔ. Le nɔnɔme si me wowɔe le le ƒe alafa gbãtɔa me gome la, ƒewo ƒe kwasiɖa 70 ƒe nyagblɔɖi si le Daniel 9:24-27 tɔ asi ƒe si me Mesia la ado dzi—be ƒe 29 M.Ŋ. Togbɔ be ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo menya ɣeyiɣi si tututu nyaawo adzɔ o hã la, wonɔ mɔ kpɔm, henɔ Mesia la lalam. (Luka 3:15) Fransegbe me gbalẽ si nye Manuel Biblique gblɔ be: “Amewo nya be ƒewo ƒe kwasiɖa blaadre siwo Daniel gblɔ la nɔ enu wum; mewɔ nuku na ame aɖeke esi wose Yohanes Amenyrɔɖetsimela wònɔ gbeƒã ɖem be Mawu fiaɖuƒe la ɖo vɔ o.”

10 Ke aleke nɔnɔmea nɔ le míaƒe ɣeyiɣia me? Nu vevi aɖe si dzɔe nye Yesu ɖoɖo zi dzi le dziƒo, si fia be eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒe ŋusẽ me dze egɔme. Biblia ƒe nyagblɔɖi fia be nusia dzɔ le ƒe 1914 me. (Daniel 4:10-14) Nusia ƒe dzɔdzɔ si nɔ susu me na míaƒe ɣeyiɣia me tɔ aɖewo siwo doa vevie mawusubɔsubɔ na be wonɔ mɔkpɔkpɔ me. Biblia Nusrɔ̃vi siwo te magazine sia tata le ƒe 1879 me eye woyɔe be Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence (Zion ƒe Gbetakpɔxɔ Kple Kristo ƒe Anyinɔnɔ ƒe Gbeƒãɖela) hã nɔ mɔkpɔkpɔ me. Eyata le ƒe alafa gbãtɔa kple egbe ɣeyiɣiwo siaa me la, mawusubɔsubɔ me nudzɔdzɔ siwo amewo nɔ mɔ kpɔm na dzra mɔ dzi ɖo na gbeƒãɖeɖe nyanyuia.a

11. Mawusubɔsubɔ gome gɔmeɖoanyi kawoe woɖo si de gbeƒãɖeɖe nyanyuia dzi?

11 Nu bubu si hã de Kristotɔwo ƒe dɔa dzi le ɣeyiɣi evea siaa mee nye be ame geɖe nya Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo. Le ƒe alafa gbãtɔa me la, Yudatɔwo ƒe nutowo kaka ɖe Trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo me. Ƒuƒoƒewo nɔ nuto siawo me eye amewo ƒoa ƒu ɖe teƒe siawo edziedzi be woaxlẽ Ŋɔŋlɔawo ahadzro wo me ne yewoase. Eyata Kristotɔ gbãtɔwo te ŋu tu woƒe dɔa ɖe mawusubɔsubɔ ƒe sidzedze si nɔ ameawo si xoxo dzi. (Dɔwɔwɔwo 8:28-36; 17:1, 2) Le míaƒe ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze la, nɔnɔme sia tɔgbe ɖe vi na Yehowa ƒe amewo le dukɔ geɖe me. Biblia bɔ ŋutɔ le Kristodukɔa ƒe nutowo me, vevietɔ le Protestant-dukɔwo me. Woxlẽnɛ le sɔleme geɖe me; eye enɔ ame miliɔn geɖe si. Biblia nɔ amewo si xoxo, gake ehiã be woakpe ɖe wo ŋu woase nusi nɔ wo si la gɔme.

Se ƒe Viɖewo

12. Aleke Roma sewo nye ametakpɔnui zi geɖe le ƒe alafa gbãtɔa mee?

12 Dziɖuɖu ƒe sewo ɖe vi na Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa zi geɖe. Roma Fiaɖuƒeae ɖu ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo dzi, eye eƒe sewo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe gbesiagbegbenɔnɔ dzi. Se siawo kpɔ ame ta, eye woɖe vi na Kristotɔ gbãtɔwo. Le kpɔɖeŋu me, esi Paulo yɔ nya tso Romatɔwo ƒe se me ta la, woɖee le game ale be womegaƒoe kple atam o. (Dɔwɔwɔwo 16:37-39; 22:25, 29) Susu hehe yi nusi Roma-sewo bia dzi wɔe be wotsi nuvlowɔha aɖe ƒe dziku nu le Efeso. (Dɔwɔwɔwo 19:35-41) Ɣeaɖeɣi la, woxɔ na Paulo le Yerusalem ale be womegasẽ ŋuta le eŋu o, le esi wònye Romatɔ ta. (Dɔwɔwɔwo 23:27) Emegbe Romatɔwo ƒe se wɔe be wòte ŋu ʋli eƒe xɔse ta le se nu le Kaisaro ŋkume. (Dɔwɔwɔwo 25:11) Togbɔ be Kaisaro geɖe ɖu dzi akpasesẽtɔe hã la, se siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me wɔe be ‘woʋli nyanyuia ta heɖoe anyi le se nu.’—Filipitɔwo 1:7.

13. Aleke sewo de gbeƒãɖeɖedɔa dzi zi geɖe le míaƒe ɣeyiɣia mee?

13 Nenemae nuwo le le dukɔ geɖe me egbea. Togbɔ be amewo ‘dia nya na ame to sea ŋudɔwɔwɔ me’ hã la, se siwo wode le dukɔ akpa gãtɔ me fia be mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nye gomenɔamesi vevi. (Psalmo 94:20) Esi dziɖuɖu geɖe va kpɔe be Yehowa Ðasefowo menye dugbãlawo o ta la, woɖe mɔ na mí le woƒe sewo nu. Le United States, afisi wotaa Ðasefowo ƒe agbalẽ akpa gãtɔ le la, se siwo li wɔe be wote ŋu ta Gbetakpɔxɔ magazinea ƒe 120 sɔŋ tre ɖe enu bene amewo naxlẽe le xexeame godoo.

Ŋutifafa Kple Mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe Ɣeyiɣiwo

14, 15. Aleke tomefafa si nɔ amewo dome de gbeƒãɖeɖedɔa dzi le ƒe alafa gbãtɔa mee?

14 Ɣeyiɣi siwo me ŋutifafa vi aɖe nɔ anyi hã de gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Togbɔ be Yesu gblɔe pɛpɛpɛ be ‘dukɔ atsi tre ɖe dukɔ ŋu’ le ɣeyiɣi siwo ŋu míele nu ƒom tsoe me hã la, tomefafa ƒe ɣeyiɣi aɖewo nɔ ɣeyiɣiawo me siwo wɔe be wowɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kple ŋkubiã. (Mateo 24:7) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nɔ ɣeyiɣi si woyɔ be Pax Romana, alo Roma ƒe Ŋutifafa me. Ŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Roma-dukɔa ɖu Mediterranea nutoa me nɔlawo dzi ale gbegbe be etsi ƒe gbogbo aɖewo ƒe aʋa si wowɔna edziedzi nu na wo.” Tomefafa sia ʋu mɔ na Kristotɔ gbãtɔwo be wozɔ mɔ le dedienɔnɔ aɖe sinu me le Roma fiaɖuƒea me.

15 Roma Fiaɖuƒea dze agbagba be yeana amesiwo nɔ eƒe asi sesẽ te la nawɔ ɖeka. Menye ɖeko ɖoɖo sia de mɔzɔzɔ, mɔɖeɖe ɖe nu ŋu faa, kple amewo ƒe nukpɔsusu gbɔgblɔ faa dzi ko o, ke ede dukɔwo dome nɔvisiléle hã dzi. Agbalẽ si nye On the Road to Civilization gblɔ be: “[Roma] Fiaɖuƒea ƒe ɖekawɔwɔ na nuwo me nyo [na Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa]. Woɖe dukɔwo ƒe dewo ɖa. Roma-dumevi nye xexeame ƒe dumevi. . . . Gawu la, wote ŋu sea nu gɔme na subɔsubɔha si fiaa nɔvisiléle le dukɔ si to xexeame katã ƒe dumevinyenye ƒe susua vɛ me.”—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Petro I, 2:17.

16, 17. Nukae na wodze agbagba le egbeɣeyiɣiwo me be woana ŋutifafa nanɔ anyi, eye aleke ame geɖe tso nya mee?

16 Ke míaƒe ɣeyiɣia hã ɖe? Ƒe alafa 20 lia sia mee wowɔ aʋa siwo gblẽ nu wu le ŋutinya me la le, eye nutomeʋawo gale edzi yim le dukɔ aɖewo me. (Nyaɖeɖefia 6:4) Ke hã ŋutifafaɣeyiɣi aɖe hã tso wo dome. Xexeame dukɔ sesẽwo megawɔ aʋa sesẽ kple wo nɔewo kpɔ o ewu ƒe 50 fifia. Nɔnɔme sia de gbeƒãɖeɖe nyanyuia dzi geɖe ŋutɔ le dukɔ mawo me.

17 Ƒe alafa 20 lia ƒe aʋawɔwɔwo ƒe ŋɔdzi wɔe be ame geɖe va kpɔe be dziɖuɖu si aɖu xexeame katã dzi hiã. Vɔvɔ̃ na xexemeʋae wɔe be woɖo Dukɔwo ƒe Nubabla kple Dukɔ Ƒoƒuawo siaa. (Nyaɖeɖefia 13:14) Taɖodzinu si habɔbɔ evea siaa be ele yewo sie nye be yewoana dukɔwo nawɔ nu aduadu ahanɔ ŋutifafa me. Zi geɖe la, amesiwo kpɔe be nusia hiã la xɔa xexeame katã ƒe dziɖuɖu si ahe ŋutifafa vavãtɔ si anɔ anyi ɖaa vɛ la ŋutinya nyui si míegblɔna la—si nye Mawu Fiaɖuƒea.

18. Nɔnɔme kae woɖe fia ɖe mawusubɔsubɔ ŋu wòde gbeƒãɖeɖedɔa dzi?

18 Togbɔ be wotia Kristotɔwo yome adãtɔe ɣeaɖewoɣi hã la, woɖe mɔ ɖe subɔsubɔhawo ŋu le ƒe alafa gbãtɔ kple 20 lia siaa me. (Yohanes 15:20; Dɔwɔwɔwo 9:31) Romatɔwo xɔ amesiwo dzi woɖu la ƒe mawuwo kple mawunɔwo faa wozu wo tɔ eye wotrɔ ɖe wo subɔsubɔ ŋu bɔbɔe. Nufialagã Rodney Stark ŋlɔ be: “Roma ɖe mɔ ɖe subɔsubɔblɔɖe gã aɖe ŋu le nu geɖe me eye womegakpɔ etɔgbe kpɔ o vaseɖe Amerika ƒe Tɔtrɔkpata la megbe.” Le egbeɣeyiɣiwo me la, dukɔ geɖe me tɔwo lɔ̃na sea nukpɔsusu bubuwo, eye ewɔe be wolɔ̃na ɖoa to Biblia ƒe gbedasi si Yehowa Ðasefowo tsɔna yina na wo.

Mɔ̃ɖaŋununya ƒe Wɔƒe

19. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa ŋudɔe?

19 Mlɔeba la, bu alesi Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu be mɔ̃ɖaŋununya me ŋgɔyiyiwo ɖe vi na woe ŋu kpɔ. Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli menye ɣeyiɣi si me mɔ̃ɖaŋununya yi ŋgɔ kabakaba le o hã la, nutovɛ yeye aɖe si ŋudɔ wowɔe nye codex (blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ), alo agbalẽ si wote ŋu kena ɖekaɖeka. Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ la va xɔ ɖe agbalẽxatsaxatsa teƒe. Agbalẽ si nye The Birth of the Codex gblɔ be: “Togbɔ be vivivi hafi blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ va xɔ ɖe agbalẽxatsaxatsa teƒe le xexemegbalẽwo ŋɔŋlɔ me hã la, edze abe alesi Kristotɔwo ya xɔ blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ la tsɔ kaba eye wozãe le xexeame godoo.” Agbalẽa gblɔ hã be: “Kristotɔwo zã blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa le xexeame godoo le ƒe alafa evelia me ale gbegbe be anye be wote ezazã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ƒe 100 M.Ŋ.” Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa zazã nɔ bɔbɔe wu agbalẽxatsaxatsa la zazã. Wote ŋu kena ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu kaba. Esi menye ɖeko Kristotɔ gbãtɔwo xlẽa Ŋɔŋlɔawo ko o ke ‘woyɔa wo tsɔ ɖoa kpe nusiwo fiam wole dzi’ abe alesi Paulo wɔe ene ta la, anya kpe ɖe wo ŋu vavã.—Dɔwɔwɔwo 17:2, 3.

20. Aleke Mawu ƒe amewo wɔ egbegbe mɔ̃ɖaŋununya ŋudɔ le xexeame godoo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa mee, eye nukatae?

20 Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le mɔ̃ɖaŋununya gome le míaƒe ƒe alafaa me wɔ nuku ŋutɔ. Agbalẽtamɔ̃ siwo ƒe dɔwɔwɔ tsɔna wɔe be wotaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ vovovo me le ɣeyiɣi ɖeka me. Egbegbe mɔ̃ɖaŋununya do tsɔtsɔe Biblia gɔmeɖeɖe. Agbatsɔʋuwo, ketekewo, meliwo, kple yameʋuwo wɔe be wote ŋu tsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo yia teƒeteƒewo le xexeame katã kaba. Telefonwo kple faks mɔ̃wo wɔe be kadodo te ŋu tsɔna ŋutɔ. Yehowa to eƒe gbɔgbɔ dzi na esubɔlawo zã mɔ̃ɖaŋununya siawo nyuie tsɔ do nyanyuia gbɔgblɔ ɖe ŋgɔ le xexeame godoo. Menye esi wodi be yewoanya nu yeye ɖesiaɖe si ado le xexeame ahazã wo tae wowɔa nutovɛ yeye siawo ŋudɔ o. Ke boŋ nu gbãtɔ kple vevitɔ si me wotsɔ ɖe lee nye nusi akpe ɖe wo ŋu woawɔ woƒe gbeƒãɖeɖe dɔdasia nyuie wu.

21. Nuka ƒe kakaɖedzie ate ŋu anɔ mía si?

21 Yesu gblɔe ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me.” (Mateo 24:14) Abe alesi Kristotɔ gbãtɔwo kpɔ nyagblɔɖi sia ƒe emevava teƒe ene la, nenema ke míawo hã míele ekpɔm le mɔ si lolo wu nu. Togbɔ be dɔa lolo hesesẽ hã la, woɖe gbeƒã nyanyuia eye wogale eɖem le nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo me, le sewo kple amewo ƒe nuwɔnawo ƒe tɔtrɔwo me, le aʋaŋɔli kple ŋutifafaŋɔli, kple le mɔ̃ɖaŋununya ƒe ŋgɔyiyi ƒomevi vovovo me. Ðe Yehowa ƒe nunya kple nukpɔkpɔ do ŋgɔ mena wò nu ku oa? Kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ mía si be míawu gbeƒãɖeɖedɔa nu le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi eye eƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ dze le ava eme wòanye yayra na ame dzɔdzɔewo. Woava nyi anyigba la dome mlɔeba eye woanɔ edzi tegbee. (Psalmo 37:29; Xabakuk 2:3) Ne míenɔ agbe wòsɔ kple Yehowa ƒe tameɖoɖo la, ke míanɔ wo dome.—Timoteo I, 4:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi Mesia ŋuti nyagblɔɖi eve siawo ƒe numeɖeɖe tsitotsito la, ke kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, axa 36, 97, 98-107, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

Numetotonyawo

◻ Nukatae gbeƒãɖeɖe nyanyuia nye dɔ sesẽ?

◻ Mɔ kawo nue dziɖuɖu ƒe ɖoɖowo kple tomefafa si nɔ amewo dome de Kristotɔwo ƒe dɔa dzi le?

◻ Alesi Yehowa le gbeƒãɖeɖedɔa yram na míeka ɖe etsɔme nudzɔdzɔ kawo dzi?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe