Lãmegbegblẽ Ŋuti Nya Ɣaɣla La
ÐEVI SI ŊKƆE NYE OWMADZI DZE DƆ; EƑE DƆME TU. Tsi si vɔ le lãme nɛ na be dadaa, Hawa, tsi dzi; ese be dɔ siae wu ye nɔvi ƒe vidzĩ le kɔƒea me nyitsɔ laa. Owmadji mama, si nye Hawa lɔ̃xo, di be yeakplɔ Owmadji ayi bokɔ aɖe gbɔe. Egblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖee na ɖevia dze dɔ. Ègbe be yemasa bokɛ nɛ ne wòakpɔ eta o; ɖe kuxiwo dze mododoɖa vɔe nye si!”
NƆNƆME sia bɔ ɖe xexeame ƒe akpa geɖe. Ame miliɔn alafa geɖe xɔe se be gbɔgbɔ vɔ̃woe hea dɔléle vɛ. Ðe esia nye nyateƒea?
Nya Ɣaɣla la Toto Vɛ
Ðewohĩ wò ŋutɔ màxɔe se be gbɔgbɔ makpɔmakpɔwo hea dɔléle vɛ o. Le nyateƒe me la, ɖewohĩ màse nusitae ame aɖewo susunɛ nenema gɔme o, elabena dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖee fia be dɔlékuiwo kple nugbagbevi suesuewoe hea dɔlélewo vɛ. Gake ɖo ŋku edzi be ameƒomea menya nu tso nugbagbevi suesue siawo ŋu tsã o. Esime Antonie van Leeuwenhoek wɔ nusuekpɔmɔ̃ le ƒe alafa 17 lia me hafi amegbetɔwo te ŋu kpɔ nu suesue siawo. Ɣemaɣi kura gɔ̃ hã la, nusiwo ŋuti Louis Pasteur va ke ɖo emegbe le ƒe alafa 19 lia mee na ƒomedodo si le nugbagbevi suesuewo kple dɔléle dome me va nɔ kɔkɔm na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo.
Esi wònye nusiwo hea dɔlélewo vɛ menɔ nyanya le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe akpa gãtɔ me o ta la, aʋatsodzixɔse vovovowo va nɔ anyi, tsɔ kpe ɖe dzixɔse si nye be gbɔgbɔ vɔ̃woe hea lãmegbegblẽwo vɛ ŋu. The New Encyclopædia Britannica gblɔ mɔ ɖeka si dzi esia anya to va dzɔ. Egblɔ be dɔdala siwo nɔ anyi tsã dze agbagba be yewoatsɔ ati vovovo ƒe kewo, aŋgbawo, kple nusianu si nɔ anyi ɣemaɣi ada dɔe. Ɣeaɖewoɣi la, ɖewo wɔa dɔ. Ekema dɔdala la tsɔa aʋatsodzixɔse ƒe kɔnu gbogbowo kple nuwɔna aɖewo kpena ɖe dɔyɔtikea ŋu, esi tsyɔa nu nusi wòtsɔ da dɔa ŋutɔŋutɔ dzi. To esia dzi la, dɔdala la kpɔa egbɔ be amewo yia edzi nɔa ye gbɔ vam. To mɔ sia nu la, wotsyɔ nu atikewɔwɔ dzi, eye wode dzi ƒo na amewo be woatrɔ ɖe ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ ŋu hena kpekpeɖeŋu.
Wogakpɔtɔ le ameyibɔgbedadamɔnu siawo ŋudɔ wɔm le dukɔ aɖewo me. Ame geɖe gblɔna be tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔwoe hea dɔléle vɛ. Ame bubuwo be Mawue na míedzea dɔ eye be dɔléle nye míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti tohehe. Amesiwo nya nu tso alesi dɔlélewo wɔna dzea egɔmee ŋu kura gɔ̃ hã gakpɔtɔ vɔ̃na na ŋusẽ si de ŋgɔ wu amegbetɔ tɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo kokoko.
Bokɔwo kple ameyibɔgbedalawo nɔa te ɖe vɔvɔ̃ sia dzi tafaa amewo. Ekema nuka dzie wòle be míaxɔ se? Ðe wòanyo be míatrɔ ɖe gbɔgbɔwo ŋu hena lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔa? Nukae Biblia gblɔ?