INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 9/1 axa 13-18
  • Sɔhɛwo—Mina Hehe Miaƒe Sidzedze Ŋutetewo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛwo—Mina Hehe Miaƒe Sidzedze Ŋutetewo!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hehenana Wò Sidzedze Ŋutetewo
  • Nugɔmesese Ðeɖefia le Modzakaɖeɖe Me
  • Wɔ Nugɔmesese Ŋudɔ le Ðoɖowɔwɔ ɖe Wò Sukudede Ŋu Me
  • Bubudede Zɔzɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Ŋu
  • Ne Wofia Nu Wò ‘tso Ðevime Ke’
  • Àte Ŋu ‘Ade Vovototo Nyui Kple Vɔ̃ Domea’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Yi Edzi Nàna Hehe Wò Nugɔmesese Ƒe Ŋutetewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • “Miyi Edzi Mianɔ Amesi Ƒomeviwo Mienye La Dom Kpɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Sɔhɛ Siwo Ðoa Ŋku Wo wɔla Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 9/1 axa 13-18

Sɔhɛwo—Mina Hehe Miaƒe Sidzedze Ŋutetewo!

“Nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ [sidzedze ŋutete], siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la.”—HEBRITƆWO 5:14.

1, 2. (a) Aleke nɔnɔme si me míele egbea sɔ kple blema Kristotɔ siwo nɔ Efeso la tɔe? (b) Ŋutete kawoe ate ŋu akpɔ tawò tso afɔku me, eye aleke nàwɔ atu wo ɖo?

“MIKPƆ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Tso esime apostolo Paulo ŋlɔ nya mawo ƒe akpe eve enye si va yi la, ‘ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo yi edzi vɔ̃ɖitɔe wu.’ Míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sẽ,’ alo abe alesi gɔmeɖeɖe bubu gblɔe ene la, ɣeyiɣi siwo me “afɔku yɔ fũ” me.—Timoteo II, 3:1-5, 13; Phillips.

2 Àte ŋu aƒo asa na afɔku siwo anɔ mɔ me na wò, gake ehiã be ‘nàdze aɖaŋu, sidzedze kple tamebubu ŋutete’ nasu asiwò hafi. (Lododowo 1:4) Lododowo 2:10-12 gblɔ be: “Nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu. Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò, ne wòaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi, le amesiwo gblɔa godzenya la ŋu.” Gake aleke tututue nàwɔ atu ŋutete siawo ɖo? Hebritɔwo 5:14 gblɔ be: “Nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ [sidzedze ŋutete], siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la.” Abe alesi wòle le dɔ ɖesiaɖe gomee ene la, ebia hehexɔxɔ hafi woate ŋu abi ɖe ame ƒe sidzedze ŋutetewo ŋudɔwɔwɔ me. Helagbe me nya si Paulo zã ƒe gɔmesese le nyaa ŋutɔŋutɔ nu fia be ‘woana hehe ame abe alesi wohea kamedefefewɔlae ene.’ Aleke nàwɔ adze hehe sia xɔxɔ gɔme?

Hehenana Wò Sidzedze Ŋutetewo

3. Ne ehiã be nàwɔ nyametsotso aɖe la, aleke nàte ŋu awɔ wò sidzedze ŋutetewo ŋudɔe?

3 De dzesii be ele be nàna hehe wò sidzedze ŋutetewo—si nye ŋutete siwo le mewò, si ana nàte ŋu anya vovototo si le nyui kple vɔ̃ dome—‘to wo ŋudɔwɔwɔ me.’ Ne ehiã be nàwɔ nyametsotso aɖe la, ƒã hafi nususukpɔ dzro ko, nuwɔwɔ ɖe seselelãme nu, alo amehawo yomenɔnɔ ko nanye tiatia si nàwɔ eye nunya nanɔ eme. Be nàwɔ nyametsotso nyuiwo la, ele be nàwɔ wò sidzedze ŋutetewo ŋudɔ. Alekee? Gbã la, ele be nàdzro nɔnɔmea me tsitotsito eye nànya nu tso nusiwo katã ku ɖe eŋu la ŋu. Ne ehiã la, bia nyawo. De dzesi tiatia siwo li nàte ŋu awɔ. Lododowo 13:16 gblɔ be: “Nugɔmesela wɔa nu ɖe nunya me.” Emegbe dze agbagba nànya Biblia ƒe se kple gɔmeɖose siwo ku ɖe nya la ŋu. (Lododowo 3:5) Gake ele be Biblia me sidzedze nasu asiwò hafi nàte ŋu awɔ esia. Ema tae Paulo de dzi ƒo na mí be míaɖu “nuɖuɖu sesẽ”—si fia be nàsrɔ̃ nyateƒea ƒe “kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme.”—Efesotɔwo 3:18.

4. Nukatae Mawu ƒe gɔmeɖosewo nyanya le vevie?

4 Esi wònye míede blibo o eye nuvɔ̃ le mía ŋu ta la, esia wɔwɔ le vevie. (Mose I, 8:21; Romatɔwo 5:12) Yeremya 17:9 gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.” Ne mawumegɔmeɖosewo meli afia mɔ mí o la, míate ŋu aflu mía ɖokui anɔ susum be nane si nye nu gbegblẽ nyo—le esi wòdzroa míaƒe ŋutilã ta ko. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 5:20.) Hakpala la ŋlɔ bena: “Aleke ɖekakpui alé eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee? Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu. Wò sewo na medze nunya, eyata melé fu aʋatsomɔwo katã.”—Psalmo 119:9, 104.

5. (a) Nukatae sɔhɛ aɖewo dzea aʋatsomɔwo dzi? (b) Aleke ɖetugbi aɖe tsɔ nyateƒea wɔ eɖokui tɔe?

5 Nukatae sɔhɛ aɖewo siwo wonyi le Kristotɔwo ƒe aƒeme va dze aʋatsomɔwo dzi? Ðe wòanye be ‘woawo ŋutɔ womedzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me kpɔ oa?’ (Romatɔwo 12:2) Wo dometɔ aɖewo ate ŋu akplɔ wo dzilawo ɖo ayi kpekpeawo eye woate ŋu agblɔ Biblia ƒe gɔmedzenufiafia aɖewo. Gake ne wobia wo be woagblɔ nusi ɖo kpe woƒe dzixɔsewo dzi alo aɖe Mawu ƒe Nya la me nu goglo aɖewo me la, edzena dziɖeleameƒotɔe be sidzedze si le wo si mede to o. Ele bɔbɔe be woate ŋu able sɔhɛ siawo. (Efesotɔwo 4:14) Ne aleae wòle le gowòme la, nukatae màɖoe be yeawɔ tɔtrɔ o? Nɔvinyɔnu ɖetugbivi aɖe gblɔ be: “Mewɔ numekuku. Mebia ɖokuinye be, ‘Aleke mewɔ nya be subɔsubɔha nyuitɔae nye sia? Aleke mewɔ nya be Mawu aɖe li si ŋkɔe nye Yehowa?’”a Ŋɔŋlɔawo me dzodzro moveviɖoɖotɔe na wòkpɔ kpeɖodzi be nusiwo yesrɔ̃ le ye dzilawo gbɔ nye nyateƒe!—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 17:11.

6. Aleke nàte ŋu ‘ado nusi nyoa Aƒetɔ Yehowa ŋu la kpɔe’?

6 Ne Yehowa ƒe gɔmeɖosewo ŋuti sidzedze su asiwò la, anɔ bɔbɔe na wò wu be ‘nàdo nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu la kpɔ.’ (Efesotɔwo 5:10) Gake ne mèka ɖe nusi me nunya anɔ be nàwɔ le nɔnɔme aɖe me dzi o ɖe? Do gbe ɖa nàbia Yehowa ƒe mɔfiame. (Psalmo 119:144) Dze agbagba nàƒo nu tso nyaa ŋu na dziwòlawo alo Kristotɔ tsitsi aɖe. (Lododowo 15:22; 27:17) Àgate ŋu akpɔ mɔfiame si akpe ɖe ŋuwò ne èwɔ numekuku le Biblia kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me. (Lododowo 2:3-5) Zi alesi nèzã wò sidzedze ŋutetewoe la, zi nenemae woaɖae.

Nugɔmesese Ðeɖefia le Modzakaɖeɖe Me

7, 8. (a) Aleke nàte ŋu awɔ wò sidzedze ŋutetewo ŋudɔe anya ne àyi hadomekpekpe aɖe alo màyi o? (b) Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le modzakaɖeɖe ŋu?

7 Azɔ na míalé ŋku ɖe alesi nàte ŋu awɔ wò sidzedze ŋutetewo ŋudɔe le nɔnɔme tɔxɛ aɖewo me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be wokpe wò va hadomekpekpe aɖee. Ðewohĩ èxɔ agbalẽvi si wotsɔ le boblo dom kpekpeae gɔ̃ hã. Wogblɔ na wò be Ðasefo sɔhɛ gbogbo aɖewo ava. Gake woaxɔ ga aɖe atsɔ xe nugblẽfewoe. Anyo be nàyia?

8 Wɔ wò sidzedze ŋutetewo ŋudɔ. Gbã la, se nusianu si ku ɖe eŋu gɔme. Aleke kpekpe sia ƒe lolome anɔ? Amekawoe gbɔna? Ɣekaɣie wòadze egɔme? Ɣekaɣie wòawu enu? Wɔna kawo ŋue wowɔ ɖoɖo ɖo? Aleke woakpɔ edzii? Emegbe wɔ numekuku, nàkpɔ “Hadome Kpekpewo” (Social Gatherings), kple “Modzakaɖeɖe” (Entertainment) le Watch Tower Publications Index me.b Nukae numekuku si nàwɔ ate ŋu aɖe ɖe go? Nusiwo ŋu nàke ɖo dometɔ ɖekae nye be Yehowa metsi tre ɖe ƒuƒoƒo ɖekae akpɔ dzidzɔ ŋu o. Le nyeteƒe me, Nyagblɔla 8:15 gblɔ be hekpe ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu la, “nu nyui aɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ano nu akpɔ dzidzɔ o.” Yesu ŋutɔ hã de nuɖuƒe tɔxɛwo eye wòde srɔ̃ɖeƒe ɖeka ya teti. (Luka 5:27-29; Yohanes 2:1-10) Ne wona hadede da sɔ la, viɖe ate ŋu anɔ eŋu.

9, 10. (a) Afɔku kawoe hadomekpekpe aɖewo ate ŋu ahe vɛ? (b) Nya kawoe nàbia ɖokuiwò hafi atso nya me ne àyi kpekpe aɖe alo màyi o?

9 Ke hã kpekpe siwo ŋu womewɔ ɖoɖo ɖo nyuie o ate ŋu ahe afɔku vɛ. Le Korintotɔwo I, 10:8 la, míexlẽ nu tso alesi hadede gbegblẽ na ‘Israel-vi maɖianukwarewo wɔ ahasi eye ame akpe blaeve vɔ etɔ̃ tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi’ la ŋu. Nuxlɔ̃ame bubu si bia tamebubu dze le Romatɔwo 13:13 be: “Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasiwɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.” (Tsɔe sɔ kple Petro I, 4:3.) Enye nyateƒe be míate ŋu aɖo ame xexlẽme aɖe koŋ ɖi be woawoe ate ŋu ayi kpekpe aɖe o. Gake nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be alesi kplɔ̃ɖoɖoa loloe la, nenemae edzikpɔkpɔ sesẽnae. Mele bɔbɔe be kpekpe siwo le sue wu siwo dzi wokpɔ nyuie natrɔ azu ‘aglotutu siwo dzi womate ŋu akpɔ’ o.—Galatiatɔwo 5:21.

10 Ðikeke mele eme o be numekuku si nàwɔ agafɔ biabia bubuwo ɖe te, abe: Ðe ame tsitsi siwo nye Kristotɔ tsitsi aɖewo gbɔna kpekpea? Ameka tututue le ɖoɖoawo dzi kpɔm? Ðe wole kplɔ̃a ɖom be wòado hadede tuameɖo ɖe ŋgɔ alo ɖe ame aɖe tsɔe le viɖe dimea? Ðe mɔxeɖenu aɖewo li ku ɖe amesi tɔgbe ate ŋu ayi ŋua? Ne kwasiɖanuwuwu dzie woda kpekpea ɖo la, ɖe woakpã kaba ale be amesiwo yi nate ŋu akpɔ gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me le ŋufɔkea? Ne haƒoƒo kple ɣeɖuɖu ayi edzi ɖe, ɖe wòawɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe dzidzenuwoa? (Korintotɔwo II, 6:3) Nya siawo biabia manɔ bɔbɔe o. Gake Lododowo 22:3 xlɔ̃ nu be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” Ẽ, àte ŋu aƒo asa na nɔnɔme siwo me afɔku le ne èzã wò sidzedze ŋutetewo.

Wɔ Nugɔmesese Ŋudɔ le Ðoɖowɔwɔ ɖe Wò Sukudede Ŋu Me

11. Aleke sɔhɛwo ate ŋu awɔ woƒe sidzedze ŋutetewo ŋudɔ le ɖoɖowɔwɔ ɖe woƒe etsɔme ŋu mee?

11 Biblia gblɔ be nunya le eme be woawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu. (Lododowo 21:5) Ðe mia kple dziwòlawo mieƒo nu tso wò etsɔme ŋua? Ðewohĩ èwɔ ɖoɖo be yeage ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me anye mɔɖela. Enye nyateƒe be dɔwɔna bubu aɖeke mate ŋu ana wò dzi nadze eme wu esia o. Ne èle nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyuiwo tum ɖo eye subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe aɖaŋuwo le asiwò sum la, ke èle dzadzram ɖo ɖe dɔ dodzidzɔname sia wɔwɔ ŋu. Èbu alesi nàwɔ akpɔ ɖokuiwò dzi le subɔsubɔdɔa me ŋua? Ne èva ɖoe le etsɔme be yeadzi vi la, àte ŋu atsɔ agbanɔamedzi ma akpeea? Nyametsotso siwo da sɔ, siwo sɔ ɖe nuwo nu tututu tso nusiawo ŋu wɔwɔ bia sidzedze ŋutetewo ŋudɔwɔwɔ.

12. (a) Aleke ƒome aɖewo ɖoe be yewoatrɔ ɖe ganyawo ƒe nɔnɔme si le tɔtrɔm la ŋui? (b) Ðe sukunusɔsrɔ̃ dziyiyi le eɖokui si tsi tre ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe taɖodzinu ƒe amesinɔnɔ ŋua? Ðe eme.

12 Le teƒe aɖewo la, wogate ŋu fiaa dɔ alo asinudɔ si akpe ɖe ame ŋu le dɔ si me woxɔ ame ɖo me. Sɔhɛ aɖewo srɔ̃a dɔ si wowɔna le woƒe ƒomea me alo wosrɔ̃a dɔ le ame tsitsi siwo nye wo xɔlɔ̃ siwo si dɔ le gbɔ. Bubuwo srɔ̃a nusiwo ana woakpɔ dɔwɔɖui emegbe la le suku. Afisiwo mɔnukpɔkpɔ mawo mele o la, ne dzilawo bu nuwo ŋu nyuie la, woate ŋu awɔ ɖoɖo na wo viwo be woagade suku ayi ŋgɔe ne wowu sekɛndrisuku nu. Ðoɖowɔwɔ alea do ŋgɔ be woate ŋu atsɔ agbanɔamedziwo le ame ƒe tsitsime, eye vevietɔ be woate ŋu anɔ mɔɖeɖedɔa me ɣeyiɣi didi la metsi tre ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu o. (Mateo 6:33) Eye sukudede kpee mete fli ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me o. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbi aɖe si nye Ðasefo di be yeawɔ mɔɖeɖedɔa ɣeyiɣi didi. Esi wòwu sekɛndrisuku nu la, edzilawo—siwo hã nye gbesiagbe mɔɖelawo—wɔ ɖoɖo nɛ be wòagade suku bubu akpee. Ete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa esi wònɔ sukua dem, eye fifia la, asinudɔ le esi wòtsɔ le eɖokui dzi kpɔm le mɔɖeɖedɔa me.

13. Aleke wòle be ƒomewo nalé ŋku ɖe suku bubu dede kpee me tsonuwo ŋui?

13 Le suku bubu dede kpee gome la, enye ƒome ɖesiaɖe ƒe gome kple agbanɔamedzi be woawɔ woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso. Ne wowɔ tiatia nyuitɔ na nusɔsrɔ̃ sia la, ate ŋu aɖe vi. Gake ate ŋu anye mɔ̃. Ne èle ŋugble dem le sukudede sia ŋu la, nukae nye wò taɖodzinu? Ðe nèbe yeatsɔe adzra ɖoe be yeate ŋu atsɔ agbanɔamedziwo le mɔ nyuitɔ nu ne yetsia? Alo ‘nu gãwo dim nèlea?’ (Yeremya 45:5; Tesalonikatɔwo II, 3:10; Timoteo I, 5:8; 6:9) Ke dzodzo le aƒeme, ɖewohĩ aɖanɔ sukukpodzi hena suku bubu dede kpee ɖe? Esi Paulo xlɔ̃ nu mí be “habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo” la, ɖe nunya anɔ eme nenemaa? (Korintotɔwo I, 15:33; Timoteo II, 2:22) Ðo ŋku edzi hã be, ‘ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie.’ (Korintotɔwo I, 7:29) Ɣeyiɣi didi kae nàtsɔ ade sukuae? Ðe wòaxɔ wò ɖekakpuimenɔƒe akpa gãtɔa? Ne axɔe la, ke aleke nàwɔ awɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo be ‘nàɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me’ la dzi? (Nyagblɔla 12:1) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe nusiwo nèbe yeasrɔ̃ aɖe mɔ nàte ŋu akpɔ gome le Kristotɔwo ƒe dɔwɔna veviwo me, abe kpekpeawo dede, gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ, kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ enea? (Mateo 24:14; Hebritɔwo 10:24, 25) Ne wò sidzedze ŋutetewo ɖa la, màŋlɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo be akpɔ gbeɖe ne mia kple dziwòlawo miele ɖoɖo wɔm ɖe wò etsɔme ŋu o.

Bubudede Zɔzɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Ŋu

14. (a) Gɔmeɖose kawoe wòle be wòakplɔ amesiwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖe yewo nɔewo ne wole lɔlɔ̃ ɖem fia wo nɔewo? (b) Aleke ŋutsu kple nyɔnu aɖewo meɖe nuŋububu nyuitɔ fia le nya sia mee o?

14 Nu bubu si me wòahiã be nàzã wò sidzedze ŋutetewo le ye nye zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe. Esɔ le dzɔdzɔme nu be nàdi be yeaɖe lɔlɔ̃ afia yeƒe lɔlɔ̃tɔ. Edze ƒã be ŋutsu kple nyɔnu si dome ŋugbedodo nɔ le Salomo ƒe Hawo ƒe Ha me siwo nɔ dzadzɛ la zã nya alo nuwɔna aɖewo tsɔ ɖe lɔlɔ̃ fia wo nɔewoe hafi ɖe srɔ̃. (Hawo ƒe Ha 1:2; 2:6; 8:5) Egbea, ŋutsu kple nyɔnu aɖewo siwo do ŋugbe be yewoaɖe yewo nɔewo asee le wo ɖokui me nenema ke be asiléle, nugbugbɔgbugbɔ, kple asikpakplakɔ na ame nɔewo sɔ, vevietɔ ne ewɔ abe ɖe srɔ̃ɖeɖea tu aƒe ene. Gake ɖo ŋku edzi be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae.” (Lododowo 28:26) Nublanuitɔe la, ŋutsu kple nyɔnu geɖe meɖe nuŋububu nyuitɔ fia o eye wotsɔ wo ɖokui de nɔnɔme siwo ahe wo ade nugbegblẽwɔwɔ me la me. Lɔlɔ̃ɖeɖefiaawo nu sẽna va ɖoa afisi edzi maganya aɖu o; nuwɔna makɔmakɔwo do tso eme, eye wòyi edzi kplɔ wo de gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me gɔ̃ hã.

15, 16. Aleke ame eve siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖe yewo nɔewo aɖɔ ŋu ɖo ahakpɔ egbɔ nunyatɔe be bubu nanɔ yewoƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea mee?

15 Ne gbeɖoɖoɖi le mia kple amesi nèdi be yeaɖe dome la, nunya manɔ eme be mi ame evea dzaa miaɖe vovo le nɔnɔme siwo medze o me o. Eyata anyo awu be miazɔ kple mia nɔewo le ƒuƒoƒo me, alo mianɔ afisiwo amewo le. Ŋutsu kple nyɔnu aɖewo wɔ ɖoɖo be ame tsitsi aɖe nanɔ yewo ŋu. Azɔ hã de ŋugble le Hosea 4:11 me nyawo ŋu, si gblɔ be: “Wein kple aha yeye ɖe wòdoa lã ame.” Aha ate ŋu ana womabu nu ŋu nyuie o, eye wòana ŋutsu kple nyɔnu nawɔ nusiwo ava ve wo emegbe.

16 Lododowo 13:10 gblɔ be: “Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le amesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.” Ẽ, ‘miɖo aɖaŋu na mia nɔewo’ eye miaƒo nu tso alesi miazɔe ŋu. Miɖo seɖoƒe na lɔlɔ̃ɖeɖefia, amesiame nade bubu nɔvia ƒe seselelãme kple dzitsinya ŋu. (Korintotɔwo I, 13:5; Tesalonikatɔwo I, 4:3-7; Petro I, 3:16) Nuƒoƒo tso nya sia ŋu mele bɔbɔe o eye ate ŋu anye nu sesẽ le gɔmedzedzea me ya, gake ate ŋu axe mɔ na kuxi sesẽwo ƒe dzɔdzɔ le etsɔme.

Ne Wofia Nu Wò ‘tso Ðevime Ke’

17. Aleke Dawid na Yehowa nye ‘amesi ŋu wòɖoa ŋu ɖo tso eƒe ɖevime kee,’ eye nukae sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme egbea?

17 Ahiã be nànɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi hafi ate ŋu aƒo asa na Satana ƒe mɔ̃wo—eye ɣeaɖewoɣi la, ahiã dzideƒo geɖe. Àkpɔe ɣeaɖewoɣi be ye kple amewo ƒe susu mewɔ ɖeka o, menye mia kple hatiwòwo tɔ ko o, ke boŋ kple amesiame. Hakpala Dawid do gbe ɖa be: “Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, [amesi] ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke! Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbeƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.” (Psalmo 71:5, 17)c Wonya Dawid be enye amesi ƒo dzi nɔ. Gake ɣekaɣie wòtui ɖo? Tso eƒe ɖevimee! Do ŋgɔ na wo kple Goliat dome vuwɔwɔ si ɖi hoo gɔ̃ hã la, Dawid ɖe dzideƒo wɔnuku fia le fofoa ƒe alẽwo ta kpɔkpɔ me—ewu dzata kple sisiblisi. (Samuel I, 17:34-37) Gake Dawid tsɔ dzideƒo ɖesiaɖe si wòɖe fia ƒe kafukafua katã na Yehowa esi wòyɔe be “[amesi] ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke.” Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ƒe ŋutete si nɔ Dawid me na wòte ŋu kpe akɔ kple dodokpɔ ɖesiaɖe si wòdo goe. Wò hã àkpɔe be ne yeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, ana dzideƒo kple ŋusẽ si yeatsɔ ‘aɖu xexeame dzii’ la ye.—Yohanes I, 5:4.

18. Nuxlɔ̃ame kae wona sɔhɛ mawuvɔ̃lawo egbea?

18 Sɔhɛ akpe geɖe abe wò ene tso nya me dzideƒotɔe eye wonye nyanyuigbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo fifia. Míeda akpe na Mawu ɖe mi sɔhɛwo ƒe xɔse kple dzideƒo ta! Miyi edzi miaɖoe kplikpaa be yewoasi le xexeame ƒe nuwɔna gbegblẽwo nu. (Petro II, 1:4) Miyi edzi miawɔ miaƒe sidzedze ŋutete siwo Biblia na hehee la ŋudɔ. Ema akpɔ mia ta tso dzɔgbevɔ̃e me fifia, eye wòana miakpɔ ɖeɖe mlɔeba. Nyateƒee, abe alesi míaƒe nyati si kplɔe ɖo aɖee afia ene la, miate ŋu ana miaƒe agbe nakpɔ dzidzedze.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Nyateƒea Tɔnyee?” si dze le November 8, 1998, ƒe Nyɔ! me.

b Woƒo nu tso nyati sia ŋu yi ŋgɔ le nyati si nye “Hahomodzakaɖeɖewo—Kpɔ Viɖe tso Wo me, Ƒo Asa Na Mɔ̃tetreawo” si dze le August 15, 1992, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

c Edze abe Psalmo 71 lia nye Psalmo 70 lia dziyiyi si wogblɔ ɖe etame nuŋɔŋlɔ si nye kpukpui 1 me be enye Dawid ƒe ha.

Numetotobiabiawo

◻ Aleke sɔhɛ ate ŋu ana hehe eƒe sidzedze ŋutetewoe?

◻ Aleke sɔhɛ ate ŋu awɔ eƒe sidzedze ŋutetewo ŋudɔe le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede mee?

◻ Nukawo ŋue wòle be woabu ne ame le ɖoɖo wɔm ɖe eƒe sukudede ŋu?

◻ Aleke ame eve siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖe yewo nɔewo awɔ aƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe mɔ̃ la?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Numekukuwɔwɔ sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nàna hehe wò sidzedze ŋutetewo

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ele bɔbɔe be woakpɔ kpekpe siwo le sue wu dzi, eye matrɔ azu aglotuƒe siwo ŋu womate ŋu alé ŋku ɖo bɔbɔe o

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ele be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woawɔ ɖoɖo ɖe woƒe sukudede ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Gbeɖoɖoɖi le ƒuƒoƒo me nye ametakpɔnu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe