Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
Maria Tia “Nyuia Gome”
LE Yesu ƒe ŋkekeawo me la, rabiwo tsɔ woƒe kɔnyinyiwo te Yuda nyɔnuwo ɖe anyi. Le esia ta womedea dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ Sea o. Le nyateƒe me la, nukpɔsusu aɖe si woyɔ ɖe Mishnah la me gblɔ be: “Ne ŋutsu aɖe gblɔ nusi le Sea me na via nyɔnuvi la, ele abe agbegbegblẽnɔnɔ ɖigbɔ fiafiae ene.”—Sotah 3:4.
Ale wɔ womena nyɔnu geɖe siwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Yudea la nya agbalẽ tututu o. The Anchor Bible Dictionary gblɔ bena: “Kpeɖodzi aɖeke meli si fia be do ŋgɔ na Yesu ƒe subɔsubɔdɔ la, mɔɖeɖe nɔe na Yuda nyɔnuwo be woanye nufiala gã aɖe ƒe nusrɔ̃viwo ahayi zɔzɔ ge kple nufiala sia ƒomevi, alo afia nu ame aɖeke o negbe ɖeviwo ko.” Le nyɔnuwo dada ɖe anyi me la, subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖewo wɔ se be mele be ŋutsu aɖeke naƒo nu kple nyɔnu aɖeke le dutoƒo o!
Yesu metsɔ mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nɔnɔme siawo wɔ dɔe o. Efia nu nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, eye wokpɔ nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa le eyomedzelawo dome. (Luka 8:1-3) Ɣeaɖeɣi la, Marta kple Maria kpe Yesu va wo ƒemee. (Luka 10:38) Nyɔnu eve siawo nye Lazaro nɔvinyɔnuwo, eye wo ame etɔ̃a katã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kple exɔlɔ̃ nyuiwo. (Yohanes 11:5) Ne míede ŋugble tso ame gbogbo siwo va fa akɔ na Marta kple Maria esi Lazaro ku ŋu la, míakpɔe be ƒome sia anya xɔ ŋkɔ ŋutɔ. Aleke kee nya la nɔ o, nusi dzɔ le woƒe aƒea me esi Yesu yi afima la nye nusɔsrɔ̃ vevi aɖe, menye na woawo ko o ke na míawo hã.
Nusɔsrɔ̃ le Yesu ƒe Afɔ Nu
Ðikeke mele eme o be, Marta kple Maria di vevie be yewoaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Yesu, eye ɖewohĩ ŋutete le wo ŋu be woawɔ esia. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 12:1-3.) Gake esi woƒe amedzroa va ɖo la, Maria “bɔbɔ nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu, eye wòse eƒe nyawo.” (Luka 10:39) Amewo ƒe kɔnyinyi aɖeke maxe mɔ na Yesu be wòagbe nufiafia nyɔnu anukwaretɔ aɖe si di vevie be yeasrɔ̃ nu la o! Míate ŋu akpɔ Maria, si bɔbɔ nɔ Yesu ŋgɔ hewɔ eɖokui nusrɔ̃vi si le to lém ɖe eƒe Aƒetɔ ƒe nufiafiawo ŋu vevie le susu me.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 33:3; Dɔwɔwɔwo 22:3.
Ke Marta si nɔ “sreɖi dzem le subɔsubɔ geɖe ŋuti” la mewɔ nu abe Maria ene o. Esi nuɖuɖu si xɔa ɣeyiɣi geɖe ɖamee wònɔ ta la, eƒe ŋku biã ɖe eƒe dɔ si bia nu geɖe la ŋu. Eteƒe medidi o Marta kpɔ dziku be wogblẽ ye ɖeka ɖi yele dɔawo katã wɔm esime ye nɔvi ya bɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔ nu! Eyata, ɖewohĩ Marta anya tso nya si gblɔm Yesu le na Maria la le enu zi ɖeka, gblɔ be: “Aƒetɔ, ɖe mètsɔ ɖeke le eme bena, nɔvinye gblẽ nye ɖeka ɖi na subɔsubɔ o mahã? Gblɔe nɛ azɔ, ne wòakpe asi ɖe eŋu nam.”—Luka 10:40.
Menye ɖe nane gblẽ le nya si Marta bia la ŋutɔ ŋuti o. Le nyateƒe me la, nuɖaɖa na amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nye dɔ sesẽ, eye mele be agbaa nanɔ ame ɖeka dzi o. Gake Yesu de dzesi mɔnukpɔkpɔ aɖe si ŋudɔ wòate ŋu awɔ atsɔ afia nu vevi aɖee la le eƒe nyaa me. Egblɔ be: “Marta, Marta, èle agbagba dzem, eye nèle fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti, ke nu ɖeka koe le vevie; elabena Maria tia nyuia gome, si womele xɔxɔ ge le esi o.”—Luka 10:41, 42.
Yesu menɔ gbɔgblɔm be Marta metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me o. Ke boŋ enyae be enye nyɔnu aɖe si me mawusosroɖa deto le.a Ðikeke mele eme o be esiae ʋãe be wòkpe Yesu va eƒemee gɔ̃ hã. Gake ɖe Yesu nɔ Marta fiam le eƒe mokaka si nu mese o la me be, le alesi wòtsi dzi ɖe nuɖaɖa ŋu ta la, nufiame xɔxɔ tso Mawu Vi la gbɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖe si mebɔ o la nɔ eŋu tom.
Anɔ eme be nɔnɔme si nɔ anyi le ɣeyiɣi mawo me la anya wɔ ɖeka kple nukpɔsusu si li be nyɔnu ƒe bibi ɖe aƒemedɔwo wɔwɔ mee ɖea asixɔxɔ si le eŋu fiana. Gake Yesu ƒe nyawo ɖee fia be nyɔnuwo ate ŋu anɔ Mawu Vi la ƒe afɔ nu abe ŋutsuwo ke ene ahase agbenyawo! (Yohanes 4:7-15; Dɔwɔwɔwo 5:14) Esi nya la le alea ta la, anye ne anyo wu be Marta naɖa nuɖuɖu ʋɛ aɖe ko—alo ɖeka kura ko—nenye be esia ana mɔnukpɔkpɔe be wòanɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu ahasrɔ̃ nu tso egbɔ.—Tsɔe sɔ kple Mateo 6:25.
Nusi Míasrɔ̃ tso Eme
Egbea, wokpɔa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le amesiwo le wɔwɔm ɖe Yesu ƒe amekpekpea be woava ‘xɔ agbetsi la no faa’ dzi dome. (Nyaɖeɖefia 22:17) Le lɔlɔ̃ si ʋã wo ta la, ame aɖewo—abe Marta tututu ene—wɔa nusianu si woate ŋui be yewoakpɔ haxɔsetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Wonye amesiwo tsɔa ɖe le nuwɔwɔ ŋutɔŋutɔ me hewɔa afɔɖeɖe enumake, eye Yehowa do ŋugbe be yeaɖo woƒe lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedzewo teƒe na wo. (Hebritɔwo 6:10; 13:16) Ame bubuwo anya de Maria ɖi ge wu. Wometsia dzi o eye wodea ŋugble le gbɔgbɔmenuwo ŋu. Woƒe didi vevie be yewoade ŋugble le Mawu ƒe Nya ŋu kpena ɖe wo ŋu be woali ke le xɔse la me.—Efesotɔwo 3:17-19.
Ame akpa eve sia ƒomeviwo wɔa akpa vevi aɖe le Kristo-hamea me. Gake le etaƒoƒo me la, ele be mí katã ‘míatia nyuia gome’ to gbɔgbɔmenuwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ me. To kaka ɖe nusiwo le vevie wu dzi la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye wòayra mí.—Filipitɔwo 1:9-11.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Be Marta nye gbɔgbɔmeme si si xɔse sẽŋu le la dze le eya kple Yesu dome dzeɖoɖo me le nɔviaŋutsu, Lazaro ƒe ku megbe. Le ɣeyiɣi sia dzi la, Marta enye amesi di vevie be yeakpɔ yeƒe Aƒetɔ la.—Yohanes 11:19-29.