Nukatae Wòle Be Nàwɔ Ðe Wò Ŋugbedodowo Dzi?
BERNARD BARUCH, si nye dukplɔlawo ƒe aɖaŋuɖola si megava li o gblɔ be: “Da akɔ na amesi medoa ŋugbe taŋtaŋ o; eyae nye amesi mana dzi naɖe le ƒowò vevie o.” Le egbe xexea me la, edze abe wodoa ŋugbe eye wometsɔa ɖeke le edziwɔwɔ me o ene. Woate ŋu anye srɔ̃ɖeŋugbedodowo, dɔwɔɖoɖowo, alo ŋugbedodo be woazã ɣeyiɣi geɖe ɖe ɖeviwo ŋu. Gɔmeɖose nyanyɛ si dzi woŋe aɖaba ƒui le afisiafi enye, “Ame ƒe nyagbɔgblɔe wotsɔna kpɔa amesi ƒomevie wònye.”
Le nyateƒe me la, ame geɖe meɖoa tame be yewoawɔ ɖe yewoƒe ŋugbedodowo dzi gbeɖe o. Ame bubuwo ya tsɔa dzitsitsi kaa atam siwo dzi womate ŋu awɔ ɖo o loo alo wogbea woƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ elabena eyae bɔbɔ wu.
Nyateƒee, ne nuɖiɖeamewo do mo ɖa la, ŋugbedodowo dzi wɔwɔ ate ŋu asesẽ. Gake ɖe ŋugbedodo si dzi womewɔ o gblẽa nu geɖe vavã? Ðe wòle be nàbu wò ŋugbedodowo nya veviwoea? Ŋkuléle ɖe Yehowa Mawu ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu kpuie akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nusitae wòle be míatsɔ nya sia ŋkubiãnyae.
Yehowa Wɔa Eƒe Ŋugbedodowo Dzi
Mawu aɖe si ƒe ŋkɔ do ƒome kple eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔe míesubɔna. Zi geɖe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ame ƒe ŋkɔ fiaa amesi ƒomevi wònye. Aleae wòle le ŋkɔ Yehowa, si gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme” la hã gomee. Eyata gɔmesese si nye be Mawu awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi eye wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme la le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu.
Abe alesi Yehowa ƒe ŋkɔa fia ene la, ewɔ ɖe ŋugbe siwo katã wòdo na blema Israel-dukɔa dzi. Fia Salomo gblɔ le ŋugbedodo siawo ŋu be: “Woakafu Yehowa, amesi na gbɔɖeme eƒe dukɔ Israel pɛpɛpɛ, abe alesi wògblɔ ene; naneke meto le nya nyui, siwo katã wògblɔ to eƒe dɔla Mose dzi la me o.”—Fiawo I, 8:56.
Alesi Yehowa nye amesi dzi woate ŋu aka ɖo le nusianu me na apostolo Paulo te ŋu gblɔ be: “Esime Mawu na ŋugbedodo Abraham la, le esi ame aɖeke megalolo de enu, ne wòatà o ŋuti la, età ye ŋutɔ ɖokui.” (Hebritɔwo 6:13) Ẽ, Yehowa ŋutɔ ƒe ŋkɔ kple amenyenye nye kakaɖedzi be magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ o, togbɔ be wo dzi wɔwɔ ate ŋu ana nu vevi aɖe nabu ɖee hã. (Romatɔwo 8:32) Nyateƒe si wònye be Yehowa wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi naa mɔkpɔkpɔ si nye seke na míaƒe luʋɔ, alo agbe sua mía si.—Hebritɔwo 6:19.
Yehowa ƒe Ŋugbedodowo Kple Míaƒe Etsɔme
Míaƒe mɔkpɔkpɔ, míaƒe xɔse, kple agbe si míele la katã nɔ te ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ƒe emevava dzi. Mɔkpɔkpɔ kae dzea mía ŋu vevie? “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Ŋɔŋlɔawo na nusita wòle be xɔse hã nanɔ mía si la mí be, “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Eye míate ŋu aka ɖe edzi be nane li si ƒo agbe si li fifia la ta. Le nyateƒe me la, nusi apostolo Yohanes yɔ be “ŋugbedodo” lae nye “agbe mavɔ la.” (Yohanes I, 2:25) Gake menye etsɔme ɖeɖeko ŋue Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo le eƒe Nya me la ku ɖo o. Wona tameɖoɖo le agbe si míele fifia ŋu xoxo.
Hakpala la dzi ha be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, . . . la gbɔ. Esea woƒe ɣli.” (Psalmo 145:18, 19) Mawu na kakaɖedzi su mía si hã be, ‘yenaa lãmesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye yenaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.’ (Yesaya 40:29) Eye akɔfafa ka gbegbe nye si wònye be míanya be ‘Mawu mana mɔ bena woate mí akpɔ awu alesi míate ŋui o, ke ana gododo le tetekpɔa me hã akpe ɖe eŋu’! (Korintotɔwo I, 10:13) Ne mía ŋutɔwo míekpɔ ŋugbedodo siawo dometɔ aɖe ƒe emevava la, míekpɔnɛ be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu blibo. Le viɖe siwo míekpɔna tsoa ŋugbe gbogbo siwo Yehowa dona eye wòwɔa wo dzi me ta la, aleke wòle be míabu ŋugbe siwo míedona nɛ?
Ŋugbe Siwo Míedo na Mawu Dzi Wɔwɔ
Ðikeke mele eme o be adzɔgbe si míaɖe na Mawue nye ŋugbe vevitɔ kekeake si míate ŋu ado nɛ. To afɔ sia ɖeɖe me la, míeɖenɛ fiana be míedi be míasubɔ Yehowa tegbee. Togbɔ be Mawu ƒe seawo mesesẽ o hã la, esi míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me ta la, eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi o. (Timoteo II, 3:12; Yohanes I, 5:3) Gake esi ‘míenya da asi ɖe kodzi dzi’ eye míeva zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo kple Via Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ko la, mele be míaƒe susu naganɔ xexemenu siwo míegblẽ ɖi la ŋu gbeɖegbeɖe o.—Luka 9:62.
Ne míedo gbe ɖa na Yehowa la, ɖewohĩ míasee le mía ɖokui me be míado ŋugbe nɛ be míadze agbagba aɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi, míatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui aɖe ɖo, alo míadzi míaƒe teokrasidɔwo ƒe akpa aɖe ɖe edzi. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe ŋugbedodo siawo dzi?—Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 5:1-4.
Dzi kple susu mee ŋugbedodo vavãwo tsona. Eyata mina míatsɔ gbedodoɖa si tso míaƒe dziwo me aɖo kpe míaƒe ŋugbedodowo dzii, míaɖe míaƒe dzimaɖitsitsiwo, didiwo, kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo agblɔ na Yehowa le anukwareɖiɖi me. Gbedodoɖa le ŋugbedodo aɖe ŋu ado ŋusẽ mí be míawɔ ɖe edzi. Míate ŋu abu ŋugbe siwo míedo na Mawu abe fenyinyi ene. Ne fe si wonyi lolo la, ele be woanɔ exem vivivi. Nenema ke ŋugbe geɖe siwo míedo na Yehowa la dzi wɔwɔ axɔ ɣeyiɣi. Gake ne míetsɔ nusi míate ŋu ana la nɛ edziedzi la, míeɖenɛ fiana be míeɖoe kplikpaa be míawɔ nusi míegblɔ la dzi, eye ayra mí alesi dze.
Míate ŋu aɖee fia be ŋugbe siwo míedo le vevie na mí ne míedoa gbe ɖa tso wo ŋu edziedzi, ɖewohĩ gbesiagbe. Esia ana míaƒe dziƒo Fofoa nakpɔe be míenye anukwaretɔwo. Anɔ ŋku ɖom edzi hã na mí ɣesiaɣi. Dawid ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Eɖe kuku na Yehowa le hadzidzi me bena: “Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu! . . . Madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefe gbesiagbe.”—Psalmo 61:2, 9.
Míaƒe Ŋugbedodowo Dzi Wɔwɔ Tua Kakaɖedzi Ðo
Ne mele be míabu ŋugbe siwo míedo na Mawu nu tsɛe o la, ke nenema ke wòanɔ le esiwo míedona na hati Kristotɔwo hã gomee. Mele be míalɔ̃ Yehowa ahagbe mía nɔviwo ya lɔlɔ̃ o. (Tsɔe sɔ kple Yohanes I, 4:20.) Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya me be: ‘Miaƒe Ẽ, nanye Ẽ, O, nanye O.’ (Mateo 5:37) Mɔ siwo dzi míato ‘awɔ nyui na haxɔsetɔwo’ dometɔ ɖekae nye be míakpɔ egbɔ be kakaɖedzi le míaƒe nyawo ŋu ɣesiaɣi. (Galatiatɔwo 6:10) Ŋugbedodo ɖesiaɖe si dzi míewɔ ɖo tua kakaɖedzi ɖo.
Zi geɖe la, ne ŋugbedodo si dzi woda ku ɖe ga ŋu la, egblẽa nu geɖe. Eɖanye gadodo aɖe xexe, dɔ aɖe wɔwɔ, alo asitsaɖoɖo aɖe dzi wɔwɔ ye o, ele be Kristotɔ nawɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzi. Esia dzea Mawu ŋu eye wònaa ame nɔewo dome kakaɖedzi si hiã vevie ne ‘nɔviwo anɔ ɖekawɔwɔ me’ la sẽna ɖe edzi.—Psalmo 133:1.
Ke hã ɖoɖowo dzi mawɔmawɔ ate ŋu agblẽ nu le hamea kple amesiwo wòlɔ ɖe eme tẽ la ŋu. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe de dzesii be: “Dɔwɔwɔ me nyaʋiʋli—siwo tsoa ɖoɖo siwo dzi akpa ɖeka ya teti susu be akpa evelia mewɔ ɖo o gbɔ—va ɖina hoo zi geɖe. Ewɔnɛ be, nɔviwo dome mana, eye nɔviwo mekɔa mo ɖe wo nɔewo ŋu le Fiaɖuƒe Akpata me o.” Aleke gbegbe wòle vevie enye si be míade ŋugble le ɖoɖo ɖesiaɖe si míawɔ ŋu ahadee agbalẽ me!a
Ele hã be míakpɔ nyuie ne míele nusiwo xɔ asi dzram alo le ga dede dɔ aɖe me kafum, vevietɔ ne mía ŋutɔwo míekpɔa viɖe tso eme. Nenema ke wòle vevie ŋutɔ be míakpɔ nyuie be míaɖe ami ɖe viɖe si woakpɔ ɖe adzɔnu alo atike aɖewo dzi, alo ado viɖe siwo mele bɔbɔe be woakpɔ ɖe ga si woade dɔ aɖe me dzi la ƒe ŋugbe o. Ele be lɔlɔ̃ naʋã Kristotɔwo be woaɖe afɔku siwo le eme la me nyuie. (Romatɔwo 12:10) Esi wònye nuteƒekpɔkpɔ mesu nɔvi akpa gãtɔ si le asitsatsa me o ta la, woaka ɖe míaƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le esi míenye haxɔsetɔwo dzaa ko ta. Aleke gbegbee wòanye afɔku enye si ne kakaɖedzi sia me gblẽ!
Mí Kristotɔwo la, míate ŋu aƒo mía ɖokui ɖe asitsatsa me nuwɔna siwo me anukwaremaɖimaɖi le alo esiwo me womebua ame bubu ƒe nyonyo ŋu le la me o. (Efesotɔwo 2:2, 3; Hebritɔwo 13:18) Be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míanye ‘amesiwo adze eƒe agbadɔ me’ la, ele be míanye amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo. ‘Ne míeka atam, eye emegbe míeva kpɔe be made mía dzi o gɔ̃ hã la, míatrɔe o.’—Psalmo 15:1, 4.
Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la Yefta ɖe adzɔgbe be ne Mawu na yeɖu Amonitɔwo dzi la, yeatsɔ nusianu si ava kpe ye gbã ne yetrɔ tso aʋa gbɔna la asa numevɔe na Yehowa. Yefta ƒe tenuvie va nye amesi va kpee, gake mehe ɖe megbe le eƒe nya dzi wɔwɔ me o. Esi vianyɔnua hã tso eƒe dzi me lɔ̃ ɖe edzi ta la, etsɔe na be wòasubɔ le Mawu ƒe kɔkɔeƒe la tegbee—vɔsa si ɖikeke mele eme o be esesẽ eye wòabu nu geɖe le mɔ vovovowo nu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40.
Vevietɔ la, enye dzikpɔlawo ƒe agbanɔamedzi le hamea me be woawɔ ɖe woƒe ŋugbedodowo dzi. Abe alesi Timoteo I, 3:2 gblɔe ene la, mele be ‘mokaka nanɔ dzikpɔla ŋu o.’ Esia nye Helagbe me nya aɖe si gɔme woɖe be “amesi dzi asi masu le nugbegblẽwɔwɔ ta o, mokakamanɔŋutɔ, amesi womate ŋu aka mo na o.” “Mefia ko be woƒoa nu nyui le eŋu ko o, ke boŋ edze nɛ.” (A Linguistic Key to the Greek New Testament) Esi wòle be dzikpɔla nanye mokakamanɔŋutɔ ta la, ele be kakaɖedzi nanɔ eƒe ŋugbedodowo ŋu ɣesiaɣi.
Mɔ Bubu Siwo Nu Míawɔ Ðe Míaƒe Ŋugbedodowo Dzi Le
Aleke wòle be míabu ŋugbe siwo míedona na amesiwo menye hati Kristotɔwo o? Yesu gblɔ be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” (Mateo 5:16) Míate ŋu ahe ame bubuwo ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe gbedasia ŋu ne míeɖenɛ fiana be míewɔna ɖe míaƒe nyawo dzi. Togbɔ be nyateƒetoto ƒe dzidzenuwo yi to le xexeame katã hã la, ame akpa gãtɔ kpɔtɔ dea asixɔxɔ nuteƒewɔwɔ ŋuti. Mɔ siwo dzi míato aɖe lɔlɔ̃ na Mawu kple havi afia ale be wòadzro dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo dometɔ ɖekae nye be míawɔ míaƒe ŋugbedodowo dzi.—Mateo 22:36-39; Romatɔwo 15:2.
Le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 1998 subɔsubɔƒea me la, wozã gaƒoƒo si wu biliɔn ɖeka tsɔ ɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui lae. (Mateo 24:14) Nenye be ɖe míewɔna ɖe ŋugbe siwo míedo le dɔwɔnyawo kple nya bubuwo me dzi o la, anye ne ame aɖewo maɖo to gbeƒãɖeɖe sia o. Esi Mawu nyateƒetɔ teƒee míele ta la, edze be amewo nakpɔ mɔ be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me. Ne míenye amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo eye míeɖia anukware la, “[míeɖoa] atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.”—Tito 2:10.
Le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míawɔ ɖe míaƒe ŋugbedodowo dzi ne míetrɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu gbɔ. Ne míegblɔ be míagatrɔ ava la, ele be míawɔ ɖe edzi. Ne míedo ŋugbe be míatrɔ ayi eye míetrɔ yi la, ‘míele eɖem fia be míele nu nyui tem hĩatɔwo o.’ (Lododowo 3:27) Nɔvinyɔnu aɖe ɖe nya sia me ale: “Zi geɖe la, medo go ɖetsɔlemetɔ aɖewo siwo gblɔ be Ðasefo aɖe do ŋugbe be yeagatrɔ ava gake metrɔ va o. Le nyateƒe me la, menya be ɖewohĩ aƒemenɔlawo manya nɔ aƒea me o alo nɔnɔmeawo wɔe be womete ŋu trɔ yi o. Gake nyemedi be ame aɖeke nagblɔ nya sia tso ŋunye o, eyata mewɔa nusianu si mate ŋui be magake ɖe amea ŋu le aƒeme ake. Mexɔe se be ne meble ame aɖe la, maƒo nu nyui le Yehowa kple nɔviwo katã ŋu o.”
Le go aɖewo me la, magadzro mí be míatrɔ ayi o elabena míetso nya me be amea metsɔ ɖe le eme tututu o. Nɔvinyɔnu ma ke gblɔ be: “Nyemenɔa te ɖe alesi amea wɔ nui dzi tsoa nya me o. Nye ŋutɔ nye nuteƒekpɔkpɔ na menya be, zi geɖe la, menye nɔnɔme si amea ɖe fia gbã lae fiana amesi ƒomevi wònye o. Eyata medzea agbagba kpɔa mɔ na nu nyuiwo ko, hebua amesiame be enye amesi ate ŋu ava nye nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu.”
Le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa kple nɔnɔme bubu geɖe me la, ahiã be míaɖee afia be woate ŋu aka ɖe míaƒe nya dzi. Nyateƒee, nya aɖewo gbɔgblɔ le bɔbɔe wu wo dzi wɔwɔ. Nunyala la de dzesii be: “Ame geɖewo doa go amesi kɔa mo ɖe wo; ke amesi ŋu woaɖo dzi ɖo la, afika woakpɔe le?” (Lododowo 20:6) Ne míeɖoe kplikpaa la, míate ŋu anye nuteƒewɔlawo eye míawɔ ɖe míaƒe ŋugbedodowo dzi.
Yayra Gãwo Tso Mawu Gbɔ
Eɖoɖo koŋ ado ŋugbe ƒuƒluwo nye anukwaremaɖimaɖi eye woate ŋu atsɔe asɔ kple amesi si ga mele le gadzraɖoƒe o vɔ wòaŋlɔ gaxɔgbalẽvi be woaɖaxɔ ga le gadzraɖoƒe la ene. Gake teƒeɖoɖo kple yayra kawoe nye si míekpɔna le míaƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ ta! Yayra siwo míakpɔ ne míenye amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo la dometɔ ɖekae nye dzitsinya nyui si anɔ mía si. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 24:16.) Le esi teƒe be míaƒe dzitsinya nanɔ fu ɖem na mí la, míakpɔ dzidzɔ boŋ eye míaɖe dzi ɖi. Gawu la, ne míewɔ míaƒe ŋugbedodowo dzi la, míewɔnɛ be ɖekawɔwɔ, si kaka ɖe ame nɔewo dzi hena vɛ nɔa hamea me. Azɔ hã, míaƒe ‘nyateƒetoto’ ɖea mí fiana be míenye nyateƒe Mawu la ƒe subɔlawo.—Korintotɔwo II, 6:3, 4, 7.
Yehowa wɔna ɖe eƒe nya dzi, eye wòlé fu “aʋatsoɖe.” (Lododowo 6:16, 17) Ne míesrɔ̃ míaƒe Dziƒofofoa la, mía kplii dome anɔ kplikplikpli. Ekema susu nyuiwo tae wòle be míawɔ ɖe míaƒe ŋugbedodowo dzi vavã.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ nyati si nye “Midee Agbalẽ Me!” si dze le February 8, 1983, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe axa 13-15.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Yefta wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzi, togbɔ be edziwɔwɔ menɔ bɔbɔe o hã
[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]
Ne èdo ŋugbe be yeatrɔ ayi la, dzra ɖo nyuie nàyi