INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 10/15 axa 3
  • Alesi Míele Agbe Didi Nɔnɔ Dimee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míele Agbe Didi Nɔnɔ Dimee
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aʋa Si Amegbetɔwo Ho Ðe Ku Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ɣeyiɣi Didi Kae Ame Ate Ŋu Anɔ Agbe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ale Si Wole Agbe Didi Dimee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Ehiã Be Woaɖe Mí!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 10/15 axa 3

Alesi Míele Agbe Didi Nɔnɔ Dimee

“Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.”—Hiob 14:1, 2.

EGBEA gɔ̃ hã la, amesiame kloe alɔ̃ ɖe nya sia si wogblɔ tso alesi agbe le kpuie ŋu la dzi, togbɔ be ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi esime woŋlɔe hã. Zi geɖe la, medzɔa dzi na amewo be woanɔ ɖekakpui alo ɖetugbi me ɣeyiɣi kpui aɖe ko aku amegã ahaku o. Eyata mɔ siwo dzi woato adidi agbenɔƒe ɖe edzi va bɔ ɖe ŋutinya katã me.

Le Hiob ŋɔli la, Egiptetɔwo ɖua lãwo ƒe vowo kple susu be yewoagaɖo ɖekakpui alo ɖetugbi me ake, gake wodo kpo nu. Titinaɣeyiɣi me atikewɔlawo ƒe taɖodzinu veviwo dometɔ ɖekae nye be yewoawɔ atike aɖe si ana woanɔ agbe didi. Agbediditikedila geɖewo xɔe se be sika ate ŋu ana yewoanɔ makumakugbe eye be nuɖuɖu le sikagbawo me didia agbenɔƒe ɖe edzi. Blema China Taotɔwo susui be yewoate ŋu atrɔ asi le ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ ŋu to nanewo abe ŋugbledede, ŋɔtimegbɔgbɔ tsɔtsɔ de ka mee, kple nuɖuɖu ene me ale be yewoanɔ makumakugbe.

Spaintɔ Juan Ponce de León, si nye anyigbayeyedila xɔ ŋkɔ le ɖekakpuimenɔnɔ ƒe dzɔƒe didi madzudzɔmadzudzɔe ta. Ƒe alafa 18 lia me atikewɔla aɖe kafui le eƒe agbalẽ si nye Hermippus Redivivus me be woade ɖetugbivi nɔaƒewo xɔ sue aɖe me le woƒe ɖetugbimenɔɣi eye woalé woƒe gbɔgbɔ ade atukpawo me be woatsɔ awɔ agbe didi nɔnɔ ƒe atikee. Abe alesi nàkpɔe xoxo ene la, mɔnu siawo dometɔ aɖeke mewɔ dɔ o.

Egbea, esi Mose ŋlɔ Hiob ƒe nyaawo anɔ ƒe 3,500 megbe la, amegbetɔwo de dzinu dzi, wowɔ ʋuwo kple kɔmpiutawo, eye woku nu me le atɔm kple lãmenugbagbeviwo ŋu. Gake togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi siawo katã le mɔ̃ɖaŋununya me hã la, míaƒe “agbe [kpɔtɔ] le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” Enye nyateƒe be le dukɔ deŋgɔwo me la, amewo ƒe agbenɔƒe dzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe alafa si va yi me. Gake ŋgɔyiyi si wowɔ le lãmesẽtakpɔkpɔ me, ɖoɖo siwo wowɔ ɖe dzadzɛnyenye ŋu siwo nyo wu, kple nunyuiɖuɖu gbɔe esia tso koŋ. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe alafa 19 ƒe domedome va ɖo 1990 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, amewo ƒe agbenɔƒe le Sweden dzi ɖe edzi tso ƒe 40 va ɖo 75 le ŋutsuwo gome, eye nyɔnuwo tɔ dzi ɖe edzi tso ƒe 44 va ɖo 80. Gake ɖe esia fia be amegbetɔ kpɔ ta na eƒe didi be yeanɔ agbe didi la?

Ao, elabena togbɔ be amewo tsina kua amegã hafi kuna le dukɔ aɖewo me hã la, nya siwo Mose ŋlɔ ƒe geɖe enye si va yi la gale dɔ wɔm kokoko be: “Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, . . . elabena wova yi kabakaba, eye míedzo.” (Psalmo 90:10) Ðe nɔnɔmea ava trɔ le etsɔ si gbɔna kpuie mea? Ðe amegbetɔ ate ŋu anɔ agbe wòadidi sãa wu esia? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe