Aleke Agbe si Didi Wu Nɔnɔ la Minyãminyã Akpɔ Dzidzedzee?
AME aɖewo le mɔ kpɔm be amegbetɔ awɔ ŋgɔyiyi gã aɖe le agbagba si dzem wole be yewoana agbenɔƒewo nadidi ɖe edzi me le ƒe akpe yeyea me. Ðk. Ronald Klatz nye amesiawo dometɔ ɖeka. Eyae nye Amerika Amegãkukunutsitike Ŋuti Nusrɔ̃ƒe, si nye atikewɔlawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe habɔbɔ, si ƒe dɔ enye be yeana amegbetɔ ƒe agbenɔƒe nadidi ɖe edzi la, ƒe tatɔ. Wo kple eƒe dɔwɔhatiwo ɖoe be yewoanɔ agbe wòadidi ŋutɔ. Ðk. Klatz gblɔ be: “Mele mɔ kpɔm be manɔ agbe wòade ƒe 130 ya teti. Míexɔe se be amegãkuku menye nusi nu womate ŋu atsi o. Mɔ̃ɖaŋununya li fifia si woate ŋu atsɔ aɖe ŋutilã ƒe gbegblẽ kple dɔléle si woyɔna fifia be dzɔdzɔmemegãkuku la dzi akpɔtɔ, atɔ tee, alo agbugbɔe va megbemegbee gɔ̃ hã wòaɖe dzesi.” Ðk. Klatz ŋutɔ mia atikekui 60 gbesiagbe tsɔ le agbe si didi wu nɔnɔ minyãmee.
Lãmetsiŋusẽtikewɔwɔ Kple Agbedomenyiŋusẽ—Ðe Wonaa Mɔkpɔkpɔ Mía?
Lãmetsiŋusẽtikewɔwɔ nye atikewɔmɔnu si na mɔkpɔkpɔ amewo. Esi wozã lãmetsiŋusẽ si woyɔna be DHEA na lãwo le nudokpɔƒe la, edze abe ɖe woƒe tsitsi dzi ɖe kpɔtɔ ene.
Swedengbe me nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Aftonbladet yɔ nya si Ðk. Suresh Rattan si nye nufialagã le Aarhus Yunivɛsiti, Denmark, gblɔ le kinetin si nye tsi si wokpɔna le numiemiewo me ŋu be: “Dodokpɔ si míewɔ le míaƒe nudokpɔƒe ɖee fia be amegbetɔ ƒe ŋutigbalẽ me nugbagbevi siwo wode kinetin me ƒe nɔnɔme metrɔna abe alesi wònɔna ne wole tsitsim o. Tsitsi medze le wo ŋu o le woƒe agbenɔɣi katã.” Wogblɔ be nudzodzoe siwo wozã tsi sia na ƒe agbenɔɣi dzi ɖe edzi alafa memama 30 vaseɖe 45.
Wogblɔ be lãmetsi si nye melatonin zazã na afiwo wɔe be woƒe agbenɔɣi didi ɖe edzi alafa memama 25. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tsitsi megava dze le afiawo ŋu o, woƒe lãme sẽ wu, eye wowɔa nu kple ŋusẽ wu.
Amesiwo ka ɖe lãmetsi si na amegbetɔ tsina (hGH) dzi gblɔ be enaa ame ƒe ŋutigbalẽ me nya kpɔna, edzia lãmekawo ƒe titrime ɖe edzi, enaa gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme nu sẽna ɖe edzi, wote ŋu kpɔa dzidzɔ wu, susua ɖana wu, eye lãmenuwo wɔa dɔ abe ƒewuivi tɔ ene.
Ame geɖe hã da woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe agbedomenyiŋusẽ dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be woate ŋu atrɔ asi le domenyiŋusẽ me nugbagbeviwo ŋu atsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe ɣeyiɣi ƒe didime si vɔklui tsɔ nɔa agbee dzi. Le nyateƒe me la, wote ŋu na wo dometɔ aɖewo nɔ agbe wòdidi ɖo woƒe agbenɔɣi teƒe ade. Esia na wole mɔ kpɔm vevie be woake ɖe domenyiŋusẽ me nugbagbevi mawo tɔgbe ŋu le amegbetɔwo me atrɔ asi le wo ŋu. Time magazine yɔ nya si Ðk. Siegfried Hekimi si le McGill Yunivɛsiti le Montreal gblɔ la be: “Ne míete ŋu ke ɖe domenyiŋusẽ me nugbagbevi siwo katã kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe didime dzi ŋu la, ɖewohĩ míate ŋu ahe woƒe dɔwɔwɔ ɖe megbe vie, ale be míana agbenɔƒewo nadidi ɖe edzi.”
Nugbagbeŋutinunyalawo nya xoxoxo be ŋutinumadedefianu ƒe nuwuƒe, si woyɔna be ŋutinumadedefianuseƒe la, ƒe didime dzi ɖena kpɔtɔ le ɣeyiɣi ɖesiaɖe si lãmenugbagbevia agadzi me. Ne ŋutinumadedefianua ƒe didime dzi ɖe kpɔtɔ abe alafa memama 20 ene la, lãmenugbagbevia magate ŋu adzi o eye wòaku. Nunyiame tɔxɛ aɖe si woyɔna be telomerase ate ŋu ana ŋutinumadedefianuseƒea ƒe didime nagava nɔ blibo, si awɔe be lãmenugbagbeviawo nagayi edzi anɔ wo ɖokui mam. Wozi nunyiame sia dzi le lãmenugbagbevi akpa gãtɔ me alo womewɔa dɔ kura o, gake wote ŋu de telomerase si me agbe le la lãmenugbagbeviawo dometɔ aɖewo me, si na be wote ŋu tsi hema wo ɖokui wòsɔ gbɔ wu xexlẽme si me womaa wo ɖokui ɖo tsã.
Numekulawo gblɔ be esia na mɔkpɔkpɔ geɖe li be woate ŋu ava da dɔléle siwo amegãkuku hena vɛ. Ke ne wotsɔ lãmenugbagbevi siwo me wode telomerase si ana be “womagate ŋu aku o” la ɖɔ li ametia me nugbagbeviwo (lãmenugbagbevi siwo ɖɔa li ametia me lãmekawo) ya ɖe? Ðk. William A. Haseltine gblɔ be: “Esia nye amegbetɔ ƒe makumakunyenye ŋuti nukpɔsusu si me kɔ nyuie si ŋu míawɔ dɔ tsoe vivivi le ƒe 50 siwo gbɔna me.”—The New York Times.
Ðe Nusuetɔŋutinunya Kple Ame Kuku Dede Nufamɔ̃ me Akpɔ Kuxia Gbɔa?
Nusuetɔŋutinunya, si nye dzɔdzɔmeŋutinunya si me wowɔa nusiwo ƒe didime nye (meta ɖeka si woma ɖe biliɔn ɖeka me) ŋudɔ le la, hã nye nusi dzi woda mɔkpɔkpɔ ɖo. Amesiwo ka ɖe dɔ sia wɔwɔ dzi vevie la gblɔ be woate ŋu ava wɔ kɔmpiutamɔ̃ siwo anɔ sue wu lãmenugbagbeviwo sã la ŋudɔ le etsɔme be wòawɔ dɔ abe lãmenu suewo ene ahadzra lãmenugbagbeviwo, lãmekawo, kple lãmenu siwo le tsitsim ɖo ahana agbe nagaɖo wo me. Le takpekpe aɖe si wowɔ le amegãkukunutsitsi ŋu me la, numekula aɖe doe ɖa be ate ŋu adzɔ be ƒe alafa 21 lia me atikenyalawo nate ŋu awɔ nusuetɔŋutinunya ŋudɔ si ana be amegbetɔ ƒe ŋutilã nagaku o.
Wodea ame kukuwo nufamɔ̃ me hekpɔa mɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya ana woana agbe nagaɖo lãmenugbagbevi kukuawo me, ale be woagbɔ agbe ameawo. Wote ŋu dea ameti bliboa loo alo ahɔhɔ̃a ɖeɖeko nufamɔ̃ me. Ŋutsu aɖe na gɔ̃ hã be wode abadzivɔ nufamɔ̃ me. Nukata wònye abadzivɔ? Enye exɔlɔ̃ aɖe si bu la tɔ eye xɔ̃a ƒe ŋutigbalẽmenugbagbevi aɖewo kple taɖa ʋɛ aɖewo nɔ eme. Edi be woade wo nufamɔ̃ me ale be mɔnukpɔkpɔ nasu xɔ̃a si be wòagate ŋu agbɔ agbe ne dzɔdzɔmeŋutinunya yi ŋgɔ va ɖo afisi woate ŋu azã lãmenugbagbevi ʋɛ aɖewo alo ɖeka ko agbugbɔ amewo awɔ.
Nuka Ŋue Wòle Be Míaɖo Ŋu Ðo?
Amegbetɔ ƒe dzɔdzɔmedidie nye be yeanɔ agbe, ke menye be yeaku o. Eyata amewo kafua dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋgɔyiyi ŋutɔ le go sia me eye wòna wokpɔa mɔ vevie. Gake vaseɖe fifia la, kpeɖodzi gobi aɖeke meli be DHEA, kinetin, melatonin, hGH, alo nu bubu aɖe ate ŋu ahe amegãkuku ɖe megbe le amegbetɔ me o. Amesiwo kea ɖi le nya siawo ŋu gblɔ be nusi telomerase dede lãmenugbagbeviwo me ate ŋu awɔ koe nye be wòadzi lãmenugbagbevi siwo me kansa ate ŋu anɔ. Eye nusuetɔŋutinunya ŋudɔwɔwɔ kple ame kuku dede nufamɔ̃ me ƒe mɔnua ganye dzɔdzɔmeŋutinunya me nususukpɔ si womete ŋu wɔ ŋutɔŋutɔ haɖe o.
Dzɔdzɔmeŋutinunya na ame aɖewo ƒe agbenɔƒe didi wu le lãmesẽ me, eye ɖewohĩ agana ame aɖewo tɔ nadidi, gake mate ŋu ana agbe mavɔ ame aɖeke akpɔ o. Nukatae mate ŋui o? Kpuie ko la, eyae nye be nusita míekua amegã hekuna la yi ŋgɔ boo wu nusi amegbetɔ ƒe nunyanya tso dzɔdzɔme ŋu ate ŋu awɔ.
Nusi Gbɔ Koŋ Amegãkuku Kple Ku Tso
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be ewɔ abe ɖe wode amegãkuku kple ku míaƒe domenyiŋusẽ me nugbagbeviwo me ene. Biabia lae nye be: Ɣekaɣie woge ɖe míaƒe domenyiŋusẽfianu me, aleke wòge ɖe eme, eye nukatae?
Biblia ɖo eŋu na mí eme kɔ—togbɔ be menye agbedomenyinyi alo domenyiŋusẽfianu ŋue wòƒo nu tsoe o hã. Romatɔwo 5:12 xlẽ be: “Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”
Mɔnukpɔkpɔ nɔ ame gbãtɔ Adam si be wòanɔ agbe tegbee hafi. Nusiwo hiã hafi woanɔ agbe mavɔ ase vivi nɛ ye wotsɔ wɔ eƒe ametiae. Gake eƒe agbe mavɔ nɔnɔ nɔ te ɖe nane dzi. Ele be Adam nawɔ nu aduadu kple Agbedzɔtsoƒe, Amesi wɔe, eye wòaɖo toe ale be wòayi edzi anɔ agbe.—Mose I, 1:31; 2:15-17.
Adam tiae be yemaɖo to Wɔla la o. Adam to esia me nɔ gbɔgblɔm be ade amegbetɔ dzi wu ne wòɖu eɖokui dzi Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Eyata ewɔ nuvɔ̃. Tso ɣemaɣi la, enɔ abe ɖe wova trɔ eƒe domenyiŋusẽfianu ene. Le esi teƒe be Adam natsɔ agbe mavɔ nɔnɔ ƒe domenyinu ana eƒe dzidzimeviwo la, nuvɔ̃ kple ku boŋue wòtsɔ na wo.—Mose I, 3:6, 19; Romatɔwo 6:23.
Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ
Gake nɔnɔme ma manɔ anyi ɖaa o. Romatɔwo 8:20 gblɔ be: “Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ.” Amegbetɔ Wɔla, Yehowa Mawu, bɔbɔ amegbetɔwo ɖe ku te elabena wowɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, gake esime wònɔ esia wɔm la, ewɔ ɖoɖo si ana mɔkpɔkpɔ nanɔ wo si.
Ðoɖo sia dze nyuie esime Yesu Kristo va anyigba dzi. Yohanes 3:16 gblɔ be: “Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Gake aleke Yesu Kristo dzixɔxɔse ate ŋu axɔ mí tso ku si mee?
Ne nuvɔ̃e he ku vɛ la, ke ele be woaɖe nuvɔ̃ ɖa hafi woate ŋu aɖe ku ɖa. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi esi wòzu Kristo la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!” (Yohanes 1:29) Nuvɔ̃ aɖeke kura menɔ Yesu Kristo ŋu o. Eyata womebɔbɔe ɖe ku si nye nuvɔ̃ ƒe fetu la te o. Gake eɖe mɔ ame bubuwo wui. Nukata? Elabena eto ema wɔwɔ me xe fe ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta.—Mateo 20:28; Petro I, 3:18.
Esi woxe fe ma ta la, agbenɔnɔ tegbee ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na amesiwo katã axɔ Yesu dzi ase. Ðewohĩ dzɔdzɔmeŋutinunya ana míaƒe agbenɔƒe nadidi ɖe edzi vie ya, gake Yesu dzixɔxɔse ye nye agbe mavɔ mɔ la ŋutɔŋutɔ. Agbe sia tɔgbe nɔnɔ su Yesu si le dziƒo, eye asu eƒe apostolo nuteƒewɔlawo kple ame bubu aɖewo hã si. Ke le mí ame akpa gãtɔ siwo xɔ Yesu dzi se gome la, míanɔ agbe mavɔ le anyigba dzi, esime Yehowa Mawu atrɔ anyigba la wòagazu Paradiso.—Yesaya 25:8; Korintotɔwo I, 15:48, 49; Korintotɔwo II, 5:1.
Agbe Mavɔ Nɔnɔ le Paradisonyigba Dzi
Ŋutsu aɖe bia be: “Ame nenie agbenɔnɔ adzɔ dzi na ne wova kpɔe be yewomagaku o?” Ðe agbenɔnɔ ati ame ne ku megali oa? Biblia ka ɖe edzi na mí be mati ame o. “Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.” (Nyagblɔla 3:11) Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔwo sɔ gbɔ eye wo gɔmesese goglo ale gbegbe be woana didi nanɔ mía me ɖaa, woaʋã mí, eye woana míakpɔ dzidzɔ zi alesi míekpɔtɔ le agbe—ne míele agbe tegbee gɔ̃ hã.
Ŋutsu aɖe si srɔ̃ nu le xevi si woyɔna be Siberian Jay ŋu gblɔ be enye “nusɔsrɔ̃ ɖedzesi dodzidzɔname aɖe,” eye egblɔ be ŋkuléle ɖe xevia ŋue nye nusiwo do dzidzɔ na ye wu le agbe me la dometɔ ɖeka. Zi alesi wòsrɔ̃ nu tso xevia ŋui la, zi nenemae wòdoa dzidzɔ nɛ. Egblɔ be ƒe 18 enye sia si yele nu srɔ̃m tso eŋu, gake yemesrɔ̃e vɔ kura haɖe o. Ne xevi ƒomevi ɖeka ate ŋu ade didi vevie ŋutsu agbalẽnyala me, wòaʋãe, eye wòana wòakpɔ dzidzɔ le ƒe 18 ƒe nusɔsrɔ̃ deto me la, ke bu dzidzɔ kple dzidzeme si míakpɔ le nusɔsrɔ̃ tso anyigba dzi nuwɔwɔwo katã ŋu me kpɔ.
Kpɔ dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe akpa siwo katã ŋu amesi si ɣeyiɣi geɖe le ate ŋu asrɔ̃ nu tsoe le susu me ɖa. Bu teƒe dodzidzɔname siwo katã woate ŋu ayi kple amesiwo katã woado goe le afima ŋu kpɔ. Te kpɔ nàbu mɔnukpɔkpɔ gbogbo siwo anɔ anyi be míasusu nuwo ŋu, míato nanewo wɔwɔ vɛ, eye míatrɔ asi le nuwo ŋu la ŋuti kpɔ. Mɔnukpɔkpɔ asu mía si ɣesiaɣi be míatu nutovɛ ƒe ŋutetewo ɖo ahazã wo. Ne míebu nuwɔwɔ gbogbo siwo li ŋu la, edzena ƒã be agbe mavɔ nɔnɔ koe nye ɣeyiɣi ƒe didime si sɔ míatsɔ awɔ agbememɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ.
Biblia ɖee fia be woato tsitretsitsi dzi ana mɔnukpɔkpɔ amesiwo ku hã be woava nɔ agbe tegbee. (Yohanes 5:28, 29) Ŋutinya me nya ɣaɣla geɖe me ava kɔ na mí ne amesiwo dzi wòdzɔ ɖo te ŋu gblɔ alesi wodzɔe heɖo míaƒe biabiawo ŋu na mí. Bu alesi gbegbe amesiwo woafɔ ɖe tsitre la ana ŋutinyameɣeyiɣi vovovowo me nudzɔdzɔwo me nakɔ na míi ŋu kpɔ.—Dɔwɔwɔwo 24:15.
Ne èle ɣeyiɣi ma ŋu bum la, àte ŋu akpɔe be Hiob si woafɔ ɖe tsitre la adi be yeatrɔ asi le nya si dze le Hiob 14:1 la ŋu vie. Ðewohĩ agblɔ boŋ be: ‘Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzi, fifia la enɔa agbe tegbee, eye dzidzeme yɔe fũ.’
Le amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woxɔa Yesu dzi sena gome la, agbe didi si seɖoƒe meli na o nɔnɔ menye drɔ̃e dzro aɖe si mate ŋu ava eme o. Eteƒe madidi o ava eme ŋutɔŋutɔ. Amegãkuku kple ku maganɔ anyi o. Esia wɔ ɖeka kple Psalmo 68:21, si gblɔ be: “Yehowa, Aƒetɔ la, nya mɔnu le ku ŋu.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]
Dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋgɔyiyi na amewo le mɔ kpɔm na alesi wòanya wɔe be yewoanɔ agbe wòadidi wu
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Agbe mavɔ nɔnɔ koe nye ɣeyiɣi ƒe didime si sɔ míatsɔ awɔ agbememɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ