Lɔlɔ̃ Ðeɖefia si Ƒo Ðesiaɖe Ta Sɔsrɔ̃
Kosovo, Bosnia, Lebanon, kple Ireland. Ŋkɔ siawo ɖina le nyadzɔdzɔwo me zi geɖe le ƒe siawo me. Wonaa amewo ƒe susu yia ʋukɔkɔɖi, bɔmbdada, kple amewuwu dzi. Ele eme be aʋa dziŋɔ siwo mawusubɔsubɔ, ameƒomevinyenye, towo, alo nu bubu aɖewo me vovototowo he vɛ la menye nu yeye o. Le nyateƒe me la, wobɔ ɖe ŋutinya me fũ, eye wona ameƒomea le fu kpem ale gbegbe.
ESI ame geɖewo kpɔe be aʋa dzɔ le ŋutinya katã me ta la, woƒo nya ta be womate ŋu atsi aʋawɔwɔ nu o, eye be dzɔdzɔmenu wònye na amegbetɔwo be woalé fu wo nɔewo. Gake nukpɔsusu siawo katã tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe nufiafiawo ŋu. Ŋɔŋlɔawo gblɔ eme kɔ nyuie be: “Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Edze ƒã be Wɔla la di be amegbetɔwo nalɔ̃ wo nɔewo.
Biblia gaɖee fia be Mawu ƒe nɔnɔme mee wowɔ ame ɖo. (Mose I, 1:26, 27) Esia fia be ŋutete le amegbetɔ ŋu be wòaɖe Mawu ƒe nɔnɔme siwo ƒe vevitɔ kekeake enye lɔlɔ̃ la afia. Ne aleae nyaa le ɖe, nukatae le ŋutinya katã me la, amegbetɔwo do kpo nu nublanuitɔe le lɔlɔ̃ ɖeɖefia wo nɔewo me? Biblia gana esia hã me kɔ. Nusitae nye be ame eve gbãtɔa, Adam kple Xawa, dze aglã ɖe Mawu ŋu hedze nuvɔ̃ me. Le esia ta la, woƒe dzidzimeviwo katã nyi nuvɔ̃ kple blibomademade ƒe dome. Romatɔwo 3:23 ɖe eme be: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” Nuvɔ̃ kple blibomademade gblẽ nu le amelɔlɔ̃ ŋutete si Mawu na mí ŋu. Ðe esia fia be amegbetɔwo magate ŋu alɔ̃ wo nɔewo azɔ oa? Mɔkpɔkpɔ kae li be míava nɔ anyi kple mía havi amegbetɔwo le ŋutifafa kple lɔlɔ̃ me gbaɖegbe?
Ele Be Míasrɔ̃ Alesi Míalɔ̃ Mawui
Yehowa Mawu nyae be togbɔ be nyawo le alea hã la, amegbetɔwo agate ŋu alɔ̃ wo nɔewo kokoko. Esia tae wòbia tso amesiwo katã di be yewoadze eŋu si be woalɔ̃ wo nɔewo alesi woate ŋui. Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, na nudidi sia me kɔ esi wobia tso esi be wòatɔ asi Se vevitɔ kekeake le se siwo wotsɔ na Israel-viwo dome la dzi. Egblɔ be: “ ‘Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia nye se gbãtɔ si le vevie.” Eye wògblɔ kpee be: “Evelia, si ɖii la, enye bena: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.”—Mateo 22:37-40.
Gake ame geɖewo susui be enye nu sesẽ ŋutɔ be woalɔ̃ ame aɖe si womate ŋu akpɔ o, eye mí amegbetɔwo míate ŋu akpɔ Yehowa Mawu o, elabena Gbɔgbɔ wònye. (Yohanes 4:24) Ke hã esi mí katã míele agbe ɖe nu nyui siwo katã Mawu wɔ be wòaɖe vi na mí nu ta la, nusiwo wòwɔna kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi gbesiagbe. Apostolo Paulo na nya sia me kɔ esi wògblɔ be: “[Mawu] medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wòtsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”—Dɔwɔwɔwo 14:17.
Togbɔ be Wɔla la ƒe nunanawo ɖea vi na amesiame le mɔ aɖe nu godoo hã la, ame ʋɛ ŋutɔ aɖewo koe ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fianɛ alo senɛ le wo ɖokui me be yewoada akpe nɛ. Eyata ele be míagbugbɔ ŋku alé ɖe nu nyui siwo katã Mawu wɔ na mí ŋu ahade ŋugble le eƒe nɔnɔme wɔnuku siwo dze le nusiwo katã wòwɔna me ŋu. Ele be ewɔwɔ nenema nana míakpɔ mía Wɔla Gã la ƒe nunya kple ŋusẽ triakɔ la adze sii. (Yesaya 45:18) Ƒo wo katã ta la, ele be wòana míanya alesi gbegbe wònye lɔlɔ̃ ƒe Mawui, elabena menye ɖeko wòna míele agbe o, ke boŋ ena wòle bɔbɔe na mí hã be míase vivi na agbe bliboe.
Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le seƒoƒo dzeani vovovo siwo Mawu wɔ ɖe anyigba dzi la ŋu kpɔ. Aleke gbegbe wòwɔ nukue nye si be ena ŋutete hã mí be míate ŋu akpɔ nu dzeani siawo eye dzi nadzɔ mí ale gbegbe ɖe wo ŋu! Nenema ke Mawu na nuɖuɖu dami hamehame siwo alé mí ɖe te la mí. Aleke gbegbe wògabu mía ŋue nye si be wòwɔ mí be míate ŋu ase nu ƒe vivi ale be míate ŋu anya vivisese si le nuɖuɖu me! Ðe esiawo menye kpeɖodzi sẽŋu be Mawu lɔ̃ mí vavã eye nusi anyo na mí koe le susu me nɛ oa?—Psalmo 145:16, 17; Yesaya 42:5, 8.
Tsɔ kpe ɖe “dzɔdzɔmegbalẽ” si dzi Wɔla la tona ɖea eɖokui fiana mí ŋu la, etoa eƒe Nya, Biblia la hã dzi na míenyaa Mawu si ƒomevi wònye. Esia le alea elabena woŋlɔ alesi Yehowa Mawu ɖe lɔlɔ̃ fia amewoe le blema kple yayra gbogbo siwo ƒe ŋugbe wòdo be yeadudu ɖe ameƒomea dzi le etsɔ si gbɔna kpuie me la ɖe Biblia me. (Mose I, 22:17, 18; Mose II, 3:17; Psalmo 72:6-16; Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Ƒo wo katã ta la, Biblia na míenya lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Mawu ɖe fia ameƒomea—esi wòtsɔ eƒe Tenuvi na be wòanye mía Ðela, ale be míate ŋu avo tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. (Romatɔwo 5:8) Vavãe, zi alesi míesrɔ̃a nu tso mía Wɔla lɔ̃ame la ŋui la, zi nenemae míesenɛ le mía ɖokui me be míelɔ̃e tso dzime.
Lɔlɔ̃ Ðeɖefia Mía Haviwo Sɔsrɔ̃
Abe alesi Yesu ɖee fiae ene la, hekpe ɖe alesi míalɔ̃ Mawu kple míaƒe dzi, luʋɔ, kple tamesusu blibo ŋu la, ele be míalɔ̃ mía havi abe mía ɖokui ene. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ na Mawu zii ɖe mía dzi be míalɔ̃ mía havi amegbetɔwo. Apostolo Yohanes ɖe eme be: “Lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, míalɔ̃ mía nɔewo.” Eyi edzi te gbe ɖe edzi be: “Ne ame aɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃a nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã? Eye míexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.”—Yohanes I, 4:11, 20, 21.
Egbea la, míele xexe aɖe si me ame akpa gãtɔ ɖea ɖokuitɔdidi fiana, eye abe alesi Biblia gblɔe ɖii ene la, wonye “ɖokuilɔ̃lawo.” (Timoteo II, 3:2) Eyata ne míedi be míasrɔ̃ lɔlɔ̃ ɖeɖefia si ƒo ɖesiaɖe ta la, ele be míadze agbagba vevie atrɔ míaƒe tamesusuwo eye míasrɔ̃ mía Wɔla lɔ̃ame la ƒe kpɔɖeŋu tsɔ wu be míasrɔ̃ amewo ƒe ɖokuitɔdidi nuwɔnawo. (Romatɔwo 12:2; Efesotɔwo 5:1) Mawu ƒe dɔme nyo gɔ̃ hã na “ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo,” eye wònaa “eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” Esi míaƒe Dziƒofofoa ɖo kpɔɖeŋu kɔkɔ sia ɖi na mí ta la, ele be míadze agbagba anyo dɔme akpe ɖe amesiame ŋu. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aɖee afia be míenye ‘míaƒe Dziƒofofo lɔ̃ame la ƒe viwo.’—Luka 6:35; Mateo 5:45.
Ɣeaɖewoɣi la, nuwɔwɔ na amewo lɔlɔ̃tɔe alea wɔnɛ be míete ŋu kpena ɖe wo ŋu wova zua nyateƒe Mawu la subɔlawo. Ƒe aɖewoe nye si va yi la, srɔ̃nyɔnu aɖe si nye Yehowa Ðasefo dze agbagba be yeagblɔ Biblia me gbedasia na yeƒe aƒelika gake egbe kura be yemasee o. Gake eƒe nuwɔna sia meɖe dzi le eƒo o. Ke boŋ eyi edzi kɔ dɔme ɖe eƒe aƒelika la ŋu eye wòdzea agbagba naa kpekpeɖeŋui. Ɣeaɖeɣi la, ekpe ɖe eƒe aƒelikaa ŋu wòʋu yi aƒe bubu me. Ɣebubuɣi hã, ewɔ ɖoɖo be ame aɖe nakpe ɖe aƒelikaa ŋu wòayi aɖakpe eƒe ƒometɔwo le yameʋudzeƒe. Emegbe aƒelikaa va lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye eye togbɔ be srɔ̃ŋutsua tsi tre ɖe eŋu vevie hã la, eva zu Kristotɔ dovevienu mlɔeba. Ẽ, yayra mavɔwo do tso lɔlɔ̃ ɖeɖefia mawo me.
Ne míato nyateƒe la, míalɔ̃ ɖe edzi be menye be nɔnɔme nyuiwoe le mía si fũ tae Mawu lɔ̃ mí ɖo o. Gake togbɔ be vodadawo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mía ŋu fũ hã la, elɔ̃ mí. Esi wòle alea ta la, ele na míawo hã be míasrɔ̃ alesi míalɔ̃ mía havi amegbetɔwo togbɔ be vodada geɖe le wo ŋu hã. Ne míemlã mía ɖokui be míade ŋugble le nɔnɔme nyui siwo le ame bubuwo si ŋu ahakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu tsɔ wu be míanɔ vodada dim le wo ŋu la, anɔ bɔbɔe wu na mí be míalɔ̃ wo. Alesi míase le mía ɖokui me ɖe wo ŋu ate ŋu ade ŋgɔ wu lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi si me kuku ɖe ame ŋu lɔlɔ̃tɔe kple numalɔmalɔ̃ le ame gbɔ si nɔa xɔlɔ̃ kplikplikpliwo dome le la kura gɔ̃ hã.
Nana be Wò Lɔlɔ̃ Natsi
Ehiã be míanɔ asi trɔm le lɔlɔ̃ ŋu ahanɔ etum ɖo, eye nu vevi siwo míazã atsɔ awɔe dometɔ aɖewoe nye nuteƒewɔwɔ kple anukwareɖiɖi. Ame aɖewo dzea agbagba be yewoatsyɔ nu yewoƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ale be yewoadze ame nyuiwo le amesiwo wodi be woazu yewo xɔlɔ̃wo la gbɔ. Gake esia va gblẽa nu le woa ŋutɔwo ŋu boŋ elabena ameawo va nyaa nɔnɔme si tututu le wo si eye woƒe anukwaremaɖimaɖia naa wotena ɖe aga le wo ŋu. Eyata mele be alesi míana amewo nanya nɔnɔme si tututu le mía si la naɖi vɔvɔ̃ na mí o—togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mía ŋu siwo dzi míele agbagba dzem be míaɖu hã. Esia ana míate ŋu adze xɔ̃ wo.
Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si nye Ðasefo le Ɣedzeƒe Ʋĩ hame aɖe me la mede suku yi ŋgɔ o. Ke hã medzea agbagba be yeaɣla nya sia ɖe amewo o. Le kpɔɖeŋu me, elɔ̃ ɖe edzi faa be yemete ŋu nɔa te ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo kple ŋutinya dzi ɖenɛ fiana ame bubuwo alesi woawɔ anya be Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia va nuwuwu le ƒe 1914 me o.a Gake eɖoa kpɔɖeŋu nyui le subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe kple lɔlɔ̃ ɖeɖefia nɔviwo kpakple dɔmenyo wɔwɔ na wo me, si na woyɔnɛ lɔlɔ̃tɔe be hamea ƒe nu xɔasi.
Le dukɔ aɖewo me la, lɔlɔ̃ ɖeɖefia ame nɔewo le gaglãgbe menya kpɔna na ame bubuwo o; wofiaa amewo be woalé wo ɖokui nyuie ne wole nu wɔm kple ame bubuwo. Togbɔ be enyo be míaɖɔ ŋu ɖo ahabu ame bubuwo ŋu ɣesiaɣi hã la, mele be míaɖe mɔ mía ɖokui léle nyuie nawɔe be míagaɖe alesi míetsɔ ɖe le amewo mee afia wo o. Mekpe ŋu na Yehowa be wòagblɔ na blema Israel, si nye eƒe ame tiatiawo, be yelɔ̃ wo o, esi wògblɔ na wo be: “Metsɔ lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃ wò.” (Yeremya 31:3) Nenema ke apostolo Paulo gblɔ na haxɔsetɔwo le Tesalonika be: “Esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 2:8) Eyata ne míedze agbagba tu lɔlɔ̃ vavãtɔ ɖo na mía havi amegbetɔwo la, ele ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe nufiafiawo be míalɔ̃ faa aɖe seselelãme siawo afia tsɔ wu be míazi wo dzi.
Ebia be Míayi Edzi Adze Agbagba
Esese le ame ɖokui me be yelɔ̃ amewo kple eɖeɖefia wo nye nuwɔna si le be wòayi edzi ɣesiaɣi. Esia wɔwɔ bia be míadze agbagba vevie elabena ele be míaʋli vevie be miaɖu mía ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi eye be míatsi tre ɖe xexe sia si me lɔlɔ̃ mele o la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sesẽwo ŋu. Gake yayra mavɔ siwo dona tsoa eme wɔnɛ be míekpɔnɛ be agbagbadzedze alea ɖea vi vavã.—Mateo 24:12.
Le xexe madeblibo sia kura gɔ̃ hã me la, ƒomedodo nyui ate ŋu anɔ mía kple mía haviwo dome, si ana be dzidzɔ, ŋutifafa, kple dzidzeme geɖe nasu mía kple ame bubuwo si. Ne míedze agbagba alea la, míate ŋu aɖee afia be míedze na agbenɔnɔ tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la. Ƒo wo katã ta la, ne míesrɔ̃ lɔlɔ̃ ɖeɖefia si ƒo ɖesiaɖe ta la, míate ŋu adze mía Wɔla lɔ̃ame la ŋu eye míaxɔ eƒe yayra tso fifia yi mavɔmavɔ me!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Àkpɔ nyatakaka bubuwo le Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 132-5.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Woate ŋu ato dɔmenyo wɔwɔ me aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]
UN PHOTO 186226/M. Grafman