Nu Ðedzesi Aɖe Na Mawu Ƒe Nya La Lɔ̃lawo
Le ƒe 1998 me la, nu ɖedzesi aɖe dzɔ le amesiwo katã lɔ̃ Mawu ƒe Nya la ƒe ŋutinya me. Le ƒe ma me la, Biblia gɔmeɖeɖe si nye “New World Translation of the Holy Scriptures” ƒe tata susɔe si ana xexlẽme si wota naɖo miliɔn 100 la do le agbalẽa taƒe. Esia na wòva zu Biblia siwo woma wòɖo teƒe geɖe wu la dometɔ ɖeka si wota le ƒe alafa sia me!
NUDZƆDZƆ sia ɖe dzesi vavã le susu sia nu be esime woɖe Biblia gɔmeɖeɖe sia ɖe go la, woɖe ɖeklemii vevie. Gake menye ɖeko wòte ŋu nɔ te ko o ke ekpɔ dzidzedze hã, hele gegem ɖe aƒe—kple dzi miliɔn geɖe me—le xexeame katã! Aleke gɔmeɖeɖe tɔxɛ sia dze egɔmee? Amekae le megbe nɛ? Eye aleke ezazã aɖe vi na wòe?
Nukatae Gɔmeɖeɖe Yeye Hiã?
Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ enye sia si Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa, si nye habɔbɔ si zãm Yehowa Ðasefowo le le se nu la le Biblia mam. Ke nukatae Yehowa Ðasefowo kpɔe be ehiã be yewoata Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmeɖeɖe bubu? Agbalẽ si nye So Many Versions?, si Sakae Kubo kple Walter Specht ta gblɔ be: “Womate ŋu atsɔ Biblia gɔmeɖeɖe aɖeke be eyae nye gɔmeɖeɖe si yome ɖeke magava ɖo gbeɖe o. Ele be gɔmeɖeɖewo nayi edzi azɔ aduadu kple Biblia nyanya ƒe ŋgɔyiyi kple gbegbɔgblɔ ƒe tɔtrɔ.”
Wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le Hebri, Hela, kple Aram gbewo—siwo nye gbegbɔgblɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo gbã—la gɔme sese me le ƒe alafa sia me. Azɔ hã, wofɔ Biblia-gbalẽ siwo woŋlɔ kple asi, siwo tsi eye wo dzi nuŋɔŋlɔwo sɔ wu esiwo dzidzime siwo do ŋgɔ la ƒe Biblia gɔmeɖelawo zã. Esia ta woate ŋu aɖe Mawu ƒe Nya la gɔme wòasɔ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi! Ekema susu nyui aɖe tae woɖo Xexeme Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia be wòaɖe Biblia gɔme ɖe egbegbe gbegbɔgblɔwo me ɖo.
Le ƒe 1950 me la, wota New World Translation of the Christian Greek Scriptures ƒe Eŋlisigbe me tɔ. Ŋkɔ si wotsɔ nɛ ɖeɖe ŋutɔ hã nye kalẽ blibo wowɔ esi wometsɔ ŋkɔ si gbegɔmeɖela ɖesiaɖe zãna la o, eye wogbe Biblia la yɔyɔ be “Nubabla Yeye” kple “Nubabla Xoxo” atsɔ ade mama emee. Le ƒe ewo siwo kplɔe ɖo me la, wota Hebri Ŋɔŋlɔa ƒe akpa aɖe vivivi. Le ƒe 1961 me la, woɖe Biblia bliboa ɖe go le Eŋlisigbe me wònye babla ɖeka.
Amekawo koŋue ɖe Biblia ɖedzesi sia gɔme? September 15, 1950 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Ŋutsu siwo le gbegɔmeɖekɔmitia me ɖee fia be enye yewoƒe didi be . . . ame aɖeke naganya be yewoe ɖe egɔme o, eye vevietɔ yewomedi be yewoƒe ŋkɔ nadze le agbalẽ aɖeke me le yewoƒe agbenɔɣi alo le yewoƒe ku megbe o. Gɔmeɖeɖea ƒe taɖodzinue nye be wòado nyateƒe Mawu gbagbe la ƒe ŋkɔ ɖe dzi.” Ðikela aɖewo tsɔ nya ɖe eŋu be ele be woaɖo asi edzi elabena amesiwo ɖe egɔme la menya naneke tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu o, gake menye amewo katãe da asi ɖe nukpɔsusu gbegblẽ ma dzi o. Alan S. Duthie ŋlɔ bena: “Ne míenya amesiwo nye Biblia aɖe gɔmeɖelawo alo etalawo la, ɖe wòana míanya ne gɔmeɖeɖe ma nyo alo menyo oa? Mefia nenema kokoko o. Naneke meli míawɔ tsɔ wu be míalé ɖe nusi nye vovototo le gɔmeɖeɖeawo dometɔ ɖesiaɖe me la ŋu o.”a
Alesi Wòle Etɔxɛe
Agbalẽxlẽla miliɔn geɖe wɔ nenema tututu eye wova kpɔe be menye ɖeko New World Translation Biblia xexlẽ le bɔbɔe ko o, ke nusianu sɔ pɛpɛpɛ le eme hã. Egɔmeɖelawo ɖee tso Hebri, Aram, kple Hela gbewo me tẽ, eye wozã nuŋlɔɖi nyuitɔwo kekeake siwo nɔ anyi ɣemaɣi.b Azɔ hã wokpɔ egbɔ nyuie be yewozã nya siwo sɔ ɖe gbegbɔgblɔ gbãtɔa me nyawo nu pɛpɛpɛ tsɔ ɖe nyawo gɔme alesi yewoate ŋui, gake wòanɔ gbegbɔgblɔ si me anya se na amewo bɔbɔe me. Le esia ta la, agbalẽnyala aɖewo kafu gɔmeɖeɖe sia le eƒe nyonyo kple alesi emenyawo de pɛpɛpɛe la ta. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ si nye Andover Newton Quarterly, January 1963 tɔ, gblɔ be: “Nubabla Yeyea ƒe gɔmeɖeɖe nye kpeɖodzi be agbalẽnyala siwo dze akpɔ kuxi geɖe si le Biblia gɔmeɖeɖe me gbɔ ŋuɖɔɖotɔe la le egɔmeɖelawo dome.”
Gbegɔmeɖelaawo na alesi tututu wòle be woase Biblia mee la dze. Biblia kpukpui siwo me mekɔ nyuie tsã o me va kɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, woɖe mawunyakpukpui si ƒe gɔmesese ɖea fu, si dze le Mateo 5:3 be, “woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la,” gɔme wòkɔ wu be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me.” Alesi woɖe nya tɔxɛwo me le New World Translation Biblia me hã to mɔ ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, woɖe Helagbe me nya psy·kheʹ, gɔme be “luʋɔ” le afisiafi si wòdze le. Le esia ta la, exlẽlawo ate ŋu akpɔe adze sii enumake be to vovo na subɔsubɔhawo ƒe nufiafia la, luʋɔ menye nusi mekuna o!—Mateo 2:20; Marko 3:4; Luka 6:9; 17:33.
Wogbugbɔ Mawu ƒe Ŋkɔ Ðo Eteƒe
New World Translation Biblia ƒe akpa aɖe si ɖe dzesi la ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa, si wogbugbɔ ɖo eteƒe la ŋu. Le blema Hebrigbe me Bibliawo me la, wotsɔ xaxagbeɖiɖi ene siwo woate ŋu aŋlɔ be YHWH alo JHVH ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔe. Ŋkɔ tɔxɛ sia dze le Biblia ƒe akpa si yɔm wole be Nubabla Xoxoa ɖeɖe dzaa me zi gbɔ zi 7,000 kloe. (Mose II, 3:15; Psalmo 83:19) Eyata edze ƒã be ɖe mía Wɔla la di be yeƒe subɔlawo nanya ŋkɔ ma eye woazãe hã!
Gake aʋatsodzixɔse ƒe vɔvɔ̃ na be Yudatɔwo dzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã. Le Yesu ƒe apostolowo ƒe ku megbe la, Hela Ŋɔŋlɔa gbugbɔgaŋlɔlawo te Helagbe me nya siwo nye Kyʹri·os (Aƒetɔ) alo The·osʹ (Mawu) tsɔtsɔ ɖɔli Mawu ƒe ŋkɔe. Nublanuitɔe la, egbegbe gbegɔmeɖelawo lé nuwɔna sia si medea bubu Mawu ŋu o la me ɖe asi, le Mawu ƒe ŋkɔ ɖem le Biblia akpa gãtɔwo me, eye wole eɣlam gɔ̃ hã be ŋkɔ le Mawu si. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ƒe nya siwo dze le Yohanes 17:6 mee nye: “Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia.” Gake Today’s English Version ɖe egɔme be: “Mena wonya wò.”
Agbalẽnyala aɖewo da asi ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖeɖeɖa dzi le esi womenya alesi woyɔnɛ tututu o ta. Gake woɖea Biblia me ŋkɔ nyanyɛwo abe Yeremya, Yesaya, kple Yesu ene gɔme ɣesiaɣi wòdea alesi woyɔna wo le Hebrigbea ŋutɔ me la ɖi ge vie. Esi eyɔyɔ be Yehowa nye mɔ si dze si dzi woato aɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme—eye wònye esi ame geɖe nya—ta la, tsitretsitsi ɖe ezazã ŋu mesɔ le mɔ aɖeke nu o.
Xexeme Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia tsɔ dzideƒo zã ŋkɔ Yehowa le afisiwo wòdze le le Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔa siaa me. Wokpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu le gɔmeɖeɖe siwo mawunyadɔgbedeawo wɔ na amesiwo le Central America, South Pacific, kple Ɣedzeƒedukɔ me tɔwo me. Gake menye be woaŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖe agbalẽ me ta koe wozãe alea ɖo o. Mawu ƒe ŋkɔa nyanya le vevie hafi ame nanyae be enye ame ŋutɔŋutɔ. (Mose II, 34:6, 7) New World Translation Biblia de dzi ƒo na exlẽla miliɔn geɖe be woazã eƒe ŋkɔ la!
Alesi Wòaɖo Amesiwo Mexlẽa Eŋlisigbe O Gbɔ
Le ƒe 1963 kple 1989 ƒe domedome la, woɖe New World Translation Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖe gbegbɔgblɔ ewo bubuwo me. Gake gbegɔmeɖeɖedɔa menɔ bɔbɔe o, dɔ aɖewo wɔwɔ xɔ ƒe 20 alo wu nenema. Emegbe le ƒe 1989 me la, woɖo Gbegɔmeɖedɔwo Dzikpɔƒe le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã. Le Dziɖuha la ƒe Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmiti ƒe mɔfiafia te la, dɔwɔƒe sia kpɔa egbɔ be Biblia gɔmeɖeɖe natsɔ. Wotrɔ asi le gbegɔmeɖeɖe mɔnu aɖe si me woazã kɔmpiuta mɔ̃ɖaŋu aɖe atsɔ ade dzesi Biblia me nyawoe. Aleke dɔwɔɖoɖo sia wɔa dɔe?
Ne Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia nya da asi ɖe edzi be woaɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ yeye aɖe me ko la, etiaa Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be woanye ƒuƒoƒo si aɖe gbea gɔme. Gbegɔmeɖela siwo le ƒuƒoƒo me ƒe gɔmeɖeɖe me ate ŋu akɔ sã wu ame ɖeka aɖe tɔ si me wòɖe le eɖokui si. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 11:14.) Zi geɖe la, amesiame si le ƒuƒoƒoa me nyea amesi si nuteƒekpɔkpɔ su le Habɔbɔa ƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe me. Emegbe wonaa hehe ƒuƒoƒoa tso Biblia gɔmeɖeɖe mɔnuwo kple kɔmpiuta ƒe dɔwɔɖoɖo si ŋu wotrɔ asi le koŋ la zazã ŋu nyuie. Kɔmpiuta meɖea gbe gɔme le eɖokui si o, gake ate ŋu akpe ɖe ƒuƒoƒoa ŋu woake ɖe nyatakaka veviwo ŋu eye wòana woawɔ woƒe nyametsotsowo ŋuti nuŋlɔɖi ada ɖi.
Biblia gɔmeɖeɖedɔ ma ɖe akpa eve me. Le akpa gbãtɔ me la, wonaa nya kple nyagbɔgblɔ siwo wozã le Eŋlisigbe me New World Translation Biblia me gbegɔmeɖelaawo. Woƒoa Eŋlisigbe me nya siwo ɖi wo nɔewo abe “avuléle” “ame dome kpatákpata” kple “ame dome dzadzra ɖo” ene nu ƒu ɖekae, eye wonaa gbegɔmeɖelaa nyaa vovototo suesue siwo le wo dome. Wodia wo katã ƒe gɔmeɖeɖe le wo degbe me dana ɖi. Gake ɣeaɖewoɣi la, mawunyakpukpui aɖe gɔmeɖeɖe ate ŋu asesẽ na gbegɔmeɖela. Kɔmpiuta ƒe numekukuwɔwɔ mɔnu kpena ɖe gbegɔmeɖelaa ŋu wòkena ɖe nyatakaka siwo ku ɖe Hela kple Hebri gbe me nyagbɔgblɔwo ŋu la ŋuti eye wònaa wòkena ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo ŋu.
Ne gbegɔmeɖeɖedɔa ɖo eƒe akpa evelia la, mɔ̃a ŋutɔ tsɔa nya siwo gɔme woɖe ɖe wo degbe me da ɖi la dea kpukpui siwo me wodze le le Biblia me le eɖokui si. Esia wɔnɛ be gɔmeɖeɖea dena pɛpɛpɛ eye wòtoa mɔ ɖeka. Gake gɔmeɖeɖe si ado tso “nya tsɔtsɔ aɖo nya teƒe” sia si kɔmpiuta dɔwɔɖoɖoa wɔna me la menya xlẽna o. Ehiã be woagbugbɔ atrɔ asi le mawunyakpukpuiawo ŋu aɖo wo ɖe ɖoɖo nu ale be exexlẽ nazɔ tẽ.
Gbegɔmeɖeɖe mɔnu sia le dɔ wɔm nyuie ale gbegbe. Gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe te ŋu ɖe Hebri Ŋɔŋlɔa bliboa gɔme le ƒe eve ko me. Tsɔ esia sɔ kple ƒuƒoƒo aɖe si hã nɔ gbegbɔgblɔ ma tɔgbe gɔme ɖem kɔmpiuta ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee kpɔ. Ƒe 16 ye wotsɔ ɖe egɔmee. Egbea la, wota Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe gbegbɔgblɔ 18 bubu me tso ƒe 1989 me. Fifia la, New World Translation Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe le gbegbɔgblɔ 34 me. Eyata Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔa ya teti le Yehowa Ðasefo alafa memama si wu 80 si le wo degbe me.
Biblia Habɔbɔ Ƒuƒoƒowo ka nya ta be le gbegbɔgblɔ 6,500 siwo le xexeame dome la, 2,212 ko mee woɖe Biblia ƒe akpa aɖe gɔme ɖo.c Le esia ta la, gbegɔmeɖela siwo ade 100 le agbagba dzem be woaɖe New World Translation Biblia ƒe Hebri Ŋɔŋlɔa gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 11 me, eye Hela Ŋɔŋlɔa ɖe gbegbɔgblɔ 8 me. Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Ðikekemanɔmee la, New World Translation Biblia ayi edzi awɔ akpa vevi aɖe le esia wɔwɔ me.
Eyata enye dzidzɔ na mí be míeta Biblia gɔmeɖeɖe sia wògbɔ tata miliɔn 100 ƒe taɖodzinu ŋu, eye míele gbe dom ɖa be míagata miliɔn geɖe akpee le etsɔme. Míele dzi dem ƒo na wò be wò ŋutɔ nàdzro eme kpɔ. Nu tɔxɛ vovovo siwo le eme la ŋudɔwɔwɔ avivi nuwò: alesi exexlẽ le bɔbɔe, axawo ƒe tanyawo, nya diƒe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe mawunyakpukpui nyanyɛwo ŋu, anyigba ƒe nɔnɔmetata siwo ŋu numeɖeɖewo kpe ɖo, kple megbenya dodzidzɔname siwo kpe ɖe eŋu. Vevietɔ wu la, àte ŋu axlẽ Biblia sia kple kakaɖedzi be Mawu ŋutɔ ƒe nyawo gblɔm wòle na ye pɛpɛpɛ le ye degbe me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Dzidzɔtɔe la, edze le New American Standard Bible, ƒe 1971 tɔ si me wofia asi Nya Bubuwo le ƒe akpa dzi nenema tɔgbe be: “Míezã agbalẽnyala aɖeke ƒe ŋkɔ be amewo nanya alo woakafui o, elabena míexɔe se be Mawu ƒe Nya la ŋutɔe dze na kafukafu.”
b The New Testament in the Original Greek, si gɔme Westcott kple Hort woɖe la koŋ dzie wokpɔ le Hela Ŋɔŋlɔa gɔmeɖeɖe me. R. Kittel ƒe gɔmeɖeɖe si nye Biblia Hebraica lae wozã le Hebri Ŋɔŋlɔa gɔmeɖeɖe me.
c Esi ame geɖe se gbe vovovowo ta la, míexɔe se be woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo aɖewo me be amesiwo le anyigba dzi siwo wu 90 le alafa me ate ŋu axlẽ.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]
“Nubabla Yeyea ƒe gɔmeɖeɖe nye kpeɖodzi be agbalẽnyala siwo dze akpɔ kuxi geɖe siwo le Biblia gɔmeɖeɖe me gbɔ ŋuɖɔɖotɔe la le egɔmeɖelawo dome.”—ANDOVER NEWTON QUARTERLY, JANUARY 1963
[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]
“Ele be gɔmeɖeɖewo nayi edzi azɔ aduadu kple Biblia nyanya ƒe ŋgɔyiyi kple gbegbɔgblɔ ƒe tɔtrɔ”
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 31]
AGBALẼNYALAWO KAFU NEW WORLD TRANSLATION BIBLIA
EDGAR J. GOODSPEED, amesi nye Greek “Nubabla Yeyea” si nye An American Translation, gɔmeɖela la gblɔ ku ɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures ŋu le lɛta aɖe si wòŋlɔ le December 8, 1950 me be: “Miaƒe amewo ƒe nyanyuikakadɔ si wowɔ, kple eƒe xexeame katã ɖoɖo do dzidzɔ nam ŋutɔ, eye esi gado dzidzɔ nam wue nye alesi woƒe gɔmeɖeɖea me kɔ, hele tẽ eye nyawo de pɛpɛpɛ lae. Abe alesi mate ŋu aɖo kpe edzii ene la, eɖee fia be ameawo srɔ̃ nu de ŋgɔ ale gbegbe.”
Alexander Thomson, si nye Hebri kple Hela gbe nyala ŋlɔ bena: “Edze ƒã be agbalẽnyala siwo bi eye woƒe susu ɖa, amesiwo di be yewoazã Eŋlisi nyagbe siwo ate ŋu ana alesi nyaa le le Helagbe me tututu nadze lae ɖe egɔme.”—The Differentiator, April 1952, axa 52-7.
Nufialagã Benjamin Kedar, si nye Hebrigbenyala le Israel gblɔ le ƒe 1989 me be: “Ne mele gbegɔmeɖeɖe ŋuti numekuku wɔm ku ɖe Hebrigbe me Biblia kple gɔmeɖeɖewo ŋu la, zi geɖe la, mediaa nyawo le Eŋlisigbe me tɔ si ŋkɔe nye New World Translation me. Ne mele esia wɔm la, mekpɔa kakaɖedzi zi geɖe be gɔmeɖeɖe sia ɖee fia be gbegɔmeɖelaawo dze agbagba alesi woate ŋui le anukwareɖiɖi me be yewoƒe gɔmeɖeɖea nanye esi de pɛpɛpɛ.”