Biblia Ðo Míaƒe Ŋkekea me Biabia Veviwo Ŋu
ÐE Biblia sɔ na míaƒe ŋkekea? Ne ŋuɖoɖoa anye ẽ la, ke ɖikeke aɖeke mele eme o be ele be blemagbalẽ sia nate ŋu afia mɔ exlẽlawo le nyati siwo me wotsɔ ɖe le le ŋkeke siawo me ŋu, wòanye esi woate ŋu atsɔ awɔ dɔe. Ðe Biblia na aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ku ɖe nya siwo le vevie ŋutɔŋutɔ le egbexexea me ŋua?
Mina míalé ŋku ɖe nu eve siwo le edzi yim le míaƒe ŋkekea me ŋu. Ne míele ŋku lém ɖe wo ŋu la, míadzro nusi Biblia gblɔ tso nya siawo ŋu me.
Nukatae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
Le nusiwo le edzi yim le xexeame egbea ta la, nya siwo wolɔ̃a biabia vevie dometɔ ɖekae nye be: Nukatae Mawu ɖea mɔ ame maɖifɔwo kpea fu? Biabia sia le eteƒe, elabena hlɔ̃dodo, nufitifitiwɔwɔ, ameƒomeviwo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura, dzɔgbevɔ̃edzɔɖeamedzi, kple afɔku bubuwo le nu gblẽm le ame geɖe ŋu gbawotsyogbe.
Le kpɔɖeŋu me, le June 1998 me la, keteke aɖe si ƒua du sesĩe lɔ tɔdzisasrã aɖe le dziehe Germany eye emenɔla siwo wu alafa ɖeka ku. Ame gbogbo siwo ku la do nuxaxa na amesiwo nye atikewɔla kple dzotsila kpɔnuteƒewo gɔ̃ hã esi woyi ɖakpɔ amesiwo nuvevi wɔ kple esiwo ku la gbɔ. Nyanyui Hame aɖe ƒe bisiɔp bia be: “Mawu lɔlɔ̃tɔ, Nukatae wòle be nusia nadzɔ ɖo?” Bisiɔp la ŋutɔ megblɔ nya aɖeke tsɔ ɖo eŋui o.
Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ne ame maɖifɔwo le fu kpem gake womenya nusi gbɔ tsom fukpekpea le o la, woxaa nu vevie. Afisiae Biblia ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le, elabena eɖe nusita wosẽa ŋuta le ame maɖifɔwo ŋu eye wokpea fu ɖo la me.
Esi Yehowa Mawu wɔ anyigba kple nusiwo katã le edzi la, menye eƒe tameɖoɖoe nye be vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe nado nuxaxa na ameƒomea o. Kpeɖodzi kae li? Elabena esi Mawu wɔ nuwo vɔ la, “[ekpɔ] nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:31) Bia ɖokuiwò be, ‘Ne mekpɔ nu vɔ̃ɖi aɖe la, ɖe magblɔ be nua “nyo ŋutɔa”?’ Màgblɔ nenema o ɖe! Nenema ke esi Mawu gblɔ le nusianu ŋu be “wonyo ŋutɔ” la, vɔ̃ɖinyenye aɖeke menɔ anyigba dzi woakpɔ o. Eyata ɣekaɣie vɔ̃ɖinyenye dze egɔme eye aleke wòdze egɔmee?
Le mía dzila gbãtɔ, Adam kple Xawa, wɔwɔ vɔ megbe kpuie la, gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe te ɖe nyɔnua ŋu eye wòhe nya ɖe Yehowa ƒe nyateƒetɔnyenye kple eƒe dziɖulanyenye ŋu. (Mose I, 3:1-5) Emegbe nuwɔwɔ sia, si nye Satana Abosam, va gblɔ be amegbetɔwo mawɔ nuteƒe na Mawu ne wole fu kpem o. (Hiob 2:1-5) Aleke Yehowa wɔ nu ɖe nya sia ŋui? Eɖe mɔ be ɣeyiɣi nava yi ale be wòaɖe dzesi be amegbetɔwo mate ŋu afia mɔ wo ɖokui yeƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. (Yeremya 10:23) Ne nuwɔwɔwo da Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo dzi la, nuvɔ̃e dona tsoa eme eye wòhea fukpekpe vɛ. (Nyagblɔla 8:9; Yohanes I, 3:4) Gake togbɔ be nɔnɔme manyomanyo siawo do mo ɖa hã la, Yehowa nya be amegbetɔ aɖewo awɔ nuteƒe na ye.
Anye ƒe 6,000 enye esi va yi tso esime aglãdzedze wɔnublanui ma dzɔ le Eden. Ðe wòdidi akpaa? Yehowa ate ŋu atsrɔ̃ Satana kple edzidelawo le ƒe alafa geɖe siwo va yi me hafi. Gake ɖe menyo wu be Yehowa nalala ɖikeke ɖesiaɖe si anɔ amewo ƒe susu me ku ɖe eƒe dzedze anye dziɖula ŋu kple esi ku ɖe amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ nɛ ŋu nado le woƒe susu me oa? Ðe mele alea le egbegbe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo me be ʋɔnunya te ŋu xɔa ƒe geɖe hafi wonyaa amesi tɔe dzɔ kple amesi nye agɔdzela oa?
Le nya siwo ku ɖe Yehowa kple ameƒomea ŋu—siwo nye xexeame katã ƒe dziɖulanyenye kple amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ—ƒe vevienyenye ta la, aleke gbegbe nunya le emee nye si be Mawu ɖe mɔ ɣeyiɣi geɖe va yi! Fifia míekpɔ nusi dzɔna ne amegbetɔwo gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ hele woa ŋutɔwo ƒe nyawo gbɔ kpɔm le wo ɖokui si la dze si kɔte. Nuvɔ̃ɖiwɔwɔ koe va bɔna. Eye esia tae ame maɖifɔ geɖe ŋutɔ le fu kpem egbea ɖo.
Gake dzidzɔtɔe la, Mawu ƒe Nya ɖee fia be vɔ̃ɖinyenye manɔ anyi ɖaa o. Le nyateƒe me la, eteƒe madidi o Yehowa aɖe nuvlowɔwɔ kple amesiwo wɔnɛ la ɖa. Lododowo 2:22 gblɔ be: “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” Gake amesiwo wɔa nuteƒe na Mawu ate ŋu akpɔ mɔ na ɣeyiɣi si tu aƒe azɔ, esime “ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
Eyata Biblia ɖe nusita ame maɖifɔwo kpea fu la me wòkɔ nyuie. Egana kakaɖedzi hã mí be nuvlowɔwɔ kple fukpekpe nu ayi kpuie. Gake esi míele fu kpem le agbe me egbea ta la, míehiã ŋuɖoɖo na biabia vevi bubu.
Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?
Ðewohĩ amewo le agbagba dzem be yewoanya tameɖoɖo si le agbe ŋu fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si va yi le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Ame geɖe biaa wo ɖokui be, ‘Nukatae mele agbe ɖo? Aleke mawɔ anya tameɖoɖo si le nye agbe ŋu?’ Nɔnɔme vovovowoe ʋãa wo wobiaa nya siawo.
Nyadzɔɖeamedzi ate ŋu agblẽ ame ƒe agbe dome. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1998 ƒe gɔmedzedze la, wofi nyɔnuvi ƒe 12 vi aɖe si nɔ Bavaria, Germany, eye wowui. Ƒe ɖeka megbe la, dadaa gblɔ be yenɔa tameɖoɖo si le agbe ŋu dim gbawotsyogbe—gake ɖeko wòglo ye. Sɔhɛ aɖewo senɛ le wo ɖokui me be yewoadi tameɖoɖo si le agbe ŋu. Wodia dedienɔnɔ, dzidzeme, kple be yewoase le yewo ɖokui me be wotsɔ ɖe le eme na yewo, gake alakpanuwɔwɔ kple nufitifitiwɔwɔ si le fievo dom la wɔnɛ be mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo. Ame bubuwo tɔe nye dɔwɔɖui aɖe wɔwɔ, gake wova kpɔnɛ be ŋusẽ, ŋkɔxɔxɔ, kple nunɔamesiwo mete ŋu na yewoƒe didi be yewoanya nusita yewole agbe ɖo la me kɔ na yewo o.
Nuka kee ɖaʋã ame aɖe wòdi be yeanya tameɖoɖo si le agbe ŋu o, ehiã vevie be woakpɔ ŋuɖoɖo vavã dzeameŋu na biabia sia. Le afisia hã la, Biblia ate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe. Eɖee fia be tameɖoɖo ƒe Mawue Yehowa nye, amesi si tameɖoɖo vavãwo le ku ɖe nusianu si wòwɔna ŋu. Míabia be, Ðe nàtso aƒe taɖodzinu aɖeke manɔŋuia? Míexɔe se nenema o, elabena ebia ga geɖe hafi woate ŋu atso aƒe eye etsotso ate ŋu axɔ ɣleti alo ƒe geɖe. Ðe nètso aƒea be wò ŋutɔ alo ame bubu aɖe nanɔ eme. Susu sia kee anɔ Yehowa hã si. Medze agbagba wɔ anyigbaa kple nugbagbewo ɖe edzi yakatsyɔ, tameɖoɖo aɖeke manɔŋui o. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 3:4.) Tameɖoɖo kae le esi ɖe anyigbaa ŋu?
Yesaya ƒe nyagblɔɖi ɖee fia be Yehowae nye ‘Mawu vavã la, anyigba Mèla kple Ewɔla.’ Le nyateƒe me la, ‘eyae nye Amesi ɖo anyigba la anyi, menye ɖe wòwɔe be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.’ (Yesaya 45:18) Ẽ, tso anyigbaa wɔɣi ke la, Yehowa ƒe tameɖoɖoe wònye be amewo nanɔ edzi. Psalmo 115:16 gblɔ be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” Eyata Biblia ɖee fia be Yehowa wɔ anyigbaa be amegbetɔ toɖolawo nanɔ edzi ahakpɔ edzi.—Mose I, 1:27, 28.
Ðe Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea na Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖoa? Ao. Nuka tututue ɖo kpe edzi? De ŋugble le nya sia ŋu kpɔ: Woŋlɔ Biblia ƒe akpe nanewo le aglãdzedze le Eden megbe. Ne ɖe Mawu ɖe asi le eƒe gɔmedzetameɖoɖoa ŋu la, nukatae womeƒo nu tso eŋu le Biblia me o? Nyataƒoƒo si me kɔ ƒã enye be eƒe tameɖoɖo na anyigba kple ameƒomea metrɔ o.
Gawu la, Yehowa ƒe tameɖoɖo medoa kpo nu gbeɖe o. Mawu to Yesaya dzi na kakaɖedzi mí be: “Alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana womiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la, nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:10, 11.
Nusi Mawu Di tso Mía Si
Eyata eme kɔ ƒã be kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Mawu ƒe tameɖoɖo be yeana amegbetɔ toɖolawo nanɔ anyigba dzi tegbee la ava eme. Ne míanɔ amesiwo si mɔnukpɔkpɔ asu be woanɔ anyigbaa dzi tegbee dome la, ke ele be míawɔ nusi nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13; Yohanes 17:3.
Be woanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo na ameƒomea fia be woanya Mawu vavã la eye woawɔ ɖe eƒe nudidi siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la dzi. Ne míewɔ esia fifia la, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be míava nɔ agbe tegbee le paradisonyigba, si dzi míadzudzɔ nu yeyewo sɔsrɔ̃ tso Mawu kple eƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu gbeɖe o. (Luka 23:43) Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname ka gbegbee nye si!
Ame geɖe siwo le tameɖoɖo si le agbe ŋu dim la trɔ ɖe Biblia ŋu eye dzi le wo dzɔm fifia ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, taɖodzinu aɖeke mete ŋu su ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Alfred si le agbe me o. Alesi subɔsubɔhawo kpɔa gome le aʋawɔwɔ me medze eŋu kura o, eye alakpanuwɔwɔ kple nufitifitiwɔwɔ si le dunyahehe me te ɖe edzi. Alfred ɖi tsa yi Indiatɔ siwo le Dziehe Amerika gbɔ nɔ mɔ kpɔm be yease numekɔkɔ ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu le afima, dzi koe ɖe le eƒo wòtrɔ gbɔ va Europa. Esi mɔkpɔkpɔ bu ɖee ta la, atike vɔ̃ɖiwo zazã kple ha gbegblẽwo ƒoƒo koe wòtsɔe na. Gake Biblia me dzodzro tsitotsito gbesiagbe va kpe ɖe Alfred ŋu emegbe wòva kpɔ tameɖoɖo vavã si le agbe ŋu dze sii eye eƒe dzi dze eme.
Kekeli Madokponu na Míaƒe Toƒe
Ekema nukae míagblɔ tso Biblia ŋu mlɔeba? Esɔ na míaƒe ŋkekea? Esɔ nyateƒe, elabena enaa mɔfiame ku ɖe míaƒe ŋkekea me nyawo ŋu. Biblia ɖe eme be menye Mawue na vɔ̃ɖinyenye li o, eye wòkpena ɖe mía ŋu be taɖodzinu vavã nanɔ míaƒe agbe ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, nya geɖe le Biblia si wòagblɔ le nya bubu siwo hiã mí vevie egbea ŋu. Woƒo nu tso nyatiwo abe srɔ̃ɖeɖe, vinyinyi, ame nɔewo dome kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ, kple mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo ŋu le Mawu ƒe Nya la me.
Ne mèdzro nya siwo le Biblia me la me haɖe o la, ke taflatse dzro wo me tsitotsito. Ne ènya kpɔ asixɔxɔ vavã si le mɔfiame siwo wònana tso agbe ŋu ko la, àse le ɖokuiwò me abe hakpala la ene, amesi kpɔ Yehowa sinu be wòafia mɔ ye eye wòdzi ha be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.”—Psalmo 119:105.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ènya nusitae Mawu ɖe mɔ ame maɖifɔwo kpea fua?
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Àte ŋu anɔ agbe si ŋu taɖodzinu le