Míehiã Yehowa ƒe Habɔbɔa
ÈSE ame aɖe gblɔ kpɔ be, “Mexɔ Mawu dzi se gake nyemexɔ xɔseha aɖeke dzi se oa?” Zi geɖe la, amesiwo nye sɔlemedela veviedonulawo tsã gblɔa nya siawo le dzi si ɖe le wo ƒo le esi woƒe subɔsubɔhawo mete ŋu kpɔa woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo o ta. Togbɔ be subɔsubɔhawo koŋ ƒe nya na dzi ɖe le ame geɖe ƒo hã la, wo dometɔ geɖe gadina kokoko be yewoasubɔ Mawu. Gake woxɔ se be enyo wu be yewoasubɔe le mɔ si nyo na yewo ŋutɔwo nu tsɔ wu be yewoanɔ xɔseha aɖe alo habɔbɔ bubu aɖe me.
Nukae Biblia gblɔ? Ðe Mawu di be Kristotɔwo nanɔ habɔbɔ aɖe mea?
Habɔbɔ me Nɔnɔ Ðe Vi na Kristotɔ Gbãtɔwo
Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒo ƒu “nɔ afi ɖeka” le dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem-dua me dzi, menye xɔsetɔ ʋɛ aɖewo siwo ɖe vovo le wo nɔewo ŋu dzie wòkɔe ɖo o. (Dɔwɔwɔwo 2:1) Ɣemaɣie woɖo Kristo-hame si va zu dukɔwo dome habɔbɔ la. Esia va nye yayra ŋutɔŋutɔ na nusrɔ̃la gbãtɔ mawo. Nukatae? Nu ɖekae nye be, wode dɔ vevi aɖe asi na wo—si nye be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia be mlɔeba la, wòaɖo “xexe blibo la katã me.” (Mateo 24:14) Le hamea me la, xɔsetɔ yeyewo ate ŋu asrɔ̃ alesi woawɔ gbeƒãɖeɖedɔae le haxɔsetɔ siwo kpɔ nuteƒe gbɔ.
Eteƒe medidi o Fiaɖuƒegbedasia kaka gbɔ Yerusalem-dua ŋu sasasã. Le ƒe 62 kple 64 M.Ŋ. dome la, apostolo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ na Kristotɔ siwo “ka hlẽ ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia,” siwo katã le egbegbe Turkey fifia. (Petro I, 1:1) Xɔsetɔwo nɔ Palestina, Lebanon, Siria, Kipro, Hela, Kreta, kple Italia hã. Esime Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kolosetɔwo le ƒe 60-61 M.Ŋ. me la, “woɖe gbeƒã [nyanyuia] na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kolosetɔwo 1:23.
Habɔbɔ me nɔnɔ ƒe viɖe eveliae nye alesi Kristotɔwo ate ŋu ade dzi ƒo na wo nɔewoe. Esi Kristotɔawo nɔ ha me ta la, wote ŋu se nuƒo dedziƒonamewo, srɔ̃ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖekae, gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo doa ŋusẽ xɔse na wo nɔewo, eye wowɔ ɖeka kple haxɔsetɔwo le gbedodoɖa me. (Korintotɔwo I, ta 14) Eye ŋutsu bibiwo ate ŋu “[anyi] Mawu ƒe alẽha” la.—Petro I, 5:2.
Esi Kristotɔwo nɔ ha me ta la, wova nya wo nɔewo eye wolɔ̃ wo nɔewo. Le esi teƒe be Kristotɔ gbãtɔawo nase le wo ɖokui me be ɖekawɔwɔ kple hamea zu agba yewole tsɔtsɔm la, etu wo ɖo hedo ŋusẽ wo boŋ.—Dɔwɔwɔwo 2:42; 14:27; Korintotɔwo I, 14:26; Kolosetɔwo 4:15, 16.
Susu bubu si ta xexeame katã ƒe hame, alo habɔbɔ si wɔ ɖeka hiã lae nye be wòado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ. Kristotɔwo srɔ̃ alesi ‘woagblɔ nya ɖekae.’ (Korintotɔwo I, 1:10) Esia hiã vevie. Hamea me tɔwo tso teƒe vovovowo eye wo katã mesɔ le agbalẽnyanya me o. Wodoa gbe vovovowo, eye edze ƒã be vovototo nɔ woƒe nɔnɔme me. (Dɔwɔwɔwo 2:1-11) Ɣeaɖewoɣi la, masɔmasɔwo ɖo wo dome le esi woƒe nukpɔsusuwo to vovo na wo nɔewo tɔ ta. Ke hã wokpe ɖe Kristotɔawo ŋu le hamea me woɖɔ masɔmasɔ mawo ɖo.—Dɔwɔwɔwo 15:1, 2; Filipitɔwo 4:2, 3.
Woɖo biabia vevi siwo ŋu hamemegã siwo le duawo me mate ŋu aɖo o la ɖe dzikpɔla mɔzɔla tsitsiwo, abe Paulo ene. Woɖo nya vevi siwo ku ɖe nufiafia ŋu ɖe dziɖuha si nɔ Yerusalem. Yesu Kristo ƒe apostolowo koe nɔ dziɖuha la me gbã, gake emegbe wova tsɔ ame tsitsi siwo nɔ Yerusalem hamea me la kpe ɖe wo ŋu. Hame ɖesiaɖe lɔ̃ ɖe ŋusẽ si Mawu na dziɖuha la kple eteƒenɔlawo be woawɔ ɖoɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, atia amewo na subɔsubɔdɔa dzi kpɔkpɔ, eye be woawɔ nufiafia ŋuti nyametsotsowo la dzi. Esi dziɖuha la kpɔ nya aɖe gbɔ la, hameawo da asi ɖe nyametsotso si wowɔ la dzi, eye “wodzɔ dzi le akɔfafa la ŋuti.”—Dɔwɔwɔwo 15:1, 2, 28, 30, 31.
Ẽ, Yehowa zã habɔbɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Ke egbea ya ɖe?
Míehiã Habɔbɔ Egbea
Yehowa Ðasefowo tsɔa moveviɖoɖo wɔa dɔ si wode wo si be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, abe wo nɔvi ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ene. Mɔ siwo nu wowɔa dɔ sia le dometɔ ɖekae nye Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo mama, si wɔwɔ hiã na habɔbɔ.
Ele be woatrɔ asi le Kristotɔwo ƒe agbalẽwo ŋu nyuie, ato wo me be nusianu nasɔ le wo me pɛpɛpɛ, atae, ahaɖo wo ɖe hameawo. Emegbe ele be Kristotɔawo natsɔ wo ɖokui ana atsɔ agbalẽawo ayi na amesiwo di be yewoaxlẽe. To mɔ sia nu la, Fiaɖuƒegbedasia ɖo ame miliɔn geɖe gbɔ. Nyanyuigbeƒãɖelawo dzea agbagba be yewoawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ɖoɖo nyui nu, akpɔ egbɔ be yewomawɔ dɔ le anyigbamamaa ƒe akpa aɖe wòagbɔ eme esime akpa bubuwo natsi anyi o. Esiawo katã hiã na habɔbɔ si awɔ ɖoɖo.
Esi “Mawu mekpɔa ame ŋku me o” ta la, ele be woaɖe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme. (Dɔwɔwɔwo 10:34) Fifia la, magazine sia le gbegbɔgblɔ 132 me eye wotaa eƒe kpeɖeŋutɔ Nyɔ! ɖe gbegbɔgblɔ 83 me. Esia bia gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo siwo wowɔ ɖoɖo nyui na le xexeame katã.
Hamea me tɔwo xɔa dzideƒonamenyawo ne woyi Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo. Wosea Biblia me nuƒo dedziƒonamewo le afima, wosrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo ɖekae, wogblɔa nuteƒekpɔkpɔ tuameɖowo na wo nɔewo, eye wowɔa ɖeka kple hati subɔlawo le gbedodoɖa me. Eye abe alesi wònɔ le wo nɔvi ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo gome ene la, dzikpɔla mɔzɔla lɔ̃amewo srãa wo kpɔna hetua woƒe xɔse ɖo. Eyata Kristotɔwo ƒo ƒu nye ‘alẽha ɖeka le kplɔla ɖeka te’ egbea.—Yohanes 10:16.
Enye nyateƒe be Yehowa Ðasefowo mede blibo o, abe wo nɔvi gbãtɔawo ke ene. Gake wodzea agbagba be yewoawɔ nu le ɖekawɔwɔ me. Le esia ta la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le edzi yim le xexeame katã.—Dɔwɔwɔwo 15:36-40; Efesotɔwo 4:13.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Kristotɔwo ƒo ƒu nye ‘alẽha ɖeka le kplɔla ɖeka te’ egbea