Subɔ Mawu Kple Lɔlɔ̃nu Faa
APOSTOLO Paulo ŋlɔ bena: ‘Nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, mazã ɖokuinye ahazãe keŋkeŋ le miaƒe luʋɔwo ta.’ (Korintotɔwo II, 12:15) Nukae nya siawo fia mí ku ɖe nukpɔsusu kple nɔnɔme si wòle be Yehowa subɔlawo nadze agbagba atu ɖo ŋu? Biblia-ŋutinunyala aɖe gblɔ be, esi Paulo ŋlɔ nya mawo na Kristotɔwo le Korinto la, enɔ gbɔgblɔm be: “Melɔ̃ be mazã nye ŋusẽ, kple ɣeyiɣi, kple agbe, kpakple nusiwo katã le asinye le miaƒe nyonyo ta, abe alesi fofo wɔna na viawo lɔlɔ̃tɔe ene.” Paulo lɔ̃ faa be ‘yeazã ye ɖokui keŋkeŋ le amewo ta,’ alo be “yeazã yeƒe ŋusẽ wòavɔ keŋkeŋ,” ne esiae wòabia hafi yeawɔ yeƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa awu enu.
Gawu la, Paulo wɔ esiawo katã kple ‘dzidzɔ blibo.’ The Jerusalem Bible gblɔ be, “elɔ̃ faa bliboe” be yeawɔ esia. Ke wò ya ɖe? Ðe nèlɔ̃na faa be yeazã yeƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, ŋutete, kple nunɔamesiwo atsɔ asubɔ Yehowa Mawu kple ame bubuwoe, ne ewɔwɔ alea ana ‘nu nati kɔ na wò eye ɖeɖi nate ŋuwò’ ɣeyiɣi aɖewo gɔ̃ hã? Eye ɖe nàwɔ esia kple ‘dzidzɔ bliboa’?
Wogbe Be Yewomasubɔ Kura O
Menye ɖeko ame akpa gãtɔ hena ɖe megbe le Mawu subɔsubɔ ŋuti o ke boŋ wogbena keŋkeŋ. Ŋudzedzemakpɔmakpɔ, ɖokuitɔdidi ƒe ɖokuisinɔnɔ, kple aglãdzedze gɔ̃ hã ƒe gbɔgbɔe le wo me. Satana kplɔ Adam kple Xawa de tamebubu le mɔ sia tɔgbe nu me. Egblɔ alakpatɔe be woanɔ “abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃”—ate ŋu awɔ nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso na wo ɖokui. (Mose I, 3:1-5) Amesiwo si gbɔgbɔ ma ke le egbea buna be ele be ablɔɖe nanɔ yewo si keŋkeŋ be yewoawɔ nusi tututu yewodi, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖeke manɔmee alo eƒe nu mademade emee. (Psalmo 81:12, 13) Wodi be yewoazã nusiwo katã le yewo si na woa ŋutɔwo ƒe viɖewo didi.—Lododowo 18:1.
Ðewohĩ mèda asi ɖe nukpɔsusu si gbɔ eme sia dzi o. Ðewohĩ èkpɔa ŋudzedze ɖe agbe si nèle fifia ŋu, eye esi gawu gɔ̃ hãe nye ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la ŋu. (Psalmo 37:10, 11; Nyaɖeɖefia 21:1-4) Ànya daa akpe na Yehowa vevie ɖe eƒe dɔmenyonyo na wò ta. Gake ehiã be mí katã míanɔ ŋudzɔ ɖe afɔku si li be Satana ate ŋu atɔtɔ alesi míebua tamee me ale gbegbe be le nyateƒe me míaƒe subɔsubɔ magadze Mawu ŋu o la ŋuti. (Korintotɔwo II, 11:3) Aleke esia ate ŋu adzɔe?
Ebia Lɔlɔ̃nu Faa ƒe Subɔsubɔ
Yehowa dia subɔsubɔ si tso lɔlɔ̃nu faa kple dzi blibo me. Mezia eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖe mía dzi gbeɖegbeɖe o. Satanae wɔa nusianu si wòate ŋui be yeaƒo nya ɖe amewo nu alo able wo nu be woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Ele eme be Biblia ƒo nu tso agbanɔamedzi, sededewo, nudidiwo, kple bubuawo ŋu le Mawu subɔsubɔ me ya. (Nyagblɔla 12:13; Luka 1:6) Ke hã nu gbãtɔ si ʋãa mí be míasubɔ Mawue nye lɔlɔ̃ si le mía me nɛ.—Mose II, 35:21; Mose V, 11:1.
Paulo nya be aleke ke yedo vevie Mawu subɔsubɔe hã la, viɖe aɖeke manɔ eŋu ‘ne lɔlɔ̃ mele ye si o.’ (Korintotɔwo I, 13:1-3) Esime Biblia ŋlɔlawo yɔ Kristotɔwo be wonye Mawu ƒe kluviwo la, menye kluvinyenye si wotu ɖe amedzizizi dzi ŋu nya gblɔm wonɔ o. (Romatɔwo 12:11; Kolosetɔwo 3:24) Nusi fiam wonɔ enye lɔlɔ̃nu faa ƒe ɖokuibɔbɔ si wotu ɖe lɔlɔ̃ deto si tso dzi me na Mawu kple Via, Yesu Kristo, dzi.—Mateo 22:37; Korintotɔwo II, 5:14; Yohanes I, 4:10, 11.
Ele be lɔlɔ̃ deto na amewo hã nadze le subɔsubɔ si tsɔm míele na Mawu me. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe hame si nɔ Tesalonika be: “Míefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene.” (Tesalonikatɔwo I, 2:7) Egbea, le dukɔ geɖe me la, enye vidadawo ƒe agbanɔamedzi le se nu be woakpɔ wo viwo dzi. Gake ɖikeke mele eme o be menye sea tae vidada akpa gãtɔ wɔ esia ɖo o, alo eya taea? Ao. Wowɔnɛ elabena wolɔ̃ wo viwo. Vidada tsɔa nu geɖe saa vɔe ɖe viawo ta dzidzɔtɔe! Esi ‘numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ’ sia tɔgbe nɔ Paulo si na amesiwo wòsubɔ ta la, ‘edze ame ŋu nyuie’ (“elɔ̃ faa,” King James Version; “evivi enu,” New International Version) be yeazã yeƒe agbe atsɔ akpe ɖe wo ŋui. (Tesalonikatɔwo I, 2:8) Lɔlɔ̃e ʋãa mí be míasrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua.—Mateo 22:39.
Ke Heheɖemegbe le Subɔsubɔ Ŋu Ya Ðe?
Le nyateƒe me la, mele be míana lɔlɔ̃ na mía ɖokui naƒo lɔlɔ̃ na Mawu kple amewo ta o. Ne menye nenema o la, adzɔ bɔbɔe be dzi afã kple afã koe míatsɔ ava nɔ subɔsubɔmee ahanɔ hehem ɖe megbe. Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be míava nɔ dziku dom ahado dɔmedzoe be míete ŋu le agbe nɔm ɖe míaƒe nudzodzrowo nu o. Esia dzɔ ɖe Israel-vi aɖewo siwo bu woƒe lɔlɔ̃ na Mawu gake yi edzi nɔ subɔsubɔ aɖe tsɔm nɛ le esi wòle be woawɔe ta la dzi. Nukae do tso eme? Mawu subɔsubɔ va zu “fuɖename” na wo.—Maleaxi 1:13.
Ele be vɔ ɖesiaɖe si woasa na Mawu ‘nasɔ blibo,’ naneke nagagblẽ le eŋu o, wòanye ‘nyuitɔ kekeake.’ (Mose III, 22:17-20; Mose II, 23:19) Gake le esi teƒe be Maleaxi ŋɔlimetɔwo natsɔ woƒe lã nyuitɔwo ana Yehowa la, wova dze esiwo woawo ŋutɔwo medi o la tsɔtsɔ nɛ. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe eŋui? Egblɔ na nunɔlawo bena: “Ne mietsɔ lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, wòalɔ̃ wò nya hã? . . . eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ðe mele esia dim tso mia si mea?”—Maleaxi 1:8, 13.
Aleke esia ate ŋu adzɔ ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe dzii? Míaƒe vɔsawo ate ŋu ava nye “fuɖename” na mí ne dzi kple gbɔgbɔ si le lɔlɔ̃m faa ŋutɔŋutɔ mele mía si o. (Mose II, 35:5, 21, 22; Mose III, 1:3; Psalmo 54:8; Hebritɔwo 13:15, 16) Le kpɔɖeŋu me, míaƒe ɣeyiɣi si tsi edzie míetsɔna na Yehowa?
Ðe ame aɖe ate ŋu abu be anye nusi adze Mawu ŋu ne ƒometɔ si si susu nyui le alo Lewitɔ veviedonula aɖe ƒoe ɖe Israel-vi si mele lɔlɔ̃m faa o nu be wòatia eƒe lã nyuitɔ kekeake asa vɔe le esime eya ŋutɔ medi be yeatsɔe ana oa? (Yesaya 29:13; Mateo 15:7, 8) Yehowa gbe vɔsa mawo ƒomevi kple amesiwo sa nenem vɔwo mlɔeba.—Hosea 4:6; Mateo 21:43.
Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Nedzɔ Dzi na Wò
Be míasubɔ Mawu alesi wòdii la, ele be míasrɔ̃ Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu. Egblɔ be: “Nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.” (Yohanes 5:30) Yesu kpɔ dzidzɔ geɖe le Mawu subɔsubɔ kple lɔlɔ̃nu faa me. Yesu na Dawid ƒe nyagblɔɖinyawo va eme be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ.”—Psalmo 40:9.
Togbɔ be edzɔ dzi na Yesu be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu hã la, ewɔwɔ menɔ bɔbɔe ɣesiaɣi o. Bu nusi dzɔ do ŋgɔ na eléle, ʋɔnu dɔdrɔ̃e, kple ewuwu ŋu kpɔ. Esi Yesu nɔ Getsemane-bɔa me la, ‘exa nu ale gbegbe’ eye ‘wòse veve helĩhelĩ.’ Nu te ɖe edzi ale gbegbe be, esi wònɔ gbe dom ɖa la, “eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.”—Mateo 26:38; Luka 22:44.
Nukatae Yesu se veve helĩhelĩ sia ɖo? Le nyateƒe me la, menye le nudidinameɖokui alo heheɖemegbe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu tae o. Enɔ klalo be yeaku, eye meda asi ɖe Petro ƒe nyawo gɔ̃ hã dzi kura o, esi wògblɔ be: “Mawu nehe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!” (Mateo 16:21-23) Nusi ŋu Yesu tsi dzi ɖoe nye alesi mɔ si dzi wòaku abe nuvlowɔla ɖigbɔ ene ado vlo Yehowa kple Eƒe ŋkɔ kɔkɔe lae. Yesu nyae be ave ye Fofo vevie be wòakpɔ be wole nu wɔm ɖe Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la ŋu le numanyamanyamɔ sia nu.
Yesu se egɔme hã be yenɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava ƒe ɣeyiɣi vevi aɖe gogom. Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe aɖee afia ɖikeke manɔŋui be Adam hã ate ŋu awɔ tiatia ma hafi. Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ aɖee afia be Satana ƒe nya si wògblɔ be amegbetɔwo malɔ̃ faa asubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ne wole dodokpɔ te o la nye aʋatso koŋ. To Yesu dzi la, Yehowa atsrɔ̃ Satana ahaɖe nusiwo eƒe aglãdzedzea he vɛ ɖa keŋkeŋ.—Mose I, 3:15.
Agba gãa ka gbegbee nye esi nɔ Yesu dzi! Fofoa ƒe ŋkɔ, xexeame katã ƒe ŋutifafa, kple amegbetɔƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ katã nɔ te ɖe Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ dzi. Esi wòkpɔ esia dze sii ta la, edo gbe ɖa be: “Fofonye, ne àte ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.” (Mateo 26:39) Le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã te la, Yesu medo kpo Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kple dzi faa o.
“Gbɔgbɔ la Le Lɔlɔ̃m, Gake Ŋutilã la Gbɔdzɔ”
Zi alesi nu te ɖe Yesu dzi esime wònɔ Yehowa subɔm la, míate ŋu akpɔ mɔ be Satana ahe xaxawo va mía dzi esi míenye Mawu subɔlawo ta. (Yohanes 15:20; Petro I, 5:8) Gawu la, míenye ame madeblibowo. Eyata ne míele Mawu subɔm tso lɔlɔ̃nu faa me gɔ̃ hã la, ewɔwɔ manɔ bɔbɔe na mí o. Yesu kpɔ alesi eƒe apostolowo kpea fui hafi wɔa nusiwo katã wobia tso wo si la. Ema tae wògblɔ be: “Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.” (Mateo 26:41) Gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke menɔ eƒe amegbetɔ ŋutilã deblibo la me o. Ke hã gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo nɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋutilã ŋu, si nye blibomademade si ƒe dome wonyi tso ame madeblibo Adam gbɔ la nɔ susu me nɛ. Yesu nyae be le blibomademade si ƒe dome wonyi kple amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo esia he vɛ ta la, ehiã be woaʋli hafi ate ŋu awɔ nusiwo katã wodi be yewoawɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me.
Eyata míaƒe seselelãme anɔ abe apostolo Paulo tɔ ene, amesi xa nu vevie esi blibomademade xe mɔ nɛ be mete ŋu tsɔ eƒe ŋutete katã subɔ Mawui o. Paulo ŋlɔ bena: “Nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.” (Romatɔwo 7:18) Míawo hã míakpɔe be míate ŋu awɔ nu nyui siwo katã míedi be míawɔ la ade goe o. (Romatɔwo 7:19) Esia menye esi míele hehem ɖe megbe tae o. Nusita koe nye be ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ xea mɔ na míaƒe agbagbadzedze nyuiwo gɔ̃ hã.
Dzi megaɖe le mía ƒo o. Ne míelɔ̃ faa tso dzi me be míawɔ nusiwo katã míate ŋui la, Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔ ŋu godoo. (Korintotɔwo II, 8:12) Mina ‘míado vevie’ be míasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ bliboe ƒe gbɔgbɔ si Kristo ɖe fia la. (Timoteo II, 2:15; Filipitɔwo 2:5-7; Petro I, 4:1, 2) Yehowa aɖo eteƒe eye wòakpe ɖe amesi ɖe ɖokuitsɔtsɔna faa ƒe gbɔgbɔ sia fia ŋu. Ana ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ mí be wòado ŋusẽ mí míakpe akɔ kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. (Korintotɔwo II, 4:7-10) To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, ‘míazã mía ɖokui ahazãe keŋkeŋ’ abe Paulo ene, le Eƒe subɔsubɔ xɔasi la me.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Paulo lɔ̃ faa subɔ Mawu alesi wòate ŋui
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Esi Yesu nɔ xaxa sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã te la, ewɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu