INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 11/15 axa 24-27
  • Míate Ŋu Asrɔ̃ Nu tso Ame Eve Gbãtɔawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míate Ŋu Asrɔ̃ Nu tso Ame Eve Gbãtɔawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ŋutsu Kple Nyɔnu Wòwɔ”
  • ‘Ðe Mawu ƒe Nɔnɔme Nu’
  • Xawa Wɔ Nuvɔ̃
  • Adam Se Srɔ̃a ƒe Gbe
  • Nuvɔ̃ Me Tsonuwo
  • Enye Nusɔsrɔ̃ na Mí
  • Nukae Nye Nuvɔ̃ Gbãtɔ La?
    Nyɔ!—2006
  • Nu Ka Tae Míetsina Eye Míekuna?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Aleke Agbea Nɔ Le Paradisoa Me?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 11/15 axa 24-27

Míate Ŋu Asrɔ̃ Nu tso Ame Eve Gbãtɔawo Gbɔ

MAWU lé ŋku ɖe Anyigba la ƒe nɔnɔme ŋu. Enɔ edzram ɖo be amegbetɔwo nanɔ edzi. Ekpɔe be nusianu si wɔm yenɔ la nyo. Le nyateƒe me esi wòwu dɔ sia nu la, egblɔ be “wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:12, 18, 21, 25, 31) Gake hafi Mawu ƒe nuwɔwɔwo naɖo blibodede keŋkeŋ ma gbɔ la, eƒo nu tso nane si ‘menyo o’ ŋu. Gake Mawu mewɔ naneke si mede blibo o. Ðeko mewu eƒe nuwɔwɔawo nu keŋkeŋ haɖe o. Yehowa gblɔ be: “Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”—Mose I, 2:18.

Yehowa ƒe tameɖoɖoe wònye be ameƒomea nanɔ agbe tegbee le lãmesẽ kple dzidzɔkpɔkpɔ me, eye naneke nagahiã wo le anyigba dzi paradiso me o. Ameƒomea katã fofoe nye Adam. Srɔ̃a, Xawa, va zu “ame gbagbewo katã dada.” (Mose I, 3:20) Togbɔ be woƒe dzidzimeviwo ɖo biliɔn nanewo le anyigba dzi fifia hã la, le nyateƒe me womegogo blibodede kura o.

Adam kple Xawa ƒe ŋutinya le nyanya na mí nyuie. Gake vi kae wòaɖe na mí ŋutɔŋutɔ? Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ame eve gbãtɔawo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me?

“Ŋutsu Kple Nyɔnu Wòwɔ”

Esi Adam nɔ ŋkɔ tsɔm na lãawo la, ekpɔe be kpeɖeŋutɔ nɔ wo si eye be menɔ ye ya si o. Eyata esi wòkpɔ nuwɔwɔ dzeani si Yehowa tsɔ eƒe agbaƒuti wɔe la, dzi dzɔe. Esi Adam de dzesii be enye ame bubu si tso ye me la, egblɔ be: “Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ amesia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.”—Mose I, 2:18-23.

Ŋutsua hiã “kpeɖeŋutɔ.” Fifia esu esi, eye wòsɔ nɛ ŋutɔ. Xawa sɔ ale gbegbe anye Adam ƒe kpeɖeŋutɔ—be woakpɔ woƒe paradisoƒea kple lãwo dzi, woadzi vi, eye be wòakpe ɖe eŋu woaɖe susu ahanye zɔhɛ vavã nɛ.—Mose I, 1:26-30.

Yehowa kpɔ srɔ̃tɔawo ƒe nudidi ɖesiaɖe si sɔ gbɔ na wo. Esi Mawu kplɔ Xawa vɛ na srɔ̃a hete wo ƒo ƒu ɖekae la, eɖo srɔ̃ɖeɖe kple ƒome si dzi ameƒomea ato ava la anyi. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” Eye esi Yehowa yra srɔ̃tɔ gbãtɔawo hegblɔ na wo be woadzi vi la, edze ƒã be eɖoe be woadzi ɖevi ɖesiaɖe ɖe ƒome si léa be na ame me, be fofo kple dada nanɔ anyi akpɔ edzi.—Mose I, 1:28; 2:24.

‘Ðe Mawu ƒe Nɔnɔme Nu’

Adam nye Mawu ƒe vi si de blibo, si wòwɔ ɖe Eƒe ‘nɔnɔme nu eye wòɖii.’ Gake esi ‘Mawu nye Gbɔgbɔ’ ta la, mate ŋu aɖii le ŋutilã nu o. (Mose I, 1:26; Yohanes 4:24) Eɖii le nɔnɔme siwo na amegbetɔ kɔ sã wu lãwo la nu. Ẽ, tso gɔmedzedzea me ke la, woƒã nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, nunya, ŋusẽ, kple dzɔdzɔenyenye ɖe amegbetɔ me. Wonae tiatiawɔblɔɖe kple gbɔgbɔmemenyenye ŋutete. Woƒã agbenɔnɔse, alo dzitsinya ɖe eme be wòakpe ɖe eŋu wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome. Nunya le amegbetɔ si, si akpe ɖe eŋu wòade ŋugble le nusi ta amegbetɔwo li ɖo ŋu, wòasrɔ̃ nu ahanya nu tso eƒe Wɔla ŋu, eye be wòatu ƒomedodo kplikplikpli ɖo le woa kple Eyama dome. Eyata nusiwo katã Adam hiã be wòasu te anye Mawu ƒe anyigbadzinuwɔwɔwo dzi kpɔla la nɔ esi.

Xawa Wɔ Nuvɔ̃

Ðikeke manɔmee la, Adam na Xawa nya nu tso se ɖeka si Yehowa de nɛ ŋu enumake be: Woate ŋu aɖu ati siwo katã le woƒe aƒe si nye abɔa me ƒe tsetsewo faa, negbe ɖeka ko—si nye sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la. Womeɖe mɔ na wo be woaɖu eƒe tsetse o. Gbesigbe woaɖui la, woaku.—Mose I, 2:16, 17.

Medidi o nya aɖe fɔ ɖe te ku ɖe atikutsetse si ŋu wode se ɖo la ŋu. Da aɖe, si dzi gbɔgbɔ makpɔmakpɔ aɖe ƒo nu toe te ɖe Xawa ŋu ƒo nu nɛ. Daa wɔ abe ɖe menya naneke o ene esi wòbia be: “Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” Xawa ɖo eŋu be mɔɖeɖe li be yewoaɖu ati ɖesiaɖe ƒe tsetse faa, negbe ɖeka ko. Gake daa yi edzi tsi tre ɖe Mawu ƒe nya ŋu, hegblɔ na nyɔnua be: “Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Nyɔnua te ati si ŋu wode se ɖo la kpɔkpɔ kple susu bubu. “Ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame.” Esi woble Xawa wòdze eŋu ta la, eda le Mawu ƒe sea dzi.—Mose I, 3:1-6; Timoteo I, 2:14.

Ðe Xawa ƒe nuvɔ̃a nye esi mate ŋu aƒo asa na oa? Kura o! Tsɔe be yee nye eyama. Nya si daa gblɔ to vovo kura na nusi Mawu kple Adam gblɔ. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne amedzro aɖe gblɔ le wò lɔlɔ̃tɔ aɖe si dzi nèka ɖo ŋu be enye anukwaremaɖila? Ele be Xawa nawɔ nu le mɔ bubu nu, wòaɖee afia be nyaa nyɔ ŋu na ye, eye dɔme navee ɖe eŋu, eye wòagbe to ɖoɖoe gɔ̃ hã hafi. Ne èbu eŋu kpɔ la, amekae daa nye atɔ gbe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple srɔ̃a ƒe nya? Ðe wòle be Xawa nade bubu tanyenye ƒe gɔmeɖosea ŋu abia aɖaŋuɖoɖo hafi awɔ nyametsotso. Nenemae wòle be míawɔ ɣesiaɣi si woatsɔ nya si atsi tre ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo ŋu aɖo mía ŋkume. Gake Xawa xɔ Tela la ƒe nyawo dzi se, eye wòdi be ye ŋutɔ yeatso nya me na ye ɖokui le nu nyui kple nuvɔ̃ ŋuti. Zi alesi wòyi edzi nɔ tame bum le nyaa ŋu la, zi nenemae wòdze eŋui. Vodada ka gbegbee nye si wòwɔ be wòyi edzi nɔ dzodzro vɔ̃ ŋu bum, le esi teƒe be wòaɖee le susu me enumake alo woa kple eƒe ƒomea ƒe ta nadzro eme kpɔ hafi!—Korintotɔwo I, 11:3; Yakobo 1:14, 15.

Adam Se Srɔ̃a ƒe Gbe

Eteƒe medidi o Xawa kplɔ Adam de eƒe nuvɔ̃a me. Aleke míaɖe alesi wòlɔ̃ ɖe edzi nɛ nya aɖeke magblɔmagblɔ la mee? (Mose I, 3:6, 17) Amesi Adam aɖo toe ŋu nyametsotso wɔwɔ dze ŋgɔe. Ðe wòaɖo to Ewɔla, amesi na nusianui hekpe ɖe eƒe kpeɖeŋutɔ lɔlɔ̃a, Xawa ŋu la? Ðe Adam adi mɔfiame tso Mawu gbɔ le nusi wòawɔ fifia la ŋua? Alo ɖe ŋutsua atso nya me be yeawɔ ɖeka kple ye srɔ̃a le eƒe nuvɔ̃a mea? Adam nya nyuie be nusi ye srɔ̃a kpɔ mɔ be asu ye si ne yeɖu atikutsetsea masu esi o. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Womeble Adam o, ke nyɔnu lae woble, eye wòge ɖe vodada me.” (Timoteo I, 2:14) Eyata ɖe Adam ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Yehowa. Edze ƒã be vɔvɔ̃ si nɔ eme be ye srɔ̃ ava ge le ye si la nu sẽ wu xɔse si nɔ esi ɖe Mawu ƒe ŋutete be wòakpɔ nyaa gbɔ me.

Nusi Adam wɔ la sɔ kple ameɖokuiwuwu. Azɔ hã enye vi siwo katã Yehowa ɖe mɔ na Adam wòdzi la wuwu, le esi wodzi wo katã ɖe nuvɔ̃ ƒe fɔbubu si kplɔa ame yia ku mee te ta. (Romatɔwo 5:12) Aleke gbegbee tomaɖomaɖo ɖokuitɔdiditɔe me tsonu loloe nye si!

Nuvɔ̃ Me Tsonuwo

Nuvɔ̃ me tsonu gbãtɔe nye ŋukpe. Le esi teƒe be srɔ̃tɔawo naƒu du ayi aɖagblɔ nyaa na Yehowa la, woɣla wo ɖokui. (Mose I, 3:8) Woa kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔ me gblẽ. Esi wobia gbe wo tso nusi wowɔ ŋu la, womewɔ naneke tsɔ ɖee fia be yewose veve ɖe nusi yewowɔ la ta o, togbɔ be wo ame evea siaa nyae be yewoda Mawu ƒe se dzi hã. Woto atikutsetse si ŋu wode se ɖo na wo ɖuɖu me gbe Mawu ƒe dɔmenyonyo.

Esia ta Mawu na wonya be woakpe fu geɖe le vidzidzi me. Xawa ƒe tame anɔ srɔ̃a ŋu, eye wòaɖu edzi. Agbagba si dzem wònɔ be yeanɔ ye ɖokui si trɔ bubui. Fifia Adam akpe fu hafi akpɔ nu aɖu tso anyigba me. Le esi teƒe be wòaɖu nu le Eden fu aɖeke makpemakpee la, ele be wòadagba hafi akpɔ eƒe agbemenuhiahiãwo, vaseɖe esime wòagbugbɔ ayi anyi si me woɖee tsoe la me.—Mose I, 3:16-19.

Mlɔeba wonya Adam kple Xawa le Eden-bɔa me. Yehowa gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ̃. Ke be wòagado asi ɖa agbe agbetia hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe ɖoɖoɖo o la . . .” Agbalẽnyala Gordon Wenham gblɔ be: “Nyaa tsi mɔ ta,” eye wogblẽe ɖe mía si me be míadi nya mamlɛawo atsɔ awu nusi gblɔm Mawu le nui—ɖewohĩ be “mawɔ kaba manyae le abɔa me.” Godoo la, Biblia ŋlɔla ŋlɔa nusianu si Mawu gblɔ. Wenham yi edzi be, gake le afisia la, “nyaa ƒe nuwuwu si bu le eme ɖe alesi Mawu wɔ nu kpatae fia. Mewu nuƒoƒo nu vɔ kura hafi wonya wo le abɔa me o.” (Mose I, 3:22, 23) Edze ƒã be esia na kadodo ɖesiaɖe si nɔ srɔ̃tɔ gbãtɔawo kple Yehowa dome nu tso.

Adam kple Xawa meku ŋutɔŋutɔ le gaƒoƒo 24 ŋkeke ma dzi o. Gake woku le gbɔgbɔ me gome. Esi woɖe wo ɖa tso agbe Dzɔtsoƒea ŋu eye naneke meli woawɔ le eŋu o ta la, wote gbɔdzɔgbɔdzɔ ʋɛʋɛʋɛ ɖo ta ku me. Bu alesi ku gbãtɔ si teƒe wokpɔ la ate ɖe wo dzii ŋu kpɔ esime woƒe ŋgɔgbevi Kain, wu eyometɔ Habel!—Mose I, 4:1-16.

Le ema megbe la, nu ʋɛ aɖe koe míeganya tso ame eve gbãtɔawo ŋu. Wodzi wo viŋutsu etɔ̃lia, Set, esime Adam xɔ ƒe 130. Adam ku le ƒe 800 megbe, esi wòxɔ ƒe 930, le “ŋutsuwo kple nyɔnuwo” dzidzi vɔ megbe.—Mose I, 4:25; 5:3-5.

Enye Nusɔsrɔ̃ na Mí

Le nusi gbɔ nɔnɔme wɔnublanui si me amegbetɔƒomea le egbea tso ɖeɖefia megbe la, srɔ̃tɔ gbãtɔawo ŋuti nuŋlɔɖia gafia nu vevi aɖe mí. Yeaɖi ɖokuisinɔnɔ ɖesiaɖe tso Yehowa Mawu ŋu nye movidzɔdzɔ. Amesiwo dze nunya vavã tsɔa Yehowa kple eƒe Nya wɔa dɔe, ke menye woa ŋutɔwo ƒe nunya si wosusu be ede ŋgɔ la o. Yehowae fiaa nusi nye nu nyui kple nuvɔ̃, eye toɖoɖoe fia nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Nuvɔ̃wɔwɔ fia dada le eƒe sewo dzi kple eƒe gɔmeɖosewo dzi mawɔmawɔ.

Mawu do nusiwo katã ameƒomea dina ɖe wo gbɔ hegale edom ɖe wo gbɔ be woate ŋu adi—agbe mavɔ, ablɔɖe, dzidzeme, dzidzɔkpɔkpɔ, lãmesẽ, ŋutifafa, nudzedziname, kple keke ɖe nu yeyewo ŋu. Gake míaƒe gomekpɔkpɔ le nusiawo katã me bia be míade dzesii be míaƒe nusianu nɔ te ɖe míaƒe Dziƒofofo, Yehowa dzi.—Nyagblɔla 3:10-13; Yesaya 55:6-13.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]

Adam Kple Xawa—Nyakpakpa Dzro Koea?

Paradiso si nɔ anyi le gɔmedzedzea me, si va bu le nuvɔ̃ ta ŋuti dzixɔse bɔ ɖe blema Babilontɔwo, Asiriatɔwo, Egiptetɔwo, kple ame bubuwo dome. Agbeti aɖe, si ƒe kutsetse ɖuɖu ana eɖulawo nanɔ agbe tegbee la ŋu nya bɔ ɖe nuŋlɔɖi geɖe me. Eyata ameƒomea ɖoa ŋku edzi be nu dziŋɔ aɖe dzɔ le Eden.

Egbea la, ame geɖe gblɔna be Biblia ƒe nuŋlɔɖi tso Adam kple Xawa ŋu nye nyakpakpa dzro aɖe ko. Gake dzɔdzɔmeŋutinunyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔƒome bliboa dzɔ tso ame ɖeka me. Esesẽ na mawunyaŋununyala geɖe be woagbe be ame ɖeka si nye amesiame tɔgbui ƒe nuvɔ̃ si wòwɔ me tsonuwo ɖe ɖe ameƒomea ŋu. Edzixɔxɔse be amegbetɔ dzɔtsoƒe sɔ gbɔ wu ɖeka azii ɖe wo dzi be woagblɔ be tɔgbui vovovowoe wɔ nuvɔ̃ gbãtɔa. Eye esia azii ɖe wo dzi be woagbe lɔlɔ̃ ɖe edzi be Kristo, si nye “Adam mamlɛtɔ” la ɖe ameƒomea. Gake Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo meɖo kuxi sesẽ ma me o. Wode dzesii be Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nuŋlɔɖia nye nyateƒe.—Korintotɔwo I, 15:22, 45; Mose I, 1:27; 2:24; Mateo 19:4, 5; Romatɔwo 5:12-19.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe